Genesis 46 (BOECS)

1 Ale Israel dze mɔ kple eƒe nuwo katã, eye esi wòva ɖo Beerseba la, esa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu. 2 Le zã me la, Mawu ƒo nu na Israel le ŋutega me. Mawu yɔe be, “Yakob! Yakob!”Yakob tɔ be, “Nyee nye esi.” 3 Gbe la gblɔ be, “Nyee nye Mawu, fofowò ƒe Mawu, mègavɔ̃ na Egipte yiyi o, elabena mana nàzu dukɔ gã aɖe le afi ma. 4 Mayi Egipte kpli wò, eye magakplɔ wò agbɔe godoo, eye Yosef ŋutɔ ƒe asi amia wò ŋkuwo.” 5 Ale Yakob dzo le Beerseba, eye Israel ƒe viwo kɔe kple wo viwo kpakple wo srɔ̃wo ɖe tasiaɖam siwo Farao na wo la me yi Egipte. 6 Wotsɔ woƒe lãwo kple nu siwo katã wokpɔ le Kanaanyigba dzi la ɖe asi yi Egipte. 7 Wokplɔ Yakob kple via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, tɔgbuiyɔvia ŋutsuwo kple tɔgbuiyɔvia nyɔnuwo siaa yi Egipte. 8 Israel alo Yakob ƒe viwo kple eƒe tɔgbuiyɔvi siwo yi Egipte kplii la woe nye: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ. 9 Ruben ƒe viwo:Hanok, Palu, Hezron kple Karmi. 10 Simeon ƒe viŋutsuwo:Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar kple Saul. Kanaan nyɔnu aɖee nye Saul dada. 11 Levi ƒe viŋutsuwo:Gerson, Kohat, Merari. 12 Yuda ƒe viŋutsuwo:Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.)Perez ƒe viŋutsuwoe nye:Hezron kple Hamul. 13 Isaka ƒe viŋutsuwo:Tola, Puva, Yob, Simrɔn. 14 Zebulon ƒe viŋutsuwo:Sered, Elon, Yahlil. 15 Esiawoe nye viŋutsu siwo Lea dzi na Yakob le Padan Aram, kpe ɖe via nyɔnuvi Dina ŋu. Viŋutsu kple vinyɔnu siawo katã le blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃. 16 Gad ƒe viŋutsuwoe nye:Zefon, Hagi, Suni, Ezbon, Eri, Arodi kple Areli. 17 Aser ƒe viŋutsuwoe nye:Imna, Isva, Isvi kple Beria. Wo nɔvinyɔnu ŋkɔe nye Sera.Beria ƒe viŋutsuwoe nye:Heber kple Malkiel. 18 Ame wuiade siawo nye Yakob kple Zilpa, kosi si Lea fofo Laban tsɔ na Lea la ƒe viŋutsuwo. 19 Esiawoe nye Yakob ƒe viŋutsu siwo srɔ̃a Rahel dzi nɛ:Yosef kple Benyamin. 20 Yosef ƒe viŋutsu siwo wòdzi le Egipte la woe nye: Manase kple Efraim. Wo dadae nye Asenat, Potifera, ame si nye nunɔla na On ƒe vinyɔnu la. 21 Benyamin ƒe viŋutsuwo:Bela, Beker, Asbel, Gera, Naaman, Ehi, Ros, Mupim, Hupim kple Ard. 22 Woawoe nye viŋutsu siwo Rahel dzi na Yakob; wo katã le ame wuiene. 23 Dan ƒe viŋutsue nye:Husim. 24 Naftali ƒe viŋutsuwoe nye:Yaziel, Guni, Yezer kple Silem. 25 Esiawoe nye Bilha, kosi si Laban tsɔ na via nyɔnu Rahel la ƒe viŋutsu siwo wòdzi na Yakob—wo katã le ame adre. 26 Ale ame siwo katã yina Egipte, eye wonye Yakob ƒe dzidzimeviwo, ne Yakob ƒe viŋutsuwo srɔ̃wo mele eme o la, wode ame blaade-vɔ-ade. 27 Ne Yosef ƒe viŋutsu eveawo kpee la, Yakob ƒe aƒemetɔwo de blaadre le Egipte. 28 Yakob na Yuda do ŋgɔ be wòagblɔ na Yosef be yewole mɔa dzi gbɔna, eye esusɔ vie yewoaɖo Gosen. Eteƒe medidi o la, woɖo Gosen. 29 Yosef dzo ge ɖe eƒe tasiaɖam me, eye wòyi ɖakpe fofoa Israel le Gosen. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo, eye wofa avi ɣeyiɣi didi aɖe. 30 Israel gblɔ na Yosef be, “Azɔ la, mate ŋu aku faa, elabena megakpɔ wò agbagbee.” 31 Yosef gblɔ na nɔviawo kple woƒe aƒemetɔwo katã be, “Mayi aɖagblɔ na Farao be mieva ɖo, eye mietso Kanaanyigba dzi be miava anɔ afi sia kplim. 32 Mana wòanya be, ‘Ame siawo nye alẽkplɔlawo. Wova kple woƒe lãwo kple nu siwo katã le wo si la.’ 33 Eya ta ne Farao yɔ mi, eye wòbia be dɔ ka miewɔna hã la, 34 migblɔ nɛ be, ‘Míenye alẽkplɔlawo tso keke míaƒe ɖekakpuime ke abe ale si mía fofowo hã nye alẽkplɔlawo ene.’ Ne miegblɔ nɛ alea la, ana mianɔ Gosenyigba dzi le afi sia, elabena wodoa vlo alẽkplɔlawo, eye wolé fu wo le Egipte ƒe akpa bubuawo.”

In Other Versions

Genesis 46 in the ANGEFD

Genesis 46 in the ANTPNG2D

Genesis 46 in the AS21

Genesis 46 in the BAGH

Genesis 46 in the BBPNG

Genesis 46 in the BBT1E

Genesis 46 in the BDS

Genesis 46 in the BEV

Genesis 46 in the BHAD

Genesis 46 in the BIB

Genesis 46 in the BLPT

Genesis 46 in the BNT

Genesis 46 in the BNTABOOT

Genesis 46 in the BNTLV

Genesis 46 in the BOATCB

Genesis 46 in the BOATCB2

Genesis 46 in the BOBCV

Genesis 46 in the BOCNT

Genesis 46 in the BOGWICC

Genesis 46 in the BOHCB

Genesis 46 in the BOHCV

Genesis 46 in the BOHLNT

Genesis 46 in the BOHNTLTAL

Genesis 46 in the BOICB

Genesis 46 in the BOILNTAP

Genesis 46 in the BOITCV

Genesis 46 in the BOKCV

Genesis 46 in the BOKCV2

Genesis 46 in the BOKHWOG

Genesis 46 in the BOKSSV

Genesis 46 in the BOLCB

Genesis 46 in the BOLCB2

Genesis 46 in the BOMCV

Genesis 46 in the BONAV

Genesis 46 in the BONCB

Genesis 46 in the BONLT

Genesis 46 in the BONUT2

Genesis 46 in the BOPLNT

Genesis 46 in the BOSCB

Genesis 46 in the BOSNC

Genesis 46 in the BOTLNT

Genesis 46 in the BOVCB

Genesis 46 in the BOYCB

Genesis 46 in the BPBB

Genesis 46 in the BPH

Genesis 46 in the BSB

Genesis 46 in the CCB

Genesis 46 in the CUV

Genesis 46 in the CUVS

Genesis 46 in the DBT

Genesis 46 in the DGDNT

Genesis 46 in the DHNT

Genesis 46 in the DNT

Genesis 46 in the ELBE

Genesis 46 in the EMTV

Genesis 46 in the ESV

Genesis 46 in the FBV

Genesis 46 in the FEB

Genesis 46 in the GGMNT

Genesis 46 in the GNT

Genesis 46 in the HARY

Genesis 46 in the HNT

Genesis 46 in the IRVA

Genesis 46 in the IRVB

Genesis 46 in the IRVG

Genesis 46 in the IRVH

Genesis 46 in the IRVK

Genesis 46 in the IRVM

Genesis 46 in the IRVM2

Genesis 46 in the IRVO

Genesis 46 in the IRVP

Genesis 46 in the IRVT

Genesis 46 in the IRVT2

Genesis 46 in the IRVU

Genesis 46 in the ISVN

Genesis 46 in the JSNT

Genesis 46 in the KAPI

Genesis 46 in the KBT1ETNIK

Genesis 46 in the KBV

Genesis 46 in the KJV

Genesis 46 in the KNFD

Genesis 46 in the LBA

Genesis 46 in the LBLA

Genesis 46 in the LNT

Genesis 46 in the LSV

Genesis 46 in the MAAL

Genesis 46 in the MBV

Genesis 46 in the MBV2

Genesis 46 in the MHNT

Genesis 46 in the MKNFD

Genesis 46 in the MNG

Genesis 46 in the MNT

Genesis 46 in the MNT2

Genesis 46 in the MRS1T

Genesis 46 in the NAA

Genesis 46 in the NASB

Genesis 46 in the NBLA

Genesis 46 in the NBS

Genesis 46 in the NBVTP

Genesis 46 in the NET2

Genesis 46 in the NIV11

Genesis 46 in the NNT

Genesis 46 in the NNT2

Genesis 46 in the NNT3

Genesis 46 in the PDDPT

Genesis 46 in the PFNT

Genesis 46 in the RMNT

Genesis 46 in the SBIAS

Genesis 46 in the SBIBS

Genesis 46 in the SBIBS2

Genesis 46 in the SBICS

Genesis 46 in the SBIDS

Genesis 46 in the SBIGS

Genesis 46 in the SBIHS

Genesis 46 in the SBIIS

Genesis 46 in the SBIIS2

Genesis 46 in the SBIIS3

Genesis 46 in the SBIKS

Genesis 46 in the SBIKS2

Genesis 46 in the SBIMS

Genesis 46 in the SBIOS

Genesis 46 in the SBIPS

Genesis 46 in the SBISS

Genesis 46 in the SBITS

Genesis 46 in the SBITS2

Genesis 46 in the SBITS3

Genesis 46 in the SBITS4

Genesis 46 in the SBIUS

Genesis 46 in the SBIVS

Genesis 46 in the SBT

Genesis 46 in the SBT1E

Genesis 46 in the SCHL

Genesis 46 in the SNT

Genesis 46 in the SUSU

Genesis 46 in the SUSU2

Genesis 46 in the SYNO

Genesis 46 in the TBIAOTANT

Genesis 46 in the TBT1E

Genesis 46 in the TBT1E2

Genesis 46 in the TFTIP

Genesis 46 in the TFTU

Genesis 46 in the TGNTATF3T

Genesis 46 in the THAI

Genesis 46 in the TNFD

Genesis 46 in the TNT

Genesis 46 in the TNTIK

Genesis 46 in the TNTIL

Genesis 46 in the TNTIN

Genesis 46 in the TNTIP

Genesis 46 in the TNTIZ

Genesis 46 in the TOMA

Genesis 46 in the TTENT

Genesis 46 in the UBG

Genesis 46 in the UGV

Genesis 46 in the UGV2

Genesis 46 in the UGV3

Genesis 46 in the VBL

Genesis 46 in the VDCC

Genesis 46 in the YALU

Genesis 46 in the YAPE

Genesis 46 in the YBVTP

Genesis 46 in the ZBP