Isaiah 13 (BOECS)

1 Esia nye ŋutega si Mawu ɖe fia Yesaya, Amoz ƒe vi la, tso Babilonia ƒe gbegblẽ ŋuti. 2 Mitu aflaga ɖe togbɛ ƒuƒlu tame.Mido ɣli yɔ nye aʋawɔlawo.Mimia asi wo,be woage ɖe bubumewoƒe agbowo me. 3 Meɖe gbe na nye aʋawɔla, meyɔ nye kalẽtɔwobe woaɖe nye dɔmedzoe afia, ame siwo tsoa aseyeɖe nye dziɖuɖu ŋu. 4 Miƒu to anyi,ɣli le ɖiɖim le towo dzi abe ameha gãaɖewoe le afi ma ene.Miƒu to anyi,zi tɔ le fiaɖuƒewo me abe dukɔ geɖewoele ƒu ƒom ene.Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ laele amewo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ. 5 Wotso anyigba didiwo dzi va,tso keke dziƒowo ƒe mlɔewo nu ke.Wova kple Yehowa kple eƒe dɔmedzoeƒe aʋawɔnuwo be woagbã dukɔ la katã. 6 Mido ɣli, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ. 7 Le esia ta la, asiwo katã aku yigbaa ɖe amewo ŋu,eye amegbetɔwo katã ƒe dzi alolo ɖe dɔ me na wo. 8 Vevesese kple nuxaxa alé wo,eye woaŋe abe nyɔnu si le ku lém la ene.Woƒe mo anɔ vevem hẽe,eye woafɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gaa. 9 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna.Egbɔna kple dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ bewoana anyigba la nazu gbegbe,eye wòatsrɔ̃ mi vɔ̃wɔla siwo le edzi. 10 Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o,ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o. 11 Mahe to na xexea me le eƒe nu tovowo wɔwɔ ta,eye maxe fe na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nu vɔ̃wo ta.Matsi dadalawo ƒe dada nu,eye mate ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe to. 12 Mana amegbetɔwo nave wu sika nyuitɔ,eye amegbetɔ kodzogbeawo hã ave wu sika si tso Ofir. 13 Eya ta mana dziƒowo naʋuʋu kpekpekpe,eye anyigba naʋuʋu le eƒe agunu kele Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoe tale eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkeke la dzi. 14 Abe sãde aɖe si wonya ɖe nu enealo alẽha si ŋu kplɔla mele o ene la,ame sia ame agatrɔ ayi ɖe eƒe amewo gbɔ,eye ame sia ame asi ayi wo denyigba dzi. 15 Woaƒo lãnu ɖe ame sia ame si wolé,eye ame si dzi asi su la atsi yi nu. 16 Woatsɔ woƒe vidzĩwo axlã ɖe anyi le wo ŋkume.Woaha woƒe aƒewo, eye woadɔ kple wo srɔ̃wo sesẽtɔe. 17 Kpɔ ɖa, made adã ta me na Mediatɔwo ɖe wo ŋu;ame siwo mebua klosalo ɖe naneke me o,eye sika gɔ̃ hã medoa dzidzɔ na wo o. 18 Woƒe aŋutrɔwo tea ɖekakpuiwo ƒua anyi.Womekpɔa nublanui na funɔdɔmee o,alo ɖeviwo ƒe nu mewɔa nublanui na wo o. 19 Babilonia, fiaɖuƒewo ƒe nu xɔasi,Mawu amu Babiloniatɔwo ƒe dada aƒu anyiabe Sodom kple Gomora ene. 20 Amewo magatso aƒe ɖe afi ma akpɔ gbeɖe o,eye wòazu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime.Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖe afi ma o,alẽkplɔla aɖeke mana eƒe lãwonatsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma o. 21 Ke gbemelãwo koe atsyɔakɔ anyi ɖe afi ma.Favieʋuto ayɔ woƒe xɔwo me,golowo atso aƒe ɖe afi maeye azizãwo aɖi adrɔ le afi ma. 22 Gbevuwo hã anɔ afi ma,Amegaxiwo axɔ woƒe dziƒoxɔ sesẽwo awɔ wo nɔƒewo.Eƒe ɣeyiɣi tu aƒe,eye eƒe ŋkekewo mahe ɖe megbe o.

In Other Versions

Isaiah 13 in the ANGEFD

Isaiah 13 in the ANTPNG2D

Isaiah 13 in the AS21

Isaiah 13 in the BAGH

Isaiah 13 in the BBPNG

Isaiah 13 in the BBT1E

Isaiah 13 in the BDS

Isaiah 13 in the BEV

Isaiah 13 in the BHAD

Isaiah 13 in the BIB

Isaiah 13 in the BLPT

Isaiah 13 in the BNT

Isaiah 13 in the BNTABOOT

Isaiah 13 in the BNTLV

Isaiah 13 in the BOATCB

Isaiah 13 in the BOATCB2

Isaiah 13 in the BOBCV

Isaiah 13 in the BOCNT

Isaiah 13 in the BOGWICC

Isaiah 13 in the BOHCB

Isaiah 13 in the BOHCV

Isaiah 13 in the BOHLNT

Isaiah 13 in the BOHNTLTAL

Isaiah 13 in the BOICB

Isaiah 13 in the BOILNTAP

Isaiah 13 in the BOITCV

Isaiah 13 in the BOKCV

Isaiah 13 in the BOKCV2

Isaiah 13 in the BOKHWOG

Isaiah 13 in the BOKSSV

Isaiah 13 in the BOLCB

Isaiah 13 in the BOLCB2

Isaiah 13 in the BOMCV

Isaiah 13 in the BONAV

Isaiah 13 in the BONCB

Isaiah 13 in the BONLT

Isaiah 13 in the BONUT2

Isaiah 13 in the BOPLNT

Isaiah 13 in the BOSCB

Isaiah 13 in the BOSNC

Isaiah 13 in the BOTLNT

Isaiah 13 in the BOVCB

Isaiah 13 in the BOYCB

Isaiah 13 in the BPBB

Isaiah 13 in the BPH

Isaiah 13 in the BSB

Isaiah 13 in the CCB

Isaiah 13 in the CUV

Isaiah 13 in the CUVS

Isaiah 13 in the DBT

Isaiah 13 in the DGDNT

Isaiah 13 in the DHNT

Isaiah 13 in the DNT

Isaiah 13 in the ELBE

Isaiah 13 in the EMTV

Isaiah 13 in the ESV

Isaiah 13 in the FBV

Isaiah 13 in the FEB

Isaiah 13 in the GGMNT

Isaiah 13 in the GNT

Isaiah 13 in the HARY

Isaiah 13 in the HNT

Isaiah 13 in the IRVA

Isaiah 13 in the IRVB

Isaiah 13 in the IRVG

Isaiah 13 in the IRVH

Isaiah 13 in the IRVK

Isaiah 13 in the IRVM

Isaiah 13 in the IRVM2

Isaiah 13 in the IRVO

Isaiah 13 in the IRVP

Isaiah 13 in the IRVT

Isaiah 13 in the IRVT2

Isaiah 13 in the IRVU

Isaiah 13 in the ISVN

Isaiah 13 in the JSNT

Isaiah 13 in the KAPI

Isaiah 13 in the KBT1ETNIK

Isaiah 13 in the KBV

Isaiah 13 in the KJV

Isaiah 13 in the KNFD

Isaiah 13 in the LBA

Isaiah 13 in the LBLA

Isaiah 13 in the LNT

Isaiah 13 in the LSV

Isaiah 13 in the MAAL

Isaiah 13 in the MBV

Isaiah 13 in the MBV2

Isaiah 13 in the MHNT

Isaiah 13 in the MKNFD

Isaiah 13 in the MNG

Isaiah 13 in the MNT

Isaiah 13 in the MNT2

Isaiah 13 in the MRS1T

Isaiah 13 in the NAA

Isaiah 13 in the NASB

Isaiah 13 in the NBLA

Isaiah 13 in the NBS

Isaiah 13 in the NBVTP

Isaiah 13 in the NET2

Isaiah 13 in the NIV11

Isaiah 13 in the NNT

Isaiah 13 in the NNT2

Isaiah 13 in the NNT3

Isaiah 13 in the PDDPT

Isaiah 13 in the PFNT

Isaiah 13 in the RMNT

Isaiah 13 in the SBIAS

Isaiah 13 in the SBIBS

Isaiah 13 in the SBIBS2

Isaiah 13 in the SBICS

Isaiah 13 in the SBIDS

Isaiah 13 in the SBIGS

Isaiah 13 in the SBIHS

Isaiah 13 in the SBIIS

Isaiah 13 in the SBIIS2

Isaiah 13 in the SBIIS3

Isaiah 13 in the SBIKS

Isaiah 13 in the SBIKS2

Isaiah 13 in the SBIMS

Isaiah 13 in the SBIOS

Isaiah 13 in the SBIPS

Isaiah 13 in the SBISS

Isaiah 13 in the SBITS

Isaiah 13 in the SBITS2

Isaiah 13 in the SBITS3

Isaiah 13 in the SBITS4

Isaiah 13 in the SBIUS

Isaiah 13 in the SBIVS

Isaiah 13 in the SBT

Isaiah 13 in the SBT1E

Isaiah 13 in the SCHL

Isaiah 13 in the SNT

Isaiah 13 in the SUSU

Isaiah 13 in the SUSU2

Isaiah 13 in the SYNO

Isaiah 13 in the TBIAOTANT

Isaiah 13 in the TBT1E

Isaiah 13 in the TBT1E2

Isaiah 13 in the TFTIP

Isaiah 13 in the TFTU

Isaiah 13 in the TGNTATF3T

Isaiah 13 in the THAI

Isaiah 13 in the TNFD

Isaiah 13 in the TNT

Isaiah 13 in the TNTIK

Isaiah 13 in the TNTIL

Isaiah 13 in the TNTIN

Isaiah 13 in the TNTIP

Isaiah 13 in the TNTIZ

Isaiah 13 in the TOMA

Isaiah 13 in the TTENT

Isaiah 13 in the UBG

Isaiah 13 in the UGV

Isaiah 13 in the UGV2

Isaiah 13 in the UGV3

Isaiah 13 in the VBL

Isaiah 13 in the VDCC

Isaiah 13 in the YALU

Isaiah 13 in the YAPE

Isaiah 13 in the YBVTP

Isaiah 13 in the ZBP