Isaiah 40 (BOECS)

1 Mifa akɔ, mifa akɔ na nye amewo,miaƒe Mawu lae gblɔe. 2 De dzi ƒo na Yerusalem, eye nàgblɔ nɛ be,eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ wu enu.Woxe fe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta be ekpɔ teƒeɖoɖo evetso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta. 3 Ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe enye esi:“Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo le gbegbe.Mita mɔ dzɔdzɔe ɖe gbedadaƒo na miaƒe Mawu la. 4 Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ tokple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi;anyigba tsakliwo katã azu zɔzrɔ̃e,eye teƒe siwo katã kɔ kpo la azu sɔsɔe. 5 Woaɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go,eye amegbetɔƒomea katã akpɔe,elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.” 6 Gbe aɖe ɖi be, “Ɖe gbeƒã!”eye mebia be, “Nu ka ƒe gbeƒã maɖe?” “Amegbetɔwo katã le abe gbe ene,eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene. 7 Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna,elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖe wo dzi.Vavãe amewo katã le abe gbe ene. 8 Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna,ke miaƒe Mawu ƒe nya nɔa anyi tegbee.” 9 Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Zion,lia to kɔkɔ aɖe.Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Yerusalem, kɔ wò gbe dzi nàdo ɣli,kɔ gbe dzi, mègavɔ̃ o;gblɔ na Yuda ƒe duwo be,“Miaƒe Mawue nye esi!” 10 Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu gbɔna kple ŋusẽ,eye eƒe abɔ le dzi be yeaɖu fia.Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋuti,eye eƒe teƒeɖoɖo hã kpe ɖe eŋuti. 11 Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔla ene;alé alẽviawo ɖe abɔdome,alé wo ɖe eƒe akɔnu,eye wòakplɔ alẽnɔwo kple beléle. 12 Ame kae dzidze tsi ɖe eƒe asiʋlomealo tsɔ eƒe asi ƒe kekeme dzidze dziƒoe?Ame kae lɔ ke si le anyigba la ɖe nudonu mealo da towo le nudanu mekple togbɛwo le nudanu dzi? 13 Ame kae ase Yehowa ƒe susu gɔmealo anye eƒe aɖaŋudela aɖo aɖaŋu nɛ? 14 Ame ka gbɔ Yehowa yi be wòaɖe nugɔme nɛalo wòafia mɔ dzɔdzɔetɔe?Ame kae fia nunya alo gɔmesese ƒe mɔe? 15 Vavãe dukɔwo le abe tsi si ge toŋtoŋ tso tɔkpo me ene,wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu dzi ene,eye wòda ƒukpowo le nudanu dziabe ʋuʋudedi ko wonye ene. 16 Lebanon ƒe avemetiwo mesɔ gbɔwoatsɔ awɔ nakee ado dzoe le vɔsamlekpui dzi o,eye eƒe lãhawo hã mesɔgbɔ ade numevɔsawo nu o. 17 Dukɔwo katã menye naneke le eƒe ŋkume o.Ebua wo abe nu maɖinuwo ko ene, eye wonye tofloko. 18 Ekema ame ka míatsɔ asɔ kple Mawu,eye nɔnɔme ka míatsɔ asɔ kplii? 19 Legba nye aɖaŋuwɔla ƒe nuwɔwɔ.Sikanutulae tsɔ sika fa ɖe eŋu,eye wòtsɔ klosalo wɔ kɔsɔkɔsɔ de nɛ. 20 Ame dahe si, si nu siawo mele o lawɔa ati si megblẽna o la ŋu dɔ.Edia atikpala si aɖaŋu le mo na bewòakpa aklamakpakpɛ,eye wòalii be mamu adze anyi o. 21 Ɖe mienya oa? Ɖe miesee oa?Ɖe womegblɔe na mi tso gɔmedzedzea me ke oa?Ɖe miese egɔme tso anyigbaƒe gɔmeɖoanyiɣi ke oa? 22 Eyae nye ame si nɔ fiazi dzi le xexea me godoo tame,eye anyigbadzinɔlawo le abe abɔwo ene le ete.Ekeke dziƒowo abe avɔ ene,eye wòwɔe abe avɔgbadɔ si me wonɔna la ene. 23 Eɖea bubu le amegãwo dzi,eye wòwɔa xexe sia me dziɖulawowozua nu maɖinuwo. 24 Womekpɔ do wo o, womekpɔ ƒã wo o,womekpɔ to ke ɖe anyigba me o,kasia egbɔ ɖe wo dzi,woyrɔ, eye ya va kplɔ wo dzoe abe atsa ene. 25 Kɔkɔetɔ la be, “Ame ka miatsɔm asɔ kpliialo ame kae sɔ kplim?” 26 Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo.Ame ka wɔ nu siawo katã?Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka,eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae.Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta,mena ɖeke bu le wo dome o. 27 O! Yakob, nu ka ta nègblɔ ale, eye O! Israel,nu ka ta nègblɔ be,“Nye mo ɣla ɖe Yehowa, eye nye Mawumetsɔ ɖeke le nye nyawo me o?” 28 Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa?Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la.Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla.Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o.Eƒe nugɔmesese goglo.Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o. 29 Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te,eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ. 30 Nu tia kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã, eye wogbɔdzɔna.Nenema ke ŋusẽ vɔna le ɖekakpuiwo ŋu,eye wodzea anyi, 31 gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa laƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me.Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene.Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o.Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.

In Other Versions

Isaiah 40 in the ANGEFD

Isaiah 40 in the ANTPNG2D

Isaiah 40 in the AS21

Isaiah 40 in the BAGH

Isaiah 40 in the BBPNG

Isaiah 40 in the BBT1E

Isaiah 40 in the BDS

Isaiah 40 in the BEV

Isaiah 40 in the BHAD

Isaiah 40 in the BIB

Isaiah 40 in the BLPT

Isaiah 40 in the BNT

Isaiah 40 in the BNTABOOT

Isaiah 40 in the BNTLV

Isaiah 40 in the BOATCB

Isaiah 40 in the BOATCB2

Isaiah 40 in the BOBCV

Isaiah 40 in the BOCNT

Isaiah 40 in the BOGWICC

Isaiah 40 in the BOHCB

Isaiah 40 in the BOHCV

Isaiah 40 in the BOHLNT

Isaiah 40 in the BOHNTLTAL

Isaiah 40 in the BOICB

Isaiah 40 in the BOILNTAP

Isaiah 40 in the BOITCV

Isaiah 40 in the BOKCV

Isaiah 40 in the BOKCV2

Isaiah 40 in the BOKHWOG

Isaiah 40 in the BOKSSV

Isaiah 40 in the BOLCB

Isaiah 40 in the BOLCB2

Isaiah 40 in the BOMCV

Isaiah 40 in the BONAV

Isaiah 40 in the BONCB

Isaiah 40 in the BONLT

Isaiah 40 in the BONUT2

Isaiah 40 in the BOPLNT

Isaiah 40 in the BOSCB

Isaiah 40 in the BOSNC

Isaiah 40 in the BOTLNT

Isaiah 40 in the BOVCB

Isaiah 40 in the BOYCB

Isaiah 40 in the BPBB

Isaiah 40 in the BPH

Isaiah 40 in the BSB

Isaiah 40 in the CCB

Isaiah 40 in the CUV

Isaiah 40 in the CUVS

Isaiah 40 in the DBT

Isaiah 40 in the DGDNT

Isaiah 40 in the DHNT

Isaiah 40 in the DNT

Isaiah 40 in the ELBE

Isaiah 40 in the EMTV

Isaiah 40 in the ESV

Isaiah 40 in the FBV

Isaiah 40 in the FEB

Isaiah 40 in the GGMNT

Isaiah 40 in the GNT

Isaiah 40 in the HARY

Isaiah 40 in the HNT

Isaiah 40 in the IRVA

Isaiah 40 in the IRVB

Isaiah 40 in the IRVG

Isaiah 40 in the IRVH

Isaiah 40 in the IRVK

Isaiah 40 in the IRVM

Isaiah 40 in the IRVM2

Isaiah 40 in the IRVO

Isaiah 40 in the IRVP

Isaiah 40 in the IRVT

Isaiah 40 in the IRVT2

Isaiah 40 in the IRVU

Isaiah 40 in the ISVN

Isaiah 40 in the JSNT

Isaiah 40 in the KAPI

Isaiah 40 in the KBT1ETNIK

Isaiah 40 in the KBV

Isaiah 40 in the KJV

Isaiah 40 in the KNFD

Isaiah 40 in the LBA

Isaiah 40 in the LBLA

Isaiah 40 in the LNT

Isaiah 40 in the LSV

Isaiah 40 in the MAAL

Isaiah 40 in the MBV

Isaiah 40 in the MBV2

Isaiah 40 in the MHNT

Isaiah 40 in the MKNFD

Isaiah 40 in the MNG

Isaiah 40 in the MNT

Isaiah 40 in the MNT2

Isaiah 40 in the MRS1T

Isaiah 40 in the NAA

Isaiah 40 in the NASB

Isaiah 40 in the NBLA

Isaiah 40 in the NBS

Isaiah 40 in the NBVTP

Isaiah 40 in the NET2

Isaiah 40 in the NIV11

Isaiah 40 in the NNT

Isaiah 40 in the NNT2

Isaiah 40 in the NNT3

Isaiah 40 in the PDDPT

Isaiah 40 in the PFNT

Isaiah 40 in the RMNT

Isaiah 40 in the SBIAS

Isaiah 40 in the SBIBS

Isaiah 40 in the SBIBS2

Isaiah 40 in the SBICS

Isaiah 40 in the SBIDS

Isaiah 40 in the SBIGS

Isaiah 40 in the SBIHS

Isaiah 40 in the SBIIS

Isaiah 40 in the SBIIS2

Isaiah 40 in the SBIIS3

Isaiah 40 in the SBIKS

Isaiah 40 in the SBIKS2

Isaiah 40 in the SBIMS

Isaiah 40 in the SBIOS

Isaiah 40 in the SBIPS

Isaiah 40 in the SBISS

Isaiah 40 in the SBITS

Isaiah 40 in the SBITS2

Isaiah 40 in the SBITS3

Isaiah 40 in the SBITS4

Isaiah 40 in the SBIUS

Isaiah 40 in the SBIVS

Isaiah 40 in the SBT

Isaiah 40 in the SBT1E

Isaiah 40 in the SCHL

Isaiah 40 in the SNT

Isaiah 40 in the SUSU

Isaiah 40 in the SUSU2

Isaiah 40 in the SYNO

Isaiah 40 in the TBIAOTANT

Isaiah 40 in the TBT1E

Isaiah 40 in the TBT1E2

Isaiah 40 in the TFTIP

Isaiah 40 in the TFTU

Isaiah 40 in the TGNTATF3T

Isaiah 40 in the THAI

Isaiah 40 in the TNFD

Isaiah 40 in the TNT

Isaiah 40 in the TNTIK

Isaiah 40 in the TNTIL

Isaiah 40 in the TNTIN

Isaiah 40 in the TNTIP

Isaiah 40 in the TNTIZ

Isaiah 40 in the TOMA

Isaiah 40 in the TTENT

Isaiah 40 in the UBG

Isaiah 40 in the UGV

Isaiah 40 in the UGV2

Isaiah 40 in the UGV3

Isaiah 40 in the VBL

Isaiah 40 in the VDCC

Isaiah 40 in the YALU

Isaiah 40 in the YAPE

Isaiah 40 in the YBVTP

Isaiah 40 in the ZBP