John 2 (BOECS)
1 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpe Yesu dada be wòava kpɔ srɔ̃ɖeɖe aɖe teƒe le Kana si le Galilea Nuto me. 2 Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã. 3 Esi wɔnawo nɔ edzi yim la, wain si nom ameawo nɔ la vɔ. Ale Yesu dada va egbɔ hegblɔ nɛ be, “Wain mele wo si o.” 4 Yesu ɖo eŋu na dadaa be, “Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.” 5 Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.” 6 Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe me. 7 Yesu gblɔ na subɔlawo be, “Midu tsi kɔ ɖe zɔwo katã me woayɔ.” Ale wowɔ nenema. 8 Egagblɔ na wo be, “Azɔ mikui yi na nuɖuɖudzikpɔla la.”Wowɔ nenema. 9 Nuɖuɖudzikpɔla la no tsi si trɔ zu wain la ƒe ɖe, ke menya afi si wòtso o, subɔlawo koe nya. Azɔ eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la 10 eye wògblɔ nɛ be, “Zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo naa wain nyuitɔ woƒe ame kpekpewo gbã, eye ne ame sia ame noe wòsui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo, eye nètsɔe vɛ le nuwuwua.” 11 Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu wɔ le Kana le Galilea hetsɔ ɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se. 12 Esi srɔ̃ɖeŋkekenyui la wu enu la, Yesu kple dadaa, nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Kapernaum, eye wonɔ afi ma ŋkeke ʋɛ aɖewo. 13 Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la gogo la, Yesu yi Yerusalem. 14 Ekpɔ amewo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu wonɔ nyiwo, alẽwo kple akpakpawo dzram. Gaɖɔlilawo hã nɔ teƒea nɔ ga ɖɔlim na amewo. 15 Ale Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam, eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me. Enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. 16 Egblɔ na ame siwo nɔ akpakpawo dzram la be, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ asimee o!” 17 Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be mawunya gblɔ be, “Lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye.” 18 Azɔ Yudatɔwo va Yesu gbɔ hebiae be, “Ŋusẽ ka nèkpɔ, be nèwɔ nu siawo, eye dzesi ka nàfia mí?” 19 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Migbã gbedoxɔ sia, eye magagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ megbe.” 20 Yudatɔwo gblɔ be, “Ƒe blaene-vɔ-adee wotsɔ tu gbedoxɔ siae. Ke wò ya nèbe yeate ŋu atui le ŋkeke etɔ̃ megbea?” 21 Ke “gbedoxɔ” si ŋu Yesu nɔ nu ƒom le lae nye eƒe ŋutilã. 22 Esi Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome la, nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu, eye wo katã va eme vavã. 23 Dzesi siwo Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na be ame geɖe xɔ eƒe ŋkɔ dzi se. 24 Ke Yesu meka ɖe ame siawo ƒe xɔse dzi o, elabena edze si amegbetɔwo ƒe nɔnɔme. 25 Mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase nɛ tso amegbetɔ ŋu o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me.
In Other Versions
John 2 in the ANGEFD
John 2 in the ANTPNG2D
John 2 in the AS21
John 2 in the BAGH
John 2 in the BBPNG
John 2 in the BBT1E
John 2 in the BDS
John 2 in the BEV
John 2 in the BHAD
John 2 in the BIB
John 2 in the BLPT
John 2 in the BNT
John 2 in the BNTABOOT
John 2 in the BNTLV
John 2 in the BOATCB
John 2 in the BOATCB2
John 2 in the BOBCV
John 2 in the BOCNT
John 2 in the BOGWICC
John 2 in the BOHCB
John 2 in the BOHCV
John 2 in the BOHLNT
John 2 in the BOHNTLTAL
John 2 in the BOICB
John 2 in the BOILNTAP
John 2 in the BOITCV
John 2 in the BOKCV
John 2 in the BOKCV2
John 2 in the BOKHWOG
John 2 in the BOKSSV
John 2 in the BOLCB
John 2 in the BOLCB2
John 2 in the BOMCV
John 2 in the BONAV
John 2 in the BONCB
John 2 in the BONLT
John 2 in the BONUT2
John 2 in the BOPLNT
John 2 in the BOSCB
John 2 in the BOSNC
John 2 in the BOTLNT
John 2 in the BOVCB
John 2 in the BOYCB
John 2 in the BPBB
John 2 in the BPH
John 2 in the BSB
John 2 in the CCB
John 2 in the CUV
John 2 in the CUVS
John 2 in the DBT
John 2 in the DGDNT
John 2 in the DHNT
John 2 in the DNT
John 2 in the ELBE
John 2 in the EMTV
John 2 in the ESV
John 2 in the FBV
John 2 in the FEB
John 2 in the GGMNT
John 2 in the GNT
John 2 in the HARY
John 2 in the HNT
John 2 in the IRVA
John 2 in the IRVB
John 2 in the IRVG
John 2 in the IRVH
John 2 in the IRVK
John 2 in the IRVM
John 2 in the IRVM2
John 2 in the IRVO
John 2 in the IRVP
John 2 in the IRVT
John 2 in the IRVT2
John 2 in the IRVU
John 2 in the ISVN
John 2 in the JSNT
John 2 in the KAPI
John 2 in the KBT1ETNIK
John 2 in the KBV
John 2 in the KJV
John 2 in the KNFD
John 2 in the LBA
John 2 in the LBLA
John 2 in the LNT
John 2 in the LSV
John 2 in the MAAL
John 2 in the MBV
John 2 in the MBV2
John 2 in the MHNT
John 2 in the MKNFD
John 2 in the MNG
John 2 in the MNT
John 2 in the MNT2
John 2 in the MRS1T
John 2 in the NAA
John 2 in the NASB
John 2 in the NBLA
John 2 in the NBS
John 2 in the NBVTP
John 2 in the NET2
John 2 in the NIV11
John 2 in the NNT
John 2 in the NNT2
John 2 in the NNT3
John 2 in the PDDPT
John 2 in the PFNT
John 2 in the RMNT
John 2 in the SBIAS
John 2 in the SBIBS
John 2 in the SBIBS2
John 2 in the SBICS
John 2 in the SBIDS
John 2 in the SBIGS
John 2 in the SBIHS
John 2 in the SBIIS
John 2 in the SBIIS2
John 2 in the SBIIS3
John 2 in the SBIKS
John 2 in the SBIKS2
John 2 in the SBIMS
John 2 in the SBIOS
John 2 in the SBIPS
John 2 in the SBISS
John 2 in the SBITS
John 2 in the SBITS2
John 2 in the SBITS3
John 2 in the SBITS4
John 2 in the SBIUS
John 2 in the SBIVS
John 2 in the SBT
John 2 in the SBT1E
John 2 in the SCHL
John 2 in the SNT
John 2 in the SUSU
John 2 in the SUSU2
John 2 in the SYNO
John 2 in the TBIAOTANT
John 2 in the TBT1E
John 2 in the TBT1E2
John 2 in the TFTIP
John 2 in the TFTU
John 2 in the TGNTATF3T
John 2 in the THAI
John 2 in the TNFD
John 2 in the TNT
John 2 in the TNTIK
John 2 in the TNTIL
John 2 in the TNTIN
John 2 in the TNTIP
John 2 in the TNTIZ
John 2 in the TOMA
John 2 in the TTENT
John 2 in the UBG
John 2 in the UGV
John 2 in the UGV2
John 2 in the UGV3
John 2 in the VBL
John 2 in the VDCC
John 2 in the YALU
John 2 in the YAPE
John 2 in the YBVTP
John 2 in the ZBP