Luke 1 (BOECS)

1 Ame geɖewo ŋlɔ nu tso nu siwo va eme le mía dome la ŋu, 2 ame siwo tu woƒe ŋutinyawo ɖe nyadzɔdzɔ siwo woxɔ tso ame siwo nye nuteƒekpɔlawo le gɔmedzedzea me la gbɔ, eye wonye dɔlawo na nya la. 3 Eya ta enyo nye hã ŋunye, le esi medzro nuwo me tsitotsito tso gɔmedzedzea me ke, be magbugbɔ aŋlɔe ɖe ɖoɖo nu na wò, nye bubutɔ Teofilos, 4 be wòagbugbɔ aɖo kpe edzi na wò be nu siwo katã wofia wò lae nye nyateƒea. 5 Le Herod si nye Yudea fia ƒe ŋkekewo me la, nunɔla aɖe si woyɔna be Zekaria nye nunɔlawo ƒe ha si woyɔna be Abiya la me tɔwo dometɔ ɖeka. Zekaria srɔ̃ Elizabet hã tso nunɔlawo ƒe ƒome me, eye wònye Aron ƒe dzidzimevi. 6 Wo kple evea wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe. 7 Gake vi aɖeke hã menɔ wo si o, elabena Elizabet nye konɔ, eye wo ame eve la katã wotsi ŋutɔ. 8 Eva eme be Zekaria ƒe hatsotso le nunɔdɔ wɔm le kɔnu la nu le Mawu ƒe ŋkume, 9 eye le nunɔdɔ ƒe kɔnu la nu la, woda akɔ, eye wotia Zekaria be wòawɔ subɔsubɔdɔ le Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la me, eye wòado dzudzɔ. 10 Esi dzudzɔdoɣi ɖo la, ameha si va be yewoasubɔ la nɔ xexe nɔ gbe dom ɖa. 11 Zekaria nɔ kɔkɔeƒe la, kasia mawudɔla aɖe va do ɖe edzi zi ɖeka, eye wònɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la ƒe nuɖusime. 12 Esi Zekaria kpɔe la, eɖi vo, eye vɔvɔ̃ dze edzi. 13 Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zekaria, elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wò Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes. 14 Mi ame eve la miakpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe le edzidzi ta, eye ame geɖewo hã atso aseye kpli mi, 15 elabena ɖevi la anye gã le Aƒetɔ la ŋkume. Mano wain alo aha sesẽ aɖeke o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔ eme taŋtaŋtaŋ hafi woadzii gɔ̃ hã, eye 16 akplɔ Israelvi geɖewo ava Mawu si nye woƒe Aƒetɔ la gbɔe. 17 Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu, eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.” 18 Zekaria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ anya be esia ate ŋu ava eme, elabena metsi ŋutɔ, eye srɔ̃nye hã ku nyagã?” 19 Mawudɔla la gblɔ nɛ kple kakaɖedzi be, “Nyee nye Gabriel si nɔa Mawu ŋkume ɣe sia ɣi. Eyae dɔm be magblɔ dzidzɔnya sia na wò, 20 gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o, va se ɖe esime woadzi ɖevi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be nye nyawo ava eme pɛpɛpɛ nenye be ɣeyiɣi la ɖo.” 21 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zekaria lalam be wòado go, eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi gbedoxɔa me fũu nenema. 22 Esi wòdo go mlɔeba la, mete ŋu ƒo nu na ame aɖeke o, ke ewɔ dzesi na wo, esi fia be ekpɔ ŋutega alo ɖeɖefia aɖe le gbedoxɔ la me. 23 Zekaria tsi gbedoxɔ la me va se ɖe esime eƒe subɔsubɔŋkeke mamlɛawo wu enu, eye wòtrɔ yi aƒe me. 24 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la srɔ̃a Elizabet fɔ fu, eye wòɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ sɔŋ. 25 Elizabet gblɔ kple dzidzɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔ me nyo ŋutɔ be wòɖe kotsitsi ƒe ŋukpe gã sia ɖa le dzinye.” 26 Le Elizabet ƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti adelia me la, Mawu dɔ mawudɔla Gabriel ɖo ɖe kɔƒe aɖe si woyɔna be Nazaret, si le Galilea la me. 27 Ame si gbɔ wòdɔe ɖo la nye ɖetugbi aɖe si menya ŋutsu o, eye woyɔnɛ be Maria. Wodo Maria ŋugbe na David ƒe dzidzimevi aɖe si woyɔna be Yosef la be wòaɖe. 28 Gabriel va do ɖe Maria gbɔ le vo me, eye wògblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Wò ɖetugbi si kpɔ amenuveve! Aƒetɔ la li kpli wò.” 29 Maria ɖi vo, eye eƒe susu ɖe fu nɛ ŋutɔ. Edze agbagba bu ta me le nu si tututu mawudɔla la wɔnɛ la ŋu. 30 Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra wò nukutɔe! 31 Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be ‘Yesu.’ 32 Anye ame xɔŋkɔ aɖe, eye woayɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe fiazikpui la nɛ. 33 Ale wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe dzi, eye eƒe fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o.” 34 Maria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ adzi vi esi nyemenya ŋutsu kpɔ o.” 35 Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ayɔ mewò, eya ta ɖevi si nàdzi la anɔ Kɔkɔe, eye wòanye Mawu ƒe Vi. 36 Gawu la, anɔ abe ɣleti adee nye esi va yi ene la, wò ƒometɔ Elizabet, ame si woyɔna be ‘konɔ’ la fɔ fu le eƒe nyagãkuku me. 37 Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la ava me pɛpɛpɛ.” 38 Maria gblɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu menye. Nu sia nu si nègblɔ la neva eme nam.” Le esia megbe la, mawudɔla la gabu le eŋkume. 39 Le ŋkeke siawo me la, Maria tso, eye wòɖe abla yi Yudea dua me, 40 eye wòge ɖe Zekaria ƒe aƒe me, eye wòdo gbe na Elizabet. 41 Esi Elizabet se Maria ƒe gbedodo nɛ ko la, vidzĩ si le dɔ me nɛ la ʋã kple dzidzɔ, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Elizabet me fũu. 42 Elizabet do dzidzɔɣli, eye wògblɔ na Maria be, “Mawu ve nuwò le nyɔnuwo katã dome, eye wòɖoe be viwò la naxɔ eƒe yayra gãtɔ kekeake. 43 Bubu kae nye gã si nède ŋunye, be wò si nye Aƒetɔ la dada nàva kpɔm ɖa! 44 Esi nèva do gbe nam teti ko la, vinye la ʋã le dɔ me nam le dzidzɔ ta. 45 Èxɔe se be Mawu awɔ ɖe ale si wògblɔ la dzi, esia tae wòyra wò alea gbegbe ɖo.” 46 Maria ɖo eŋu na Elizabet be,“O, nye luʋɔ le Aƒetɔ la kafum ale gbegbe. 47 Eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu nye xɔla la ŋuti. 48 Elabena ekpɔ nye,eƒe subɔla sia ƒe ame gblɔe nyenye,eye tso azɔ dzi yina la, woayɔm be Mawu ƒeame yayra tso dzidzime yi dzidzime. 49 Elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu gãwo nam.Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ. 50 Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛtso dzidzime yi dzidzime. 51 Ewɔ nu dzɔtsuwo kple eƒe alɔ,eye wòkaka ame siwo dana le woƒe tamesusuwo me. 52 Eɖe fiawo ɖa le woƒe zi dzi, ke edo ame siwo bɔbɔwo ɖokuiwo ɖe anyi la ɖe dzi. 53 Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo,ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe. 54 Ekpe ɖe eƒe dɔla Israel ŋu,eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ na wo dzi 55 be wòakpɔ nublanui na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tegbee,abe ale si wòdo ŋugbee na mía fofowo ene.” 56 Maria nɔ Elizabet gbɔ abe dzinu etɔ̃ ene hafi trɔ yi aƒe. 57 Elizabet ƒe vidziɣi va ɖo, eye wòdzi ŋutsuvi. 58 Nya sia kaka ɖo eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo dome kaba, ame sia ame se ale si Aƒetɔ la nyo dɔ me na Elizabet, eye wo katã wokpɔ dzidzɔ. 59 Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zekaria nɛ, 60 gake Elizabet gblɔ be, “Gbeɖe, woana ŋkɔe be Yohanes.” 61 Amewo do ɣli be, “Nu ka? Ame aɖeke mele wò ƒome blibo la me si woyɔna nenema o.” 62 Ale womia asi ɖevia fofo, eye wobiae to asidzesiwɔwɔ me be wòayɔ ŋkɔ si woatsɔ na ɖevia. 63 Zekaria na wotsɔ nuŋlɔkpe aɖe vɛ nɛ, eye nukutɔe la, eŋlɔ ɖe kpe la dzi be, “Eŋkɔe nye Yohanes.” 64 Enumake Zekaria ƒe nu ʋu, eye wògadze nuƒoƒo gɔme abe tsã ene. Ekafu Mawu kple dzidzɔ geɖe. 65 Nyadzɔdzɔ blibo la wɔ nuku na woƒe aƒelikawo ŋutɔ, eye wòkaka ɖe du siwo le Yudea togbɛ la dzi la katã me. 66 Ame sia ame si se nya sia la bua ta me le eŋu ɣeyiɣi didi aɖe, eye wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ƒomevi ɖevi sia atsi ava zu? Elabena le nyateƒe me la, Aƒetɔ la ƒe asi le edzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu.” 67 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fofoa Zekaria me, eye wògblɔ nya siawo ɖi be, 68 “Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la,elabena eva, eye wòɖe eƒe dukɔ. 69 Eɖo ɖeɖe ƒe ŋusẽ anyi na mí le eƒe dɔla,David ƒe aƒe me 70 (abe ale si wògblɔe to eƒe Nyagblɔɖila kɔkɔewo dzi le blema ene), 71 be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwokple ame siwo lé fu mí la ƒe asi me, 72 ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo,eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla kɔkɔe, 73 kple atam si wòka na mía fofo Abraham la dzi 74 be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me,ne míasubɔe vɔvɔ̃manɔmetɔe 75 le eŋkume le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenyeme le míaƒe ŋkekewo katã me. 76 “Ke wò, vinye, woayɔ wò be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Nyagblɔɖila,elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ be nàdzra mɔ ɖo ɖi nɛ, 77 ne nàtsɔ xɔxɔ ƒe sidzedze na eƒe dukɔ towoƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke me, 78 le míaƒe Mawu la ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta,to esia dzi ɣedzedze nyui la ava na mí tso dziƒo, 79 ne wòaklẽ na ame siwo le viviti mekple ku ƒe vɔvɔli te,ne wòada míaƒe afɔwo ɖe ŋutifafa ƒe mɔ dzi.” 80 Ɖevi la tsi, eye wòsẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Enɔ gbedzi va se ɖe esime woɖee fia Israel blibo la le gaglãgbe.

In Other Versions

Luke 1 in the ANGEFD

Luke 1 in the ANTPNG2D

Luke 1 in the AS21

Luke 1 in the BAGH

Luke 1 in the BBPNG

Luke 1 in the BBT1E

Luke 1 in the BDS

Luke 1 in the BEV

Luke 1 in the BHAD

Luke 1 in the BIB

Luke 1 in the BLPT

Luke 1 in the BNT

Luke 1 in the BNTABOOT

Luke 1 in the BNTLV

Luke 1 in the BOATCB

Luke 1 in the BOATCB2

Luke 1 in the BOBCV

Luke 1 in the BOCNT

Luke 1 in the BOGWICC

Luke 1 in the BOHCB

Luke 1 in the BOHCV

Luke 1 in the BOHLNT

Luke 1 in the BOHNTLTAL

Luke 1 in the BOICB

Luke 1 in the BOILNTAP

Luke 1 in the BOITCV

Luke 1 in the BOKCV

Luke 1 in the BOKCV2

Luke 1 in the BOKHWOG

Luke 1 in the BOKSSV

Luke 1 in the BOLCB

Luke 1 in the BOLCB2

Luke 1 in the BOMCV

Luke 1 in the BONAV

Luke 1 in the BONCB

Luke 1 in the BONLT

Luke 1 in the BONUT2

Luke 1 in the BOPLNT

Luke 1 in the BOSCB

Luke 1 in the BOSNC

Luke 1 in the BOTLNT

Luke 1 in the BOVCB

Luke 1 in the BOYCB

Luke 1 in the BPBB

Luke 1 in the BPH

Luke 1 in the BSB

Luke 1 in the CCB

Luke 1 in the CUV

Luke 1 in the CUVS

Luke 1 in the DBT

Luke 1 in the DGDNT

Luke 1 in the DHNT

Luke 1 in the DNT

Luke 1 in the ELBE

Luke 1 in the EMTV

Luke 1 in the ESV

Luke 1 in the FBV

Luke 1 in the FEB

Luke 1 in the GGMNT

Luke 1 in the GNT

Luke 1 in the HARY

Luke 1 in the HNT

Luke 1 in the IRVA

Luke 1 in the IRVB

Luke 1 in the IRVG

Luke 1 in the IRVH

Luke 1 in the IRVK

Luke 1 in the IRVM

Luke 1 in the IRVM2

Luke 1 in the IRVO

Luke 1 in the IRVP

Luke 1 in the IRVT

Luke 1 in the IRVT2

Luke 1 in the IRVU

Luke 1 in the ISVN

Luke 1 in the JSNT

Luke 1 in the KAPI

Luke 1 in the KBT1ETNIK

Luke 1 in the KBV

Luke 1 in the KJV

Luke 1 in the KNFD

Luke 1 in the LBA

Luke 1 in the LBLA

Luke 1 in the LNT

Luke 1 in the LSV

Luke 1 in the MAAL

Luke 1 in the MBV

Luke 1 in the MBV2

Luke 1 in the MHNT

Luke 1 in the MKNFD

Luke 1 in the MNG

Luke 1 in the MNT

Luke 1 in the MNT2

Luke 1 in the MRS1T

Luke 1 in the NAA

Luke 1 in the NASB

Luke 1 in the NBLA

Luke 1 in the NBS

Luke 1 in the NBVTP

Luke 1 in the NET2

Luke 1 in the NIV11

Luke 1 in the NNT

Luke 1 in the NNT2

Luke 1 in the NNT3

Luke 1 in the PDDPT

Luke 1 in the PFNT

Luke 1 in the RMNT

Luke 1 in the SBIAS

Luke 1 in the SBIBS

Luke 1 in the SBIBS2

Luke 1 in the SBICS

Luke 1 in the SBIDS

Luke 1 in the SBIGS

Luke 1 in the SBIHS

Luke 1 in the SBIIS

Luke 1 in the SBIIS2

Luke 1 in the SBIIS3

Luke 1 in the SBIKS

Luke 1 in the SBIKS2

Luke 1 in the SBIMS

Luke 1 in the SBIOS

Luke 1 in the SBIPS

Luke 1 in the SBISS

Luke 1 in the SBITS

Luke 1 in the SBITS2

Luke 1 in the SBITS3

Luke 1 in the SBITS4

Luke 1 in the SBIUS

Luke 1 in the SBIVS

Luke 1 in the SBT

Luke 1 in the SBT1E

Luke 1 in the SCHL

Luke 1 in the SNT

Luke 1 in the SUSU

Luke 1 in the SUSU2

Luke 1 in the SYNO

Luke 1 in the TBIAOTANT

Luke 1 in the TBT1E

Luke 1 in the TBT1E2

Luke 1 in the TFTIP

Luke 1 in the TFTU

Luke 1 in the TGNTATF3T

Luke 1 in the THAI

Luke 1 in the TNFD

Luke 1 in the TNT

Luke 1 in the TNTIK

Luke 1 in the TNTIL

Luke 1 in the TNTIN

Luke 1 in the TNTIP

Luke 1 in the TNTIZ

Luke 1 in the TOMA

Luke 1 in the TTENT

Luke 1 in the UBG

Luke 1 in the UGV

Luke 1 in the UGV2

Luke 1 in the UGV3

Luke 1 in the VBL

Luke 1 in the VDCC

Luke 1 in the YALU

Luke 1 in the YAPE

Luke 1 in the YBVTP

Luke 1 in the ZBP