Luke 19 (BOECS)

1 Yesu ge ɖe Yeriko du la me, eye wòzɔ to dua me. 2 Ŋutsu aɖe nɔ dua me, ame si ŋkɔe nye Zaxeo. Enye nudzɔlawo ƒe amegã, eye wònye kesinɔtɔ hã. 3 Ame sia di be yeakpɔ Yesu, gake mete ŋui o, esi wònye ame kpui ta eye amehawo hã ƒo xlãe. 4 Le esia ta eƒu du dze wo ŋgɔ, yi ɖalia ati kɔkɔ aɖe si le mɔa to, be yeakpɔe tso afi ma. 5 Esi Yesu va ɖo atia te la, ewu mo dzi kpɔ Zaxeo le atia me. Eyɔ eŋkɔ be, “Zaxeo, ɖi kaba! Elabena madze aƒewò me egbe.” 6 Zaxeo ɖi le atia dzi kaba eye wòxɔ Yesu kple dzidzɔ. 7 Nu sia medzɔ dzi na ameha la o. Wolĩ liʋĩliʋĩ gblɔ be, “Eyi be yeadze nu vɔ̃ wɔla gã sia ƒe aƒe me.” 8 Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!” 9 Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la, Abraham vi wònye. 10 Elabena Amegbetɔ Vi la va be yeadi ame siwo bu la eye yeaɖe wo.” 11 Esi Yesu nɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu la, edo lo aɖe si awɔe be amewo nagabu be mawufiaɖuƒe la le egɔme dze ge enumake o. Egblɔ be, 12 “Bubume aɖe si nɔ nuto aɖe me le anyigba aɖe dzi la xɔ du be wòava anyigba la ƒe du gãtɔ me, ale be woatsɔe aɖo fiae ɖe eƒe nutometɔwo nu. 13 Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui, eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye wògblɔ na wo be, ‘Mitsɔ ga sia nɔ asi tsamii hafi magbɔ.’ 14 “Gake eteviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’ 15 “Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ yeƒe subɔla siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋu dɔ kpɔ viɖe aɖe mahã. 16 “Ame gbãtɔ va do, eye wògblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nènam la mekpɔ viɖe teƒe ewo ɖe edzi.’ 17 “Fia la kafui gblɔ be, ‘Èdze agbagba, wò dɔla nyui! Esi nèɖi anukware le nu sue si metsɔ na wò me, eye abe wò fetu ene la, matsɔ du ewo ade wò dzikpɔkpɔ te.’ 18 “Ame evelia hã va do be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam la mekpɔ viɖe teƒe atɔ̃ ɖe edzi.’ 19 Eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be, ‘Esia hã nyo! Matsɔ du atɔ̃ ade wò dzikpɔkpɔ te.’ 20 “Ame bubu va hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam lae nye esi. Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie, 21 elabena mevɔ̃ be àbia viɖe tso asinye, evɔ wò nya ɖe wòsesẽ, èxɔa nu si menye tɔwò o le amewo si akpasesẽtɔe. Èxɔa amewo ƒe agblewo le wo si akpasesẽtɔe gɔ̃ hã.’ 22 “Fia la do dɔmedzoe hegblɔ na dɔla vɔ̃ɖi la be, ‘Wò kuviatɔ nèbe menye ŋutasẽla. Wò ŋutɔ wò nuƒoƒoe matsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wòe. Ne ènya nyuie be ŋutasẽla menye ɖe, 23 nu ka tae mètsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe bena wòahe viɖe vi aɖe teti vɛ nam o?’ 24 “Etrɔ ɖe ame mamlɛ siwo le tsitre la gbɔ, eye wòɖe gbe na wo be, ‘Mixɔ ga la le esi ne miatsɔe na ame si kpɔ viɖe geɖe ɖe etɔ dzi la.’ 25 “Woɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, ga geɖe le ame ma si xoxo ɖe!’ 26 “Fia la ɖo eŋu be, ‘Ele eme nenema, gake enye nyateƒe matrɔmatrɔ be, ame siwo si nu le la, woawoe agakpɔ nu ɖe edzi, eye ame si si nu sue aɖe le la abu sue si le esi la gɔ̃ hã le ɣeyiɣi kpui aɖe me. 27 Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ” 28 Esi Yesu wu lo sia dodo nu la, edze nusrɔ̃lawo ŋgɔ ɖo ta Yerusalem. 29 Esi wova ɖo Betfage kple Betania, du siwo le Amito dzi me la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woadze ŋgɔ ayi kɔƒe si le wo ŋgɔ la me. 30 Ebe ne woge ɖe kɔƒea me la, woatsa ŋku na tedzi aɖe si wode kae la. Enye tedzivi si ame aɖeke medo kpɔ o. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ne miekpɔe la, mitu kae ne miakplɔe va afii. 31 Eye ne ame aɖe bia mi be, ‘Nu ka ta miele ka tumii ɖo?’ miegblɔ ko be, ‘Aƒetɔ la hiãe.’ ” 32 Wokpɔ tedzivi la abe ale si Yesu gblɔe ene, 33 eye esi wonɔ ka tumii la, nutɔwo va wo gbɔ va bia wo be, “Nu kae nye ema wɔm miele? Nu ka ta miele ka tum míaƒe tedzivia ɖo?” 34 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo dzaa be, “Aƒetɔ la hiãe.” 35 Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu, eye woɖo woƒe avɔwo ɖe edzi eye wokɔ Yesu ɖo edzi. 36 Esi wònɔ yiyim la, amewo tsɔ woƒe avɔwo keke ɖe mɔƒome nɛ. 37 Azɔ esi wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga le la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu kafukafu me kple gbe sesĩe le nukunu siwo wokpɔ la ta, 38 gblɔ be,“Woayra fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!” “Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo ʋĩi!” 39 Gake Farisitɔ aɖewo siwo nɔ ameawo dome la gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo ne woadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ!” 40 Eɖo eŋu na wo be, “Nenye be ameawo zi ɖoɖoe hã la, kpewo atso aseye.” 41 Esi wote ɖe Yerusalem ŋu, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋu, 42 eye wògblɔ be, “Wò hã, ɖe nànya nu si na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi, ke eɣla ɖe wò ŋkuwo fifia. 43 Elabena ŋkeke aɖe gbɔna, eye wò futɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, axaxa wò le goawo katã dzi, 44 eye woaxlã wò kple viwò siwo le mewò la ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, elabena ègbe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wò be nàdzudzɔ nu vɔ̃ la.” 45 Azɔ Yesu ge ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi asiƒlelawo nyanya me. 46 Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ la anye gbedoɖaƒe’; gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ” 47 Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa. 48 Ke womekpɔ mɔ si dzi woato o, elabena ame sia ame kloe lɔ̃e vevie, eye eƒe nyawo sɔ to me na wo ŋutɔ.

In Other Versions

Luke 19 in the ANGEFD

Luke 19 in the ANTPNG2D

Luke 19 in the AS21

Luke 19 in the BAGH

Luke 19 in the BBPNG

Luke 19 in the BBT1E

Luke 19 in the BDS

Luke 19 in the BEV

Luke 19 in the BHAD

Luke 19 in the BIB

Luke 19 in the BLPT

Luke 19 in the BNT

Luke 19 in the BNTABOOT

Luke 19 in the BNTLV

Luke 19 in the BOATCB

Luke 19 in the BOATCB2

Luke 19 in the BOBCV

Luke 19 in the BOCNT

Luke 19 in the BOGWICC

Luke 19 in the BOHCB

Luke 19 in the BOHCV

Luke 19 in the BOHLNT

Luke 19 in the BOHNTLTAL

Luke 19 in the BOICB

Luke 19 in the BOILNTAP

Luke 19 in the BOITCV

Luke 19 in the BOKCV

Luke 19 in the BOKCV2

Luke 19 in the BOKHWOG

Luke 19 in the BOKSSV

Luke 19 in the BOLCB

Luke 19 in the BOLCB2

Luke 19 in the BOMCV

Luke 19 in the BONAV

Luke 19 in the BONCB

Luke 19 in the BONLT

Luke 19 in the BONUT2

Luke 19 in the BOPLNT

Luke 19 in the BOSCB

Luke 19 in the BOSNC

Luke 19 in the BOTLNT

Luke 19 in the BOVCB

Luke 19 in the BOYCB

Luke 19 in the BPBB

Luke 19 in the BPH

Luke 19 in the BSB

Luke 19 in the CCB

Luke 19 in the CUV

Luke 19 in the CUVS

Luke 19 in the DBT

Luke 19 in the DGDNT

Luke 19 in the DHNT

Luke 19 in the DNT

Luke 19 in the ELBE

Luke 19 in the EMTV

Luke 19 in the ESV

Luke 19 in the FBV

Luke 19 in the FEB

Luke 19 in the GGMNT

Luke 19 in the GNT

Luke 19 in the HARY

Luke 19 in the HNT

Luke 19 in the IRVA

Luke 19 in the IRVB

Luke 19 in the IRVG

Luke 19 in the IRVH

Luke 19 in the IRVK

Luke 19 in the IRVM

Luke 19 in the IRVM2

Luke 19 in the IRVO

Luke 19 in the IRVP

Luke 19 in the IRVT

Luke 19 in the IRVT2

Luke 19 in the IRVU

Luke 19 in the ISVN

Luke 19 in the JSNT

Luke 19 in the KAPI

Luke 19 in the KBT1ETNIK

Luke 19 in the KBV

Luke 19 in the KJV

Luke 19 in the KNFD

Luke 19 in the LBA

Luke 19 in the LBLA

Luke 19 in the LNT

Luke 19 in the LSV

Luke 19 in the MAAL

Luke 19 in the MBV

Luke 19 in the MBV2

Luke 19 in the MHNT

Luke 19 in the MKNFD

Luke 19 in the MNG

Luke 19 in the MNT

Luke 19 in the MNT2

Luke 19 in the MRS1T

Luke 19 in the NAA

Luke 19 in the NASB

Luke 19 in the NBLA

Luke 19 in the NBS

Luke 19 in the NBVTP

Luke 19 in the NET2

Luke 19 in the NIV11

Luke 19 in the NNT

Luke 19 in the NNT2

Luke 19 in the NNT3

Luke 19 in the PDDPT

Luke 19 in the PFNT

Luke 19 in the RMNT

Luke 19 in the SBIAS

Luke 19 in the SBIBS

Luke 19 in the SBIBS2

Luke 19 in the SBICS

Luke 19 in the SBIDS

Luke 19 in the SBIGS

Luke 19 in the SBIHS

Luke 19 in the SBIIS

Luke 19 in the SBIIS2

Luke 19 in the SBIIS3

Luke 19 in the SBIKS

Luke 19 in the SBIKS2

Luke 19 in the SBIMS

Luke 19 in the SBIOS

Luke 19 in the SBIPS

Luke 19 in the SBISS

Luke 19 in the SBITS

Luke 19 in the SBITS2

Luke 19 in the SBITS3

Luke 19 in the SBITS4

Luke 19 in the SBIUS

Luke 19 in the SBIVS

Luke 19 in the SBT

Luke 19 in the SBT1E

Luke 19 in the SCHL

Luke 19 in the SNT

Luke 19 in the SUSU

Luke 19 in the SUSU2

Luke 19 in the SYNO

Luke 19 in the TBIAOTANT

Luke 19 in the TBT1E

Luke 19 in the TBT1E2

Luke 19 in the TFTIP

Luke 19 in the TFTU

Luke 19 in the TGNTATF3T

Luke 19 in the THAI

Luke 19 in the TNFD

Luke 19 in the TNT

Luke 19 in the TNTIK

Luke 19 in the TNTIL

Luke 19 in the TNTIN

Luke 19 in the TNTIP

Luke 19 in the TNTIZ

Luke 19 in the TOMA

Luke 19 in the TTENT

Luke 19 in the UBG

Luke 19 in the UGV

Luke 19 in the UGV2

Luke 19 in the UGV3

Luke 19 in the VBL

Luke 19 in the VDCC

Luke 19 in the YALU

Luke 19 in the YAPE

Luke 19 in the YBVTP

Luke 19 in the ZBP