Luke 2 (BOECS)

1 Le ɣeyiɣi siawo me la, Kaisaro Augusto, ame si nye fia le Roma dukɔa nu la de se be woaxlẽ ame siwo katã le fiaɖuƒe la me. 2 (Esiae nye amexexlẽ gbãtɔ si va eme esi Kirenio nye mɔmefia le Siria le ɣe ma ɣi.) 3 Wodi tso ame sia ame si be wòayi eya ŋutɔ ƒe dedu me be woaŋlɔ eŋkɔ le afi ma. 4 Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea, afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me. 5 Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo nɛ ɖe asi hena ŋkɔŋɔŋlɔ; ke fu nɔ eƒo le ɣe ma ɣi me. 6 Esi woɖo Betlehem la, Maria ƒe ŋkeke de be wòadzi vi, 7 ale wòdzi ŋutsuvi si nye via gbãtɔ. Exatsa ɖevi la ɖe abadzivɔ me, eye wòkɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me, elabena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o. 8 Gbe ma gbe la, alẽkplɔla aɖewo nɔ gbedzi le kɔƒea gbɔ nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm le zã me. 9 Kasia mawudɔla aɖe va do ɖe wo dome kpoyii, eye teƒe si wotsi tsitre ɖo la klẽ kple Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe, eye wovɔ̃ ŋutɔ, 10 gake mawudɔla la de dzi ƒo na wo gblɔ be, “Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame bubuwo siaa! 11 “Ɛ̃, le nyateƒe me la, wodzi ɖela si nye Kristo, Aƒetɔ la na mí egbea le David ƒe du la me. 12 Ale esia anye dzesi na mi be miakpɔ ɖevi aɖe si woxatsa abadzivɔ ɖe eŋu, eye wotsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me.” 13 Kasia dziƒoʋakɔ gã aɖewo va kpe ɖe mawudɔla ɖeka ma ŋu, eye wonɔ Mawu kafum le gbɔgblɔm be, 14 “Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi,eye ŋutifafa ava anyigba dzi;anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.” 15 Esi mawudɔlawo dzo le wo gbɔ yi dziƒo la, alẽkplɔlawo gblɔ na wo nɔewo be, “Mina míayi Betlehem aɖakpɔ nukunu gã si dzɔ, si Aƒetɔ la na míenya la ɖa.” 16 Alẽkplɔlawo ɖe abla yi kɔƒea me eye woyi afi si Yosef kple Maria nɔ. Wokpɔ vidzĩ la hã, wokɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me vavã. 17 Esi Alẽkplɔlawo kpɔe la, wogblɔ nu siwo katã dzɔ la kple nya siwo katã mawudɔla la gblɔ na wo le ɖevi la ŋu la na ame sia ame. 18 Woƒe nya la wɔ nuku na ame siwo katã see la ŋutɔ. 19 Ke Maria ya ɣla nya siawo katã ɖe eƒe dzi me, eye wòbua wo ŋu zi geɖe. 20 Ale alẽkplɔlawo gatrɔ yi woƒe alẽwo gbɔ le gbea dzi, eye wokafu Mawu, be mawudɔlawo va kpɔ yewo ɖa, eye gawu la, wokpɔ vidzĩ la, abe ale si wògblɔ na wo la ene. 21 Esi vidzĩ la xɔ ŋkeke enyi la, wowɔ aʋatsotsokɔnu nɛ, eye wona ŋkɔe be Yesu. Esia nye ŋkɔ si mawudɔla la gblɔ da ɖi be woatsɔ nɛ hafi wofɔ eƒe fu gɔ̃ hã. 22 Ke esi wowu ŋutikɔklɔŋkekeawo nu le Mose ƒe seawo nu la, Yosef kple Maria kɔ vidzĩ la yi gbedoxɔ me le Yerusalem be woakɔe aɖo Mawu ƒe ŋkume 23 (elabena woŋlɔe ɖe Aƒetɔ la ƒe seawo me be, “Nenye be ame aɖe ƒe vi gbãtɔ nye ŋutsuvi la, ele be wòatsɔe ade asi na Aƒetɔ la”). 24 Yesu dzilawo na nunana si wòle be woana abe ale si Mawu ƒe se la gblɔ ene be, ele be woana akpakpa eve alo ahɔnɛ sue eve. 25 Ke ŋutsu aɖe le Yerusalem si ŋkɔe nye Simeon la hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Ame sia nye ame ɖɔʋu aɖe si vɔ̃a Mawu ŋutɔ, enɔ Israel ƒe akɔfafa lalam eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe le eya amea dzi. 26 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo. 27 Gbɔgbɔ la zi edzi be wòayi gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Esi Maria kple Yosef wova be yewoatsɔ Yesu, ɖevi la aɖo Mawu ŋkume le se la ƒe kɔa nu la, 28 Simeon nɔ afi ma xoxo, eye wòxɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo me henɔ Mawu kafum gblɔ be, 29 “Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, azɔ àte ŋu ado mɔ wò dɔla le ŋutifafa me,elabena mekpɔe abe ale si nèdo ŋugbee nam la ene. 30 Elabena nye ŋkuwo kpɔ wò ɖeɖe, 31 si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ƒe ŋkume. 32 Eyae nye kekeli kple nyaɖeɖefia na ame siwo menye Yudatɔwo o,eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!” 33 Maria kple Yosef ƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nya siwo katã gblɔm Simeon nɔ le Yesu ŋu ta. 34 Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene, 35 ale be ame geɖewo aɖe woƒe susuwo ɖe go afia, ke wò la, yi aƒo ɖe wò luʋɔ le eta.” 36 Nyɔnu nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Ana hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Enye Fanuel si tso Yuda ƒe ƒome si woyɔna be Aser me la ƒe vi. Exɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbime, 37 eye wònye ahosi si xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ene sɔŋ. Nyɔnu sia medzona le gbedoxɔ la me gbeɖe o. Enɔa afi sia zã kple keli nɔa Mawu subɔm henɔa gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi atraɖii. 38 Nyɔnu sia zɔ va do ɖe Maria kple Yosef gbɔ esime Simeon nɔ nu ƒom na wo, eye wode asi akpedada me na Mawu. Azɔ eyi ɖaɖe gbeƒã Kristo la na ame siwo katã nɔ mɔ kpɔm na Yerusalem ƒe ɖeɖe la. 39 Esi Yosef kple Maria wu nu siwo katã wòle be woawɔ le Yerusalem abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene nu la, wotrɔ va aƒe le Nazaret si le Galilea. 40 Ɖevi la tsi le afi sia le nunya, ŋusẽ kple sidzedze me. Ame sia ame nya be eƒe nunya kɔ sãa, eye Mawu kɔ eƒe yayra ɖe edzi fũu. 41 Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. 42 Esi Yesu xɔ ƒe wuieve la, woyi ŋkeke la ɖuƒe le kɔnyinyi la nu. 43 Esi azã la wu enu la, edzilawo dze mɔ trɔ yina Nazaret, gake Yesu ɖevi la tsi Yerusalem. Edzilawo zɔ mɔ ŋkeke ɖeka, gake womedii o, 44 elabena wobu be eya kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ bubuwo do megbe. Ke esi fiẽ ɖo, eye womekpɔe o la, wode asi edidi me le woƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dome. 45 Wodii ʋuu, gake womekpɔe o, ale wotrɔ yi Yerusalem be yewoadii le afi ma. 46 Wodii le afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me le sefialagãwo dome wònɔ biabia sesẽwo me dzrom kpli wo. 47 Amewo katã ƒe nu ku le eƒe nunya kple nugɔmesese ta. 48 Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe o. Mlɔeba la, dadaa gblɔ nɛ be, “Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? Mí kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm le afi sia afi.” 49 Yesu, ɖevi la ɖo eŋu be, “Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya be ele be manɔ Gbedoxɔ la me, afi si nye Fofonye ƒe aƒe me oa?” 50 Edzilawo mese nya si wògblɔ na wo la gɔme o. 51 Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo, eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke dadaa tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzi me. 52 Yesu tsi ɖe edzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ me.

In Other Versions

Luke 2 in the ANGEFD

Luke 2 in the ANTPNG2D

Luke 2 in the AS21

Luke 2 in the BAGH

Luke 2 in the BBPNG

Luke 2 in the BBT1E

Luke 2 in the BDS

Luke 2 in the BEV

Luke 2 in the BHAD

Luke 2 in the BIB

Luke 2 in the BLPT

Luke 2 in the BNT

Luke 2 in the BNTABOOT

Luke 2 in the BNTLV

Luke 2 in the BOATCB

Luke 2 in the BOATCB2

Luke 2 in the BOBCV

Luke 2 in the BOCNT

Luke 2 in the BOGWICC

Luke 2 in the BOHCB

Luke 2 in the BOHCV

Luke 2 in the BOHLNT

Luke 2 in the BOHNTLTAL

Luke 2 in the BOICB

Luke 2 in the BOILNTAP

Luke 2 in the BOITCV

Luke 2 in the BOKCV

Luke 2 in the BOKCV2

Luke 2 in the BOKHWOG

Luke 2 in the BOKSSV

Luke 2 in the BOLCB

Luke 2 in the BOLCB2

Luke 2 in the BOMCV

Luke 2 in the BONAV

Luke 2 in the BONCB

Luke 2 in the BONLT

Luke 2 in the BONUT2

Luke 2 in the BOPLNT

Luke 2 in the BOSCB

Luke 2 in the BOSNC

Luke 2 in the BOTLNT

Luke 2 in the BOVCB

Luke 2 in the BOYCB

Luke 2 in the BPBB

Luke 2 in the BPH

Luke 2 in the BSB

Luke 2 in the CCB

Luke 2 in the CUV

Luke 2 in the CUVS

Luke 2 in the DBT

Luke 2 in the DGDNT

Luke 2 in the DHNT

Luke 2 in the DNT

Luke 2 in the ELBE

Luke 2 in the EMTV

Luke 2 in the ESV

Luke 2 in the FBV

Luke 2 in the FEB

Luke 2 in the GGMNT

Luke 2 in the GNT

Luke 2 in the HARY

Luke 2 in the HNT

Luke 2 in the IRVA

Luke 2 in the IRVB

Luke 2 in the IRVG

Luke 2 in the IRVH

Luke 2 in the IRVK

Luke 2 in the IRVM

Luke 2 in the IRVM2

Luke 2 in the IRVO

Luke 2 in the IRVP

Luke 2 in the IRVT

Luke 2 in the IRVT2

Luke 2 in the IRVU

Luke 2 in the ISVN

Luke 2 in the JSNT

Luke 2 in the KAPI

Luke 2 in the KBT1ETNIK

Luke 2 in the KBV

Luke 2 in the KJV

Luke 2 in the KNFD

Luke 2 in the LBA

Luke 2 in the LBLA

Luke 2 in the LNT

Luke 2 in the LSV

Luke 2 in the MAAL

Luke 2 in the MBV

Luke 2 in the MBV2

Luke 2 in the MHNT

Luke 2 in the MKNFD

Luke 2 in the MNG

Luke 2 in the MNT

Luke 2 in the MNT2

Luke 2 in the MRS1T

Luke 2 in the NAA

Luke 2 in the NASB

Luke 2 in the NBLA

Luke 2 in the NBS

Luke 2 in the NBVTP

Luke 2 in the NET2

Luke 2 in the NIV11

Luke 2 in the NNT

Luke 2 in the NNT2

Luke 2 in the NNT3

Luke 2 in the PDDPT

Luke 2 in the PFNT

Luke 2 in the RMNT

Luke 2 in the SBIAS

Luke 2 in the SBIBS

Luke 2 in the SBIBS2

Luke 2 in the SBICS

Luke 2 in the SBIDS

Luke 2 in the SBIGS

Luke 2 in the SBIHS

Luke 2 in the SBIIS

Luke 2 in the SBIIS2

Luke 2 in the SBIIS3

Luke 2 in the SBIKS

Luke 2 in the SBIKS2

Luke 2 in the SBIMS

Luke 2 in the SBIOS

Luke 2 in the SBIPS

Luke 2 in the SBISS

Luke 2 in the SBITS

Luke 2 in the SBITS2

Luke 2 in the SBITS3

Luke 2 in the SBITS4

Luke 2 in the SBIUS

Luke 2 in the SBIVS

Luke 2 in the SBT

Luke 2 in the SBT1E

Luke 2 in the SCHL

Luke 2 in the SNT

Luke 2 in the SUSU

Luke 2 in the SUSU2

Luke 2 in the SYNO

Luke 2 in the TBIAOTANT

Luke 2 in the TBT1E

Luke 2 in the TBT1E2

Luke 2 in the TFTIP

Luke 2 in the TFTU

Luke 2 in the TGNTATF3T

Luke 2 in the THAI

Luke 2 in the TNFD

Luke 2 in the TNT

Luke 2 in the TNTIK

Luke 2 in the TNTIL

Luke 2 in the TNTIN

Luke 2 in the TNTIP

Luke 2 in the TNTIZ

Luke 2 in the TOMA

Luke 2 in the TTENT

Luke 2 in the UBG

Luke 2 in the UGV

Luke 2 in the UGV2

Luke 2 in the UGV3

Luke 2 in the VBL

Luke 2 in the VDCC

Luke 2 in the YALU

Luke 2 in the YAPE

Luke 2 in the YBVTP

Luke 2 in the ZBP