Matthew 19 (BOECS)

1 Esi Yesu wu eƒe nuƒo sia nu la, edzo le Galilea, eye wòtso Yɔdan tɔsisi la va Yudea nutowo me. 2 Ameha gã aɖe kplɔe ɖo, eye wòda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu. 3 Farisitɔ aɖewo va egbɔ be yewoadoe kpɔ. Wobiae be, “Ele se nu be ŋutsu nagbe srɔ̃a le susu ɖe sia ɖe ta?” 4 Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽe kpɔ be le gɔmedzedzea me la, Wɔla la wɔ wo ŋutsu kple nyɔnu o mahã? 5 Eya ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi alé ɖe srɔ̃a ŋu ɖikaa, eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. 6 Esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka, eya ta nu si ke Mawu bla la, amegbetɔ aɖeke megama eme o.” 7 Tete wobia Yesu be, “Ekema nu ka ŋuti Mose de se be ŋutsu nana srɔ̃gbegbalẽ srɔ̃a, eye wòagbee mahã?” 8 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo, elabena miaƒe dzi me sẽ, gake menɔ alea le gɔmedzedzea me o, 9 eye mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame si gbe srɔ̃a, eye menye ɖe ahasiwɔwɔ ta o, ke boŋ le susu bubu aɖe ta, eye wòyi ɖaɖe nyɔnu bubu la, ewɔ ahasi.” 10 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nenye be wòle alea la, anyo wu be ŋutsu maɖe srɔ̃ o.” 11 Yesu gblɔ na wo be, “Menye ame sia amee ase nya sia gɔme o, negbe ame siwo ŋu Mawu kpe ɖo la ko, 12 elabena wodzi ame aɖewo wonye ame tatawo tso dzɔdzɔme; ame bubuwo la, ame aɖewoe wɔ wo wozu nenema be womaɖe srɔ̃ o. Ke ame aɖewo gbea srɔ̃ɖeɖe le dziƒofiaɖuƒe la ta. Ame si lɔ̃ la, nexɔ nye nyawo.” 13 Dzila aɖewo kplɔ wo vi suewo va Yesu gbɔ be wòada asi ɖe wo dzi, eye wòado gbe ɖa ɖe wo ta. Ke nusrɔ̃lawo nya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o. 14 Gake Yesu gblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” 15 Ale wòtsɔ eƒe asiwo da ɖe wo dzi, eye wòyra wo hafi dzo. 16 Ame aɖe hã va Yesu gbɔ kple biabia sia be, “Nufiala, nu nyui ka mawɔ be manyi agbe mavɔ ƒe dome mahã?” 17 Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èyɔm be Aƒetɔ nyui la, ekema Mawue nye ema yɔm nèle, elabena ame ɖeka koe li woayɔ be ame nyui, eye ame siae nye Mawu. Le wò biabia la ŋuti la, mele egblɔm na wò be àte ŋu ayi dziƒo nenye be èwɔ ɖe Mawu ƒe seawo dzi.” 18 Ŋutsu la gabiae be, “Se kawoe?”Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woawoe nye, mègawu ame o; mègawɔ ahasi o; megafi fi o; mègada alakpa o; 19 bu fofowò kple dawò; lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene!” 20 Ɖekakpui la gblɔ nɛ be, “Mewɔa se siawo dzi tso nye ɖevime ke, ke nu kae gasusɔ mawɔ?” 21 Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nàdze yonyeme.” 22 Ke esi ɖekakpui la se nya sia la, edzo kple nuxaxa, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe. 23 Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Nyateƒe, asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ be woage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 24 Megale egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.” 25 Ke esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, woƒe nu ku, eye wobia be, “Ke ame ka gɔ̃ ate ŋu akpɔ ɖeɖe le xexe sia me?” 26 Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o.” 27 Petro gblɔ nɛ be, “Míawo la, míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme. Fetu ka míakpɔ?” 28 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm be, nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi, adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo, 29 eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, nɔviŋutsuwo, nɔvia nyɔnuwo, fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo alo eƒe nunɔamesiwo ɖi hedze yonyeme la, akpɔ wo ɖe edzi teƒe alafa ɖeka (100), eye wòanyi agbe mavɔ ƒe dome. 30 Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo fifia la, azu mamlɛtɔwo, eye ame siwo nye mamlɛtɔwo la, azu gbãtɔwo.”

In Other Versions

Matthew 19 in the ANGEFD

Matthew 19 in the ANTPNG2D

Matthew 19 in the AS21

Matthew 19 in the BAGH

Matthew 19 in the BBPNG

Matthew 19 in the BBT1E

Matthew 19 in the BDS

Matthew 19 in the BEV

Matthew 19 in the BHAD

Matthew 19 in the BIB

Matthew 19 in the BLPT

Matthew 19 in the BNT

Matthew 19 in the BNTABOOT

Matthew 19 in the BNTLV

Matthew 19 in the BOATCB

Matthew 19 in the BOATCB2

Matthew 19 in the BOBCV

Matthew 19 in the BOCNT

Matthew 19 in the BOGWICC

Matthew 19 in the BOHCB

Matthew 19 in the BOHCV

Matthew 19 in the BOHLNT

Matthew 19 in the BOHNTLTAL

Matthew 19 in the BOICB

Matthew 19 in the BOILNTAP

Matthew 19 in the BOITCV

Matthew 19 in the BOKCV

Matthew 19 in the BOKCV2

Matthew 19 in the BOKHWOG

Matthew 19 in the BOKSSV

Matthew 19 in the BOLCB

Matthew 19 in the BOLCB2

Matthew 19 in the BOMCV

Matthew 19 in the BONAV

Matthew 19 in the BONCB

Matthew 19 in the BONLT

Matthew 19 in the BONUT2

Matthew 19 in the BOPLNT

Matthew 19 in the BOSCB

Matthew 19 in the BOSNC

Matthew 19 in the BOTLNT

Matthew 19 in the BOVCB

Matthew 19 in the BOYCB

Matthew 19 in the BPBB

Matthew 19 in the BPH

Matthew 19 in the BSB

Matthew 19 in the CCB

Matthew 19 in the CUV

Matthew 19 in the CUVS

Matthew 19 in the DBT

Matthew 19 in the DGDNT

Matthew 19 in the DHNT

Matthew 19 in the DNT

Matthew 19 in the ELBE

Matthew 19 in the EMTV

Matthew 19 in the ESV

Matthew 19 in the FBV

Matthew 19 in the FEB

Matthew 19 in the GGMNT

Matthew 19 in the GNT

Matthew 19 in the HARY

Matthew 19 in the HNT

Matthew 19 in the IRVA

Matthew 19 in the IRVB

Matthew 19 in the IRVG

Matthew 19 in the IRVH

Matthew 19 in the IRVK

Matthew 19 in the IRVM

Matthew 19 in the IRVM2

Matthew 19 in the IRVO

Matthew 19 in the IRVP

Matthew 19 in the IRVT

Matthew 19 in the IRVT2

Matthew 19 in the IRVU

Matthew 19 in the ISVN

Matthew 19 in the JSNT

Matthew 19 in the KAPI

Matthew 19 in the KBT1ETNIK

Matthew 19 in the KBV

Matthew 19 in the KJV

Matthew 19 in the KNFD

Matthew 19 in the LBA

Matthew 19 in the LBLA

Matthew 19 in the LNT

Matthew 19 in the LSV

Matthew 19 in the MAAL

Matthew 19 in the MBV

Matthew 19 in the MBV2

Matthew 19 in the MHNT

Matthew 19 in the MKNFD

Matthew 19 in the MNG

Matthew 19 in the MNT

Matthew 19 in the MNT2

Matthew 19 in the MRS1T

Matthew 19 in the NAA

Matthew 19 in the NASB

Matthew 19 in the NBLA

Matthew 19 in the NBS

Matthew 19 in the NBVTP

Matthew 19 in the NET2

Matthew 19 in the NIV11

Matthew 19 in the NNT

Matthew 19 in the NNT2

Matthew 19 in the NNT3

Matthew 19 in the PDDPT

Matthew 19 in the PFNT

Matthew 19 in the RMNT

Matthew 19 in the SBIAS

Matthew 19 in the SBIBS

Matthew 19 in the SBIBS2

Matthew 19 in the SBICS

Matthew 19 in the SBIDS

Matthew 19 in the SBIGS

Matthew 19 in the SBIHS

Matthew 19 in the SBIIS

Matthew 19 in the SBIIS2

Matthew 19 in the SBIIS3

Matthew 19 in the SBIKS

Matthew 19 in the SBIKS2

Matthew 19 in the SBIMS

Matthew 19 in the SBIOS

Matthew 19 in the SBIPS

Matthew 19 in the SBISS

Matthew 19 in the SBITS

Matthew 19 in the SBITS2

Matthew 19 in the SBITS3

Matthew 19 in the SBITS4

Matthew 19 in the SBIUS

Matthew 19 in the SBIVS

Matthew 19 in the SBT

Matthew 19 in the SBT1E

Matthew 19 in the SCHL

Matthew 19 in the SNT

Matthew 19 in the SUSU

Matthew 19 in the SUSU2

Matthew 19 in the SYNO

Matthew 19 in the TBIAOTANT

Matthew 19 in the TBT1E

Matthew 19 in the TBT1E2

Matthew 19 in the TFTIP

Matthew 19 in the TFTU

Matthew 19 in the TGNTATF3T

Matthew 19 in the THAI

Matthew 19 in the TNFD

Matthew 19 in the TNT

Matthew 19 in the TNTIK

Matthew 19 in the TNTIL

Matthew 19 in the TNTIN

Matthew 19 in the TNTIP

Matthew 19 in the TNTIZ

Matthew 19 in the TOMA

Matthew 19 in the TTENT

Matthew 19 in the UBG

Matthew 19 in the UGV

Matthew 19 in the UGV2

Matthew 19 in the UGV3

Matthew 19 in the VBL

Matthew 19 in the VDCC

Matthew 19 in the YALU

Matthew 19 in the YAPE

Matthew 19 in the YBVTP

Matthew 19 in the ZBP