Mark 6 (BOECS)

1 Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le nuto ma me yi Nazaret si nye ededu me. 2 Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, eyi ƒuƒoƒe la ɖafia nu, eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku.Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonae be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm! 3 Alo menye ame siae nye atikpala la oa? Menye Maria ƒe viŋutsu si nɔviwoe nye Yakobo, Yosef, Yuda kple Simɔn, siwo le mía dome, eye nɔvia nyɔnuwo hã le mía dome oa?” Esia na eƒe nu ve dɔme na wo ŋutɔ. 4 Yesu gblɔ na wo be, “Bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me, amewo dome kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me o.” 5 Le ameawo ƒe dzimaxɔse ta la, mete ŋu wɔ nukunu gãwo le wo dome o, asi ko wòda ɖe dɔléla ʋɛ aɖewo dzi heyɔ dɔ wo. 6 Ewɔ nuku na Yesu ŋutɔ be wo detɔwo mexɔ edzi se o, ale wòdzo ɖatsa le kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo. 7 Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo, eye wòdɔ wo eveve hena ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. 8 Egblɔ na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, negbe atizɔti ko. Migatsɔ nuɖuɖu, mɔzɔkotoku alo ga hã ɖe asi o. 9 Migatsɔ afɔkpa eve alo awu eve teti hã o. 10 Midze aƒe ɖeka ko me le kɔƒe ɖe sia ɖe me; miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o. 11 Nenye be kɔƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi alo ɖo to mi o la, miʋuʋu ke si lé ɖe afɔƒome na mi la ɖi, eye miadzo. Esia nye ɖase be miegblẽ teƒe la ɖi be nu sia nu si adzɔ ɖe edzi la nadzɔ faa.” 12 Nusrɔ̃lawo dze mɔ henɔ nu xlɔ̃m ame sia ame si wodo goe le mɔa dzi la be wòatrɔ dzime. 13 Wonya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me, eye wosi ami na dɔnɔwo heda gbe le wo ŋu. 14 Fia Herod se Yesu ŋkɔ, elabena ame sia ame nɔ nu ƒom tso nukunu siwo katã wɔm wònɔ la ŋu. Fia la bu be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, elabena amewo le gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae fɔ, eya ta wòte ŋu le nukunu siawo wɔm ɖo.” 15 Ame aɖewo hã bu be Yesue nye Eliya, Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖeka, si gava dzɔ, eye ɖewo hã bu be Yesue nye Mawu ƒe Gbeƒãɖela yeye si si ŋusẽ le abe esiwo nɔ anyi va yi la ene. 16 Ke Herod ya gblɔ kple kakaɖedzi be, “Yohanes, ame si nu metso ta le la kokokoe fɔ tso yɔ me.” 17 Herod sia nye ame si dɔ asrafowo be woalé Yohanes de gaxɔ me. Ewɔ esia le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ si wòxɔ la ta, 18 elabena Yohanes gblɔ na Herod be, “Se meɖe mɔ be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ aɖe o.” 19 Le esia ta Herod di vevie be woawu Yohanes, gake fia la meda asi ɖe ɖoɖo sia dzi o, 20 elabena Herod tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔenyenye ta, eya ta etsɔe de eya ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herod kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herod ƒe susu ŋutɔ, gake zi geɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii. 21 Mlɔeba la, Herod va kpɔ mɔnu aɖe si dzi wòato awu Yohanes. Herod ƒe dzigbezã ɖo, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo nye asrafowo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta, siwo tso Galilea la le fiasã la me. 22 Eva dzɔ be Herod ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na ame kpekpeawo. Eƒe ɣeɖuɖu do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ.Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvi la be, “Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la, mana wò.” 23 Eka atam nɛ be, “Nu sia nu si nàbia la, matsɔe na wò; nenye nye fiaɖuƒe la ƒe afã nèbia hã la, mana wò.” 24 Nyɔnuvi la yi dadaa gbɔ ɖagblɔ nya la nɛ. Dadaa gblɔ nɛ be, “Yi nàbia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta.” 25 Nyɔnuvi la gaɖe abla va fia la gbɔ va gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim fifi laa, nenɔ agba me woatsɔ vɛ nam.” 26 Nya sia ve fia la ŋutɔ, gake anye ŋukpe be wòada le atam si wòka la dzi le eƒe ame kpekpeawo ŋkume, 27 eya ta eɖo asrafo si le eŋu dzɔm la ɖa be wòayi aɖatso ta le Yohanes nu atsɔ vɛ na ye. Asrafo la yi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ la me 28 hetsɔ de agba me vɛ na nyɔnuvi la, eye wòtsɔe yi na dadaa. 29 Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu si dzɔ la, woyi ɖaxɔ eƒe kukua ɖaɖi. 30 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo trɔ tso woƒe mɔzɔzɔ la gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã wowɔ, nya siwo katã wogblɔ kple teƒe siwo katã wode la nɛ. 31 Yesu se nya siawo keŋ, eye wòɖo aɖaŋu na wo be, “Mina míadzo le amehawo dome vie aɖadi teƒe aɖe anɔ adzudzɔ sẽe.” Elabena ame geɖewo ŋutɔ nɔ wo gbɔ vam henɔ dzodzom, ale be ɣeyiɣi meli woaɖu nu o. 32 Ale wodzo le teƒe sia kple ʋu heyi teƒe aɖe si zi ɖoɖoe wu, 33 gake ame geɖewo gakpɔ wo xoxo, wonya afi si yim wonɔ, eya ta woƒu du dze ŋgɔ na wo, zɔ ƒua nu yi ɖakpe wo esi woɖi le ʋu la me teti ko. 34 Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gava kpe Yesu le afi sia. Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena wole abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Efia nu geɖe siwo wòle be woanya la wo. 35 Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nɛ be, “Teƒe sia tso abo, evɔ zã hã le dodom, 36 eya ta gblɔ na ameawo be woayi kɔƒe kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu na wo ɖokuiwo.” 37 Gake Yesu gblɔ na wo be, “Miawo mina nuɖuɖu wo.”Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home gã aɖe.” 38 Yesu bia wo be, “Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa.”Woyi gbɔ va gblɔ nɛ be, “Abolo atɔ̃ kple tɔmelã meme eve koe li.” 39 Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi. 40 Ale ameawo nɔ anyi ɖe hatsotso alafawo kple blaatɔ̃wo me. 41 Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã meme eve la, eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo ƒe akɔme. 42 Ameawo ɖu nu la ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã, 43 eye esi nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kple tɔmelã kakɛ siwo susɔ la, woyɔ kusi wuieve. 44 Ke ŋutsu siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ (5,000). 45 Le nuɖuɖu la nana ameawo vɔ megbe teti ko la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋu la me, akui atso ƒu la ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado mɔ ameha la woayi aƒe me. 46 Le esia megbe la, Yesu yi togbɛ aɖe dzi be yeado gbe ɖa. 47 Le zã me esi tɔdziʋua ɖo ƒu la ƒe titina la, eya ɖeka susɔ ɖe gota. 48 Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒu la dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene, 49 gake wo katã wokpɔe wònɔ zɔzɔm le ƒu la dzi, eya ta wodo vɔvɔ̃ɣli, elabena wobu be ŋɔlie. 50 Gake eƒo nu gblɔ na wo enumake be, “Miaƒe dzi nedze eme. Nyee, migavɔ̃ o.” 51 Azɔ ege ɖe ʋu la me, eye yaƒoƒo la tɔ. Nusrɔ̃lawo katã ƒe nu ku ŋutɔ, 52 elabena va se ɖe fifia la, womese Yesu ƒe wɔnawo gɔme o. Gawu la, womese nukunu gã si wòwɔ le ɣetrɔ ma hã gɔme o, elabena woƒe dzi me sẽ. 53 Wotso ƒu la va ɖi go ɖe Genesaretnyigba dzi, eye wotɔ ʋu la. 54 Ke esi wodo go le eme la, ame siwo nɔ afi ma la kpɔ Yesu dze sii enumake, 55 eya ta woƒu du ɖagblɔe na ame siwo katã le nuto la me be Yesu va ɖo. Ale amewo kɔ dɔnɔwo ɖe abawo dzi va egbɔ. 56 Afi sia afi si Yesu yi le kɔƒewo, duwo kple agbletawo la, wokɔa dɔnɔwo vaa asiwo kple mɔwo toe, eye woɖea kuku nɛ be woaka asi eƒe awu pɛ ko ŋu. Le nyateƒe me la, ame siwo katã ka asi eŋu ko la ƒe lãme sẽna.

In Other Versions

Mark 6 in the ANGEFD

Mark 6 in the ANTPNG2D

Mark 6 in the AS21

Mark 6 in the BAGH

Mark 6 in the BBPNG

Mark 6 in the BBT1E

Mark 6 in the BDS

Mark 6 in the BEV

Mark 6 in the BHAD

Mark 6 in the BIB

Mark 6 in the BLPT

Mark 6 in the BNT

Mark 6 in the BNTABOOT

Mark 6 in the BNTLV

Mark 6 in the BOATCB

Mark 6 in the BOATCB2

Mark 6 in the BOBCV

Mark 6 in the BOCNT

Mark 6 in the BOGWICC

Mark 6 in the BOHCB

Mark 6 in the BOHCV

Mark 6 in the BOHLNT

Mark 6 in the BOHNTLTAL

Mark 6 in the BOICB

Mark 6 in the BOILNTAP

Mark 6 in the BOITCV

Mark 6 in the BOKCV

Mark 6 in the BOKCV2

Mark 6 in the BOKHWOG

Mark 6 in the BOKSSV

Mark 6 in the BOLCB

Mark 6 in the BOLCB2

Mark 6 in the BOMCV

Mark 6 in the BONAV

Mark 6 in the BONCB

Mark 6 in the BONLT

Mark 6 in the BONUT2

Mark 6 in the BOPLNT

Mark 6 in the BOSCB

Mark 6 in the BOSNC

Mark 6 in the BOTLNT

Mark 6 in the BOVCB

Mark 6 in the BOYCB

Mark 6 in the BPBB

Mark 6 in the BPH

Mark 6 in the BSB

Mark 6 in the CCB

Mark 6 in the CUV

Mark 6 in the CUVS

Mark 6 in the DBT

Mark 6 in the DGDNT

Mark 6 in the DHNT

Mark 6 in the DNT

Mark 6 in the ELBE

Mark 6 in the EMTV

Mark 6 in the ESV

Mark 6 in the FBV

Mark 6 in the FEB

Mark 6 in the GGMNT

Mark 6 in the GNT

Mark 6 in the HARY

Mark 6 in the HNT

Mark 6 in the IRVA

Mark 6 in the IRVB

Mark 6 in the IRVG

Mark 6 in the IRVH

Mark 6 in the IRVK

Mark 6 in the IRVM

Mark 6 in the IRVM2

Mark 6 in the IRVO

Mark 6 in the IRVP

Mark 6 in the IRVT

Mark 6 in the IRVT2

Mark 6 in the IRVU

Mark 6 in the ISVN

Mark 6 in the JSNT

Mark 6 in the KAPI

Mark 6 in the KBT1ETNIK

Mark 6 in the KBV

Mark 6 in the KJV

Mark 6 in the KNFD

Mark 6 in the LBA

Mark 6 in the LBLA

Mark 6 in the LNT

Mark 6 in the LSV

Mark 6 in the MAAL

Mark 6 in the MBV

Mark 6 in the MBV2

Mark 6 in the MHNT

Mark 6 in the MKNFD

Mark 6 in the MNG

Mark 6 in the MNT

Mark 6 in the MNT2

Mark 6 in the MRS1T

Mark 6 in the NAA

Mark 6 in the NASB

Mark 6 in the NBLA

Mark 6 in the NBS

Mark 6 in the NBVTP

Mark 6 in the NET2

Mark 6 in the NIV11

Mark 6 in the NNT

Mark 6 in the NNT2

Mark 6 in the NNT3

Mark 6 in the PDDPT

Mark 6 in the PFNT

Mark 6 in the RMNT

Mark 6 in the SBIAS

Mark 6 in the SBIBS

Mark 6 in the SBIBS2

Mark 6 in the SBICS

Mark 6 in the SBIDS

Mark 6 in the SBIGS

Mark 6 in the SBIHS

Mark 6 in the SBIIS

Mark 6 in the SBIIS2

Mark 6 in the SBIIS3

Mark 6 in the SBIKS

Mark 6 in the SBIKS2

Mark 6 in the SBIMS

Mark 6 in the SBIOS

Mark 6 in the SBIPS

Mark 6 in the SBISS

Mark 6 in the SBITS

Mark 6 in the SBITS2

Mark 6 in the SBITS3

Mark 6 in the SBITS4

Mark 6 in the SBIUS

Mark 6 in the SBIVS

Mark 6 in the SBT

Mark 6 in the SBT1E

Mark 6 in the SCHL

Mark 6 in the SNT

Mark 6 in the SUSU

Mark 6 in the SUSU2

Mark 6 in the SYNO

Mark 6 in the TBIAOTANT

Mark 6 in the TBT1E

Mark 6 in the TBT1E2

Mark 6 in the TFTIP

Mark 6 in the TFTU

Mark 6 in the TGNTATF3T

Mark 6 in the THAI

Mark 6 in the TNFD

Mark 6 in the TNT

Mark 6 in the TNTIK

Mark 6 in the TNTIL

Mark 6 in the TNTIN

Mark 6 in the TNTIP

Mark 6 in the TNTIZ

Mark 6 in the TOMA

Mark 6 in the TTENT

Mark 6 in the UBG

Mark 6 in the UGV

Mark 6 in the UGV2

Mark 6 in the UGV3

Mark 6 in the VBL

Mark 6 in the VDCC

Mark 6 in the YALU

Mark 6 in the YAPE

Mark 6 in the YBVTP

Mark 6 in the ZBP