Proverbs 15 (BOECS)

1 Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu,ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana. 2 Nunyalawo ƒe aɖe ɖea gɔmesese fiana,gake bometsinyawo dona tso bometsila nu glẽglẽglẽ. 3 Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afieye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwokple ame nyuiwo siaa ŋu. 4 Aɖe si hea dɔyɔyɔ vɛ la nye agbeti,ke alakpaɖe gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu. 5 Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe,ke ame si xɔa ɖɔɖɔɖo la, nunyalae. 6 Kesinɔnu gã aɖe nɔa aƒe me na nunyala,ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe hokpɔkpɔ hea dzɔgbevɔ̃e vɛ na wo. 7 Nunyalawo ƒe nuyiwo kakaa sidzedze,ke mele alea le bometsilawo ƒe dzi me o. 8 Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa,ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu. 9 Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ,ke elɔ̃a ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome la ƒe mɔ. 10 Tohehe sesẽ le ame si tra le mɔ dzi la lalameye ame si lé fu ɖɔɖɔɖo la aku. 11 Ku kple tsiẽƒe le nuvo le Yehowa ŋkume,kaka wòahanye amegbetɔwo ƒe dzi! 12 Fewuɖula tsri nyagbenameeya ta mabia aɖaŋu le nunyalawo gbɔ o. 13 Dzi si me dzidzɔ le la nana mo klẽna,gake dzi si le veve sem la gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu. 14 Dzi si si sidzedze su la dia gɔmesesegake bometsitsi zua nuɖuɖu na bometsila ƒe nu. 15 Ame siwo wole fu wɔmii la ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃gake dzi si me dzidzɔ le la tua aglo atraɖii. 16 Nu sue si ŋu Yehowavɔvɔ̃ kpe ɖo la nyo wukesinɔnu geɖe si ŋu dzimaɖeɖi le. 17 Amagbenuɖuɖu si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wunyivi dami ɖuɖu si ŋu fuléle kpe ɖo. 18 Dɔmedzoetɔ hea mama vɛ,ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu. 19 Ŋuwo le kuviatɔ ƒe mɔ dzi,ke dzɔdzɔetɔ ƒe mɔ nye mɔtata. 20 Viŋutsu nunyala hea dzidzɔ vɛ na fofoa,ke bometsila doa vlo dadaa. 21 Bometsinuwɔwɔ doa dzidzɔ na ame manyanu,ke nugɔmesela léa mɔ ɖeka tsɔna. 22 Ɖoɖowo me gblẽna ne aɖaŋudede meli o,ke ne aɖaŋuɖolawo li fũu la, wokpɔa dzidzedze. 23 Nyaŋuɖoɖo ɖe nunya me doa dzidzɔ na ameeye aleke nya si wogblɔ le egblɔɣi la mehenyoe o? 24 Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi,be wòakpe ɖe eŋu magaɖiɖi ayi ɖe tsiẽƒe o. 25 Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe ƒua anyi,ke enana ahosiwo ƒe liƒo nɔa anyi pɛpɛpɛ. 26 Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe tameɖoɖo,ke ame siwo dza la tɔ ya doa dzidzɔ nɛ. 27 Ŋuklẽla hea fukpekpe vaa eƒe aƒe dzi,ke ame si lé fu zãnuxɔxɔ la anɔ agbe. 28 Ame dzɔdzɔe ƒe dzi daa eƒe nyaŋuɖoɖowo kpɔ,ke nu vɔ̃ɖi doa go tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me bababa. 29 Yehowa le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo,ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa. 30 Mo si kɔ la doa dzidzɔ na dzi,eye nya nyui dea agbe ƒuwo me. 31 Ame si ɖoa to mokaname si hea agbe vɛ la,ƒe dzi adze eme le nunyalawo dome. 32 Ame si doa toku amehehe la, doa vlo eɖokui,ke ame si xɔa mokaname la gɔmesese sua esi. 33 Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ameeye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.

In Other Versions

Proverbs 15 in the ANGEFD

Proverbs 15 in the ANTPNG2D

Proverbs 15 in the AS21

Proverbs 15 in the BAGH

Proverbs 15 in the BBPNG

Proverbs 15 in the BBT1E

Proverbs 15 in the BDS

Proverbs 15 in the BEV

Proverbs 15 in the BHAD

Proverbs 15 in the BIB

Proverbs 15 in the BLPT

Proverbs 15 in the BNT

Proverbs 15 in the BNTABOOT

Proverbs 15 in the BNTLV

Proverbs 15 in the BOATCB

Proverbs 15 in the BOATCB2

Proverbs 15 in the BOBCV

Proverbs 15 in the BOCNT

Proverbs 15 in the BOGWICC

Proverbs 15 in the BOHCB

Proverbs 15 in the BOHCV

Proverbs 15 in the BOHLNT

Proverbs 15 in the BOHNTLTAL

Proverbs 15 in the BOICB

Proverbs 15 in the BOILNTAP

Proverbs 15 in the BOITCV

Proverbs 15 in the BOKCV

Proverbs 15 in the BOKCV2

Proverbs 15 in the BOKHWOG

Proverbs 15 in the BOKSSV

Proverbs 15 in the BOLCB

Proverbs 15 in the BOLCB2

Proverbs 15 in the BOMCV

Proverbs 15 in the BONAV

Proverbs 15 in the BONCB

Proverbs 15 in the BONLT

Proverbs 15 in the BONUT2

Proverbs 15 in the BOPLNT

Proverbs 15 in the BOSCB

Proverbs 15 in the BOSNC

Proverbs 15 in the BOTLNT

Proverbs 15 in the BOVCB

Proverbs 15 in the BOYCB

Proverbs 15 in the BPBB

Proverbs 15 in the BPH

Proverbs 15 in the BSB

Proverbs 15 in the CCB

Proverbs 15 in the CUV

Proverbs 15 in the CUVS

Proverbs 15 in the DBT

Proverbs 15 in the DGDNT

Proverbs 15 in the DHNT

Proverbs 15 in the DNT

Proverbs 15 in the ELBE

Proverbs 15 in the EMTV

Proverbs 15 in the ESV

Proverbs 15 in the FBV

Proverbs 15 in the FEB

Proverbs 15 in the GGMNT

Proverbs 15 in the GNT

Proverbs 15 in the HARY

Proverbs 15 in the HNT

Proverbs 15 in the IRVA

Proverbs 15 in the IRVB

Proverbs 15 in the IRVG

Proverbs 15 in the IRVH

Proverbs 15 in the IRVK

Proverbs 15 in the IRVM

Proverbs 15 in the IRVM2

Proverbs 15 in the IRVO

Proverbs 15 in the IRVP

Proverbs 15 in the IRVT

Proverbs 15 in the IRVT2

Proverbs 15 in the IRVU

Proverbs 15 in the ISVN

Proverbs 15 in the JSNT

Proverbs 15 in the KAPI

Proverbs 15 in the KBT1ETNIK

Proverbs 15 in the KBV

Proverbs 15 in the KJV

Proverbs 15 in the KNFD

Proverbs 15 in the LBA

Proverbs 15 in the LBLA

Proverbs 15 in the LNT

Proverbs 15 in the LSV

Proverbs 15 in the MAAL

Proverbs 15 in the MBV

Proverbs 15 in the MBV2

Proverbs 15 in the MHNT

Proverbs 15 in the MKNFD

Proverbs 15 in the MNG

Proverbs 15 in the MNT

Proverbs 15 in the MNT2

Proverbs 15 in the MRS1T

Proverbs 15 in the NAA

Proverbs 15 in the NASB

Proverbs 15 in the NBLA

Proverbs 15 in the NBS

Proverbs 15 in the NBVTP

Proverbs 15 in the NET2

Proverbs 15 in the NIV11

Proverbs 15 in the NNT

Proverbs 15 in the NNT2

Proverbs 15 in the NNT3

Proverbs 15 in the PDDPT

Proverbs 15 in the PFNT

Proverbs 15 in the RMNT

Proverbs 15 in the SBIAS

Proverbs 15 in the SBIBS

Proverbs 15 in the SBIBS2

Proverbs 15 in the SBICS

Proverbs 15 in the SBIDS

Proverbs 15 in the SBIGS

Proverbs 15 in the SBIHS

Proverbs 15 in the SBIIS

Proverbs 15 in the SBIIS2

Proverbs 15 in the SBIIS3

Proverbs 15 in the SBIKS

Proverbs 15 in the SBIKS2

Proverbs 15 in the SBIMS

Proverbs 15 in the SBIOS

Proverbs 15 in the SBIPS

Proverbs 15 in the SBISS

Proverbs 15 in the SBITS

Proverbs 15 in the SBITS2

Proverbs 15 in the SBITS3

Proverbs 15 in the SBITS4

Proverbs 15 in the SBIUS

Proverbs 15 in the SBIVS

Proverbs 15 in the SBT

Proverbs 15 in the SBT1E

Proverbs 15 in the SCHL

Proverbs 15 in the SNT

Proverbs 15 in the SUSU

Proverbs 15 in the SUSU2

Proverbs 15 in the SYNO

Proverbs 15 in the TBIAOTANT

Proverbs 15 in the TBT1E

Proverbs 15 in the TBT1E2

Proverbs 15 in the TFTIP

Proverbs 15 in the TFTU

Proverbs 15 in the TGNTATF3T

Proverbs 15 in the THAI

Proverbs 15 in the TNFD

Proverbs 15 in the TNT

Proverbs 15 in the TNTIK

Proverbs 15 in the TNTIL

Proverbs 15 in the TNTIN

Proverbs 15 in the TNTIP

Proverbs 15 in the TNTIZ

Proverbs 15 in the TOMA

Proverbs 15 in the TTENT

Proverbs 15 in the UBG

Proverbs 15 in the UGV

Proverbs 15 in the UGV2

Proverbs 15 in the UGV3

Proverbs 15 in the VBL

Proverbs 15 in the VDCC

Proverbs 15 in the YALU

Proverbs 15 in the YAPE

Proverbs 15 in the YBVTP

Proverbs 15 in the ZBP