Proverbs 8 (BOECS)
1 Ɖe nunya mele ɣli dom le ame yɔm oa?Ɖe gɔmesese mekɔ eƒe gbe dzi oa? 2 Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe siwo le mɔto la tame,afi si afɔmɔwo do go le. 3 Ele tsitre ɖe dua ƒe agbowo ƒe mɔ xakple agbo la me le ɣli dom sesĩe be, 4 “O ŋutsuwo, miawoe mele ɣli dom naeye mekɔ nye gbe dzi na amegbetɔƒomea katã. 5 Mi bebewuwo, midze nunya;mi bometsilawo gɔmesese nesu mia si. 6 Miɖo to elabena nya xɔasiwo le asinye be magblɔ;meke nye nu be magblɔ nu si le dzɔdzɔe. 7 Nye nu gblɔa nu si le eteƒe,elabena nye nuyi tsri vɔ̃ɖivɔ̃ɖi. 8 Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe;ɖeke meglɔ̃ alo nye ayemenya o. 9 Wo katã le dzɔdzɔe na ame si si sidzedze le;fɔɖiɖi mele wo ŋu na ame siwo si gɔmesese le o. 10 Tia nye amehehe ɖe klosalo teƒekple nye gɔmesese ɖe sika nyuitɔ teƒe 11 elabena nunya xɔ asi wu adzagbaeye nu siwo dim wò dzi le la ƒe ɖeke mesɔ kplii o. 12 “Nye, nunya kple ŋuɖɔɖoe nɔa teƒe ɖeka;gɔmesese kple sidzedze le asinye. 13 Yehowa vɔvɔ̃e nye be nàlé fu vɔ̃,eya ta metsri dada kple ɖokuidodoɖedzi,agbe baɖa nɔnɔ kple nya dzodzrowo gbɔgblɔ. 14 Tɔnyee nye aɖaŋudede kple afia nyui tsotso,gɔmesese kple ŋusẽ le asinye. 15 Dzinyee fiawo tona ɖua fiaeye dziɖulawo dea se siwo le dzɔdzɔe. 16 Dzinyee dumegãwo tona kplɔa dueye nenema kee nye bubumesiwo le dzi ɖum le anyigba dzi. 17 Melɔ̃a ame siwo lɔ̃ameye ame siwo diam la kpɔam. 18 Hotsui kple bubu bɔ ɖe asinye,nenema kee nye kesinɔnusiwo megblẽna o kple dzidzedze. 19 Nye kutsetse nyo wu sika nyuitɔ,eye nu si dona tso menye la ƒo klosalo nyuitɔ ta sãa. 20 Mezɔna le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzikple nuteƒewɔwɔ ƒe toƒewo, 21 eye mekɔa kesinɔnu ɖe ame siwo lɔ̃am la dzi,henana woƒe nudzraɖoƒewo gbagbana. 22 “Yehowa dzim abe eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ ene,hafi wòava wɔ nuwo le blema. 23 Etɔ asi dzinye tso mavɔ me ke,tso gɔmedzedzea me,hafi xexea me nava dzɔ. 24 Wodzim esime atsiaƒuwo menɔ anyi o,eye vudo siwo dzia tsi fũu la hã menɔ anyi o. 25 Hafi woatsɔ towo ada ɖe woƒe nɔƒewo, eye togbɛwo nadzɔ la,nye la, wodzim xoxo. 26 Hafi wòava wɔ anyigba alo gbegbealo anyigbadziʋuʋudediwo gɔ̃ hã la, wodzim xoxo. 27 Menɔ afi ma hafi wòtsɔ dziƒowo ɖo wo nɔƒeeye wòdzidze dzite da ɖe gogloƒewo tame. 28 Esi wòɖo lilikpowo ɖe dziƒo,eye wòli ke tɔ goglowo ƒe dzɔtsoƒe, 29 esi wòɖo liƒo na atsiaƒu beeƒe tsiwo magbɔ teƒe si wòde se be woase la dzi oeye wòɖo anyigba gɔme la, medzɔ xoxo. 30 Ale menye aɖaŋudɔwɔla nɔ eƒe axadzi,dzidzɔ yɔ menye gbe sia gbeeye metsoa aseye le eŋkume ɣe sia ɣi. 31 Medzɔ dzi le eƒe xexe blibo la meeye amegbetɔwo ƒe nu do dzidzɔ nam. 32 “Eya ta, azɔ la, mi vinyewo, miɖo tom;woayra ame siwo lé nye mɔwo me ɖe asi. 33 Ɖo to nye sededewo eye nàdze nunya,mègado tokue o. 34 Woayra ame si ɖoa tom,nɔa ŋudzɔ le nye ʋɔtru nu gbe sia gbeeye wòlalana le nye kpui nu 35 elabena ame si ke ɖe ŋutinye la,ke ɖe agbe ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ. 36 Ke ame si mete ŋu ke ɖe ŋutinye o la,wɔa nu vevi eɖokui eye ame siwo katã léa fum la lɔ̃a ku.”
In Other Versions
Proverbs 8 in the ANGEFD
Proverbs 8 in the ANTPNG2D
Proverbs 8 in the AS21
Proverbs 8 in the BAGH
Proverbs 8 in the BBPNG
Proverbs 8 in the BBT1E
Proverbs 8 in the BDS
Proverbs 8 in the BEV
Proverbs 8 in the BHAD
Proverbs 8 in the BIB
Proverbs 8 in the BLPT
Proverbs 8 in the BNT
Proverbs 8 in the BNTABOOT
Proverbs 8 in the BNTLV
Proverbs 8 in the BOATCB
Proverbs 8 in the BOATCB2
Proverbs 8 in the BOBCV
Proverbs 8 in the BOCNT
Proverbs 8 in the BOGWICC
Proverbs 8 in the BOHCB
Proverbs 8 in the BOHCV
Proverbs 8 in the BOHLNT
Proverbs 8 in the BOHNTLTAL
Proverbs 8 in the BOICB
Proverbs 8 in the BOILNTAP
Proverbs 8 in the BOITCV
Proverbs 8 in the BOKCV
Proverbs 8 in the BOKCV2
Proverbs 8 in the BOKHWOG
Proverbs 8 in the BOKSSV
Proverbs 8 in the BOLCB
Proverbs 8 in the BOLCB2
Proverbs 8 in the BOMCV
Proverbs 8 in the BONAV
Proverbs 8 in the BONCB
Proverbs 8 in the BONLT
Proverbs 8 in the BONUT2
Proverbs 8 in the BOPLNT
Proverbs 8 in the BOSCB
Proverbs 8 in the BOSNC
Proverbs 8 in the BOTLNT
Proverbs 8 in the BOVCB
Proverbs 8 in the BOYCB
Proverbs 8 in the BPBB
Proverbs 8 in the BPH
Proverbs 8 in the BSB
Proverbs 8 in the CCB
Proverbs 8 in the CUV
Proverbs 8 in the CUVS
Proverbs 8 in the DBT
Proverbs 8 in the DGDNT
Proverbs 8 in the DHNT
Proverbs 8 in the DNT
Proverbs 8 in the ELBE
Proverbs 8 in the EMTV
Proverbs 8 in the ESV
Proverbs 8 in the FBV
Proverbs 8 in the FEB
Proverbs 8 in the GGMNT
Proverbs 8 in the GNT
Proverbs 8 in the HARY
Proverbs 8 in the HNT
Proverbs 8 in the IRVA
Proverbs 8 in the IRVB
Proverbs 8 in the IRVG
Proverbs 8 in the IRVH
Proverbs 8 in the IRVK
Proverbs 8 in the IRVM
Proverbs 8 in the IRVM2
Proverbs 8 in the IRVO
Proverbs 8 in the IRVP
Proverbs 8 in the IRVT
Proverbs 8 in the IRVT2
Proverbs 8 in the IRVU
Proverbs 8 in the ISVN
Proverbs 8 in the JSNT
Proverbs 8 in the KAPI
Proverbs 8 in the KBT1ETNIK
Proverbs 8 in the KBV
Proverbs 8 in the KJV
Proverbs 8 in the KNFD
Proverbs 8 in the LBA
Proverbs 8 in the LBLA
Proverbs 8 in the LNT
Proverbs 8 in the LSV
Proverbs 8 in the MAAL
Proverbs 8 in the MBV
Proverbs 8 in the MBV2
Proverbs 8 in the MHNT
Proverbs 8 in the MKNFD
Proverbs 8 in the MNG
Proverbs 8 in the MNT
Proverbs 8 in the MNT2
Proverbs 8 in the MRS1T
Proverbs 8 in the NAA
Proverbs 8 in the NASB
Proverbs 8 in the NBLA
Proverbs 8 in the NBS
Proverbs 8 in the NBVTP
Proverbs 8 in the NET2
Proverbs 8 in the NIV11
Proverbs 8 in the NNT
Proverbs 8 in the NNT2
Proverbs 8 in the NNT3
Proverbs 8 in the PDDPT
Proverbs 8 in the PFNT
Proverbs 8 in the RMNT
Proverbs 8 in the SBIAS
Proverbs 8 in the SBIBS
Proverbs 8 in the SBIBS2
Proverbs 8 in the SBICS
Proverbs 8 in the SBIDS
Proverbs 8 in the SBIGS
Proverbs 8 in the SBIHS
Proverbs 8 in the SBIIS
Proverbs 8 in the SBIIS2
Proverbs 8 in the SBIIS3
Proverbs 8 in the SBIKS
Proverbs 8 in the SBIKS2
Proverbs 8 in the SBIMS
Proverbs 8 in the SBIOS
Proverbs 8 in the SBIPS
Proverbs 8 in the SBISS
Proverbs 8 in the SBITS
Proverbs 8 in the SBITS2
Proverbs 8 in the SBITS3
Proverbs 8 in the SBITS4
Proverbs 8 in the SBIUS
Proverbs 8 in the SBIVS
Proverbs 8 in the SBT
Proverbs 8 in the SBT1E
Proverbs 8 in the SCHL
Proverbs 8 in the SNT
Proverbs 8 in the SUSU
Proverbs 8 in the SUSU2
Proverbs 8 in the SYNO
Proverbs 8 in the TBIAOTANT
Proverbs 8 in the TBT1E
Proverbs 8 in the TBT1E2
Proverbs 8 in the TFTIP
Proverbs 8 in the TFTU
Proverbs 8 in the TGNTATF3T
Proverbs 8 in the THAI
Proverbs 8 in the TNFD
Proverbs 8 in the TNT
Proverbs 8 in the TNTIK
Proverbs 8 in the TNTIL
Proverbs 8 in the TNTIN
Proverbs 8 in the TNTIP
Proverbs 8 in the TNTIZ
Proverbs 8 in the TOMA
Proverbs 8 in the TTENT
Proverbs 8 in the UBG
Proverbs 8 in the UGV
Proverbs 8 in the UGV2
Proverbs 8 in the UGV3
Proverbs 8 in the VBL
Proverbs 8 in the VDCC
Proverbs 8 in the YALU
Proverbs 8 in the YAPE
Proverbs 8 in the YBVTP
Proverbs 8 in the ZBP