Psalms 131 (BOECS)
undefined David ƒe Mɔzɔha. 1 O! Yehowa, dada mele nye dzi me o,eye ŋku gã hã mele tanye o.Nyemetsɔa ɖeke le nya gãwo me loo,alo ƒoa ta ɖe nu siwo wɔ nuku nam akpa la me o, 2 gake mena nye luʋɔ zi ɖoɖoe,heli kpoo abe ale si ɖevi si ɖi no la nɔa dadaa ƒe akɔnu ene,eye nye luʋɔ le abe ɖevi si ɖi no la ene. 3 O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi,tso fifia yi ɖase ɖe mavɔmavɔ me ke.