Revelation 16 (BOECS)
1 Eye mese gbe gã aɖe tso gbedoxɔ la me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo be, “Miyi ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo kɔ ɖe anyigba dzi.” 2 Mawudɔla gbãtɔ yi ɖatrɔ eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye dɔvɔ̃ la na be abi makumaku kple abi si nana wosea veve la kaka ɖe ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, eye wosubɔ eƒe legba la dome. 3 Mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòtrɔ zu ʋu si le abe ame kuku tɔ ene, eye nu gbagbe ɖe sia ɖe ku le atsiaƒu la me. 4 Mawudɔla etɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsi dzidziwo me, eye woawo hã trɔ zu ʋu. 5 Tete mese mawudɔla si kpɔa tsinyawo dzi la gblɔ be,“Wò la, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ siawo le eteƒe.Wò, kɔkɔetɔ si li fifia, eye nènɔ anyi kpɔ la,Wò afiatsotsowo le eteƒe, 6 elabena wokɔ wò ame kɔkɔewo kple wo nyagblɔɖilawo ƒe ʋu ɖe anyi,eye nèkpe ʋu na wo be woano abe ale si dze wo ene.” 7 Mese vɔsamlekpui la ɖo eŋu be,“Ɛ̃, Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe.” 8 Mawudɔla enelia trɔ eƒe kplu la ɖe ɣe dzi, eye wòna ŋusẽ ɣe la be wòatsɔ dzo ƒe ŋusẽ aɖu amewoe. 9 Ɣe la ɖu wo vevie ale gbegbe be woƒo fi de Mawu ƒe ŋkɔ, ame si kpɔ ŋusẽ ɖe dɔvɔ̃ siawo dzi la. Ke wogbe be yewomatrɔ dzi me atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ o. 10 Mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã wɔadã la ƒe fiazikpui dzi, eye viviti nye tsyɔ eƒe fiaɖuƒe la. Amewo ɖu aɖe le vevesese ta, 11 eye woƒo fi de dziƒo ƒe Mawu la le woƒe vevesesewo kple abi siwo woxɔ la ta, gake wogbe be yewomatrɔ le yewoƒe nuwɔnawo yome o. 12 Mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat tɔsisi gã la me, eye emetsi la katã mie, ne wòadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo. 13 Tete mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃ siwo ɖi akpɔkplɔwo la. Wodo tso ʋɔ driba la ƒe nu me kple lã wɔadã la ƒe nu me kple aʋatsonyagbɔɖila la ƒe nu me. 14 Wonye gbɔgbɔ vɔ̃ siwo le nukunuwo wɔm la, eye wodona yina ɖe xexemefiawo gbɔ, ne woaƒo wo nu ƒu hena aʋawɔwɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la dzi. 15 “Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene! Woayra ame si le ŋudzɔ, eye wògale eƒe awuwo me la, be masi adzo amamae, eye wòaɖe eƒe ŋukpeƒe ɖe go o.” 16 Tete woƒo fiawo katã nu ƒu ɖe teƒe aɖe si woyɔna le Hebrigbe me be Armagedon. 17 Mawudɔla adrelia tsɔ eƒe kplu la trɔ ɖe yame, eye gbe gã aɖe ɖi tso gbedoxɔ la me kple fiazikpui la gbɔ nɔ gbɔgblɔm be, “Wowu enu vɔ!” 18 Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, eye anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe. Anyigba meʋuʋu kpɔ nenema tso ɣeyiɣi si wowɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi o, elabena anyigbaʋuʋu la nu sẽ ŋutɔ. 19 Du gã la ma ɖe akpa etɔ̃ me, eye dukɔwo ƒe duwo mu dze anyi. Mawu ɖo ŋku Babilonia Gã la dzi, eye wòtsɔ kplu si yɔ fũu kple eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe wain la nɛ. 20 Ƒukpo ɖe sia ɖe si dzo, eye womegakpɔ towo gɔ̃ hã o. 21 Tsikpe gã aɖe dza tso dziƒo, eye tsikpe ɖeka ƒe kpekpeme anɔ kilogram blaade-vɔ-atɔ̃. Woge dze amewo dzi le anyigba. Ameawo ƒo fi de Mawu le tsikpe ƒe dɔvɔ̃ la ta, elabena dɔvɔ̃ la dzi ŋɔ ŋutɔ.
In Other Versions
Revelation 16 in the ANGEFD
Revelation 16 in the ANTPNG2D
Revelation 16 in the AS21
Revelation 16 in the BAGH
Revelation 16 in the BBPNG
Revelation 16 in the BBT1E
Revelation 16 in the BDS
Revelation 16 in the BEV
Revelation 16 in the BHAD
Revelation 16 in the BIB
Revelation 16 in the BLPT
Revelation 16 in the BNT
Revelation 16 in the BNTABOOT
Revelation 16 in the BNTLV
Revelation 16 in the BOATCB
Revelation 16 in the BOATCB2
Revelation 16 in the BOBCV
Revelation 16 in the BOCNT
Revelation 16 in the BOGWICC
Revelation 16 in the BOHCB
Revelation 16 in the BOHCV
Revelation 16 in the BOHLNT
Revelation 16 in the BOHNTLTAL
Revelation 16 in the BOICB
Revelation 16 in the BOILNTAP
Revelation 16 in the BOITCV
Revelation 16 in the BOKCV
Revelation 16 in the BOKCV2
Revelation 16 in the BOKHWOG
Revelation 16 in the BOKSSV
Revelation 16 in the BOLCB
Revelation 16 in the BOLCB2
Revelation 16 in the BOMCV
Revelation 16 in the BONAV
Revelation 16 in the BONCB
Revelation 16 in the BONLT
Revelation 16 in the BONUT2
Revelation 16 in the BOPLNT
Revelation 16 in the BOSCB
Revelation 16 in the BOSNC
Revelation 16 in the BOTLNT
Revelation 16 in the BOVCB
Revelation 16 in the BOYCB
Revelation 16 in the BPBB
Revelation 16 in the BPH
Revelation 16 in the BSB
Revelation 16 in the CCB
Revelation 16 in the CUV
Revelation 16 in the CUVS
Revelation 16 in the DBT
Revelation 16 in the DGDNT
Revelation 16 in the DHNT
Revelation 16 in the DNT
Revelation 16 in the ELBE
Revelation 16 in the EMTV
Revelation 16 in the ESV
Revelation 16 in the FBV
Revelation 16 in the FEB
Revelation 16 in the GGMNT
Revelation 16 in the GNT
Revelation 16 in the HARY
Revelation 16 in the HNT
Revelation 16 in the IRVA
Revelation 16 in the IRVB
Revelation 16 in the IRVG
Revelation 16 in the IRVH
Revelation 16 in the IRVK
Revelation 16 in the IRVM
Revelation 16 in the IRVM2
Revelation 16 in the IRVO
Revelation 16 in the IRVP
Revelation 16 in the IRVT
Revelation 16 in the IRVT2
Revelation 16 in the IRVU
Revelation 16 in the ISVN
Revelation 16 in the JSNT
Revelation 16 in the KAPI
Revelation 16 in the KBT1ETNIK
Revelation 16 in the KBV
Revelation 16 in the KJV
Revelation 16 in the KNFD
Revelation 16 in the LBA
Revelation 16 in the LBLA
Revelation 16 in the LNT
Revelation 16 in the LSV
Revelation 16 in the MAAL
Revelation 16 in the MBV
Revelation 16 in the MBV2
Revelation 16 in the MHNT
Revelation 16 in the MKNFD
Revelation 16 in the MNG
Revelation 16 in the MNT
Revelation 16 in the MNT2
Revelation 16 in the MRS1T
Revelation 16 in the NAA
Revelation 16 in the NASB
Revelation 16 in the NBLA
Revelation 16 in the NBS
Revelation 16 in the NBVTP
Revelation 16 in the NET2
Revelation 16 in the NIV11
Revelation 16 in the NNT
Revelation 16 in the NNT2
Revelation 16 in the NNT3
Revelation 16 in the PDDPT
Revelation 16 in the PFNT
Revelation 16 in the RMNT
Revelation 16 in the SBIAS
Revelation 16 in the SBIBS
Revelation 16 in the SBIBS2
Revelation 16 in the SBICS
Revelation 16 in the SBIDS
Revelation 16 in the SBIGS
Revelation 16 in the SBIHS
Revelation 16 in the SBIIS
Revelation 16 in the SBIIS2
Revelation 16 in the SBIIS3
Revelation 16 in the SBIKS
Revelation 16 in the SBIKS2
Revelation 16 in the SBIMS
Revelation 16 in the SBIOS
Revelation 16 in the SBIPS
Revelation 16 in the SBISS
Revelation 16 in the SBITS
Revelation 16 in the SBITS2
Revelation 16 in the SBITS3
Revelation 16 in the SBITS4
Revelation 16 in the SBIUS
Revelation 16 in the SBIVS
Revelation 16 in the SBT
Revelation 16 in the SBT1E
Revelation 16 in the SCHL
Revelation 16 in the SNT
Revelation 16 in the SUSU
Revelation 16 in the SUSU2
Revelation 16 in the SYNO
Revelation 16 in the TBIAOTANT
Revelation 16 in the TBT1E
Revelation 16 in the TBT1E2
Revelation 16 in the TFTIP
Revelation 16 in the TFTU
Revelation 16 in the TGNTATF3T
Revelation 16 in the THAI
Revelation 16 in the TNFD
Revelation 16 in the TNT
Revelation 16 in the TNTIK
Revelation 16 in the TNTIL
Revelation 16 in the TNTIN
Revelation 16 in the TNTIP
Revelation 16 in the TNTIZ
Revelation 16 in the TOMA
Revelation 16 in the TTENT
Revelation 16 in the UBG
Revelation 16 in the UGV
Revelation 16 in the UGV2
Revelation 16 in the UGV3
Revelation 16 in the VBL
Revelation 16 in the VDCC
Revelation 16 in the YALU
Revelation 16 in the YAPE
Revelation 16 in the YBVTP
Revelation 16 in the ZBP