Revelation 2 (BOECS)
1 “Ŋlɔ agbalẽ na Efeso Hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo tso ame si lé ɣletivi adre ɖe nuɖusi, eye wòle zɔzɔm le sikakaɖiti adreawo dome la gbɔ. 2 Menya wò dɔwɔwɔwo, wò kutrikuku kple wò ŋusẽdodo nu. Menyae be màte ŋu alɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o. Gawu la, èdo ame siwo be yewonye apostolowo, evɔ womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔ be wonye aʋatsotɔwo. 3 Èdze agbagba, eye nèto fukpekpe geɖe me le nye ŋkɔ la ta, gake nu meti kɔ na wò o. 4 Gake mekpɔ nu sia le ŋutiwò be ègblẽ wò lɔlɔ̃ gbãtɔ ɖi. 5 Ɖo ŋku afi si nège tso la dzi! Trɔ dzi me, eye nàwɔ nu siwo nèwɔna tsã la. Ne mètrɔ dzi me o la, mava gbɔwò, eye maɖe wò akaɖiti la le enɔƒe. 6 Ke esia nye nu dzeame nèwɔ be nèlé fu Nikolaitɔwo ƒe nuwɔnawo, nu siwo nye hã melé fui. 7 Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la, mana ŋusẽe be wòaɖu agbeti si le Mawu ƒe Paradiso me la ƒe tsetsea. 8 “Ŋlɔ agbalẽ na Smirna hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo tso eya ame si nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu, ame si ku, eye wògale agbe la gbɔ. 9 Menya wò fukpekpe kple ahedada, evɔ kesinɔtɔ nènye hafi! Menya ame siwo gblɔa busunyawo. Wobe yewonye Yudatɔwo, evɔ womenyee o, ke boŋ wonye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo. 10 Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò. 11 Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ku evelia mawɔ nu vevi aɖeke ame si aɖu dzi la o. 12 “Ŋlɔ agbalẽ na Pergamo Hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye ame si lé yi ɖaɖɛ nuevee ɖe asi la ƒe nyawo. 13 Menya afi si nèle; eyae nye afi si Satana li eƒe fiazi anyi ɖo la. Ke hã la, ègalé nye ŋkɔ me ɖe asi ko; mègbe nu le wò xɔse si nètsɔ ɖe menye la gbɔ o; èlé eme ɖe asi le Antipas, nye ɖasefo nuteƒewɔla ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã, ame siwo wowu le miaƒe du si nye Satana nɔƒe la me. 14 Ke hã la, nya ʋɛ aɖewo le asinye ɖe ŋutiwò. Ame aɖewo le mia dome afi ma, ame siwo galé Balaam ƒe nufiafiawo me ɖe asi ko, ame si fia Balak be wòable Israelviwo nu woawɔ nu vɔ̃ to nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu kple ahasiwɔwɔ me. 15 Nenema ke ame siwo lé Nikolai ƒe nufiafia me ɖe asi la hã le mia dome, 16 eya ta trɔ dzi me! Ne menye nenema o la, mava gbɔwò kpuie, eye mawɔ avu kpli wò kple yi si le nye nu me la. 17 Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi si ame aɖeke menya o, negbe ame si xɔe la koe. 18 “Ŋlɔ agbalẽ na Tiatira hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye Mawu Vi la ƒe nyawo, ame si ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzĩ si le keklẽm la ene. 19 Menya wò dɔwɔwɔwo, wò lɔlɔ̃, wò xɔse, wò dɔmenyowɔwɔ kple wò vevidodo nu, eye azɔ gɔ̃ hã la, èle wo wɔm wu tsã. 20 Ke hã la, mekpɔ nu sia le ŋutiwò; èɖe mɔ na nyɔnu ma, ame si woyɔna be Yezebel, ame si yɔa eɖokui be nyagblɔɖila. Ekplɔ nye dɔlawo trae to eƒe nufiafia me be woage ɖe ahasiwɔwɔ me, eye be woaɖu nu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la. 21 Mena ɣeyiɣie be wòatrɔ tso eƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me, gake egbe, 22 eya ta matsɔe aƒu fukpekpe ƒe aba dzi, eye mana be ame siwo wɔ ahasi kplii la nakpe fu vevie, dzaa ɖe wòtrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi. 23 Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwo me dzrola, eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu. 24 Azɔ mele egblɔm na mi ame mamlɛ siwo le Tiatira, mi ame siwo melé eƒe nufiafia me ɖe asi o, eye miesrɔ̃ nu si woawo ŋutɔ le yɔyɔm be Satana ƒe nu goglowo o la, nyemada agba kpekpe bubu aɖeke ɖe mia dzi o. 25 Miawo ya milé nu si le mia si la me ɖe asi sesĩe va se ɖe esime mava. 26 Ame si ɖu dzi, eye wòwɔ nye lɔlɔ̃nu va se ɖe nuwuwu la, eyae mana ŋusẽe ɖe dukɔwo dzi, 27 aɖu wo dzi kple gatikplɔ, atsɔ wo axlã ɖe nu woakaka abe ze ene, eye anɔ abe ale si mexɔ ŋusẽ tso fofonye gbɔ ene. 28 Matsɔ ŋukeɣletivi la hã nɛ. 29 Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.
In Other Versions
Revelation 2 in the ANGEFD
Revelation 2 in the ANTPNG2D
Revelation 2 in the AS21
Revelation 2 in the BAGH
Revelation 2 in the BBPNG
Revelation 2 in the BBT1E
Revelation 2 in the BDS
Revelation 2 in the BEV
Revelation 2 in the BHAD
Revelation 2 in the BIB
Revelation 2 in the BLPT
Revelation 2 in the BNT
Revelation 2 in the BNTABOOT
Revelation 2 in the BNTLV
Revelation 2 in the BOATCB
Revelation 2 in the BOATCB2
Revelation 2 in the BOBCV
Revelation 2 in the BOCNT
Revelation 2 in the BOGWICC
Revelation 2 in the BOHCB
Revelation 2 in the BOHCV
Revelation 2 in the BOHLNT
Revelation 2 in the BOHNTLTAL
Revelation 2 in the BOICB
Revelation 2 in the BOILNTAP
Revelation 2 in the BOITCV
Revelation 2 in the BOKCV
Revelation 2 in the BOKCV2
Revelation 2 in the BOKHWOG
Revelation 2 in the BOKSSV
Revelation 2 in the BOLCB
Revelation 2 in the BOLCB2
Revelation 2 in the BOMCV
Revelation 2 in the BONAV
Revelation 2 in the BONCB
Revelation 2 in the BONLT
Revelation 2 in the BONUT2
Revelation 2 in the BOPLNT
Revelation 2 in the BOSCB
Revelation 2 in the BOSNC
Revelation 2 in the BOTLNT
Revelation 2 in the BOVCB
Revelation 2 in the BOYCB
Revelation 2 in the BPBB
Revelation 2 in the BPH
Revelation 2 in the BSB
Revelation 2 in the CCB
Revelation 2 in the CUV
Revelation 2 in the CUVS
Revelation 2 in the DBT
Revelation 2 in the DGDNT
Revelation 2 in the DHNT
Revelation 2 in the DNT
Revelation 2 in the ELBE
Revelation 2 in the EMTV
Revelation 2 in the ESV
Revelation 2 in the FBV
Revelation 2 in the FEB
Revelation 2 in the GGMNT
Revelation 2 in the GNT
Revelation 2 in the HARY
Revelation 2 in the HNT
Revelation 2 in the IRVA
Revelation 2 in the IRVB
Revelation 2 in the IRVG
Revelation 2 in the IRVH
Revelation 2 in the IRVK
Revelation 2 in the IRVM
Revelation 2 in the IRVM2
Revelation 2 in the IRVO
Revelation 2 in the IRVP
Revelation 2 in the IRVT
Revelation 2 in the IRVT2
Revelation 2 in the IRVU
Revelation 2 in the ISVN
Revelation 2 in the JSNT
Revelation 2 in the KAPI
Revelation 2 in the KBT1ETNIK
Revelation 2 in the KBV
Revelation 2 in the KJV
Revelation 2 in the KNFD
Revelation 2 in the LBA
Revelation 2 in the LBLA
Revelation 2 in the LNT
Revelation 2 in the LSV
Revelation 2 in the MAAL
Revelation 2 in the MBV
Revelation 2 in the MBV2
Revelation 2 in the MHNT
Revelation 2 in the MKNFD
Revelation 2 in the MNG
Revelation 2 in the MNT
Revelation 2 in the MNT2
Revelation 2 in the MRS1T
Revelation 2 in the NAA
Revelation 2 in the NASB
Revelation 2 in the NBLA
Revelation 2 in the NBS
Revelation 2 in the NBVTP
Revelation 2 in the NET2
Revelation 2 in the NIV11
Revelation 2 in the NNT
Revelation 2 in the NNT2
Revelation 2 in the NNT3
Revelation 2 in the PDDPT
Revelation 2 in the PFNT
Revelation 2 in the RMNT
Revelation 2 in the SBIAS
Revelation 2 in the SBIBS
Revelation 2 in the SBIBS2
Revelation 2 in the SBICS
Revelation 2 in the SBIDS
Revelation 2 in the SBIGS
Revelation 2 in the SBIHS
Revelation 2 in the SBIIS
Revelation 2 in the SBIIS2
Revelation 2 in the SBIIS3
Revelation 2 in the SBIKS
Revelation 2 in the SBIKS2
Revelation 2 in the SBIMS
Revelation 2 in the SBIOS
Revelation 2 in the SBIPS
Revelation 2 in the SBISS
Revelation 2 in the SBITS
Revelation 2 in the SBITS2
Revelation 2 in the SBITS3
Revelation 2 in the SBITS4
Revelation 2 in the SBIUS
Revelation 2 in the SBIVS
Revelation 2 in the SBT
Revelation 2 in the SBT1E
Revelation 2 in the SCHL
Revelation 2 in the SNT
Revelation 2 in the SUSU
Revelation 2 in the SUSU2
Revelation 2 in the SYNO
Revelation 2 in the TBIAOTANT
Revelation 2 in the TBT1E
Revelation 2 in the TBT1E2
Revelation 2 in the TFTIP
Revelation 2 in the TFTU
Revelation 2 in the TGNTATF3T
Revelation 2 in the THAI
Revelation 2 in the TNFD
Revelation 2 in the TNT
Revelation 2 in the TNTIK
Revelation 2 in the TNTIL
Revelation 2 in the TNTIN
Revelation 2 in the TNTIP
Revelation 2 in the TNTIZ
Revelation 2 in the TOMA
Revelation 2 in the TTENT
Revelation 2 in the UBG
Revelation 2 in the UGV
Revelation 2 in the UGV2
Revelation 2 in the UGV3
Revelation 2 in the VBL
Revelation 2 in the VDCC
Revelation 2 in the YALU
Revelation 2 in the YAPE
Revelation 2 in the YBVTP
Revelation 2 in the ZBP