Romans 12 (BOECS)

1 Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ. 2 Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la. 3 Le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si wònam nu la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be: migabu mia ɖokuiwo amegãwoe wu ale si dze o, ke boŋ mibu mia ɖokuiwo ɖokuibɔbɔlawoe le xɔse ƒe dzidzenu si Mawu na mi la nu. 4 Abe ale si ŋutinu geɖewo le miaƒe ŋutilãwo ŋu, eye ŋutinu siawo katã mewɔa dɔ ɖeka o ene la, 5 nenema ke wole Kristo hã ƒe ŋutilã ŋui, eye ŋutinu siawo nye wo nɔewo tɔ, ame sia ame hiã nɔvia. 6 Mawu na amenuveve ƒe nunana mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ nu tɔxɛ aɖe nyuie. Eya ta ne Mawu na nunana wò be nàgblɔ nya ɖi la, ekema ele na wò be nàgblɔ nya ɖi ɣe sia ɣi si nàte ŋui kple zi geɖe ale si wò xɔse asẽ ŋu, ale be nàte ŋu axɔ nya tso Mawu gbɔ. 7 Ne wò nunanae nye be nàsubɔ ame bubuwo la, ekema nàsubɔ wo nyuie. Ne ènye nufiala la, nàfia nu nyuie. 8 Ne ènye mawunyagblɔla la, ekema ele be nàkpɔ egbɔ be ŋusẽ le yeƒe mawunya ŋu, eye wòkpena ɖe amewo ŋu. Ne Mawu na hotsui wò la, tsɔe nyo dɔ me, eye nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne Mawu na dzikpɔkpɔ ƒe nunana wò, eye wòna be nàkpɔ ame bubuwo ƒe dɔwo dzi la, ele na wò be nàlé fɔ ɖe wò dɔdeasi sia ŋu vevie. Ele na ame siwo faa akɔ na konyifalawo la be woatsɔ kristotɔwo ƒe dzidzɔ awɔe. 9 Migalɔ̃ mia nɔewo le ŋkume ko o, ke boŋ milɔ̃ wo tso dzi vavã me ke. Milé fu nu vɔ̃. Mide nu nyui dzi. 10 Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo, eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo. 11 Migagbɔdzɔ le vevidodo nu me o, ke boŋ mixɔ dzo le gbɔgbɔ me, eye misubɔ Aƒetɔ la kple dzi blibo. 12 Mikpɔ dzidzɔ le ɖoɖo siwo katã Mawu le wɔwɔm ɖe mia ŋu la ŋuti. Mido dzi le xaxawo me, eye mianɔ gbedodoɖa dzi ɣe sia ɣi. 13 Ne ame kɔkɔewo ge ɖe hiã me la, miɖe wo tso eme. Mikpe amewo va miaƒe aƒewo me enuenu ne woaɖu nu kpli mi; ne dzeƒe hiã wo la, mina wo. 14 Ne ame aɖe wɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ŋuwò le wò kristotɔnyenye ta la, mègaƒo fi dee o; do gbe ɖa ɖe eta, eye nàyrae. 15 Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm la; mifa konyi kple ame siwo le konyi fam la. 16 Miwɔ dɔ kple mia nɔewo dzidzɔtɔe. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo o. Migadze agbagba be yewoadze amegãwo ŋu o, ke boŋ mide ha kple ame gblɔewo. Migabu be yewonya nu sia nu o. 17 Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nyui, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me. 18 Migawɔ dzre kple ame aɖeke o, ke boŋ minɔ anyi kple ame sia ame le ŋutifafa me abe ale si miate ŋui ene. 19 Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o. Migblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu ƒe asi me, elabena eya ŋutɔe gblɔ be yeabia hlɔ̃ ame siwo dze na hlɔ̃biabia la. 20 Le hlɔ̃biabia teƒe la,ne dɔ le wò futɔ wum la, na nuɖuɖui.Ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano.Ekema àna ŋu nakpee le nu si wòwɔ ɖe ŋuwò la ta. 21 Mègana nu vɔ̃ naɖu dziwò o, ke boŋ tsɔ nu nyui wɔwɔ ɖu nu vɔ̃ dzii.

In Other Versions

Romans 12 in the ANGEFD

Romans 12 in the ANTPNG2D

Romans 12 in the AS21

Romans 12 in the BAGH

Romans 12 in the BBPNG

Romans 12 in the BBT1E

Romans 12 in the BDS

Romans 12 in the BEV

Romans 12 in the BHAD

Romans 12 in the BIB

Romans 12 in the BLPT

Romans 12 in the BNT

Romans 12 in the BNTABOOT

Romans 12 in the BNTLV

Romans 12 in the BOATCB

Romans 12 in the BOATCB2

Romans 12 in the BOBCV

Romans 12 in the BOCNT

Romans 12 in the BOGWICC

Romans 12 in the BOHCB

Romans 12 in the BOHCV

Romans 12 in the BOHLNT

Romans 12 in the BOHNTLTAL

Romans 12 in the BOICB

Romans 12 in the BOILNTAP

Romans 12 in the BOITCV

Romans 12 in the BOKCV

Romans 12 in the BOKCV2

Romans 12 in the BOKHWOG

Romans 12 in the BOKSSV

Romans 12 in the BOLCB

Romans 12 in the BOLCB2

Romans 12 in the BOMCV

Romans 12 in the BONAV

Romans 12 in the BONCB

Romans 12 in the BONLT

Romans 12 in the BONUT2

Romans 12 in the BOPLNT

Romans 12 in the BOSCB

Romans 12 in the BOSNC

Romans 12 in the BOTLNT

Romans 12 in the BOVCB

Romans 12 in the BOYCB

Romans 12 in the BPBB

Romans 12 in the BPH

Romans 12 in the BSB

Romans 12 in the CCB

Romans 12 in the CUV

Romans 12 in the CUVS

Romans 12 in the DBT

Romans 12 in the DGDNT

Romans 12 in the DHNT

Romans 12 in the DNT

Romans 12 in the ELBE

Romans 12 in the EMTV

Romans 12 in the ESV

Romans 12 in the FBV

Romans 12 in the FEB

Romans 12 in the GGMNT

Romans 12 in the GNT

Romans 12 in the HARY

Romans 12 in the HNT

Romans 12 in the IRVA

Romans 12 in the IRVB

Romans 12 in the IRVG

Romans 12 in the IRVH

Romans 12 in the IRVK

Romans 12 in the IRVM

Romans 12 in the IRVM2

Romans 12 in the IRVO

Romans 12 in the IRVP

Romans 12 in the IRVT

Romans 12 in the IRVT2

Romans 12 in the IRVU

Romans 12 in the ISVN

Romans 12 in the JSNT

Romans 12 in the KAPI

Romans 12 in the KBT1ETNIK

Romans 12 in the KBV

Romans 12 in the KJV

Romans 12 in the KNFD

Romans 12 in the LBA

Romans 12 in the LBLA

Romans 12 in the LNT

Romans 12 in the LSV

Romans 12 in the MAAL

Romans 12 in the MBV

Romans 12 in the MBV2

Romans 12 in the MHNT

Romans 12 in the MKNFD

Romans 12 in the MNG

Romans 12 in the MNT

Romans 12 in the MNT2

Romans 12 in the MRS1T

Romans 12 in the NAA

Romans 12 in the NASB

Romans 12 in the NBLA

Romans 12 in the NBS

Romans 12 in the NBVTP

Romans 12 in the NET2

Romans 12 in the NIV11

Romans 12 in the NNT

Romans 12 in the NNT2

Romans 12 in the NNT3

Romans 12 in the PDDPT

Romans 12 in the PFNT

Romans 12 in the RMNT

Romans 12 in the SBIAS

Romans 12 in the SBIBS

Romans 12 in the SBIBS2

Romans 12 in the SBICS

Romans 12 in the SBIDS

Romans 12 in the SBIGS

Romans 12 in the SBIHS

Romans 12 in the SBIIS

Romans 12 in the SBIIS2

Romans 12 in the SBIIS3

Romans 12 in the SBIKS

Romans 12 in the SBIKS2

Romans 12 in the SBIMS

Romans 12 in the SBIOS

Romans 12 in the SBIPS

Romans 12 in the SBISS

Romans 12 in the SBITS

Romans 12 in the SBITS2

Romans 12 in the SBITS3

Romans 12 in the SBITS4

Romans 12 in the SBIUS

Romans 12 in the SBIVS

Romans 12 in the SBT

Romans 12 in the SBT1E

Romans 12 in the SCHL

Romans 12 in the SNT

Romans 12 in the SUSU

Romans 12 in the SUSU2

Romans 12 in the SYNO

Romans 12 in the TBIAOTANT

Romans 12 in the TBT1E

Romans 12 in the TBT1E2

Romans 12 in the TFTIP

Romans 12 in the TFTU

Romans 12 in the TGNTATF3T

Romans 12 in the THAI

Romans 12 in the TNFD

Romans 12 in the TNT

Romans 12 in the TNTIK

Romans 12 in the TNTIL

Romans 12 in the TNTIN

Romans 12 in the TNTIP

Romans 12 in the TNTIZ

Romans 12 in the TOMA

Romans 12 in the TTENT

Romans 12 in the UBG

Romans 12 in the UGV

Romans 12 in the UGV2

Romans 12 in the UGV3

Romans 12 in the VBL

Romans 12 in the VDCC

Romans 12 in the YALU

Romans 12 in the YAPE

Romans 12 in the YBVTP

Romans 12 in the ZBP