Romans 14 (BOECS)

1 Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo nu si menyo o la ta o. 2 Migahe nya kple ame aɖeke be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame siwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ la buna be menyo o, eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe. 3 Mele be ame siwo buna be enyo be woaɖu lã ma tɔgbi la nado vlo ame siwo mebuna nenema o. Ne mienye ame siwo meɖunɛ o la, migaɖe vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo. 4 Mawu ƒe subɔlawo wonye, menye miawo ƒe subɔlawo wonye o. Mawue wole agbe na, menye miawoe wole agbe na o. Mina Mawu nana woanya ne wo tɔ dzɔ loo alo wo tɔ medzɔ o. Mawu ate ŋu ana woawɔ nu si wòle be woawɔ la. 5 Ame aɖewo buna be ele be woawɔ kristotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo kple ŋkeke tɔxɛwo ŋu dɔ atsɔ asubɔ Mawu, ke ame aɖewo gblɔ be menyo o, eye wònye abunɛnu be woaɖe fu na ame ɖokui nenema, elabena ŋkeke sia ŋkeke nye Mawu tɔ. Ele be ame sia ame natso nya siawo tɔgbi me na eɖokui. 6 Ne ŋkeke tɔxɛwo le mia si hena Aƒetɔ la subɔsubɔ la, miele agbagba dzem be yewoade bubu eŋu, eye wònye nu nyui aɖe miele wɔwɔm. Nenema kee nye ame si ɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo; eda akpe na Mawu ɖe eta. Eya hã wɔe nyuie. Ame si madi be yeaɖu lã ma tɔgbi o la hã di be yeadze Aƒetɔ la ŋu, eye wòle akpe dam. 7 Menye aƒetɔwo míenye na mía ɖokuiwo, be míanɔ agbe alo aku abe ale si míawo ŋutɔ míatia ene o. 8 Ne míele agbe la, míele agbe na Aƒetɔ la; eye ne míeku la, míeku na Aƒetɔ la. Eya ta ne míele agbe alo míeku la, Aƒetɔ la tɔe míenye. 9 Nu sia tututu tae Kristo ku, eye wògatsi tsitre ɖo, ale be wòate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ le agbe kple ku me. 10 Mèkpɔ mɔ nàɖe vodada na nɔviwò alo nàdo vloe o. Ɖo ŋku edzi be mía dometɔ ɖe sia ɖe atsi tsitre ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. 11 Elabena woŋlɔe ɖi be,“Yehowa be, ‘Zi ale si mele agbe la,ame sia ame adze klo nam,eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.’ ” 12 Nyateƒe, ame sia ame ana akɔnta tso eɖokui ŋu na Mawu. 13 Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba, eye nànɔ agbe, ale be mànye nuɖiaɖia na nɔviwò ne ekpɔ wò nèle nu si eya bu be menyo o la wɔm o. 14 Le nye ŋutɔ gome la, meka ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ dzi be naneke megblẽ le lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu ŋu o. Ke ne ame aɖe ya xɔe se be menyo o la, ekema mele be wòaɖui o, elabena menyo le eya gbɔ o. 15 Eye ne nu si nàɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame si ta Kristo ku ɖo la ŋu o. 16 Mègawɔ nu si ana amewo naɖe vodada na wò o, togbɔ be ènya be nu si yewɔ la nyo hafi hã. 17 Elabena mawufiaɖuƒe la menye nu si míeɖu alo nu si míeno o, ke boŋ be míana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana amenuveve, ŋutifafa kple dzidzɔ mí. 18 Ne miesubɔ Kristo le nu siawo me la, dzi adzɔ Mawu, eye ame bubuwo hã akpɔ dzidzɔ. 19 Eya ta mina ŋutifafa nanɔ hamea me, eye miadze agbagba ado ŋusẽ mia nɔewo. 20 Migana lãkɔ ɖeka nagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ me o. Miɖo ŋku edzi be naneke megblẽ le lã ŋu o, ke enye nu vɔ̃ be nàɖui, eye wòazu nuɖiaɖia na ame bubu. 21 Nu nyuitɔ si nàwɔ lae nye be nàɖe asi le lãɖuɖu alo ahanono alo nu sia nu si wɔwɔ aɖia nɔviwò nu alo ana wòawɔ nu vɔ̃ la ŋu. 22 Ànya be nu gbegblẽ aɖeke mele nu si yewɔ la ŋu le Mawu gɔ̃ hã gbɔ o, ke wɔe na ɖokuiwò ko. Mègaɖe wò nu si nèxɔ se be enyo la fia le ame bubu siwo nu wòaɖia la ŋkume o. Le go sia me la, woayra ame si mewɔ nu vɔ̃ to nu si wònya be enyo la wɔwɔ me o. 23 Ke ame sia ame si xɔ se be nu si yedi be yeawɔ menyo o la, mele be wòawɔe o. Ne ewɔe la, ewɔ nu vɔ̃, elabena ebu be menyo o, eya ta nua menyo na eya o. Nu sia nu si wòawɔ to nu si wònya be enyo gbɔ la nye nu vɔ̃.

In Other Versions

Romans 14 in the ANGEFD

Romans 14 in the ANTPNG2D

Romans 14 in the AS21

Romans 14 in the BAGH

Romans 14 in the BBPNG

Romans 14 in the BBT1E

Romans 14 in the BDS

Romans 14 in the BEV

Romans 14 in the BHAD

Romans 14 in the BIB

Romans 14 in the BLPT

Romans 14 in the BNT

Romans 14 in the BNTABOOT

Romans 14 in the BNTLV

Romans 14 in the BOATCB

Romans 14 in the BOATCB2

Romans 14 in the BOBCV

Romans 14 in the BOCNT

Romans 14 in the BOGWICC

Romans 14 in the BOHCB

Romans 14 in the BOHCV

Romans 14 in the BOHLNT

Romans 14 in the BOHNTLTAL

Romans 14 in the BOICB

Romans 14 in the BOILNTAP

Romans 14 in the BOITCV

Romans 14 in the BOKCV

Romans 14 in the BOKCV2

Romans 14 in the BOKHWOG

Romans 14 in the BOKSSV

Romans 14 in the BOLCB

Romans 14 in the BOLCB2

Romans 14 in the BOMCV

Romans 14 in the BONAV

Romans 14 in the BONCB

Romans 14 in the BONLT

Romans 14 in the BONUT2

Romans 14 in the BOPLNT

Romans 14 in the BOSCB

Romans 14 in the BOSNC

Romans 14 in the BOTLNT

Romans 14 in the BOVCB

Romans 14 in the BOYCB

Romans 14 in the BPBB

Romans 14 in the BPH

Romans 14 in the BSB

Romans 14 in the CCB

Romans 14 in the CUV

Romans 14 in the CUVS

Romans 14 in the DBT

Romans 14 in the DGDNT

Romans 14 in the DHNT

Romans 14 in the DNT

Romans 14 in the ELBE

Romans 14 in the EMTV

Romans 14 in the ESV

Romans 14 in the FBV

Romans 14 in the FEB

Romans 14 in the GGMNT

Romans 14 in the GNT

Romans 14 in the HARY

Romans 14 in the HNT

Romans 14 in the IRVA

Romans 14 in the IRVB

Romans 14 in the IRVG

Romans 14 in the IRVH

Romans 14 in the IRVK

Romans 14 in the IRVM

Romans 14 in the IRVM2

Romans 14 in the IRVO

Romans 14 in the IRVP

Romans 14 in the IRVT

Romans 14 in the IRVT2

Romans 14 in the IRVU

Romans 14 in the ISVN

Romans 14 in the JSNT

Romans 14 in the KAPI

Romans 14 in the KBT1ETNIK

Romans 14 in the KBV

Romans 14 in the KJV

Romans 14 in the KNFD

Romans 14 in the LBA

Romans 14 in the LBLA

Romans 14 in the LNT

Romans 14 in the LSV

Romans 14 in the MAAL

Romans 14 in the MBV

Romans 14 in the MBV2

Romans 14 in the MHNT

Romans 14 in the MKNFD

Romans 14 in the MNG

Romans 14 in the MNT

Romans 14 in the MNT2

Romans 14 in the MRS1T

Romans 14 in the NAA

Romans 14 in the NASB

Romans 14 in the NBLA

Romans 14 in the NBS

Romans 14 in the NBVTP

Romans 14 in the NET2

Romans 14 in the NIV11

Romans 14 in the NNT

Romans 14 in the NNT2

Romans 14 in the NNT3

Romans 14 in the PDDPT

Romans 14 in the PFNT

Romans 14 in the RMNT

Romans 14 in the SBIAS

Romans 14 in the SBIBS

Romans 14 in the SBIBS2

Romans 14 in the SBICS

Romans 14 in the SBIDS

Romans 14 in the SBIGS

Romans 14 in the SBIHS

Romans 14 in the SBIIS

Romans 14 in the SBIIS2

Romans 14 in the SBIIS3

Romans 14 in the SBIKS

Romans 14 in the SBIKS2

Romans 14 in the SBIMS

Romans 14 in the SBIOS

Romans 14 in the SBIPS

Romans 14 in the SBISS

Romans 14 in the SBITS

Romans 14 in the SBITS2

Romans 14 in the SBITS3

Romans 14 in the SBITS4

Romans 14 in the SBIUS

Romans 14 in the SBIVS

Romans 14 in the SBT

Romans 14 in the SBT1E

Romans 14 in the SCHL

Romans 14 in the SNT

Romans 14 in the SUSU

Romans 14 in the SUSU2

Romans 14 in the SYNO

Romans 14 in the TBIAOTANT

Romans 14 in the TBT1E

Romans 14 in the TBT1E2

Romans 14 in the TFTIP

Romans 14 in the TFTU

Romans 14 in the TGNTATF3T

Romans 14 in the THAI

Romans 14 in the TNFD

Romans 14 in the TNT

Romans 14 in the TNTIK

Romans 14 in the TNTIL

Romans 14 in the TNTIN

Romans 14 in the TNTIP

Romans 14 in the TNTIZ

Romans 14 in the TOMA

Romans 14 in the TTENT

Romans 14 in the UBG

Romans 14 in the UGV

Romans 14 in the UGV2

Romans 14 in the UGV3

Romans 14 in the VBL

Romans 14 in the VDCC

Romans 14 in the YALU

Romans 14 in the YAPE

Romans 14 in the YBVTP

Romans 14 in the ZBP