Romans 15 (BOECS)

1 Ehiã be mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la, míabu ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye míagadze mía ɖokui ŋu o. 2 Mía dome ame sia ame nadze ehavi ŋu hena ehavi ƒe nyonyo kple tutuɖedzi. 3 Kristo mewɔ nu be yeadze ye ɖokui ŋu o. Abe ale si Psalmokpala gblɔe ene la, “Eva be yeakpe fu, eye yeaxɔ dzudzu tso ame siwo tututu tsi tsitre ɖe Aƒetɔ la ŋu la gbɔ.” 4 Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi mí, eye woade dzi ƒo na mí, ale be míanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu vɔ̃ kple ku dzi la. 5 Mawu si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la nakpe ɖe mia ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me, eye ame sia ame natsɔ Kristo Yesu ƒe nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu. 6 Ekema mí katã míate ŋu atsɔ gbe ɖeka akafu Aƒetɔ la, atsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo. 7 Eya ta mixɔ mia nɔewo nyuie ɖe ha la me abe ale si Kristo ŋutɔ hã xɔ mi ene, ekema miatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu. 8 Miɖo ŋku edzi be Yesu Kristo va be yeafia mí be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye be yeakpe ɖe Yudatɔwo ŋu. 9 Migaɖo ŋku edzi hã be eva be ame siwo menye Yudatɔwo o la hã nakpɔ ɖeɖe, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu le ale si wòvea wo nu la ta. Nu siae Psalmokpala la fia esi wòŋlɔ bena,“Makafu wò le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome,eye madzi ha na wò ŋkɔ.” 10 Le teƒe bubu aɖe la, egagblɔ be,“O, ame siwo menye Yudatɔwo o la,mikpɔ dzidzɔ kple Mawu ƒe amewo,ame siwo nye Yudatɔwo la.” 11 Egagblɔ le teƒe bubu hã be,“Mikafu Aƒetɔ la, mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã,mina ame sia ame nakafui.” 12 Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be,“Yese ƒe ke, ame si atsi tsitrebe yeaɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi la ava;eyae ame siwo menye Yudatɔwo o la akpɔ mɔ na.” 13 Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se la ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me. 14 Nɔvinyewo, menya be mienye ame nyanuwo kple ame nyuiwo, eye mienya nu siawo nyuie, ale be miate ŋu afia nu ame bubuwo tso wo katã ŋu. 15 Metsɔ dzideƒo ŋlɔ nya aɖewo na mi abe ŋkuɖoɖo nu dzi na mi ene, to amenuveve si Mawu nam la me, 16 be manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na ame siwo menye Yudatɔwo o la, eye be matsɔ Mawu ƒe nyanyui la vɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, be miazu vɔsa si dze Mawu ŋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã kɔ eŋu. 17 Eya ta meƒoa adegbe le nu siwo katã Kristo Yesu wɔ to dzinye le Mawu ta la ŋu. 18 Mele be mabu akɔnta le ale si wòwɔ ame bubuwo ŋu dɔ la ŋu o, ke menya esia be: Kristo to dzinye, eye wòhe ame siwo menye Yudatɔwo o la va Mawu gbɔe. 19 Meɖe wo fia to nye gbeƒãɖeɖe kple agbe nyui si menɔ le woƒe ŋkume la me hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyui blibo la to mɔ sia dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke. 20 Ke enye nye didi vevie be magayi ŋgɔ wu nenema gɔ̃ hã, eye maɖe gbeƒã nyanyui la le teƒe siwo womese Kristo ŋkɔ le kpɔ haɖe o. Esia dzrom wu be maɖe gbeƒã le afi si ame bubu aɖe ɖo hame aɖe anyi ɖo xoxo la. 21 Menɔ zɔzɔm ɖe ɖoɖo si ŋu woƒo nu le le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me la nu. Afi sia Yesaya gblɔ le be,“Ame siwo mese Kristo ŋkɔ kpɔ haɖe o la,woakpɔ nu, eye woase egɔme.” 22 Nu sia ta nyemete ŋu va kpɔ mi ɖa kaba o ɖo. 23 Ke mewu nye dɔ la nu le afi sia mlɔeba azɔ, eye mele klalo be mava le ƒe geɖe siwo mia gbɔ vava dzrom la megbe. 24 Mele ɖoɖo wɔm be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma, eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm. 25 Ke hafi mava la, ele be mayi Yerusalem gbã, eye matsɔ nunana aɖe ayi na Yudatɔ siwo nye kristotɔwo le afi ma la. 26 Elabena kristotɔ siwo le Makedonia kple Akaya la di nanewo be yewoaɖo ɖe nɔvi siwo le Yerusalem, ame siwo le ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔ me tom la. 27 Edzɔ dzi na wo ŋutɔ be woawɔ esia, elabena wodze sii be yewonyi akpedafe gã aɖe le kristotɔ siwo le Yerusalem la si. Nu ka ta? Elabena Kristo ƒe nya tso hame si le Yerusalem la gbɔ va na ame siwo menye Yudatɔwo o la. Tso esime woxɔ nyanyui la ƒe gbɔgbɔmenunana sia tso afi ma la, wodze sii be nu suetɔ si yewoate ŋu awɔ lae nye be yewoakpe ɖe wo ŋu kple nunɔamesi aɖewo. 28 Ne metsɔ ga sia na wo, eye mewu dɔ nyui si wowɔ na wo nɔviwo nu na wo la, mava kpɔ mi ɖa ne mele Spania yim. 29 Meka ɖe edzi be ne meva la, Kristo ana yayra geɖem matsɔ vɛ na mi. 30 Ke mele nu xlɔ̃m mi nɔviwo, le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena miade dzinye, eye miaʋli le gbedodoɖa me na Mawu ɖe tanye. 31 Mido gbe ɖa be Mawu nakpɔ tanye le Yudea tso ame siwo menye kristotɔwo o la si me. Mido gbe ɖa hã be kristotɔ siwo le Yerusalem la nalɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu si metsɔ yina na wo la. 32 Ekema ne Mawu lɔ̃ la, mate ŋu ava mia gbɔ kple dzidzɔ, eye míade agbe yeye mía nɔewo me. 33 Ke azɔ la, mía Mawu, ame si naa ŋutifafa la nanɔ anyi kpli mi katã. Amen.

In Other Versions

Romans 15 in the ANGEFD

Romans 15 in the ANTPNG2D

Romans 15 in the AS21

Romans 15 in the BAGH

Romans 15 in the BBPNG

Romans 15 in the BBT1E

Romans 15 in the BDS

Romans 15 in the BEV

Romans 15 in the BHAD

Romans 15 in the BIB

Romans 15 in the BLPT

Romans 15 in the BNT

Romans 15 in the BNTABOOT

Romans 15 in the BNTLV

Romans 15 in the BOATCB

Romans 15 in the BOATCB2

Romans 15 in the BOBCV

Romans 15 in the BOCNT

Romans 15 in the BOGWICC

Romans 15 in the BOHCB

Romans 15 in the BOHCV

Romans 15 in the BOHLNT

Romans 15 in the BOHNTLTAL

Romans 15 in the BOICB

Romans 15 in the BOILNTAP

Romans 15 in the BOITCV

Romans 15 in the BOKCV

Romans 15 in the BOKCV2

Romans 15 in the BOKHWOG

Romans 15 in the BOKSSV

Romans 15 in the BOLCB

Romans 15 in the BOLCB2

Romans 15 in the BOMCV

Romans 15 in the BONAV

Romans 15 in the BONCB

Romans 15 in the BONLT

Romans 15 in the BONUT2

Romans 15 in the BOPLNT

Romans 15 in the BOSCB

Romans 15 in the BOSNC

Romans 15 in the BOTLNT

Romans 15 in the BOVCB

Romans 15 in the BOYCB

Romans 15 in the BPBB

Romans 15 in the BPH

Romans 15 in the BSB

Romans 15 in the CCB

Romans 15 in the CUV

Romans 15 in the CUVS

Romans 15 in the DBT

Romans 15 in the DGDNT

Romans 15 in the DHNT

Romans 15 in the DNT

Romans 15 in the ELBE

Romans 15 in the EMTV

Romans 15 in the ESV

Romans 15 in the FBV

Romans 15 in the FEB

Romans 15 in the GGMNT

Romans 15 in the GNT

Romans 15 in the HARY

Romans 15 in the HNT

Romans 15 in the IRVA

Romans 15 in the IRVB

Romans 15 in the IRVG

Romans 15 in the IRVH

Romans 15 in the IRVK

Romans 15 in the IRVM

Romans 15 in the IRVM2

Romans 15 in the IRVO

Romans 15 in the IRVP

Romans 15 in the IRVT

Romans 15 in the IRVT2

Romans 15 in the IRVU

Romans 15 in the ISVN

Romans 15 in the JSNT

Romans 15 in the KAPI

Romans 15 in the KBT1ETNIK

Romans 15 in the KBV

Romans 15 in the KJV

Romans 15 in the KNFD

Romans 15 in the LBA

Romans 15 in the LBLA

Romans 15 in the LNT

Romans 15 in the LSV

Romans 15 in the MAAL

Romans 15 in the MBV

Romans 15 in the MBV2

Romans 15 in the MHNT

Romans 15 in the MKNFD

Romans 15 in the MNG

Romans 15 in the MNT

Romans 15 in the MNT2

Romans 15 in the MRS1T

Romans 15 in the NAA

Romans 15 in the NASB

Romans 15 in the NBLA

Romans 15 in the NBS

Romans 15 in the NBVTP

Romans 15 in the NET2

Romans 15 in the NIV11

Romans 15 in the NNT

Romans 15 in the NNT2

Romans 15 in the NNT3

Romans 15 in the PDDPT

Romans 15 in the PFNT

Romans 15 in the RMNT

Romans 15 in the SBIAS

Romans 15 in the SBIBS

Romans 15 in the SBIBS2

Romans 15 in the SBICS

Romans 15 in the SBIDS

Romans 15 in the SBIGS

Romans 15 in the SBIHS

Romans 15 in the SBIIS

Romans 15 in the SBIIS2

Romans 15 in the SBIIS3

Romans 15 in the SBIKS

Romans 15 in the SBIKS2

Romans 15 in the SBIMS

Romans 15 in the SBIOS

Romans 15 in the SBIPS

Romans 15 in the SBISS

Romans 15 in the SBITS

Romans 15 in the SBITS2

Romans 15 in the SBITS3

Romans 15 in the SBITS4

Romans 15 in the SBIUS

Romans 15 in the SBIVS

Romans 15 in the SBT

Romans 15 in the SBT1E

Romans 15 in the SCHL

Romans 15 in the SNT

Romans 15 in the SUSU

Romans 15 in the SUSU2

Romans 15 in the SYNO

Romans 15 in the TBIAOTANT

Romans 15 in the TBT1E

Romans 15 in the TBT1E2

Romans 15 in the TFTIP

Romans 15 in the TFTU

Romans 15 in the TGNTATF3T

Romans 15 in the THAI

Romans 15 in the TNFD

Romans 15 in the TNT

Romans 15 in the TNTIK

Romans 15 in the TNTIL

Romans 15 in the TNTIN

Romans 15 in the TNTIP

Romans 15 in the TNTIZ

Romans 15 in the TOMA

Romans 15 in the TTENT

Romans 15 in the UBG

Romans 15 in the UGV

Romans 15 in the UGV2

Romans 15 in the UGV3

Romans 15 in the VBL

Romans 15 in the VDCC

Romans 15 in the YALU

Romans 15 in the YAPE

Romans 15 in the YBVTP

Romans 15 in the ZBP