1 Corinthians 14 (BEV)

1 Mina lɔlɔ̃ nanye miaƒe taɖodzinu gãtɔ, ke mibia nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana hã, vevietɔ nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana hena Mawu ƒe nyawo gbɔgblɔ. 2 Ke ne wò nunanae nye be nàte ŋu agblɔ “gbe bubuwo” si gɔmee nye nàƒo nu le gbe siwo mèsrɔ̃ kpɔ o me la, ànɔ nu ƒom na Mawu ko, ke menye na amewo o, esi amewo mate ŋu ase wò nyawo gɔme o ta. Àƒo nu kple Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ ke wò nuƒoƒo la katã anye nya ɣaɣla. 3 Ke ame si gblɔa nya ɖi eye wògblɔa Mawu ƒe nya la, le kpekpeɖeŋu nam ame bubuwo be woatsi le Aƒetɔ la me eye wòle ŋusẽ dom wo hele akɔ fam na wo. 4 Ale ame si “gblɔa gbe bubuwo” la, kpena ɖe eɖokui ŋu eye wòtsina le gbɔgbɔ me, ke ame si gblɔa nya ɖi eye wògblɔa nya siwo tsoa Mawu gbɔ la, kpena ɖe hame blibo la ŋu be wòatsi le kɔkɔenyenye kple dzidzɔkpɔkpɔ me. 5 Madi be “gbe bubuwo gbɔgblɔ” ƒe nunana nanɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe si, ke nu si wu esiae nye maɖi be mi katã miate ŋu agblɔ nya ɖi, agblɔ Mawu ƒe nya elabena esia nye ŋusẽ gã kple ŋusẽ si ŋu viɖe le wu woagblɔ gbe manyamanyawo, negbe ne miate ŋu aɖe nya siwo miegblɔ la gɔme na amewo emegbe ale be woawo hã nakpɔ viɖe aɖe tso wo me. 6 Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, ne nye ŋutɔ mava aƒo nu na mi le gbe si mienya o me la, viɖe ka wòanye na mi? Ke ne magblɔ nu si Mawu ɖe fiam, kple nu siwo menya, kple nu siwo le eme va ge kpakple Mawu ƒe nya si nye nyateƒea la, nu siawoe miehiã eye woawoe akpe ɖe mia ŋu. 7 Mate ŋu atsɔ kpẽwo alo kasaŋkuwo aɖo kpɔɖeŋu afia be nyagbɔgblɔ le gbe siwo míenya me la, le vevie wu le gbe siwo míenya o la me. Ame aɖeke manya ha si kum wole o, negbe ɖe ko woku gbeɖiɖi ɖe sia ɖe pɛpɛpɛ eme kɔ. 8 Ne aʋakpẽkula meku gbeɖiɖiawo pɛpɛpɛ o la, ale ke asrafoawo awɔ hafi anya be wole yewo yɔm na aʋakpkpe? 9 Nenema ke ne ègblɔ nya na ame aɖe le gbe si menya o me la, ale ke wòawɔ hafi anya nya si gblɔm nèle? Asɔ kple nànɔ nu ƒom le xɔ si me ame aɖeke mele o la me. 10 Mebu be gbe vovovo alafa nanewo le xexeame eye wo katã nye gbe xɔasiwo na wo gblɔlawo, 11 ke womenye naneke na nye ya o. Ame si aƒo nu nam le gbe siawo dometɔ ɖeka me la, anye amedzro nam eye nye hã manye amedzro nɛ. 12 Esi miele didim vevie alea be yewoaxɔ nunana tɔxɛwo tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ la, mibia nu nyuitɔ kekeakee; mibia nu siwo anye viɖe vavãwo na hame blibo la. 13 Ne wona nunana ame aɖe be wòate ŋu agblɔ nya le gbe manyamanyawo me la, ele be wòado gbe ɖa be woana nunana ye be yeanya nu si yegblɔ ale be yeate ŋu aɖe egɔme na amewo emegbe. 14 Elabena ne mado gbe ɖa le gbe si nyemenya o me la, nye gbɔgbɔ ado gbe ɖa gake nyemanya nya si megblɔ o. 15 Ekema nu ka mawɔ? Mawɔ nu eve siawo. Mado gbe ɖa le gbe manyamanyawo me eye magado gbe ɖa le gbe nyanyɛ la me ale be ame sia ame nase egɔme. Madzi ha le gbe manyamanyawo me eye magadzii le gbe nyanyɛ la hã me ale be mase kafukafuha si dzim mele la gɔme. 16 Elabena ne èkafu Mawu eye nèda akpe nɛ le gbɔgbɔ me ko kple nuƒoƒo le gbe bubu me la, ale ke ame siwo mese nu si wɔm nèle gɔme o la, ate ŋu akafu Mawu kple wò? Ale ke woate ŋu akpe ɖe ŋuwò miada akpe na Mawu ne womese nu si gblɔm nèle la gɔme o? 17 Àte ŋu anɔ akpe dam vevie gake manye kpekpeɖeŋu aɖeke na ame bubuawo o. 18 Meda akpe na Mawu be “megblɔa gbe manyamanyawo” le ɖokuinye si wu mia dometɔ ɖe sia ɖe. 19 Ke ne míele Mawu subɔm le hame la, anyo be magblɔ nya atɔ̃ siwo gɔme amewo ase eye woanye kpekpeɖeŋu na wo wu magblɔ nya akpe ewo “ɖe gbe manyamanyawo me.” 20 Nɔvi lɔlɔ̃awo; migazu abe ɖeviwo ene le nu siawo gɔmesese me o. Mizu abe ɖevi maɖifɔwo ene le ɖoɖowɔwɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu me, ke mizu ŋutsu nugɔmeselawo le nya siawo tɔgbi gɔmesese me. 21 Wogblɔe na mí le Nubabla Xoxoa me be, Mawu aɖo amewo ɖa tso anyigba bubuwo dzi be woaƒo nu na eƒe amewo le dzrogbewo me, ke le ɣemaɣiwo me gɔ̃ hã la, womaɖo to wo o. 22 Ale miakpɔe be “nuƒoƒo le gbe bubuwo me” menye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia Mawu ƒe amewo o, ke boŋ enye ɖeɖefia na ame siwo mekpɔ ɖeɖe o. Nu si kristotɔwo hiã lae nye nyagbɔgblɔɖi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nyateƒenya detoawo; ke dzimaxɔsetɔwo mele klalo nɛ o. 23 Hekpe ɖe esia ŋu la, ne ame si mekpɔ ɖeɖe o, alo ame si si nunana siawo mele o, ava miaƒe sɔleme eye wòase mi katã mianɔ gbe bubuwo gblɔm la, abu mi tsukunɔwoe. 24 Ke ne mi katã miegblɔ nya ɖi eye miegblɔ Mawu ƒe nya la, togbɔ be xɔsetɔwoe miegblɔna nya siawo na hã la, ame aɖe si mekpɔ ɖeɖe o, alo kristotɔ yeye aɖe si va eye mese nu siawo gɔme o la, nyagbɔgblɔ siawo katã ana wòadze sii be nu vɔ̃wɔla yenye. Ekema nya sia nya si wòase la, awɔ dɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi. 25 Esime wòle to ɖom la, ahe eƒe susu ɣaɣlawo ɖe go, adze klo asubɔ Mawu eye wòaɖe gbeƒã be vavã Mawu le mia dome le afi ma. 26 Enyo nɔvinye, mina míalé nya siwo katã gblɔm mele la nu aƒo ƒui azɔ. Ne miekpe ta la, ame aɖewo adzi ha, ame bubu aɖe afia nu alo agblɔ gbedeasi tɔxɛ aɖe si Mawu nɛ alo agblɔ nya le gbe manyamanya aɖe me, alo aɖe nya si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm le gbe manyamanya aɖe me la gɔme. Ke ele be nu sia nu si woawɔ la nanye viɖe na ame sia ame eye wòatu wo ɖo ɖe Aƒetɔ la me. 27 Ame siwo aƒo nu le gbe manyamanyawo me la mawu eve alo etɔ̃ o. Woaƒo nu ɖekaɖekae eye ele be ame aɖe nanɔ klalo aɖe nu si gblɔm wole la gɔme. 28 Ke ne ame aɖeke meli aɖe nyaawo gɔme o la, ekema mele be woaƒo nu sesĩe o, ke boŋ woaƒo nu na wo ɖokuiwo kple Mawu ko le gbe manyamanya la me ke menye sesĩe na ameha la o. 29 Ale nyagblɔɖilawo la, ame eve alo ame etɔ̃ nagblɔ nya ɖi eye ame mamlɛawo nadzro nu siwo gblɔm wole la me kpɔ nyuie. 30 Ke menye be ɖeɖefia aɖe vana ame siwo bɔbɔ nɔ anyi dometɔ aɖe la, ekema ame gbãtɔ nazi ɖoɖoe ana mɔ nɔvia. 31 Ale ame siwo katã si nyagbɔgblɔ ɖi ƒe nunana le la ate ŋu aƒo nu ɖekaɖeka eye ame sia ame nasrɔ̃ nu eye nu si wòsrɔ̃ la nade dzi ƒo nɛ eye wòakpe ɖe eŋu. 32 Miɖo ŋku edzi be ame si xɔ gbedeasi aɖe tso Mawu gbɔ la, ate ŋu azi eɖokui dzi alo alala va se ɖe esime wòaɖo edzi be wòaƒo nu. 33 Mawu menya ame si lɔ̃na be woawɔ nuwo basabasa o; elɔ̃a nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nyui nu abe ale si wòle le hame bubuwo katã me ene. 34 Ele be nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le hamea ƒe takpekpewo me. Womade nu nyameɖeɖewo me o, elabena wole ŋutsuwo te abe ale si se la hã fia ene. 35 Ne nya aɖe le wo si woabia la, woabia wo srɔ̃wo le aƒeme elabena mesɔ be nyɔnuwo naɖe woƒe susuwo afia le hamea ƒe takpekpewo me o. 36 Mietsi tre ɖe ɖoɖo sia ŋua? Ɖe miebu be nunyanya tso Mawu ŋu dze egɔme eye wòwu enu kple mi Korintotɔwoa? Mieda vo! 37 Ele be mi ame siwo gblɔna be wona nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana alo ŋusẽ tɔxɛ bubu aɖe yewo tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ la nanye ame gbãtɔ siwo anya be nu si gblɔm mele la nye se tso Aƒetɔ la ŋutɔ gbɔ. 38 Gake ne ame aɖe gbe nya siawo xɔxɔ kokoko la, migblẽe ɖe eƒe numanyamanya me. 39 Eya ta, nɔvi xɔsetɔwo, midi vevie be miazu nyagblɔɖilawo ale be miate ŋu agblɔ Mawu ƒe nya eme nakɔ eye migagblɔ kpɔ be, “nuƒoƒo le gbe bubuwo me” nye nu gbegblẽ o; 40 ke boŋ mikpɔ egbɔ be yewowɔ nu sia nu nyuie to mɔ nyuitɔ dzi le ɖoɖo nyuitɔ me.

In Other Versions

1 Corinthians 14 in the ANGEFD

1 Corinthians 14 in the ANTPNG2D

1 Corinthians 14 in the AS21

1 Corinthians 14 in the BAGH

1 Corinthians 14 in the BBPNG

1 Corinthians 14 in the BBT1E

1 Corinthians 14 in the BDS

1 Corinthians 14 in the BHAD

1 Corinthians 14 in the BIB

1 Corinthians 14 in the BLPT

1 Corinthians 14 in the BNT

1 Corinthians 14 in the BNTABOOT

1 Corinthians 14 in the BNTLV

1 Corinthians 14 in the BOATCB

1 Corinthians 14 in the BOATCB2

1 Corinthians 14 in the BOBCV

1 Corinthians 14 in the BOCNT

1 Corinthians 14 in the BOECS

1 Corinthians 14 in the BOGWICC

1 Corinthians 14 in the BOHCB

1 Corinthians 14 in the BOHCV

1 Corinthians 14 in the BOHLNT

1 Corinthians 14 in the BOHNTLTAL

1 Corinthians 14 in the BOICB

1 Corinthians 14 in the BOILNTAP

1 Corinthians 14 in the BOITCV

1 Corinthians 14 in the BOKCV

1 Corinthians 14 in the BOKCV2

1 Corinthians 14 in the BOKHWOG

1 Corinthians 14 in the BOKSSV

1 Corinthians 14 in the BOLCB

1 Corinthians 14 in the BOLCB2

1 Corinthians 14 in the BOMCV

1 Corinthians 14 in the BONAV

1 Corinthians 14 in the BONCB

1 Corinthians 14 in the BONLT

1 Corinthians 14 in the BONUT2

1 Corinthians 14 in the BOPLNT

1 Corinthians 14 in the BOSCB

1 Corinthians 14 in the BOSNC

1 Corinthians 14 in the BOTLNT

1 Corinthians 14 in the BOVCB

1 Corinthians 14 in the BOYCB

1 Corinthians 14 in the BPBB

1 Corinthians 14 in the BPH

1 Corinthians 14 in the BSB

1 Corinthians 14 in the CCB

1 Corinthians 14 in the CUV

1 Corinthians 14 in the CUVS

1 Corinthians 14 in the DBT

1 Corinthians 14 in the DGDNT

1 Corinthians 14 in the DHNT

1 Corinthians 14 in the DNT

1 Corinthians 14 in the ELBE

1 Corinthians 14 in the EMTV

1 Corinthians 14 in the ESV

1 Corinthians 14 in the FBV

1 Corinthians 14 in the FEB

1 Corinthians 14 in the GGMNT

1 Corinthians 14 in the GNT

1 Corinthians 14 in the HARY

1 Corinthians 14 in the HNT

1 Corinthians 14 in the IRVA

1 Corinthians 14 in the IRVB

1 Corinthians 14 in the IRVG

1 Corinthians 14 in the IRVH

1 Corinthians 14 in the IRVK

1 Corinthians 14 in the IRVM

1 Corinthians 14 in the IRVM2

1 Corinthians 14 in the IRVO

1 Corinthians 14 in the IRVP

1 Corinthians 14 in the IRVT

1 Corinthians 14 in the IRVT2

1 Corinthians 14 in the IRVU

1 Corinthians 14 in the ISVN

1 Corinthians 14 in the JSNT

1 Corinthians 14 in the KAPI

1 Corinthians 14 in the KBT1ETNIK

1 Corinthians 14 in the KBV

1 Corinthians 14 in the KJV

1 Corinthians 14 in the KNFD

1 Corinthians 14 in the LBA

1 Corinthians 14 in the LBLA

1 Corinthians 14 in the LNT

1 Corinthians 14 in the LSV

1 Corinthians 14 in the MAAL

1 Corinthians 14 in the MBV

1 Corinthians 14 in the MBV2

1 Corinthians 14 in the MHNT

1 Corinthians 14 in the MKNFD

1 Corinthians 14 in the MNG

1 Corinthians 14 in the MNT

1 Corinthians 14 in the MNT2

1 Corinthians 14 in the MRS1T

1 Corinthians 14 in the NAA

1 Corinthians 14 in the NASB

1 Corinthians 14 in the NBLA

1 Corinthians 14 in the NBS

1 Corinthians 14 in the NBVTP

1 Corinthians 14 in the NET2

1 Corinthians 14 in the NIV11

1 Corinthians 14 in the NNT

1 Corinthians 14 in the NNT2

1 Corinthians 14 in the NNT3

1 Corinthians 14 in the PDDPT

1 Corinthians 14 in the PFNT

1 Corinthians 14 in the RMNT

1 Corinthians 14 in the SBIAS

1 Corinthians 14 in the SBIBS

1 Corinthians 14 in the SBIBS2

1 Corinthians 14 in the SBICS

1 Corinthians 14 in the SBIDS

1 Corinthians 14 in the SBIGS

1 Corinthians 14 in the SBIHS

1 Corinthians 14 in the SBIIS

1 Corinthians 14 in the SBIIS2

1 Corinthians 14 in the SBIIS3

1 Corinthians 14 in the SBIKS

1 Corinthians 14 in the SBIKS2

1 Corinthians 14 in the SBIMS

1 Corinthians 14 in the SBIOS

1 Corinthians 14 in the SBIPS

1 Corinthians 14 in the SBISS

1 Corinthians 14 in the SBITS

1 Corinthians 14 in the SBITS2

1 Corinthians 14 in the SBITS3

1 Corinthians 14 in the SBITS4

1 Corinthians 14 in the SBIUS

1 Corinthians 14 in the SBIVS

1 Corinthians 14 in the SBT

1 Corinthians 14 in the SBT1E

1 Corinthians 14 in the SCHL

1 Corinthians 14 in the SNT

1 Corinthians 14 in the SUSU

1 Corinthians 14 in the SUSU2

1 Corinthians 14 in the SYNO

1 Corinthians 14 in the TBIAOTANT

1 Corinthians 14 in the TBT1E

1 Corinthians 14 in the TBT1E2

1 Corinthians 14 in the TFTIP

1 Corinthians 14 in the TFTU

1 Corinthians 14 in the TGNTATF3T

1 Corinthians 14 in the THAI

1 Corinthians 14 in the TNFD

1 Corinthians 14 in the TNT

1 Corinthians 14 in the TNTIK

1 Corinthians 14 in the TNTIL

1 Corinthians 14 in the TNTIN

1 Corinthians 14 in the TNTIP

1 Corinthians 14 in the TNTIZ

1 Corinthians 14 in the TOMA

1 Corinthians 14 in the TTENT

1 Corinthians 14 in the UBG

1 Corinthians 14 in the UGV

1 Corinthians 14 in the UGV2

1 Corinthians 14 in the UGV3

1 Corinthians 14 in the VBL

1 Corinthians 14 in the VDCC

1 Corinthians 14 in the YALU

1 Corinthians 14 in the YAPE

1 Corinthians 14 in the YBVTP

1 Corinthians 14 in the ZBP