Acts 14 (BEV)

1 Abe ale si wowɔnɛ le afi sia afi si wode ene la, Paulo kple Barnaba gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Ikonio hã eye wogblɔ nya kple ŋusẽ tɔxɛ aɖe ale be ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, trɔ zu xɔsetɔwo. 2 Ke Yudatɔ siwo medina be yewoase Mawu ƒe ɖeɖenya sia o la, gblɔ nya baɖa ƒomevi geɖewo ɖe Paulo kple Barnaba ŋu. Wowɔ esia be Trɔ̃subɔlawo nagaxɔ woƒe nyawo dzi ase o. 3 Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnaba ƒo kura o, ke boŋ wonɔ dua me hegblɔ mawunya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo wowɔ nukunu geɖewo be woafia kɔtee be eƒe nya la kakam wole vavã. 4 Dua me tɔwo ma ɖe akpa eve, ɖewo nɔ Yudatɔwo ƒe dumemegãwo yome eye ɖewo hã nɔ Paulo kple Barnaba yome. 5 Ke ame aɖewo va nɔ ɖoɖo wɔm be yewoade zitɔtɔ Trɔ̃subɔlawo ƒe ha, Yudatɔwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo me ɖe Paulo kple Barnaba ŋu ale be ame siawo nadze Paulo kple Barnaba dzi aƒu kpe wo, awɔ nuvevi wo. 6 Esi apostoloawo se nya sia la, wosi dzo le dua me heyi Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe nutowo me. 7 Eye wogblɔ nyanyui la fia le afi mawo hã. 8 Le Listra la ŋutsua aɖe le anyinɔƒe, ame si metea ŋu tsia tre ɖe eƒe afɔwo dzi o, eye wònye tekunɔ tso dadaa ƒe dɔme ke; mezɔ azɔlĩ kpɔ o. 9 Ame sia ɖo to Paulo esi wònɔ nu ƒom na ameawo. Paulo lĩ ŋku ɖe edzi gãa eye wòkpɔ be xɔse le esi na dɔyɔyɔ, 10 eya ta Paulo yɔe gblɔ be, “Tsi tre ɖe wò afɔwo dzi!” Le gbeɖeɖe sia nu la, ŋutsua ti kpo eye wòde asi azɔlĩzɔzɔ me. 11 Nukunu sia wu gbɔgblɔ na amehawo eye wogblɔ le wo nɔewo dome le woawo ŋutɔwo degbe me be, ame siawo la, mawuwoe wonye le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me. 12 Le woƒe nuwɔnawo ta la, wona ŋkɔ Barnaba be Yupiter si nye Helatɔwo ƒe mawu eye woyɔ Paulo be Merkurio elabena eyae nye ame si nɔ nu ƒom geɖe wu. 13 Enumake Yupiter ƒe trɔ̃nua si ƒe nɔƒe le dua godo la tsɔ seƒoƒowo kple nunanawo fũ vɛ eye wòwɔ dzadzraɖo be yeawu nyitsu gã aɖe atsɔ asa vɔe na wo le dua ƒe agbowo nu le ameha la ŋkume. 14 Nuwɔna sia gbã dzi na Barnaba kple Paulo vevie ŋutɔ ale wosi du ge ɖe ameawo dome eye wodo ɣli gblɔ na wo be, 15 “Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Ɖe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nu siwo katã le eme la boŋ. 16 Tsã la Mawu ɖe asi le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu wòwɔ nu si dze eŋu. 17 Ke hã la medzudzɔ ɖaseɖiɖi tso eɖokui ŋuti o, elabena ewɔa nu nyuiwo na mí, enaa tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo kple nuŋeɣiwo eye wòna nuɖuɖu geɖe mí hetsɔ dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.” 18 Togbɔ be woɖe nya me na ameawo alea hã la, esẽse hafi wozi wo dzi be womete ŋu sa vɔ la na wo o. 19 Ke le ŋkeke ʋe aɖewo ko megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple Ikonio va do ɖe Listra eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu. Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee nyui va se ɖe esime wòku ƒenyi eye wohee do goe le dua me elabena wobu be eku. 20 Xɔsetɔwo kple nɔvinɔviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu kasia, Paulo fɔ, wo katã trɔ yi Listra dua me, eye le ŋkeke evea gbe la, wo kple Barnaba dzo yi Derbe. 21 Wonɔ Derbe hegblɔ nyanyui la le afi ma ŋkeke ʋe aɖewo eye ame geɖewo trɔ zu woƒe nusrɔ̃lawo. Emegbe la wogatrɔ yi Listra, Ikonio kple Antioxia eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo hefia ale si woalɔ̃ Mawu kple wo nɔewoe ɖe edzi wu la wo. 22 Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be woalé woƒe xɔse la me ɖe asi sesĩe togbɔ be wole funyafunya wɔm wo hã elabena fukpekpe mee woato age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 23 Paulo kple Barnaba ɖo hamemegãwo ɖe ha sia ha nu eye wowɔ nutsitsidɔ kple gbedodoɖa hetsɔ ameawo de asi na Mawu be wòakpɔ wo dzi le woƒe dɔwɔwɔwo me. 24 Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔa dzi to Pisidia nutome va ɖo Pamfilia alo Terki. 25 Wogagblɔ nya le Perga hã hafi tso eme yi Atalia. 26 Mlɔeba la, woɖo tɔdziʋu hetrɔ va ɖo Antioxia afi si wodze woƒe mɔzɔzɔa gɔme le. Afi siae Mawu de dɔ si nu wowu fifia la asi na wo le. 27 Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒui heka nu gã siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na Trɔ̃subɔlawo hã la na ameawo. 28 Paulo kple Barnaba tsi Antioxia henɔ xɔsetɔawo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe.

In Other Versions

Acts 14 in the ANGEFD

Acts 14 in the ANTPNG2D

Acts 14 in the AS21

Acts 14 in the BAGH

Acts 14 in the BBPNG

Acts 14 in the BBT1E

Acts 14 in the BDS

Acts 14 in the BHAD

Acts 14 in the BIB

Acts 14 in the BLPT

Acts 14 in the BNT

Acts 14 in the BNTABOOT

Acts 14 in the BNTLV

Acts 14 in the BOATCB

Acts 14 in the BOATCB2

Acts 14 in the BOBCV

Acts 14 in the BOCNT

Acts 14 in the BOECS

Acts 14 in the BOGWICC

Acts 14 in the BOHCB

Acts 14 in the BOHCV

Acts 14 in the BOHLNT

Acts 14 in the BOHNTLTAL

Acts 14 in the BOICB

Acts 14 in the BOILNTAP

Acts 14 in the BOITCV

Acts 14 in the BOKCV

Acts 14 in the BOKCV2

Acts 14 in the BOKHWOG

Acts 14 in the BOKSSV

Acts 14 in the BOLCB

Acts 14 in the BOLCB2

Acts 14 in the BOMCV

Acts 14 in the BONAV

Acts 14 in the BONCB

Acts 14 in the BONLT

Acts 14 in the BONUT2

Acts 14 in the BOPLNT

Acts 14 in the BOSCB

Acts 14 in the BOSNC

Acts 14 in the BOTLNT

Acts 14 in the BOVCB

Acts 14 in the BOYCB

Acts 14 in the BPBB

Acts 14 in the BPH

Acts 14 in the BSB

Acts 14 in the CCB

Acts 14 in the CUV

Acts 14 in the CUVS

Acts 14 in the DBT

Acts 14 in the DGDNT

Acts 14 in the DHNT

Acts 14 in the DNT

Acts 14 in the ELBE

Acts 14 in the EMTV

Acts 14 in the ESV

Acts 14 in the FBV

Acts 14 in the FEB

Acts 14 in the GGMNT

Acts 14 in the GNT

Acts 14 in the HARY

Acts 14 in the HNT

Acts 14 in the IRVA

Acts 14 in the IRVB

Acts 14 in the IRVG

Acts 14 in the IRVH

Acts 14 in the IRVK

Acts 14 in the IRVM

Acts 14 in the IRVM2

Acts 14 in the IRVO

Acts 14 in the IRVP

Acts 14 in the IRVT

Acts 14 in the IRVT2

Acts 14 in the IRVU

Acts 14 in the ISVN

Acts 14 in the JSNT

Acts 14 in the KAPI

Acts 14 in the KBT1ETNIK

Acts 14 in the KBV

Acts 14 in the KJV

Acts 14 in the KNFD

Acts 14 in the LBA

Acts 14 in the LBLA

Acts 14 in the LNT

Acts 14 in the LSV

Acts 14 in the MAAL

Acts 14 in the MBV

Acts 14 in the MBV2

Acts 14 in the MHNT

Acts 14 in the MKNFD

Acts 14 in the MNG

Acts 14 in the MNT

Acts 14 in the MNT2

Acts 14 in the MRS1T

Acts 14 in the NAA

Acts 14 in the NASB

Acts 14 in the NBLA

Acts 14 in the NBS

Acts 14 in the NBVTP

Acts 14 in the NET2

Acts 14 in the NIV11

Acts 14 in the NNT

Acts 14 in the NNT2

Acts 14 in the NNT3

Acts 14 in the PDDPT

Acts 14 in the PFNT

Acts 14 in the RMNT

Acts 14 in the SBIAS

Acts 14 in the SBIBS

Acts 14 in the SBIBS2

Acts 14 in the SBICS

Acts 14 in the SBIDS

Acts 14 in the SBIGS

Acts 14 in the SBIHS

Acts 14 in the SBIIS

Acts 14 in the SBIIS2

Acts 14 in the SBIIS3

Acts 14 in the SBIKS

Acts 14 in the SBIKS2

Acts 14 in the SBIMS

Acts 14 in the SBIOS

Acts 14 in the SBIPS

Acts 14 in the SBISS

Acts 14 in the SBITS

Acts 14 in the SBITS2

Acts 14 in the SBITS3

Acts 14 in the SBITS4

Acts 14 in the SBIUS

Acts 14 in the SBIVS

Acts 14 in the SBT

Acts 14 in the SBT1E

Acts 14 in the SCHL

Acts 14 in the SNT

Acts 14 in the SUSU

Acts 14 in the SUSU2

Acts 14 in the SYNO

Acts 14 in the TBIAOTANT

Acts 14 in the TBT1E

Acts 14 in the TBT1E2

Acts 14 in the TFTIP

Acts 14 in the TFTU

Acts 14 in the TGNTATF3T

Acts 14 in the THAI

Acts 14 in the TNFD

Acts 14 in the TNT

Acts 14 in the TNTIK

Acts 14 in the TNTIL

Acts 14 in the TNTIN

Acts 14 in the TNTIP

Acts 14 in the TNTIZ

Acts 14 in the TOMA

Acts 14 in the TTENT

Acts 14 in the UBG

Acts 14 in the UGV

Acts 14 in the UGV2

Acts 14 in the UGV3

Acts 14 in the VBL

Acts 14 in the VDCC

Acts 14 in the YALU

Acts 14 in the YAPE

Acts 14 in the YBVTP

Acts 14 in the ZBP