Acts 5 (BEV)

1 Ŋutsu aɖe si woyɔna be Anania kple srɔ̃a Safira hã dzra anyigba, 2 ke Anania tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo be eyae nye ga si yekpɔ. Nuwɔna sia nɔ nyanya me na srɔ̃a, Safĩra, hã. 3 Ke Petro biae be, “Anania, nu ka ta nèɖe mɔ na Satan be wòva xɔ aƒe ɖe mèwo alea? Menye amegbetɔ blem nèle o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la blem nèle. 4 Anyigba la, wò ŋutɔ tɔwòe eye ne edze ŋuwò la, àte ŋu adzrae, ke ne mèlɔ̃ o hã la, màdzrae o. Nenema ke esi nèdzrae vɔ la, ŋusẽ le asiwò be nàtsɔ ga la ƒe akpa si dze ŋuwò la vɛ na mí. Ke nu ka tae nètsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo heva le gbɔgblɔm be ga la katãe nye esia? Menye amegbetɔ blem nèle o ke boŋ Mawu ŋutɔ blem nèle.” 5 Esi Anania se nya sia tete ko la emu dze anyi enumake heku. 6 Vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame ŋutɔ. Ke ɖekakpui siwo kpɔ eteƒe la bla avɔ ɖe ame kukua ŋu hekɔe yi ɖaɖi. 7 Abe gaƒoƒo etɔ̃ megbe ene la, Anania srɔ̃, Safĩra, hã va ɖo. Eya menye nu si dzɔ ɖe srɔ̃a dzi o. 8 Petro biae be, “Safĩra, ga home ale kple alee miekpɔ tso anyigba si miedzra mea?” Safĩra ɖo eŋu enumake bobobo be, “Ẽ, nenema tututue míekpɔ.” 9 Petro gblɔ na Safĩra be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wo, Anania, miewɔ ɖeka be yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? Ɖekakpui siwo ɖi wò aƒetɔ ƒe kukua woe nye ema le xɔa godo le wò hã lalam.” 10 Enumake Safĩra hã mu dze anyi heku, eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe kukua le anyigba la, wokɔ eya hã yi ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa. 11 Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ gã aɖe hame blibo la kple ame siwo katã see la me. 12 Le ɣeyiɣi siawo me la, apostoloawo ƒoa ƒu edziedzi ɖe gbedoxɔ ƒe akpa si woyɔna be Salomo ƒe Akpata la me, eye wonɔa dzesi kple nukunu geɖewo wɔm le afi ma. 13 Ame geɖewo metea ŋu doa dzi tena ɖe apostoloawo ŋu tututu o, ke hã ame sia ame tsɔ bubu tɔxɛ blibo na wo. 14 Ame geɖewo ŋutɔ, ŋutsu kple nyɔnu siwo xɔ se la ge ɖe Aƒetɔ ƒe ha la me. 15 Ɖe apostoloawo ƒe nukunuwɔwɔwo ta la, amewo kɔa dɔnɔwo dana ɖe abawo dzi le mɔwo to be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔlĩ nadze wo dzi. 16 Zi gã aɖe tɔ le kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me eye amewo tsɔ woƒe dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la vɛ eye wòda gbe le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 17 Ke Osɔfogã la kple eŋume siwo tso Zadukitɔwo ƒe kɔmama la me la yɔ fũ kple ŋuʋaʋã. 18 Ale wolé apostoloawo de gaxɔ me. 19 Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔa ƒe agbowo eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be, 20 “Miyi gbedoxɔ la me eye miagblɔ Agbe Yeye sia ƒe nya na ame sia ame.” 21 Apostoloawo va ɖo gbedoxɔa me le ŋdi kanya eye wodze mawunyagbɔgblɔ gɔme. Sẽ ko la, Osɔfogã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo ɖa be woayi aɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo. 22 Ke esi asrafoawo yi la, womekpɔ apostoloawo le gaxɔa me o, ale wotrɔ yi ɖagblɔ na takpekpea me nɔlawo be, 23 “Esi míede la, asrafowo nɔ agboa nu dzɔm pɛpɛpɛ eye ʋɔtrua hã nɔ tutu goŋgoŋgoŋ gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.” 24 Nya sia ʋuʋu asrafo siwo kpɔa gbedoxɔa dzi ƒe amegã kple Osɔfogãwo ŋutɔ eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o eye womenya ɣekaɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o. 25 Ke ame aɖe va gblɔ na wo be, ame siwo wolé de gaxɔ me la woe nye ma le nya gblɔm na ameawo ŋusẽtɔe le gbedoxɔ la me. 26 Enumake, asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabe wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo awu. 27 Wokplɔ apostoloawo va Sanhedrin la ƒe ŋkume be Osɔfogã nabia gbe wo. 28 Esi apostoloawo va ɖo Takpekpea me nɔlawo ŋkume la, Osɔfogã bia be, “Menye ɖe míede se na mi be miadzudzɔ Yesu sia ƒe ŋutinya gbɔgblɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka nya sia ɖe Yerusalem du bliboa me kple susu be amewo nabu fɔ mí be míeda vo be míewu Yesu sia!” 29 Petro ɖe etɔwo nu gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o. 30 Esi miewu Yesu si mieklã ɖe ati ŋu la, mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu la ŋutɔ gafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. 31 Eye Mawu tsɔ ŋusẽ blibo doe ɖe dzi be wòanye Fiavi kple Ɖela ale be to eya dzi la, Israelviwo nakpɔ mɔnu atrɔ wo ƒe agbenɔnɔ ale be woatsɔ wo ƒe nu vɔ̃wo ake wo. 32 Míawo ŋutɔwo míekpɔ nu sia teƒe tsitotsito eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu naa ame siwo wɔa eƒe gbe dzi la ɖi ɖase le nu siawo ŋu hã.” 33 Petro ƒe nya sia wɔ abe ɖe wòtsɔ ami kɔ ɖe dzo me ene, takpekpea me nɔlawo katã nyra; wodo dziku blibo eye woɖoe be yewoawu apostoloawo. 34 Ke ametsitsiawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Gamaliel ame si hã nye Farisitɔ xɔŋkɔ aɖe si nya xɔsenyawo ƒe sea nyuie la, tsi tre heƒo nu na takpekpea me nɔlawo. Ke hafi wòadze nua ƒoƒo gɔme la, ebia be woakplɔ apostoloawo aɖe kpɔe vie. 35 Azɔ Gamaliel trɔ ɖe etɔwo gbɔ gblɔ na wo be, “Mía tɔ, Israeltɔwo, mikpɔ nyuie le ɖoɖo si wɔm miele ɖe ame siawo ŋu la ŋuti. 36 Miawo ŋutɔwo miaɖo ŋku edzi kɔtee be, ɣeyiɣi aɖe va yi la, ɖekakpui aɖe va do ɖe mía dome eye wòwɔ eɖokui hlodzoo be yenye ame gã aɖe. Ẽ, le nyateƒe me la, ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome. Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ eye eyomedzelawo katã kaka gbẽ, ke nya vɔ̃ aɖeke medzɔ o. 37 Le eya megbe la ame bubu hã gava do. Ame sia nye Yuda si tso Galilea. Eya ha dze agbagba he amewo ɖe eɖokui ŋu abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, le ŋkɔŋɔŋlɔ ŋkekeawo me. Gake, eya hã va ku eye eyomedzelawo kaka.” 38 Gamaliel yi dzi be, “Tɔnyetɔwo, aɖaŋu si medi be maɖo na mie nye be, miɖe asi le ame siawo ŋu kpoo. Ne wònye woawo ŋutɔ ƒe nufiafia kakam wole la, ekema eteƒe madidi o, nu sia nu awu enu. 39 Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be yewole kame tem kple Mawu.” 40 Takpekpea me nɔlawo xɔ Gamaliel ƒe aɖaŋu sia ale woyɔ apotoloawo vɛ eye woƒo wo. Emegbe wode se na wo be woagagblɔ nya aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me gbeɖe o, eye woɖe asi le wo ŋu. 41 Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta. 42 Azɔ woyi edzi nɔ nya gblɔm gbe sia gbe le gbedoxɔa me kple woƒe aƒewo me siaa be Yesue nye Mesia la.

In Other Versions

Acts 5 in the ANGEFD

Acts 5 in the ANTPNG2D

Acts 5 in the AS21

Acts 5 in the BAGH

Acts 5 in the BBPNG

Acts 5 in the BBT1E

Acts 5 in the BDS

Acts 5 in the BHAD

Acts 5 in the BIB

Acts 5 in the BLPT

Acts 5 in the BNT

Acts 5 in the BNTABOOT

Acts 5 in the BNTLV

Acts 5 in the BOATCB

Acts 5 in the BOATCB2

Acts 5 in the BOBCV

Acts 5 in the BOCNT

Acts 5 in the BOECS

Acts 5 in the BOGWICC

Acts 5 in the BOHCB

Acts 5 in the BOHCV

Acts 5 in the BOHLNT

Acts 5 in the BOHNTLTAL

Acts 5 in the BOICB

Acts 5 in the BOILNTAP

Acts 5 in the BOITCV

Acts 5 in the BOKCV

Acts 5 in the BOKCV2

Acts 5 in the BOKHWOG

Acts 5 in the BOKSSV

Acts 5 in the BOLCB

Acts 5 in the BOLCB2

Acts 5 in the BOMCV

Acts 5 in the BONAV

Acts 5 in the BONCB

Acts 5 in the BONLT

Acts 5 in the BONUT2

Acts 5 in the BOPLNT

Acts 5 in the BOSCB

Acts 5 in the BOSNC

Acts 5 in the BOTLNT

Acts 5 in the BOVCB

Acts 5 in the BOYCB

Acts 5 in the BPBB

Acts 5 in the BPH

Acts 5 in the BSB

Acts 5 in the CCB

Acts 5 in the CUV

Acts 5 in the CUVS

Acts 5 in the DBT

Acts 5 in the DGDNT

Acts 5 in the DHNT

Acts 5 in the DNT

Acts 5 in the ELBE

Acts 5 in the EMTV

Acts 5 in the ESV

Acts 5 in the FBV

Acts 5 in the FEB

Acts 5 in the GGMNT

Acts 5 in the GNT

Acts 5 in the HARY

Acts 5 in the HNT

Acts 5 in the IRVA

Acts 5 in the IRVB

Acts 5 in the IRVG

Acts 5 in the IRVH

Acts 5 in the IRVK

Acts 5 in the IRVM

Acts 5 in the IRVM2

Acts 5 in the IRVO

Acts 5 in the IRVP

Acts 5 in the IRVT

Acts 5 in the IRVT2

Acts 5 in the IRVU

Acts 5 in the ISVN

Acts 5 in the JSNT

Acts 5 in the KAPI

Acts 5 in the KBT1ETNIK

Acts 5 in the KBV

Acts 5 in the KJV

Acts 5 in the KNFD

Acts 5 in the LBA

Acts 5 in the LBLA

Acts 5 in the LNT

Acts 5 in the LSV

Acts 5 in the MAAL

Acts 5 in the MBV

Acts 5 in the MBV2

Acts 5 in the MHNT

Acts 5 in the MKNFD

Acts 5 in the MNG

Acts 5 in the MNT

Acts 5 in the MNT2

Acts 5 in the MRS1T

Acts 5 in the NAA

Acts 5 in the NASB

Acts 5 in the NBLA

Acts 5 in the NBS

Acts 5 in the NBVTP

Acts 5 in the NET2

Acts 5 in the NIV11

Acts 5 in the NNT

Acts 5 in the NNT2

Acts 5 in the NNT3

Acts 5 in the PDDPT

Acts 5 in the PFNT

Acts 5 in the RMNT

Acts 5 in the SBIAS

Acts 5 in the SBIBS

Acts 5 in the SBIBS2

Acts 5 in the SBICS

Acts 5 in the SBIDS

Acts 5 in the SBIGS

Acts 5 in the SBIHS

Acts 5 in the SBIIS

Acts 5 in the SBIIS2

Acts 5 in the SBIIS3

Acts 5 in the SBIKS

Acts 5 in the SBIKS2

Acts 5 in the SBIMS

Acts 5 in the SBIOS

Acts 5 in the SBIPS

Acts 5 in the SBISS

Acts 5 in the SBITS

Acts 5 in the SBITS2

Acts 5 in the SBITS3

Acts 5 in the SBITS4

Acts 5 in the SBIUS

Acts 5 in the SBIVS

Acts 5 in the SBT

Acts 5 in the SBT1E

Acts 5 in the SCHL

Acts 5 in the SNT

Acts 5 in the SUSU

Acts 5 in the SUSU2

Acts 5 in the SYNO

Acts 5 in the TBIAOTANT

Acts 5 in the TBT1E

Acts 5 in the TBT1E2

Acts 5 in the TFTIP

Acts 5 in the TFTU

Acts 5 in the TGNTATF3T

Acts 5 in the THAI

Acts 5 in the TNFD

Acts 5 in the TNT

Acts 5 in the TNTIK

Acts 5 in the TNTIL

Acts 5 in the TNTIN

Acts 5 in the TNTIP

Acts 5 in the TNTIZ

Acts 5 in the TOMA

Acts 5 in the TTENT

Acts 5 in the UBG

Acts 5 in the UGV

Acts 5 in the UGV2

Acts 5 in the UGV3

Acts 5 in the VBL

Acts 5 in the VDCC

Acts 5 in the YALU

Acts 5 in the YAPE

Acts 5 in the YBVTP

Acts 5 in the ZBP