Acts 5 (BOECS)

1 Ŋutsu aɖe si woyɔna be Anania kple srɔ̃a Safira hã dzra woƒe nunɔamesi aɖe, 2 ke Anania tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo, nu si le nyanya me na srɔ̃a, Safira hã. 3 Ke Petro biae be, “Anania, nu ka ta Satana xɔ aƒe ɖe wò dzi me ale, be nèda alakpa na Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye nètsɔ ga si nèdzra anyigba lae ƒe ɖe dzra ɖo? 4 Ɖe anyigba la menye tɔwò hafi nèdzrae oa? Eye esi nèdzrae la, ɖe ga la menye tɔwò oa? Nu kae wɔ wò be nèɖe afɔ sia? Menye amegbetɔe nèda alakpa na o, ke boŋ Mawue.” 5 Esi Anania se nya sia teti ko la, emu dze anyi enumake heku. Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ame siwo katã se nu si va dzɔ la. 6 Ke ɖekakpui siwo nɔ teƒea la tsɔ avɔ bla ɖe eŋu, eye wokɔe do goe yi ɖaɖi. 7 Abe gaƒoƒo etɔ̃ megbe ene la, Anania srɔ̃, Safira hã va ɖo. Eya menya nu si dzɔ ɖe srɔ̃a dzi o. 8 Petro biae be, “Safira, gblɔe nam, ga home siae wò kple Anania miexɔ tso anyigba si miedzra la mea?”Safira ɖo eŋu na Petro be, “Ɛ̃, ho mae míexɔ.” 9 Petro gblɔ na Safira be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wò, Anania, miewɔ ɖeka be yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? Kpɔ ɖa ɖekakpui siwo ɖi srɔ̃wò ƒe kukua la, woawoe nye ema le xɔa mɔnu le wò hã lalam ne woakɔ wò hã ayii.” 10 Enumake Safira hã mu dze anyi heku ɖe Petro ƒe afɔ nu eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe kukua le anyigba la, wokɔ eya hã ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa. 11 Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ gã aɖe hame blibo la kple ame siwo katã see la me. 12 Le ɣeyiɣi siawo me la, apostoloawo ƒoa ƒu edziedzi ɖe gbedoxɔ ƒe akpa si woyɔna be “Solomo ƒe Akpata” la me, eye wonɔa dzesi kple nukunu geɖewo wɔm le afi ma. 13 Ame geɖewo metea ŋu doa dzi tena ɖe apostoloawo ŋu o, ke hã la, ame sia ame tsɔ bubu tɔxɛ blibo na wo. 14 Ame geɖewo ŋutɔ, ŋutsuwo kple nyɔnuwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye woge ɖe hame la me. 15 Ɖe apostoloawo ƒe nukunuwo wɔwɔ ta la, amewo kɔa dɔnɔwo dana ɖe abawo kple abatiwo dzi le mɔwo to be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔli nadze ɖe wo dzi. 16 Zi gã aɖe tɔ le du siwo ƒo xlã Yerusalem la me, eye amewo kɔ woƒe dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la vɛ, eye woda gbe le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 17 Ke nunɔlagã la kple eŋume siwo tso Zadukitɔwo ƒe kɔ aɖe me la yɔ fũu kple ŋuʋaʋã. 18 Ale wolé apostoloawo de gaxɔ me. 19 Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔ la ƒe agbowo, eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be, 20 “Miyi gbedoxɔ la me, eye miagblɔ agbe yeye sia ƒe nya na ameawo.” 21 Esi ŋu ke la, apostoloawo va ɖo gbedoxɔ la me abe ale si wogblɔ na wo la ene, eye wodze nufiafia ameawo gɔme.Sẽe ko la, nunalɔgã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Israel ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo be woaɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo. 22 Ke esi asrafoawo yi la, womekpɔ apostoloawo le gaxɔ la me o, ale wotrɔ ɖagblɔ na takpekpea me nɔlawo be, 23 “Esi míede la, míekpɔ gaxɔ ƒe agboawo nɔ tutu goŋgoŋ. Asrafowo nɔ tsitre ɖe agboa nu pɛpɛpɛ, gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.” 24 Nya sia ʋuʋu gbedoxɔdzikpɔlawo ƒe amegã kple nunɔlagãwo ŋutɔ, eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o, eye womenya ɣe ka ɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o. 25 Ke ame aɖe va gblɔ na wo be ame siwo wolé de gaxɔ me la woe nye emawo le nya gblɔm na ameawo ŋusẽtɔe le gbedoxɔ la me. 26 Enumake asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi, eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo. 27 Wokplɔ apostoloawo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe ŋkume be nunɔlagã nabia gbe wo. 28 Ebia wo be, “Menye ɖe míede se na mi vevie be miagafia nu le ŋkɔ sia me azɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka míaƒe nufiafia ɖe Yerusalem du blibo la me, eye mieɖoe kplikpaa be yewoatsɔ ame sia ƒe ku aɖo mía dzi!” 29 Petro kple apostoloawo gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o. 30 Mía fofowo ƒe Mawu la fɔ Yesu tso ku me, eya ame si mina woklã ɖe ati ŋuti. 31 Eya Mawu do ɖe dzi ɖe eƒe ɖusime be wòanye Fiavi kple Ɖela, be wòahe dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke vɛ na Israel. 32 Míawo ŋutɔ míekpɔ nu siawo teƒe kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu naa ame siwo wɔa eƒe gbe dzi la hã.” 33 Esi wose esia la, eku dzi na wo vevie, eye woɖo be yewoawu apostoloawo. 34 Ke Farisitɔ aɖe le wo dome si ŋkɔe nye Gamaliel, enye agbalẽfiala hã, eye amewo katã dea bubu eŋu. Etsi tsitre le takpekpea me gblɔ be woaɖe kpɔ apostoloawo vie. 35 Azɔ Gamaliel trɔ ɖe etɔwo gbɔ gblɔ na wo be, “Israeltɔwo, mikpɔ nyuie le ɖoɖo si wɔm miele ɖe ame siawo ŋu la ŋuti. 36 Ɣeyiɣi aɖe va yi la, Teuda aɖe va do ɖe mía dome, eye wòwɔ eɖokui hlodzoo be yenye amegã aɖe. Ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome. Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ, eye eyomedzelawo katã kaka gbẽe, eye nu nyui aɖeke medo tso eme o. 37 Le eya megbe la, ame bubu hã gava do le amexexlẽŋkekewo me. Ame sia nye Yuda si tso Galilea. Eya hã dze agbagba he amewo ɖe eɖokui ŋu abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, gake eya hã va ku eye eyomedzelawo kaka.” 38 Gamaliel yi edzi be, “Tɔnyetɔwo, aɖaŋu si medi be maɖo na mie nye be miɖe asi le ame siawo ŋu kpoo. Ne wònye woawo ŋutɔ ƒe nufiafia kakam wole la, ekema eteƒe madidi o la, nu sia nu awu enu. 39 Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be yewole kame tem kple Mawu.” 40 Takpekpea me nɔlawo xɔ Gamaliel ƒe aɖaŋu sia ale woyɔ apostoloawo vɛ, eye woƒo wo. Emegbe la, wode se na wo be womegagblɔ nya aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me gbeɖe o, eye woɖe asi le wo ŋu. 41 Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta. 42 Azɔ tso ŋkeke yi ŋkeke, wonɔa gbedoxɔ la ƒe akpata me, nɔa nu fiam, eye nenema ke wowɔna tso aƒe me yi aƒe me, eye womedzudzɔ nufiafia o, ke boŋ wonɔ gbeƒã ɖem nyanyui la, be Yesue nye Kristo la.

In Other Versions

Acts 5 in the ANGEFD

Acts 5 in the ANTPNG2D

Acts 5 in the AS21

Acts 5 in the BAGH

Acts 5 in the BBPNG

Acts 5 in the BBT1E

Acts 5 in the BDS

Acts 5 in the BEV

Acts 5 in the BHAD

Acts 5 in the BIB

Acts 5 in the BLPT

Acts 5 in the BNT

Acts 5 in the BNTABOOT

Acts 5 in the BNTLV

Acts 5 in the BOATCB

Acts 5 in the BOATCB2

Acts 5 in the BOBCV

Acts 5 in the BOCNT

Acts 5 in the BOGWICC

Acts 5 in the BOHCB

Acts 5 in the BOHCV

Acts 5 in the BOHLNT

Acts 5 in the BOHNTLTAL

Acts 5 in the BOICB

Acts 5 in the BOILNTAP

Acts 5 in the BOITCV

Acts 5 in the BOKCV

Acts 5 in the BOKCV2

Acts 5 in the BOKHWOG

Acts 5 in the BOKSSV

Acts 5 in the BOLCB

Acts 5 in the BOLCB2

Acts 5 in the BOMCV

Acts 5 in the BONAV

Acts 5 in the BONCB

Acts 5 in the BONLT

Acts 5 in the BONUT2

Acts 5 in the BOPLNT

Acts 5 in the BOSCB

Acts 5 in the BOSNC

Acts 5 in the BOTLNT

Acts 5 in the BOVCB

Acts 5 in the BOYCB

Acts 5 in the BPBB

Acts 5 in the BPH

Acts 5 in the BSB

Acts 5 in the CCB

Acts 5 in the CUV

Acts 5 in the CUVS

Acts 5 in the DBT

Acts 5 in the DGDNT

Acts 5 in the DHNT

Acts 5 in the DNT

Acts 5 in the ELBE

Acts 5 in the EMTV

Acts 5 in the ESV

Acts 5 in the FBV

Acts 5 in the FEB

Acts 5 in the GGMNT

Acts 5 in the GNT

Acts 5 in the HARY

Acts 5 in the HNT

Acts 5 in the IRVA

Acts 5 in the IRVB

Acts 5 in the IRVG

Acts 5 in the IRVH

Acts 5 in the IRVK

Acts 5 in the IRVM

Acts 5 in the IRVM2

Acts 5 in the IRVO

Acts 5 in the IRVP

Acts 5 in the IRVT

Acts 5 in the IRVT2

Acts 5 in the IRVU

Acts 5 in the ISVN

Acts 5 in the JSNT

Acts 5 in the KAPI

Acts 5 in the KBT1ETNIK

Acts 5 in the KBV

Acts 5 in the KJV

Acts 5 in the KNFD

Acts 5 in the LBA

Acts 5 in the LBLA

Acts 5 in the LNT

Acts 5 in the LSV

Acts 5 in the MAAL

Acts 5 in the MBV

Acts 5 in the MBV2

Acts 5 in the MHNT

Acts 5 in the MKNFD

Acts 5 in the MNG

Acts 5 in the MNT

Acts 5 in the MNT2

Acts 5 in the MRS1T

Acts 5 in the NAA

Acts 5 in the NASB

Acts 5 in the NBLA

Acts 5 in the NBS

Acts 5 in the NBVTP

Acts 5 in the NET2

Acts 5 in the NIV11

Acts 5 in the NNT

Acts 5 in the NNT2

Acts 5 in the NNT3

Acts 5 in the PDDPT

Acts 5 in the PFNT

Acts 5 in the RMNT

Acts 5 in the SBIAS

Acts 5 in the SBIBS

Acts 5 in the SBIBS2

Acts 5 in the SBICS

Acts 5 in the SBIDS

Acts 5 in the SBIGS

Acts 5 in the SBIHS

Acts 5 in the SBIIS

Acts 5 in the SBIIS2

Acts 5 in the SBIIS3

Acts 5 in the SBIKS

Acts 5 in the SBIKS2

Acts 5 in the SBIMS

Acts 5 in the SBIOS

Acts 5 in the SBIPS

Acts 5 in the SBISS

Acts 5 in the SBITS

Acts 5 in the SBITS2

Acts 5 in the SBITS3

Acts 5 in the SBITS4

Acts 5 in the SBIUS

Acts 5 in the SBIVS

Acts 5 in the SBT

Acts 5 in the SBT1E

Acts 5 in the SCHL

Acts 5 in the SNT

Acts 5 in the SUSU

Acts 5 in the SUSU2

Acts 5 in the SYNO

Acts 5 in the TBIAOTANT

Acts 5 in the TBT1E

Acts 5 in the TBT1E2

Acts 5 in the TFTIP

Acts 5 in the TFTU

Acts 5 in the TGNTATF3T

Acts 5 in the THAI

Acts 5 in the TNFD

Acts 5 in the TNT

Acts 5 in the TNTIK

Acts 5 in the TNTIL

Acts 5 in the TNTIN

Acts 5 in the TNTIP

Acts 5 in the TNTIZ

Acts 5 in the TOMA

Acts 5 in the TTENT

Acts 5 in the UBG

Acts 5 in the UGV

Acts 5 in the UGV2

Acts 5 in the UGV3

Acts 5 in the VBL

Acts 5 in the VDCC

Acts 5 in the YALU

Acts 5 in the YAPE

Acts 5 in the YBVTP

Acts 5 in the ZBP