Acts 7 (BEV)

1 Osɔfogã la bia Stefano be, “Nɔvi, ɖe nya siwo katã wogblɔ le ŋuwò le eme vavãa?” 2 Stefano ƒo nu legbe aɖe heɖe nya me na wo be, “Mawu bubutɔ la ŋutɔ ɖe eɖokui fia mía tɔgbui Abraham le esime wònɔ Mesopotamia hafi wòva yi Haran. 3 Mawu gblɔ nɛ be neklã eƒe ƒometɔwo katã eye wòabla agba, adzo adze mɔ ayi anyigba bubu aɖe sãa si yeafiae la dzi. 4 Ale Abraham dzo le Kaldea nyigba dzi heyi ɖanɔ Haran, va se ɖe esime fofoa ku gblẽe ɖi. Esia megbe la, Mawu kplɔe va Israel nyigba sia dzi. 5 Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke tete na Abraham be wòanye etɔ o.“Boŋ la Mawu do ŋugbe nɛ be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la azu eya kple eƒe dzidzimeviwo tɔ, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abrahan si haɖe o hã. 6 Mawu gagblɔ na Abraham be, eƒe dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi ayi aɖanɔ dzonyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene. 7 Ke hã Mawu do ŋugbe na Abraham be yeahe to na dukɔ si aɖe aboyo Israelviwo, eye emegbe la Israelviwo agatrɔ va woƒe anyigba la dzi ava subɔ ye le afii.” 8 Stefano yi eƒe nuƒoa dzi be, “Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta esi Isak si nye Abraham viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakɔb ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso. 9 Yosef si nye Yakɔb vi mamlɛtɔ la ƒe nu menyo nɔvia bubuawo ŋu kura o ale wodzrae na kluvisitsalawo, ame siwo kplɔe yi Egipte abe kluvi ene. Ke hã la, Mawu nɔ kplii 10 ale gbegbe be wòɖee tso eƒe fukpekpewo katã me eye gawu la, Mawu na be Egipte fia Farao kpɔ ŋudzedze le eŋu. Le nunya manyagblɔ si Mawu na Yosef ta la Farao tsɔe ɖo dudzikpɔla gãe le Egipte dukɔa me eye wògaɖoe tatɔ le eƒe fiasã blibo la me hã.” 11 “Eva eme be dɔ sesẽ aɖe va to le Egipte kple Kanan nyigba dzi ale be, mía tɔgbuitɔgbuiwo kpe fu ŋutɔ. Nuɖuɖu vɔ le wo si keŋkeŋ. 12 Yakɔb se be nuɖuɖu le Egipte nyigba dzi ale wòdɔ viawo ɖa be woaɖaƒle ɖe vɛ. 13 Esi wogayi Egipte zi evelia la, Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo elabena womekpɔe dze sii zi gbãtɔ si wode afi ma la o. Eɖe wo fia fia Farao hã. 14 Yosef dɔ nɔviawo ɖa be ne woyi la, woakplɔ ye fofo Yakɔb, ye nɔviwo kple woƒe ƒometɔwo katã, ame siwo ƒe xexlẽme nɔ ame blaadre-vɔ-atɔ̃ la vɛ na ye le Egipte. 15 Esiae na be Yakɔb kple viawo katã ʋu va tsi Egipte afi si wo katã ku ɖo. 16 Eye wotsɔ Yakɔb kple viawo va Sikem eye woɖi wo ɖe yɔdo si Abraham ƒle le Homor viwo gbɔ la me.” 17 Esime ɣeyiɣi si Mawu ɖo na Abraham be yeaɖe eƒe dzidzimeviwo tso kluvinyenye me le Egipte ɖo vɔ la Israelviwo gadzi ɖe edzi fũ ŋutɔ le Egipte. 18 Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la woɖo fia bubu zikpuia dzi le Egipte. Fia sia menya naneke tso Yosef ŋu o. 19 Le esia ta ewɔ tamesesẽ le mía tɔgbuitɔgbuiwo ŋu ale gbegbe be wòna wowu woƒe vidzĩwo. 20 “Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, wodzi Mose si nye ɖevi dzeɖekɛ aɖe. Le se si nɔ anyi ɣemaɣi me ta la, esi wodzi Mose la, edzilawo ɣlae ɖe xɔme ɣleti etɔ̃ sɔŋ. 21 Ke esi wòva dzɔ be womagate ŋu aɣlae o ta la, wotsɔe yi ɖada ɖe teƒe aɖe. Fia Farao vinyɔnuvi va fɔe le afi ma ale wòtsɔe abe via ene hekpɔ edzi. 22 Wohe Mose ɖe Egiptetɔwo ƒe nunya nu ale wòtsi va zu fiavi xɔŋkɔ aɖe le nunya kple dɔwɔwɔ me. 23 “Esi Mose xɔ abe ƒe blaene ene la, ewɔ susu gbe ɖeka be yeaɖi tsa aɖakpɔ ye nɔvi Israelviwo ɖa. 24 Le tsaɖiɖi sia me la eva ke ɖe Israel ɖakakpui aɖe kple Egiptetɔ aɖe ŋu wonɔ dzre wɔm. Mose kpɔe be Egiptetɔ la nɔ Israel ɖekakpuia ƒom nɔ funyafunya wɔmii eya ta edze Egiptetɔ la dzi hewui. 25 Mose bui be wɔna sia ana be Israelviwo axɔe se be Mawue ɖo ye ɖa be yeava ɖe wo le aboyo me hafi gake womexɔe nenema o.” 26 “Le ŋufɔke la Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ ne miawɔ ɖeka.’ ” 27 “Ke ame siawo dometɔ si ƒe nya medzɔ o la gblɔ na Mose be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe nya gbɔ eye megade nu yewo tɔ me o. Ebia Mose be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔla ɖe mía dzi?’ Eyi dzi bia Mose be, 28 ‘Alo de nèdi be yeaƒo nye hã awu abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?’ ” 29 “Nya sia sese te ɖe Mose dzi ale gbegbe be wòsi dzo le nutoa me yi ɖanɔ Midian nyigba dzi afi si wòdzi eƒe viŋutsu eveawo le. 30 “Le ƒe blaene megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le gbedzi le teƒe aɖe si te ɖe Sinai to la ŋu. Mawudɔla la ɖe eɖokui fiae le gbe aɖe si le dzo bim la me. 31 Esi Mose kpɔ dzobibia la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ eya ta eƒu du yi teƒea be yeakpɔ nu si wònye. Ke esi wòƒu dua yina la, ese Mawu ƒe gbe bena. 32 ‘Nyee nye tɔgbuiwòwo Abraham, Isak kple Yakɔb ƒe Mawu la.’ Dzidzi ƒo Mose ale gbegbe be mete ŋu fɔ ta be yeakpɔ afi si gbea le ɖiɖim tso la o. 33 “Mawu ƒe gbe yi edzi gblɔ nɛ be, ‘Ɖe wò afɔkpawo le afɔ elabena teƒe si nèle la nye teƒe kɔkɔe. 34 Mekpɔ fu gã si kpem vinyewo le le Egipte nyigba dzi, eye mese woƒe nublanuiɣli si dom wole la hã. Eya ta meva be maɖe wo tso fukpekpe sia me. Va ne madɔ wò ɖe Egipte ne nàwɔ dɔ sia nam’ 35 Ale Mose si gbɔ etɔwo gbe nu le eye wobiae be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mia dzi hã?’ la, eya kee Mawu gaɖo ɖa be wòanye woƒe ɖela kple kplɔla. 36 Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dziẽ la me eye wozɔ mɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ. 37 “Mose ŋutɔ gblɔ na Israelviwo be, ‘Mawu ana nyagblɔɖila aɖe adzɔ tso mia me abe nye ke ene.’ 38 Mose ƒe nya sia va eme pɛpɛpɛ elabe esi wonɔ gbedzi nɔ yiyim la, Mose nye avuléla si nɔ Israelviwo kple mawudɔla si na Mawu ƒe sewo le Sinai to dzi la dome. Se si nye Agbenya lae wòna wo.” 39 “Ke nublanuitɔe la, mía tɔgbuiwo gbe nu le Mose gbɔ eye wodi be yewoatrɔ ayi Egipte. 40 Le nyateƒe me la, woyɔ Arɔn hegblɔ nɛ be, ‘Nɔvi, me legba siwo anye míaƒe mawu siwo akplɔ mí agbugbɔ yi Egipte na mí elabena míenya nu si dzɔ ɖe Mose si kplɔ mí dzoe le Egipte nyigba dzi la dzi o.’ 41 Eya ta wowɔ legba ɖe nyivi ƒe nɔnɔme me eye wosubɔ nu si wotsɔ woƒe asi wɔe la kple dzidzɔ blibo hesaa vɔ nɛ. 42 “Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe woƒe mawuwo ene. Mawu bia wo to nyagblɔɖila Amos dzi be, Israelviwo, esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ ɖe, nyee mienɔ vɔ sam naa? 43 Kpao, menye nyee miesa vɔ na o ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ miaƒe trɔ̃ siwo ƒe ɖewo nye, ɣletiviwo la kple miaƒe legba bubuwo ŋu. Le esia ta mana woaɖe aboyo mi, akplɔ yi abe kluviwo ene ayi keke Babilonia godo ke.” 44 Stefano gblɔ yi dzi be, “Mía tɔgbuitɔgbuiwo tsɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ɖe ta nɔ gbea dzi, nɔ yiyim tso teƒe yi teƒe. Wowɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ sia abe ale si tututu Mawu ɖee fia Mose be woawɔe ene. 45 Le ƒe aɖewo megbe esi Yosua va zu kplɔla eye wòho aʋa ɖe Trɔ̃subɔdukɔwo ŋu la wotsɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋutidɔ va se ɖe Fia David ŋɔli.” 46 “Mawu yra fia David ŋutɔ, eye David hã bia be Mawu naɖe mɔ na ye yeatu gbedoxɔ gã aɖe si anɔ anyi tegbee la na eya, Yakɔb ƒe Mawu la. 47 Ke David vi Solomo boŋue nye ame si va tu gbedoxɔ la nɛ. 48 Ke hã la, Mawu menɔa gbedoxɔ si amegbetɔ ŋutɔ tsɔ eƒe asi tui la me o. Elabena Mawu ŋutɔ gblɔ to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be, 49 ‘Nye fiazikpuie nye dziƒo eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Aƒe ka ƒomevi koŋ ame ate ŋu atu nam be manɔ eme? 50 Alo menye nyee wɔ dziƒo kple anyigba siaa oa?’ ” 51 Stefano yi dzi gblɔ na ƒuƒoƒea be, “Mi trɔ̃subɔla tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be miasẽ dzime atsi tre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣesiaɣia? Ẽ, alea tututu mia tɔgbuiwo wɔe nye si, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo hã miele. 52 Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Mesia ƒe vava ɖi eye miawo hã miede Mesia la asi eye miewui. 53 Ẽ, togbɔ be mawudɔlawoe tsɔ Mawu ƒe seawo vɛ na mi hã la, mieɖo koŋ gblẽ seawo to wo dzi dada me.” 54 Stefano ƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ŋutɔ. Wodo dziku vevie henɔ nyanyram le wo ɖokuiwo me. 55 Ke Stefano ame si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ la li eƒe ŋkuwo ɖe dzi gãa, ekpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe gã la eye Yesu nɔ tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime. 56 Stefano gblɔ na ameha la be, “Mikpɔ ɖa mekpɔ dziƒo nu ʋu eye Amegbetɔvi tsi tre ɖe Mawu ƒe nuɖusime.” 57 Nya sia gado dziku na wo ŋutɔ ale wo katã wotsɔ woƒe asiwo xe tome be yewomagase nya aɖeke o. Wodze Stefano dzi henɔ ɣli dom be ame aɖeke megase eƒe nya o. 58 Emegbe wohee do goe le dua me be yewoaƒu kpee wòaku. Ɖasefowo kple amewulawo ɖe woƒe awuwo na ɖekakpui aɖe si woyɔna be Saul la be wòakpɔ wo dzi na yewo. 59 Esi kpeawo nɔ Stefano ƒe afi sia fi dzem kpamkpamkpam la, edo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ la.” 60 Emegbe la, edze klo eye wòdo ɣli gblɔ be, “Aƒetɔ, mègado nu vɔ̃ sia teƒe na wo.” Ale wòdze anyi heku.

In Other Versions

Acts 7 in the ANGEFD

Acts 7 in the ANTPNG2D

Acts 7 in the AS21

Acts 7 in the BAGH

Acts 7 in the BBPNG

Acts 7 in the BBT1E

Acts 7 in the BDS

Acts 7 in the BHAD

Acts 7 in the BIB

Acts 7 in the BLPT

Acts 7 in the BNT

Acts 7 in the BNTABOOT

Acts 7 in the BNTLV

Acts 7 in the BOATCB

Acts 7 in the BOATCB2

Acts 7 in the BOBCV

Acts 7 in the BOCNT

Acts 7 in the BOECS

Acts 7 in the BOGWICC

Acts 7 in the BOHCB

Acts 7 in the BOHCV

Acts 7 in the BOHLNT

Acts 7 in the BOHNTLTAL

Acts 7 in the BOICB

Acts 7 in the BOILNTAP

Acts 7 in the BOITCV

Acts 7 in the BOKCV

Acts 7 in the BOKCV2

Acts 7 in the BOKHWOG

Acts 7 in the BOKSSV

Acts 7 in the BOLCB

Acts 7 in the BOLCB2

Acts 7 in the BOMCV

Acts 7 in the BONAV

Acts 7 in the BONCB

Acts 7 in the BONLT

Acts 7 in the BONUT2

Acts 7 in the BOPLNT

Acts 7 in the BOSCB

Acts 7 in the BOSNC

Acts 7 in the BOTLNT

Acts 7 in the BOVCB

Acts 7 in the BOYCB

Acts 7 in the BPBB

Acts 7 in the BPH

Acts 7 in the BSB

Acts 7 in the CCB

Acts 7 in the CUV

Acts 7 in the CUVS

Acts 7 in the DBT

Acts 7 in the DGDNT

Acts 7 in the DHNT

Acts 7 in the DNT

Acts 7 in the ELBE

Acts 7 in the EMTV

Acts 7 in the ESV

Acts 7 in the FBV

Acts 7 in the FEB

Acts 7 in the GGMNT

Acts 7 in the GNT

Acts 7 in the HARY

Acts 7 in the HNT

Acts 7 in the IRVA

Acts 7 in the IRVB

Acts 7 in the IRVG

Acts 7 in the IRVH

Acts 7 in the IRVK

Acts 7 in the IRVM

Acts 7 in the IRVM2

Acts 7 in the IRVO

Acts 7 in the IRVP

Acts 7 in the IRVT

Acts 7 in the IRVT2

Acts 7 in the IRVU

Acts 7 in the ISVN

Acts 7 in the JSNT

Acts 7 in the KAPI

Acts 7 in the KBT1ETNIK

Acts 7 in the KBV

Acts 7 in the KJV

Acts 7 in the KNFD

Acts 7 in the LBA

Acts 7 in the LBLA

Acts 7 in the LNT

Acts 7 in the LSV

Acts 7 in the MAAL

Acts 7 in the MBV

Acts 7 in the MBV2

Acts 7 in the MHNT

Acts 7 in the MKNFD

Acts 7 in the MNG

Acts 7 in the MNT

Acts 7 in the MNT2

Acts 7 in the MRS1T

Acts 7 in the NAA

Acts 7 in the NASB

Acts 7 in the NBLA

Acts 7 in the NBS

Acts 7 in the NBVTP

Acts 7 in the NET2

Acts 7 in the NIV11

Acts 7 in the NNT

Acts 7 in the NNT2

Acts 7 in the NNT3

Acts 7 in the PDDPT

Acts 7 in the PFNT

Acts 7 in the RMNT

Acts 7 in the SBIAS

Acts 7 in the SBIBS

Acts 7 in the SBIBS2

Acts 7 in the SBICS

Acts 7 in the SBIDS

Acts 7 in the SBIGS

Acts 7 in the SBIHS

Acts 7 in the SBIIS

Acts 7 in the SBIIS2

Acts 7 in the SBIIS3

Acts 7 in the SBIKS

Acts 7 in the SBIKS2

Acts 7 in the SBIMS

Acts 7 in the SBIOS

Acts 7 in the SBIPS

Acts 7 in the SBISS

Acts 7 in the SBITS

Acts 7 in the SBITS2

Acts 7 in the SBITS3

Acts 7 in the SBITS4

Acts 7 in the SBIUS

Acts 7 in the SBIVS

Acts 7 in the SBT

Acts 7 in the SBT1E

Acts 7 in the SCHL

Acts 7 in the SNT

Acts 7 in the SUSU

Acts 7 in the SUSU2

Acts 7 in the SYNO

Acts 7 in the TBIAOTANT

Acts 7 in the TBT1E

Acts 7 in the TBT1E2

Acts 7 in the TFTIP

Acts 7 in the TFTU

Acts 7 in the TGNTATF3T

Acts 7 in the THAI

Acts 7 in the TNFD

Acts 7 in the TNT

Acts 7 in the TNTIK

Acts 7 in the TNTIL

Acts 7 in the TNTIN

Acts 7 in the TNTIP

Acts 7 in the TNTIZ

Acts 7 in the TOMA

Acts 7 in the TTENT

Acts 7 in the UBG

Acts 7 in the UGV

Acts 7 in the UGV2

Acts 7 in the UGV3

Acts 7 in the VBL

Acts 7 in the VDCC

Acts 7 in the YALU

Acts 7 in the YAPE

Acts 7 in the YBVTP

Acts 7 in the ZBP