Ephesians 4 (BEV)

1 Nye, ame si le game le afi sia ɖe Aƒetɔ la subɔsubɔ ta lae le kuku ɖem na mi be mianɔ agbe eye miazɔ nyuie abe ame siwo wotia be woaxɔ yayra wɔnuku siawo tɔgbi la ene. 2 Mibɔbɔ mia ɖokuiwo eye mifa tu. Migbɔ dzi ɖi na mia nɔewo, eye ɖe lɔlɔ̃ si le mia si na amewo ta la, migbɔ dzi ɖi na wo nenye be wodze agɔ le mia dzi. 3 Midze agbagba ɣesiaɣi be mianɔ ɖeka le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe amekpɔkplɔ te ale be mianɔ anyi le ŋutifafa me kple mia nɔewo. 4 Mí katã la ŋutilã ɖeka ƒe akpa aɖewoe míenye; Gbɔgbɔ ɖeke ma kee le mía me, eye woyɔ mí katã hã be míanɔ mɔ kpɔm na ŋutikɔkɔe ɖeka ma si gbɔna. 5 Le míawo gome la, Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, kple mawutsi ɖetaɖeka koe li, 6 eye Mawu Fofo ɖekae le mía si, ame si le mi katã ta kpɔm eye wòle mía me eye wòdzena le míaƒe agbe ƒe akpa sia akpa. 7 Ke wotsɔ amenuveve na mía dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si Kristo na míi ene. 8 Esia tae woŋlɔ ɖi be, “Esi wòlia yi dzi la eɖe aboyo ame geɖewo dzoe eye wòna nunana amewo.” 9 Azɔ la “eɖi va anyi” gɔ me ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyi gbã, yi ɖe keke anyigba tume ke. 10 Eya ta eya ame si ɖi va anyi la eya kee lia yi dzi ʋĩ gbɔ dziƒowo katã ta, be wòayɔ xexe blibo la me fũu. 11 Eyae na ame aɖewo nye apostolowo, eye ame aɖewo nyagblɔɖilawo, ame aɖewo hã nyanyuigblɔlawo, ame aɖewo kplɔlawo kple nufialawo 12 bena Mawu ƒe amewo nate ŋu asu te na dɔwɔwɔ, ale woatu Kristo ƒe ha si nye eƒe ŋutilã la ɖe edzi wòatsi 13 va se ɖe esime mlɔeba la dzixɔse ɖeka nanɔ mía si tso mía ƒe ɖeɖekpɔkpɔ kple mía Ɖela si nye Mawu Vi la ŋuti, eye va se ɖe esime ame sia ame tsi, eye wòkpɔ ŋusẽ le Aƒetɔ la me, ẽ, va se ɖe esime Kristo xɔ aƒe ɖe ame sia ame me. 14 Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o. Míaganɔ míaƒe susuwo trɔm ɣesiaɣi tso nu si míexɔ se la ŋuti elabena ame aɖe va gblɔ nya bubu na mí alo wòda alakpa be ne míaxɔe se be nu si yegblɔ lae nye nyateƒe o. 15 Ke boŋ miato nyateƒe na mía nɔewo le lɔlɔ̃ me ale be le nuwo katã me la míatsi ali ke le Kristo ame si nye Ta na hame la me. 16 Tso eya amea me wotsɔ ŋutilã la ƒe akpa ɖe sia ɖe ƒo fui nyuie, eye akpa ɖe sia ɖe le eƒe mɔ tɔxɛ dzi le kpekpem ɖe akpa mamlɛawo ŋuti, ale be ŋutilã blibo la katã le sesĩe eye wole tsitsim ɖe edzi le lɔlɔ̃ me. 17 Azɔ la mele esia gblɔm na mi, eye mele gbe tem ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miagazɔ abe ale si Trɔ̃subɔlawo zɔna le woƒe tamesusu dzodzrowo me la ene o. 18 Ame siawo la woƒe susuwo me do viviti eye woma ɖa tso Mawu gbɔ elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta. 19 Esi ŋukpe aɖeke megale mo na wo o ta la, wotsɔ wo ɖokuiwo dzra na nu tovo wɔwɔ, ale be woakpɔ gome le ŋunyɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me eye nu siawo do du wo wogale wo dim. 20 Ke miawo la, menye aleae mienya Kristoe o. 21 Vavã miese eŋkɔ eye wofia nu mi le eya amea me, le nyateƒe si le Yesu me la nu. 22 Wofia nu mi ku ɖe miaƒe agbe xoxo si mienɔ la ŋuti, be miaɖe asi le agbe xoxo la ŋuti, agbe si le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi to eƒe beblenudzodzrowo me. 23 Azɔ la ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee hena nyuia ɣesiaɣi. 24 Ẽ, ele be mianye ame yeye siwo to vovo tso ame xoxo la gbɔ, ale be mianɔ dzadzɛ, anɔ kɔkɔe. Mitsɔ amenyenye yeye sia do abe awu ene. 25 Midzudzɔ aʋatsokaka na mia nɔewo; minɔ nyateƒetoto ko dzi, elabena ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo míenye. Eya ta nenye be míeka aʋatso na mía nɔewo la, mía ɖokuiwo ko míele nu vevi wɔmii. 26 Nenye be dzi ku wò la mègalé dziku la ɖe dɔme wòazu nu vɔ̃ na wò o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe o. Ɖu wò dziku la dzi kaba 27 elabena zi ale si nèdo dziku ko la, ena mɔnukpɔkpɔ Abosam be wòaɖu dziwò. 28 Ne ame aɖe nye fiafitɔ le mia dome la, nedzudzɔ kaba eye wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe asiwo awɔ dɔ ɖɔʋu aɖee be wòakpɔ emetsonu eye wòana ɖe hiãtɔwo hã. 29 Nya vlo aɖeke megado go le mia nu o. Ke boŋ migblɔ nya siwo nyo eye woate ŋu ado ame siwo le esem la ɖe ŋgɔ, eye migblɔ nu siwo ko ahe yayra vɛ na wo. 30 Migana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naxa nu le miaƒe agbenɔnɔ ta o. Miɖo ŋku edzi be eyae nye ame si dea dzesi mi be miate ŋu ado gbe ma gbe esi woawu ɖeɖe tso nu vɔ̃ me ƒe dɔ la nu. 31 Midzudzɔ fuléle mia nɔewo kple dɔmedzoedodo. Migana nɔƒe aɖeke dzrewɔwɔ, nya vlo gbɔgblɔ kple fuléle amewo le miaƒe agbenɔnɔ me o. 32 Ke boŋ la, minyo dome na mia nɔewo, eye mikɔ dome ɖe amewo ŋuti, mitsɔ nu vɔ̃ ke mia nɔewo, abe ale si Mawu hã tsɔa nu vɔ̃ kea mi ene elabena kristotɔwoe mienye.

In Other Versions

Ephesians 4 in the ANGEFD

Ephesians 4 in the ANTPNG2D

Ephesians 4 in the AS21

Ephesians 4 in the BAGH

Ephesians 4 in the BBPNG

Ephesians 4 in the BBT1E

Ephesians 4 in the BDS

Ephesians 4 in the BHAD

Ephesians 4 in the BIB

Ephesians 4 in the BLPT

Ephesians 4 in the BNT

Ephesians 4 in the BNTABOOT

Ephesians 4 in the BNTLV

Ephesians 4 in the BOATCB

Ephesians 4 in the BOATCB2

Ephesians 4 in the BOBCV

Ephesians 4 in the BOCNT

Ephesians 4 in the BOECS

Ephesians 4 in the BOGWICC

Ephesians 4 in the BOHCB

Ephesians 4 in the BOHCV

Ephesians 4 in the BOHLNT

Ephesians 4 in the BOHNTLTAL

Ephesians 4 in the BOICB

Ephesians 4 in the BOILNTAP

Ephesians 4 in the BOITCV

Ephesians 4 in the BOKCV

Ephesians 4 in the BOKCV2

Ephesians 4 in the BOKHWOG

Ephesians 4 in the BOKSSV

Ephesians 4 in the BOLCB

Ephesians 4 in the BOLCB2

Ephesians 4 in the BOMCV

Ephesians 4 in the BONAV

Ephesians 4 in the BONCB

Ephesians 4 in the BONLT

Ephesians 4 in the BONUT2

Ephesians 4 in the BOPLNT

Ephesians 4 in the BOSCB

Ephesians 4 in the BOSNC

Ephesians 4 in the BOTLNT

Ephesians 4 in the BOVCB

Ephesians 4 in the BOYCB

Ephesians 4 in the BPBB

Ephesians 4 in the BPH

Ephesians 4 in the BSB

Ephesians 4 in the CCB

Ephesians 4 in the CUV

Ephesians 4 in the CUVS

Ephesians 4 in the DBT

Ephesians 4 in the DGDNT

Ephesians 4 in the DHNT

Ephesians 4 in the DNT

Ephesians 4 in the ELBE

Ephesians 4 in the EMTV

Ephesians 4 in the ESV

Ephesians 4 in the FBV

Ephesians 4 in the FEB

Ephesians 4 in the GGMNT

Ephesians 4 in the GNT

Ephesians 4 in the HARY

Ephesians 4 in the HNT

Ephesians 4 in the IRVA

Ephesians 4 in the IRVB

Ephesians 4 in the IRVG

Ephesians 4 in the IRVH

Ephesians 4 in the IRVK

Ephesians 4 in the IRVM

Ephesians 4 in the IRVM2

Ephesians 4 in the IRVO

Ephesians 4 in the IRVP

Ephesians 4 in the IRVT

Ephesians 4 in the IRVT2

Ephesians 4 in the IRVU

Ephesians 4 in the ISVN

Ephesians 4 in the JSNT

Ephesians 4 in the KAPI

Ephesians 4 in the KBT1ETNIK

Ephesians 4 in the KBV

Ephesians 4 in the KJV

Ephesians 4 in the KNFD

Ephesians 4 in the LBA

Ephesians 4 in the LBLA

Ephesians 4 in the LNT

Ephesians 4 in the LSV

Ephesians 4 in the MAAL

Ephesians 4 in the MBV

Ephesians 4 in the MBV2

Ephesians 4 in the MHNT

Ephesians 4 in the MKNFD

Ephesians 4 in the MNG

Ephesians 4 in the MNT

Ephesians 4 in the MNT2

Ephesians 4 in the MRS1T

Ephesians 4 in the NAA

Ephesians 4 in the NASB

Ephesians 4 in the NBLA

Ephesians 4 in the NBS

Ephesians 4 in the NBVTP

Ephesians 4 in the NET2

Ephesians 4 in the NIV11

Ephesians 4 in the NNT

Ephesians 4 in the NNT2

Ephesians 4 in the NNT3

Ephesians 4 in the PDDPT

Ephesians 4 in the PFNT

Ephesians 4 in the RMNT

Ephesians 4 in the SBIAS

Ephesians 4 in the SBIBS

Ephesians 4 in the SBIBS2

Ephesians 4 in the SBICS

Ephesians 4 in the SBIDS

Ephesians 4 in the SBIGS

Ephesians 4 in the SBIHS

Ephesians 4 in the SBIIS

Ephesians 4 in the SBIIS2

Ephesians 4 in the SBIIS3

Ephesians 4 in the SBIKS

Ephesians 4 in the SBIKS2

Ephesians 4 in the SBIMS

Ephesians 4 in the SBIOS

Ephesians 4 in the SBIPS

Ephesians 4 in the SBISS

Ephesians 4 in the SBITS

Ephesians 4 in the SBITS2

Ephesians 4 in the SBITS3

Ephesians 4 in the SBITS4

Ephesians 4 in the SBIUS

Ephesians 4 in the SBIVS

Ephesians 4 in the SBT

Ephesians 4 in the SBT1E

Ephesians 4 in the SCHL

Ephesians 4 in the SNT

Ephesians 4 in the SUSU

Ephesians 4 in the SUSU2

Ephesians 4 in the SYNO

Ephesians 4 in the TBIAOTANT

Ephesians 4 in the TBT1E

Ephesians 4 in the TBT1E2

Ephesians 4 in the TFTIP

Ephesians 4 in the TFTU

Ephesians 4 in the TGNTATF3T

Ephesians 4 in the THAI

Ephesians 4 in the TNFD

Ephesians 4 in the TNT

Ephesians 4 in the TNTIK

Ephesians 4 in the TNTIL

Ephesians 4 in the TNTIN

Ephesians 4 in the TNTIP

Ephesians 4 in the TNTIZ

Ephesians 4 in the TOMA

Ephesians 4 in the TTENT

Ephesians 4 in the UBG

Ephesians 4 in the UGV

Ephesians 4 in the UGV2

Ephesians 4 in the UGV3

Ephesians 4 in the VBL

Ephesians 4 in the VDCC

Ephesians 4 in the YALU

Ephesians 4 in the YAPE

Ephesians 4 in the YBVTP

Ephesians 4 in the ZBP