Ephesians 4 (BOECS)

1 Nye, ame si le ga me le afi sia ɖe Aƒetɔ la subɔsubɔ ta lae le kuku ɖem na mi, be mianɔ agbe nyuie, eye miadze na yɔyɔ tɔxɛ sia. 2 Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mifa tu. Migbɔ dzi ɖi, eye miatsɔ ake mia nɔewo le lɔlɔ̃ me. 3 Midze agbagba mianɔ anyi le Gbɔgbɔ la ƒe ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me. 4 Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖekae li, abe ale si woyɔ mi na mɔkpɔkpɔ ɖeka ene. 5 Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka kple mawutsideta ɖekae li; 6 Mawu ɖekae kple Fofo ɖeka na mí katã, ame si nye nuwo katã, eye wòle nu sia nu me. 7 Ke wotsɔ amenuveve na mía dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si Kristo na mí ene. 8 Esia ta woŋlɔ ɖi be,“Esi wòlia yi dzi la,eɖe aboyo ame geɖewo dzoe,eye wòna nunana amewo.” 9 (“Eɖi va anyi” gɔme ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyigba, yi ɖe keke anyigba tume ke. 10 Eya ame si ɖi va anyi la, eya kee lia yi dzi ʋĩi, gbɔ dziƒowo ŋu ʋĩi, be wòayɔ xexea me katã.) 11 Eyae na ame aɖewo nye apostolowo, ame aɖewo nye nyagblɔɖilawo, ame aɖewo hã nye nyanyuigblɔlawo, ame aɖewo nye osɔfowo kple nufialawo, 12 be woadzra Mawu ƒe amewo ɖo hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔwo, be woatu Kristo ƒe ŋutilã ɖo 13 va se ɖe esime míewɔ ɖeka le xɔse kple sidzedze Mawu ƒe Vi la me, eye míetsi hede blibo le Kristo me. 14 Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o, ame siwo anɔ yiyim, anɔ gbɔgbɔm abe ale si ƒutsotsoe kple ya lɔa nu ɖe nu ene, to amewo ƒe alakpanufiafiawo, ayedzedze kple beble nuwɔnawo me o, 15 ke boŋ míagblɔ nyateƒe na mía nɔewo le lɔlɔ̃ me, ale be le nuwo katã me la, míatsi, ali ke le Kristo, ame si nye ta na hame la me. 16 Tso eya amea me la, wolé ŋutilã la ƒo ƒu helé wo nɔewo ɖe asi, eye ŋutilã la tsina le lɔlɔ̃ me, elabena ŋutinuwo katã le woƒe dɔwo wɔm. 17 Azɔ la, mele esia gblɔm na mi, eye mele gbe tem ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miaganɔ agbe azɔ abe ame siwo menye Yudatɔwo ene le woƒe tamesusu ƒe dzodzronyenye me o. 18 Ame siawo la, woƒe susuwo me do viviti, eye woma ɖa tso Mawu gbɔ, elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta. 19 Esi ŋukpe aɖeke megale mo na wo o ta la, wotsɔ wo ɖokuiwo na nu tovo wɔwɔ, ale be woakpɔ gome le ŋunyɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me, eye wole nu sia wɔwɔ dzi ɣe sia ɣi. 20 Ke miawo la, menye aleae mienya Kristoe o. 21 Vavã miese eŋkɔ, eye wofia nu mi le eya amea me, le nyateƒe si le Yesu me la nu. 22 Wofia nu mi ku ɖe miaƒe agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, be miaɖe asi le agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, agbe si le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi, to eƒe beblenudzodzrowo me. 23 Ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee, 24 eye mianɔ agbe yeye si wowɔ wòle abe Mawu ene le dzɔdzɔenyenye vavã kple kɔkɔenyenye me. 25 Esia ta ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe aʋatsokaka ɖa, eye wòagblɔ nyateƒe na nɔvia, elabena ŋutinu ɖekawo míenye. 26 Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o. 27 Mègana mɔnukpɔkpɔ Abosam o. 28 Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ dɔ, netsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ nyui, si aɖe vi nɛ be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo. 29 Migana nya vlo aɖeke megado go le mia nu o, ke boŋ migblɔ nya siwo nyo, eye woate ŋu ado ŋusẽ ame siwo le esem la, eye wòaɖe vi na eselawo. 30 Migado nuxaxa na Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabena eyae wotsɔ de dzesi mi hena miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ. 31 Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu. 32 Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene.

In Other Versions

Ephesians 4 in the ANGEFD

Ephesians 4 in the ANTPNG2D

Ephesians 4 in the AS21

Ephesians 4 in the BAGH

Ephesians 4 in the BBPNG

Ephesians 4 in the BBT1E

Ephesians 4 in the BDS

Ephesians 4 in the BEV

Ephesians 4 in the BHAD

Ephesians 4 in the BIB

Ephesians 4 in the BLPT

Ephesians 4 in the BNT

Ephesians 4 in the BNTABOOT

Ephesians 4 in the BNTLV

Ephesians 4 in the BOATCB

Ephesians 4 in the BOATCB2

Ephesians 4 in the BOBCV

Ephesians 4 in the BOCNT

Ephesians 4 in the BOGWICC

Ephesians 4 in the BOHCB

Ephesians 4 in the BOHCV

Ephesians 4 in the BOHLNT

Ephesians 4 in the BOHNTLTAL

Ephesians 4 in the BOICB

Ephesians 4 in the BOILNTAP

Ephesians 4 in the BOITCV

Ephesians 4 in the BOKCV

Ephesians 4 in the BOKCV2

Ephesians 4 in the BOKHWOG

Ephesians 4 in the BOKSSV

Ephesians 4 in the BOLCB

Ephesians 4 in the BOLCB2

Ephesians 4 in the BOMCV

Ephesians 4 in the BONAV

Ephesians 4 in the BONCB

Ephesians 4 in the BONLT

Ephesians 4 in the BONUT2

Ephesians 4 in the BOPLNT

Ephesians 4 in the BOSCB

Ephesians 4 in the BOSNC

Ephesians 4 in the BOTLNT

Ephesians 4 in the BOVCB

Ephesians 4 in the BOYCB

Ephesians 4 in the BPBB

Ephesians 4 in the BPH

Ephesians 4 in the BSB

Ephesians 4 in the CCB

Ephesians 4 in the CUV

Ephesians 4 in the CUVS

Ephesians 4 in the DBT

Ephesians 4 in the DGDNT

Ephesians 4 in the DHNT

Ephesians 4 in the DNT

Ephesians 4 in the ELBE

Ephesians 4 in the EMTV

Ephesians 4 in the ESV

Ephesians 4 in the FBV

Ephesians 4 in the FEB

Ephesians 4 in the GGMNT

Ephesians 4 in the GNT

Ephesians 4 in the HARY

Ephesians 4 in the HNT

Ephesians 4 in the IRVA

Ephesians 4 in the IRVB

Ephesians 4 in the IRVG

Ephesians 4 in the IRVH

Ephesians 4 in the IRVK

Ephesians 4 in the IRVM

Ephesians 4 in the IRVM2

Ephesians 4 in the IRVO

Ephesians 4 in the IRVP

Ephesians 4 in the IRVT

Ephesians 4 in the IRVT2

Ephesians 4 in the IRVU

Ephesians 4 in the ISVN

Ephesians 4 in the JSNT

Ephesians 4 in the KAPI

Ephesians 4 in the KBT1ETNIK

Ephesians 4 in the KBV

Ephesians 4 in the KJV

Ephesians 4 in the KNFD

Ephesians 4 in the LBA

Ephesians 4 in the LBLA

Ephesians 4 in the LNT

Ephesians 4 in the LSV

Ephesians 4 in the MAAL

Ephesians 4 in the MBV

Ephesians 4 in the MBV2

Ephesians 4 in the MHNT

Ephesians 4 in the MKNFD

Ephesians 4 in the MNG

Ephesians 4 in the MNT

Ephesians 4 in the MNT2

Ephesians 4 in the MRS1T

Ephesians 4 in the NAA

Ephesians 4 in the NASB

Ephesians 4 in the NBLA

Ephesians 4 in the NBS

Ephesians 4 in the NBVTP

Ephesians 4 in the NET2

Ephesians 4 in the NIV11

Ephesians 4 in the NNT

Ephesians 4 in the NNT2

Ephesians 4 in the NNT3

Ephesians 4 in the PDDPT

Ephesians 4 in the PFNT

Ephesians 4 in the RMNT

Ephesians 4 in the SBIAS

Ephesians 4 in the SBIBS

Ephesians 4 in the SBIBS2

Ephesians 4 in the SBICS

Ephesians 4 in the SBIDS

Ephesians 4 in the SBIGS

Ephesians 4 in the SBIHS

Ephesians 4 in the SBIIS

Ephesians 4 in the SBIIS2

Ephesians 4 in the SBIIS3

Ephesians 4 in the SBIKS

Ephesians 4 in the SBIKS2

Ephesians 4 in the SBIMS

Ephesians 4 in the SBIOS

Ephesians 4 in the SBIPS

Ephesians 4 in the SBISS

Ephesians 4 in the SBITS

Ephesians 4 in the SBITS2

Ephesians 4 in the SBITS3

Ephesians 4 in the SBITS4

Ephesians 4 in the SBIUS

Ephesians 4 in the SBIVS

Ephesians 4 in the SBT

Ephesians 4 in the SBT1E

Ephesians 4 in the SCHL

Ephesians 4 in the SNT

Ephesians 4 in the SUSU

Ephesians 4 in the SUSU2

Ephesians 4 in the SYNO

Ephesians 4 in the TBIAOTANT

Ephesians 4 in the TBT1E

Ephesians 4 in the TBT1E2

Ephesians 4 in the TFTIP

Ephesians 4 in the TFTU

Ephesians 4 in the TGNTATF3T

Ephesians 4 in the THAI

Ephesians 4 in the TNFD

Ephesians 4 in the TNT

Ephesians 4 in the TNTIK

Ephesians 4 in the TNTIL

Ephesians 4 in the TNTIN

Ephesians 4 in the TNTIP

Ephesians 4 in the TNTIZ

Ephesians 4 in the TOMA

Ephesians 4 in the TTENT

Ephesians 4 in the UBG

Ephesians 4 in the UGV

Ephesians 4 in the UGV2

Ephesians 4 in the UGV3

Ephesians 4 in the VBL

Ephesians 4 in the VDCC

Ephesians 4 in the YALU

Ephesians 4 in the YAPE

Ephesians 4 in the YBVTP

Ephesians 4 in the ZBP