Galatians 3 (BEV)

1 O, mi Galatiatɔ tsibomewo! Ame kae flu mo na mi eye wòhe gbɔgbɔ vɔ̃ va mia dzii? Elabena tsã la, miesea Yesu Kristo ƒe ku gɔme nyuie abe ɖe metsɔ nutata aɖe si me Yesu nɔ kukum le atitsoga ŋu fia mi ene. 2 Mina mabia nya ɖeka sia mi: Ɖe miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la to Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ mea? Kura o! Elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi esime miese nu tso Kristo ŋu eye miexɔ edzi se be aɖe yewo la megbe. 3 Ekema ɖe miele tsu kum azɔa? Elabena ne agbagbadzedze be woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi mena agbe mi le gbɔgbɔ me o la, nu ka ta miebu be agbagbadzedze be yewoawɔ wo dzi awɔ mi azɔ kristotɔ nyuiwo wu? 4 Miekpe fu geɖe ɖe nyanyui la ta. Miele didim azɔ be yewoaɖe asi le nyanyui la ŋu. Esẽ nam be maxɔ nu sia dzi ase! 5 Megale mia biam be ɖe Mawu na Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ mi eye wòwɔ nukunuwo le mia dome le miaƒe agbagbadzedze be yewoawɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi taa? Mele nenema kura o. Esime miexɔ Kristo dzi se eye mieɖo ŋu ɖe eŋu tso dzi blibo me tae. 6 Nenema kee wònɔ na Abraham hã. Nu si na Mawu kpɔe be edze na dziƒo koe nye be, exɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se. 7 Miate ŋu akpɔe tso esia me be ame siwo nye Abraham ƒe vi vavãwo lae nye ame siwo katã xɔ Mawu dzi se nyateƒetɔe. 8 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la kpɔe do ŋgɔ be Mawu atso afia na Trɔ̃subɔlawo le xɔse me, eya ta wòɖe gbeƒã na Abraham do ŋgɔe be, “Woyra dukɔwo le mewò.” 9 Eya ta woyra ame siwo katã xɔse la kple xɔsetɔ Abraham. 10 Ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe sea dzi wɔwɔ dzi la le fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woƒo fi de ame sia ame si melé nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽame la me ɖe asi o.” 11 Eme kɔ ƒãa be womatso afia na ame aɖeke le Mawu gbɔ to se la me o, elabena woŋlɔ ɖi be, “Ame dzɔdzɔe la anɔ gbe le xɔse me.” 12 Wometu Sea ɖe xɔse dzi o, ke boŋ mawunya gblɔ bena, “Ame si awɔ nu siawo la anɔ agbe ɖe wo nu.” 13 Kristo ɖe mí tso Se la ƒe fiƒode me, esi wòzu fiƒode ɖe mía teƒe, elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Woƒo fi de ame sia ame si woklã ɖe ati ŋuti.” 14 Ale woɖe mí be yayra si wotsɔ na Abraham la nava Trɔ̃subɔlawo hã dzi to Kristo Yesu me, ale be to xɔse me míaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu tsɔ do ŋugbee. 15 Nɔvi lɔlɔ̃awo, le míaƒe agbenɔnɔ gbe sia gbe me gɔ̃ hã la, ne ame aɖe do ŋugbe na nɔvia eye wòŋlɔe da ɖi, de asi ete la, womagate ŋu atrɔe o. Ŋugbedola magate ŋu atrɔ tame be yeawɔ nu bubu o. 16 Azɔ la, Mawu do ŋugbe aɖewo na Abraham kple Via. Ɖo ŋku edzi be nya sia megblɔ be wodo ŋugbe na viawo o; anye ne esia afia be via siwo katã nye Yudatɔwo. Ke wodo ŋugbe na Via eye esia gɔmee nye na Kristo. 17 Nu si mele didim be magblɔ lae nye esi: Mawu ƒe ŋugbe si wòdo be woaɖe ame to xɔse me la eŋlɔ ŋugbedodo sia da ɖi eye wòde asi ete; womate ŋu aɣlae alo atrɔe ƒe alafa ene blaetɔ̃ megbe, esi Mawu na Se Ewoawo o. 18 Ne se mawo dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe mí la, ekema eme kɔ ƒãa bena esia ato vovo sã tso Abraham ƒe mɔ gbɔ elabena ɖe ko Abraham ya xɔ Mawu ƒe ŋugbedodo dzi se. 19 Enyo: Nu ka tae wode se mawo? Wotsɔ se siawo kpe ɖe tsãtɔwo ŋu le ŋugbe sia dodo vɔ megbe be woafia amewo ƒe fɔɖiɖi ne woda Mawu ƒe sewo dzi. Ke se siawo anɔ anyi va se ɖe Kristo, Vi, si Mawu do ŋugbe na la ƒe vava dzi ko. Vovototo bubu sia hã gali. Mawu tsɔ eƒe seawo na mawudɔlawo be woatsɔ ana Mose, eye eya hã tsɔ wo na eƒe amewo. 20 Ke esi Mawu do ŋugbe na Abraham la, eya ŋutɔe doe na Abraham; metsɔ ŋugbedodo la to mawudɔlawo alo Mose dzi o. 21 Ekema ɖe se la tsi tre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu mahã? Gbeɖe! Elabena nenye ɖe se si wona la ana agbe la, anye ne dzɔdzɔenyenye ava to se la me vavã. 22 Gake Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexeame katã le nu vɔ̃ ƒe game, ale be ŋugbe si wodo be to Yesu Kristo dzixɔse me ame siwo xɔse la akpɔɖeɖe la nasu wo si. 23 Do ŋgɔ na Kristo ƒe vava la, se la dzɔ mía ŋu abe gamenɔlawo ene va se ɖe esime míaxɔ Ɖela si gbɔna la dzi ase. 24 Mina magagblɔe ale: Yudatɔwo ƒe sewo nye míaƒe nufiala kple mɔfiala va se ɖe esime Kristo va be yeana míanɔ nyuie kple Mawu to míaƒe xɔse me. 25 Ke azɔ esi Kristo va la, míegahiã se mawo be woadzɔ mía ŋu eye woakplɔ mí ayi egbɔe o. 26 Elabena azɔ la, mí katã míenye Mawu viwo to Yesu Kristo dzixɔse me, 27 eye mí ame siwo wode mawutsi ta na ɖe ɖekawɔwɔ kple Kristo me la, míedo Yesu abe awu ene. 28 Míeganye Yudatɔwo alo Helatɔwo, kluviwo alo ablɔɖeviwo, ŋutsuwo alo nyɔnuwo gɔ̃ hã o, ke mí katã míele ɖeka; míenye kristotɔwo; míele ɖeka le Kristo Yesu me. 29 Ke azɔ la, esi míenye kristotɔwo la, míenye Abraham ŋutɔ ƒe dzidzimeviwo eye Mawu ƒe ŋugbe siwo katã wòdo na Abraham la nye mía tɔ.

In Other Versions

Galatians 3 in the ANGEFD

Galatians 3 in the ANTPNG2D

Galatians 3 in the AS21

Galatians 3 in the BAGH

Galatians 3 in the BBPNG

Galatians 3 in the BBT1E

Galatians 3 in the BDS

Galatians 3 in the BHAD

Galatians 3 in the BIB

Galatians 3 in the BLPT

Galatians 3 in the BNT

Galatians 3 in the BNTABOOT

Galatians 3 in the BNTLV

Galatians 3 in the BOATCB

Galatians 3 in the BOATCB2

Galatians 3 in the BOBCV

Galatians 3 in the BOCNT

Galatians 3 in the BOECS

Galatians 3 in the BOGWICC

Galatians 3 in the BOHCB

Galatians 3 in the BOHCV

Galatians 3 in the BOHLNT

Galatians 3 in the BOHNTLTAL

Galatians 3 in the BOICB

Galatians 3 in the BOILNTAP

Galatians 3 in the BOITCV

Galatians 3 in the BOKCV

Galatians 3 in the BOKCV2

Galatians 3 in the BOKHWOG

Galatians 3 in the BOKSSV

Galatians 3 in the BOLCB

Galatians 3 in the BOLCB2

Galatians 3 in the BOMCV

Galatians 3 in the BONAV

Galatians 3 in the BONCB

Galatians 3 in the BONLT

Galatians 3 in the BONUT2

Galatians 3 in the BOPLNT

Galatians 3 in the BOSCB

Galatians 3 in the BOSNC

Galatians 3 in the BOTLNT

Galatians 3 in the BOVCB

Galatians 3 in the BOYCB

Galatians 3 in the BPBB

Galatians 3 in the BPH

Galatians 3 in the BSB

Galatians 3 in the CCB

Galatians 3 in the CUV

Galatians 3 in the CUVS

Galatians 3 in the DBT

Galatians 3 in the DGDNT

Galatians 3 in the DHNT

Galatians 3 in the DNT

Galatians 3 in the ELBE

Galatians 3 in the EMTV

Galatians 3 in the ESV

Galatians 3 in the FBV

Galatians 3 in the FEB

Galatians 3 in the GGMNT

Galatians 3 in the GNT

Galatians 3 in the HARY

Galatians 3 in the HNT

Galatians 3 in the IRVA

Galatians 3 in the IRVB

Galatians 3 in the IRVG

Galatians 3 in the IRVH

Galatians 3 in the IRVK

Galatians 3 in the IRVM

Galatians 3 in the IRVM2

Galatians 3 in the IRVO

Galatians 3 in the IRVP

Galatians 3 in the IRVT

Galatians 3 in the IRVT2

Galatians 3 in the IRVU

Galatians 3 in the ISVN

Galatians 3 in the JSNT

Galatians 3 in the KAPI

Galatians 3 in the KBT1ETNIK

Galatians 3 in the KBV

Galatians 3 in the KJV

Galatians 3 in the KNFD

Galatians 3 in the LBA

Galatians 3 in the LBLA

Galatians 3 in the LNT

Galatians 3 in the LSV

Galatians 3 in the MAAL

Galatians 3 in the MBV

Galatians 3 in the MBV2

Galatians 3 in the MHNT

Galatians 3 in the MKNFD

Galatians 3 in the MNG

Galatians 3 in the MNT

Galatians 3 in the MNT2

Galatians 3 in the MRS1T

Galatians 3 in the NAA

Galatians 3 in the NASB

Galatians 3 in the NBLA

Galatians 3 in the NBS

Galatians 3 in the NBVTP

Galatians 3 in the NET2

Galatians 3 in the NIV11

Galatians 3 in the NNT

Galatians 3 in the NNT2

Galatians 3 in the NNT3

Galatians 3 in the PDDPT

Galatians 3 in the PFNT

Galatians 3 in the RMNT

Galatians 3 in the SBIAS

Galatians 3 in the SBIBS

Galatians 3 in the SBIBS2

Galatians 3 in the SBICS

Galatians 3 in the SBIDS

Galatians 3 in the SBIGS

Galatians 3 in the SBIHS

Galatians 3 in the SBIIS

Galatians 3 in the SBIIS2

Galatians 3 in the SBIIS3

Galatians 3 in the SBIKS

Galatians 3 in the SBIKS2

Galatians 3 in the SBIMS

Galatians 3 in the SBIOS

Galatians 3 in the SBIPS

Galatians 3 in the SBISS

Galatians 3 in the SBITS

Galatians 3 in the SBITS2

Galatians 3 in the SBITS3

Galatians 3 in the SBITS4

Galatians 3 in the SBIUS

Galatians 3 in the SBIVS

Galatians 3 in the SBT

Galatians 3 in the SBT1E

Galatians 3 in the SCHL

Galatians 3 in the SNT

Galatians 3 in the SUSU

Galatians 3 in the SUSU2

Galatians 3 in the SYNO

Galatians 3 in the TBIAOTANT

Galatians 3 in the TBT1E

Galatians 3 in the TBT1E2

Galatians 3 in the TFTIP

Galatians 3 in the TFTU

Galatians 3 in the TGNTATF3T

Galatians 3 in the THAI

Galatians 3 in the TNFD

Galatians 3 in the TNT

Galatians 3 in the TNTIK

Galatians 3 in the TNTIL

Galatians 3 in the TNTIN

Galatians 3 in the TNTIP

Galatians 3 in the TNTIZ

Galatians 3 in the TOMA

Galatians 3 in the TTENT

Galatians 3 in the UBG

Galatians 3 in the UGV

Galatians 3 in the UGV2

Galatians 3 in the UGV3

Galatians 3 in the VBL

Galatians 3 in the VDCC

Galatians 3 in the YALU

Galatians 3 in the YAPE

Galatians 3 in the YBVTP

Galatians 3 in the ZBP