Galatians 3 (BOECS)

1 O, mi Galatiatɔ bometsilawo! Ame kae flu mi? Miawo ŋutɔwoe wogblɔ Yesu Kristo ƒe kaklã ɖe atitsoga ŋuti ƒe nya na. 2 Medi be mabia nya aɖe mi: Ɖe miexɔ Gbɔgbɔ la to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea? 3 Ɖe mietsi bome nenema gbegbea? Esi mietsɔ Gbɔgbɔ la dze egɔmee la, azɔ ɖe miedi be yewoatsɔ ŋutilã awu enua? 4 Ɖe miekpe fu siawo dzodzroa, nenye dzodzroe hã? 5 Eya ta megale biabiam be ɖe Mawu tsɔ eƒe Gbɔgbɔ la na mi, eye wòwɔ nukunuwo le mia dome to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea? 6 Nenema ke Abraham hã xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ. 7 Eya ta mise egɔme be ame siwo si xɔse le la, woawoe nye Abraham ƒe viwo. 8 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la kpɔe do ŋgɔ be Mawu atso afia na ame siwo menye Yudatɔwo o la le xɔse me, eya ta wòɖe gbeƒã nyanyui la na Abraham do ŋgɔe be, “Woayra dukɔwo katã to dziwò.” 9 Eya ta ame siwo katã si xɔse le la, woyra woawo hã abe Abraham, ame si xɔ Mawu dzi se la ene. 10 Elabena ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woaƒo fi ade ame sia ame si menɔ agbe ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽ la me la nu o.” 11 Eme kɔ ƒãa be Mawu matso afia na ame aɖeke to se la dzi wɔwɔ me o, elabena woŋlɔ ɖi be, “Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe to xɔse me.” 12 Wometu se la ɖe xɔse dzi o, ke boŋ mawunya gblɔ be, “Ame si wɔ nu siawo la, anɔ agbe ɖe wo nu.” 13 Kristo ɖe mí tso se la ƒe fiƒode me, esi wòzu fiƒode ɖe mía teƒe elabena mawunya gblɔ be, “Woƒo fi de ame sia ame si woklã ɖe ati ŋuti la.” 14 Eɖe mí bena Abraham ƒe yayra nava ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi to Kristo Yesu me, ale be to xɔse me la, míaxɔ Gbɔgbɔ la ƒe ŋugbedodo. 15 Nɔviwo, mana kpɔɖeŋu aɖe mi tso gbe sia gbe-gbenɔnɔ me. Abe ale si ame aɖeke mate ŋu atu alo atsɔ naneke akpe ɖe nubabla si amegbetɔwo wɔ ŋu o ene la, nenema wòle le go sia me hã. 16 Ŋugbedodo la nye Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tɔ. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la megblɔ be “na dzidzimeviwo o” si gɔmee nye ame geɖewo, ke boŋ “na wò dzidzimeviwo” si gɔmee nye ame ɖeka si nye Kristo. 17 Nu si gblɔm mele la gɔmee nye: Se si wowɔ le ƒe 430 megbe la, mete ŋu tu nubabla si Mawu wɔ do ŋgɔ la o, nenema ke metu ŋugbedodo la hã o. 18 Elabena ne domenyinyi la ku ɖe se la ŋu la, ekema megaku ɖe ŋugbedodo la ŋu o; ke Mawu to ŋugbedodo la me tsɔe ke Abraham. 19 Nu ka ta koŋ wona se la ɖo? Wotsɔ se la kpe ɖe eŋu ɖe vodadawo ta va se ɖe esime dzidzime, si ŋuti ŋugbedodo la ku ɖo la nava. Wona se la to mawudɔlawo dzi, eye wotsɔe de asi na avuléla. 20 Ke avuléla menye ame ɖeka o; gake Mawu la ya nye ɖeka. 21 Ekema ɖe se la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋutia? Gbeɖe! Elabena ne se si wona la ana agbe la, ekema dzɔdzɔenyenye ava to se la me. 22 Gake Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexea me katã le nu vɔ̃ ƒe babla me, be ŋugbedodo si Mawu na to Yesu Kristo dzixɔse me la nasu ame siwo xɔe se la si. 23 Hafi xɔse sia nava la, míenɔ babla me le se la te va se ɖe esime woɖe xɔse si le vava ge la ɖe go. 24 Ale se la zu míaƒe mɔfiala va se ɖe esime Kristo va be woatso afia na mí to xɔse me. 25 Azɔ esi xɔse sia va la, míegale se, si nye mɔfiala la te o. 26 Elabena le Kristo Yesu me la, mi katã mienye Mawu ƒe viwo to xɔse me, 27 elabena mi ame siwo wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo abe awu ene. 28 Azɔ la, Yudatɔ alo ame si menye Yudatɔ o la megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; ŋutsu alo nyɔnu megali o; elabena mi katã miele ɖeka le Kristo Yesu me. 29 Ne mienye Kristo tɔ la, ekema mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo kple domenyilawo le ŋugbedodo la nu.

In Other Versions

Galatians 3 in the ANGEFD

Galatians 3 in the ANTPNG2D

Galatians 3 in the AS21

Galatians 3 in the BAGH

Galatians 3 in the BBPNG

Galatians 3 in the BBT1E

Galatians 3 in the BDS

Galatians 3 in the BEV

Galatians 3 in the BHAD

Galatians 3 in the BIB

Galatians 3 in the BLPT

Galatians 3 in the BNT

Galatians 3 in the BNTABOOT

Galatians 3 in the BNTLV

Galatians 3 in the BOATCB

Galatians 3 in the BOATCB2

Galatians 3 in the BOBCV

Galatians 3 in the BOCNT

Galatians 3 in the BOGWICC

Galatians 3 in the BOHCB

Galatians 3 in the BOHCV

Galatians 3 in the BOHLNT

Galatians 3 in the BOHNTLTAL

Galatians 3 in the BOICB

Galatians 3 in the BOILNTAP

Galatians 3 in the BOITCV

Galatians 3 in the BOKCV

Galatians 3 in the BOKCV2

Galatians 3 in the BOKHWOG

Galatians 3 in the BOKSSV

Galatians 3 in the BOLCB

Galatians 3 in the BOLCB2

Galatians 3 in the BOMCV

Galatians 3 in the BONAV

Galatians 3 in the BONCB

Galatians 3 in the BONLT

Galatians 3 in the BONUT2

Galatians 3 in the BOPLNT

Galatians 3 in the BOSCB

Galatians 3 in the BOSNC

Galatians 3 in the BOTLNT

Galatians 3 in the BOVCB

Galatians 3 in the BOYCB

Galatians 3 in the BPBB

Galatians 3 in the BPH

Galatians 3 in the BSB

Galatians 3 in the CCB

Galatians 3 in the CUV

Galatians 3 in the CUVS

Galatians 3 in the DBT

Galatians 3 in the DGDNT

Galatians 3 in the DHNT

Galatians 3 in the DNT

Galatians 3 in the ELBE

Galatians 3 in the EMTV

Galatians 3 in the ESV

Galatians 3 in the FBV

Galatians 3 in the FEB

Galatians 3 in the GGMNT

Galatians 3 in the GNT

Galatians 3 in the HARY

Galatians 3 in the HNT

Galatians 3 in the IRVA

Galatians 3 in the IRVB

Galatians 3 in the IRVG

Galatians 3 in the IRVH

Galatians 3 in the IRVK

Galatians 3 in the IRVM

Galatians 3 in the IRVM2

Galatians 3 in the IRVO

Galatians 3 in the IRVP

Galatians 3 in the IRVT

Galatians 3 in the IRVT2

Galatians 3 in the IRVU

Galatians 3 in the ISVN

Galatians 3 in the JSNT

Galatians 3 in the KAPI

Galatians 3 in the KBT1ETNIK

Galatians 3 in the KBV

Galatians 3 in the KJV

Galatians 3 in the KNFD

Galatians 3 in the LBA

Galatians 3 in the LBLA

Galatians 3 in the LNT

Galatians 3 in the LSV

Galatians 3 in the MAAL

Galatians 3 in the MBV

Galatians 3 in the MBV2

Galatians 3 in the MHNT

Galatians 3 in the MKNFD

Galatians 3 in the MNG

Galatians 3 in the MNT

Galatians 3 in the MNT2

Galatians 3 in the MRS1T

Galatians 3 in the NAA

Galatians 3 in the NASB

Galatians 3 in the NBLA

Galatians 3 in the NBS

Galatians 3 in the NBVTP

Galatians 3 in the NET2

Galatians 3 in the NIV11

Galatians 3 in the NNT

Galatians 3 in the NNT2

Galatians 3 in the NNT3

Galatians 3 in the PDDPT

Galatians 3 in the PFNT

Galatians 3 in the RMNT

Galatians 3 in the SBIAS

Galatians 3 in the SBIBS

Galatians 3 in the SBIBS2

Galatians 3 in the SBICS

Galatians 3 in the SBIDS

Galatians 3 in the SBIGS

Galatians 3 in the SBIHS

Galatians 3 in the SBIIS

Galatians 3 in the SBIIS2

Galatians 3 in the SBIIS3

Galatians 3 in the SBIKS

Galatians 3 in the SBIKS2

Galatians 3 in the SBIMS

Galatians 3 in the SBIOS

Galatians 3 in the SBIPS

Galatians 3 in the SBISS

Galatians 3 in the SBITS

Galatians 3 in the SBITS2

Galatians 3 in the SBITS3

Galatians 3 in the SBITS4

Galatians 3 in the SBIUS

Galatians 3 in the SBIVS

Galatians 3 in the SBT

Galatians 3 in the SBT1E

Galatians 3 in the SCHL

Galatians 3 in the SNT

Galatians 3 in the SUSU

Galatians 3 in the SUSU2

Galatians 3 in the SYNO

Galatians 3 in the TBIAOTANT

Galatians 3 in the TBT1E

Galatians 3 in the TBT1E2

Galatians 3 in the TFTIP

Galatians 3 in the TFTU

Galatians 3 in the TGNTATF3T

Galatians 3 in the THAI

Galatians 3 in the TNFD

Galatians 3 in the TNT

Galatians 3 in the TNTIK

Galatians 3 in the TNTIL

Galatians 3 in the TNTIN

Galatians 3 in the TNTIP

Galatians 3 in the TNTIZ

Galatians 3 in the TOMA

Galatians 3 in the TTENT

Galatians 3 in the UBG

Galatians 3 in the UGV

Galatians 3 in the UGV2

Galatians 3 in the UGV3

Galatians 3 in the VBL

Galatians 3 in the VDCC

Galatians 3 in the YALU

Galatians 3 in the YAPE

Galatians 3 in the YBVTP

Galatians 3 in the ZBP