Hebrews 12 (BEV)

1 Eya ta esi ɖaseɖilawo ƒe ha gã aɖe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe mɔxenu ɖe sia ɖe kple nu vɔ̃ si bla mí sesĩe la ɖa eye mina míake duɖime si woɖo ɖi na mí la kple vevidodo. 2 Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime. 3 Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo sime ŋu ale be miagagbɔdzɔ eye dzi naɖe le mia ƒo o. 4 Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ sime la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o. 5 Ke mieŋlɔ dzideƒonya si yɔ mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be,“Vinyeŋutsu, mègado vlo Aƒetɔ la ƒe amehehe eye dzi megaɖe le ƒowò ne eka mo na wò o, 6 elabena Aƒetɔ la ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo eye wòhea to na ame sia ame si wòxɔ abe viaŋutsu ene.” 7 Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene elabena Mawu le mia hem abe viaŋutsuwo ene elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o? 8 Ame sia ame toa hehe me eya ta ne miawo mieto hehe me o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo. 9 Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí eye míetsɔ bubu naa wo ɖe eta. Geɖe wu la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo, gbɔgbɔmetɔ, te be míanɔ agbe! 10 Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene gake Mawu ya hea to na mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me. 11 Tohehe aɖeke meli si vivia ame nu o, ke boŋ evena, ke hã la, emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ƒe kuwo na ame siwo to tohehe la te. 12 Eya ta mido ŋusẽ miaƒe abɔ siwo gbɔdzɔ kple miaƒe klo beliwo. 13 Mita mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo ale be atatututɔ matsi mɔ ta o, ke boŋ wòakpɔ dɔyɔyɔ. 14 Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenyemanɔmee la ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o. 15 Mikpɔ egbɔ be, Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke ŋu o eye mi kpɔ nyuie be gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo ahaƒo ɖi wo o. 16 Mikpɔ nyuie be ame aɖeke mezu ahĩawɔla alo anye mawumavɔ̃la abe Esau ene ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye kple eŋu domenyinuwo dzra ɖe nuɖuɖu zi ɖeka ko ta la ene o. 17 Abe ale si mienya nyuie ene la, esi wòva be yeanyi yayra sia ƒe dome emegbe la, wogbe enana. Mɔ aɖeke meli si dzi wòato be woatrɔ nu sia o, togbɔ be edi yayra sia kple aɖatsi hã. 18 Menye to si ŋuti woate ŋu aka asii, to si le bibim kple dzo la gbɔe mieva o; mieva viviti, afudodo kple ahom gbɔ o. 19 Menye kpẽɖiɖi, gbe si le nu ƒom ale be ame siwo see la ɖe kuku nɛ be megaƒo nu na yewo azɔ o la gbɔe mieva o; 20 elabena womate ŋu awɔ ɖe gbe si woɖe na wo be, “Ne lã aɖe gɔ̃ hã ka asi to la ŋu la, ele be woaƒu kpee woaku” la dzi o. 21 Nukpɔkpɔ la dzi ŋɔ ale gbegbe be Mose gblɔ be, “Mele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ.” 22 Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpe akpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me. 23 Mieva ŋgɔgbevi la ƒe hame, ame si ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒo. Mieva Mawu, ame si nye amegbetɔwo katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ. Mieva ame dzɔdzɔe siwo wowɔ blibo la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ, 24 mieva Yesu, nubabla yeye la ƒe avulé la la gbɔ kple ʋuhehlẽ si ƒo nu nyie wu Abel ƒe ʋu la gbɔ. 25 Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, ale ke míawo ya miate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo? 26 Le ɣemaɣi me la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba gake azɔ la edo ŋugbe be, “Magaʋuʋu menye anyigba ɖeɖe ko o, ke boŋ dziƒowo hã” 27 Nyagbe, “ake” ɖee fia be woaɖe nu si woate ŋu aʋuʋu la ɖa, nu siwo nye nuwɔwɔwo ale be nu siwo womate ŋu aʋuʋu o la ɖeɖe ko natsi anyi. 28 Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, 29 elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.

In Other Versions

Hebrews 12 in the ANGEFD

Hebrews 12 in the ANTPNG2D

Hebrews 12 in the AS21

Hebrews 12 in the BAGH

Hebrews 12 in the BBPNG

Hebrews 12 in the BBT1E

Hebrews 12 in the BDS

Hebrews 12 in the BHAD

Hebrews 12 in the BIB

Hebrews 12 in the BLPT

Hebrews 12 in the BNT

Hebrews 12 in the BNTABOOT

Hebrews 12 in the BNTLV

Hebrews 12 in the BOATCB

Hebrews 12 in the BOATCB2

Hebrews 12 in the BOBCV

Hebrews 12 in the BOCNT

Hebrews 12 in the BOECS

Hebrews 12 in the BOGWICC

Hebrews 12 in the BOHCB

Hebrews 12 in the BOHCV

Hebrews 12 in the BOHLNT

Hebrews 12 in the BOHNTLTAL

Hebrews 12 in the BOICB

Hebrews 12 in the BOILNTAP

Hebrews 12 in the BOITCV

Hebrews 12 in the BOKCV

Hebrews 12 in the BOKCV2

Hebrews 12 in the BOKHWOG

Hebrews 12 in the BOKSSV

Hebrews 12 in the BOLCB

Hebrews 12 in the BOLCB2

Hebrews 12 in the BOMCV

Hebrews 12 in the BONAV

Hebrews 12 in the BONCB

Hebrews 12 in the BONLT

Hebrews 12 in the BONUT2

Hebrews 12 in the BOPLNT

Hebrews 12 in the BOSCB

Hebrews 12 in the BOSNC

Hebrews 12 in the BOTLNT

Hebrews 12 in the BOVCB

Hebrews 12 in the BOYCB

Hebrews 12 in the BPBB

Hebrews 12 in the BPH

Hebrews 12 in the BSB

Hebrews 12 in the CCB

Hebrews 12 in the CUV

Hebrews 12 in the CUVS

Hebrews 12 in the DBT

Hebrews 12 in the DGDNT

Hebrews 12 in the DHNT

Hebrews 12 in the DNT

Hebrews 12 in the ELBE

Hebrews 12 in the EMTV

Hebrews 12 in the ESV

Hebrews 12 in the FBV

Hebrews 12 in the FEB

Hebrews 12 in the GGMNT

Hebrews 12 in the GNT

Hebrews 12 in the HARY

Hebrews 12 in the HNT

Hebrews 12 in the IRVA

Hebrews 12 in the IRVB

Hebrews 12 in the IRVG

Hebrews 12 in the IRVH

Hebrews 12 in the IRVK

Hebrews 12 in the IRVM

Hebrews 12 in the IRVM2

Hebrews 12 in the IRVO

Hebrews 12 in the IRVP

Hebrews 12 in the IRVT

Hebrews 12 in the IRVT2

Hebrews 12 in the IRVU

Hebrews 12 in the ISVN

Hebrews 12 in the JSNT

Hebrews 12 in the KAPI

Hebrews 12 in the KBT1ETNIK

Hebrews 12 in the KBV

Hebrews 12 in the KJV

Hebrews 12 in the KNFD

Hebrews 12 in the LBA

Hebrews 12 in the LBLA

Hebrews 12 in the LNT

Hebrews 12 in the LSV

Hebrews 12 in the MAAL

Hebrews 12 in the MBV

Hebrews 12 in the MBV2

Hebrews 12 in the MHNT

Hebrews 12 in the MKNFD

Hebrews 12 in the MNG

Hebrews 12 in the MNT

Hebrews 12 in the MNT2

Hebrews 12 in the MRS1T

Hebrews 12 in the NAA

Hebrews 12 in the NASB

Hebrews 12 in the NBLA

Hebrews 12 in the NBS

Hebrews 12 in the NBVTP

Hebrews 12 in the NET2

Hebrews 12 in the NIV11

Hebrews 12 in the NNT

Hebrews 12 in the NNT2

Hebrews 12 in the NNT3

Hebrews 12 in the PDDPT

Hebrews 12 in the PFNT

Hebrews 12 in the RMNT

Hebrews 12 in the SBIAS

Hebrews 12 in the SBIBS

Hebrews 12 in the SBIBS2

Hebrews 12 in the SBICS

Hebrews 12 in the SBIDS

Hebrews 12 in the SBIGS

Hebrews 12 in the SBIHS

Hebrews 12 in the SBIIS

Hebrews 12 in the SBIIS2

Hebrews 12 in the SBIIS3

Hebrews 12 in the SBIKS

Hebrews 12 in the SBIKS2

Hebrews 12 in the SBIMS

Hebrews 12 in the SBIOS

Hebrews 12 in the SBIPS

Hebrews 12 in the SBISS

Hebrews 12 in the SBITS

Hebrews 12 in the SBITS2

Hebrews 12 in the SBITS3

Hebrews 12 in the SBITS4

Hebrews 12 in the SBIUS

Hebrews 12 in the SBIVS

Hebrews 12 in the SBT

Hebrews 12 in the SBT1E

Hebrews 12 in the SCHL

Hebrews 12 in the SNT

Hebrews 12 in the SUSU

Hebrews 12 in the SUSU2

Hebrews 12 in the SYNO

Hebrews 12 in the TBIAOTANT

Hebrews 12 in the TBT1E

Hebrews 12 in the TBT1E2

Hebrews 12 in the TFTIP

Hebrews 12 in the TFTU

Hebrews 12 in the TGNTATF3T

Hebrews 12 in the THAI

Hebrews 12 in the TNFD

Hebrews 12 in the TNT

Hebrews 12 in the TNTIK

Hebrews 12 in the TNTIL

Hebrews 12 in the TNTIN

Hebrews 12 in the TNTIP

Hebrews 12 in the TNTIZ

Hebrews 12 in the TOMA

Hebrews 12 in the TTENT

Hebrews 12 in the UBG

Hebrews 12 in the UGV

Hebrews 12 in the UGV2

Hebrews 12 in the UGV3

Hebrews 12 in the VBL

Hebrews 12 in the VDCC

Hebrews 12 in the YALU

Hebrews 12 in the YAPE

Hebrews 12 in the YBVTP

Hebrews 12 in the ZBP