Hebrews 6 (BEV)
        
        
          1 Eya ta mina míaɖe asi le gɔmedzenuwo fiafia tso Kristo ŋuti ŋu eye míaɖe zɔ ayi ɖe tsitsi ɖe edzi me. Migana míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na dzimetɔtrɔ tso nu siwo kplɔa ame yia kume la o, kple agbugbɔ gɔmeɖokpe agaɖo na xɔse le Mawu me, 2 nufiafia tso mawutsideta ŋu, asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ŋuti o. 3 Esia míawɔ ne Mawu lɔ̃.  4 Ke ame siwo dze anyi la, ale ke woawɔ agbugbɔ wo va dzimetɔtrɔ me? Wonye ame siwo nɔ Mawu ƒe kekeli me kpɔ. Woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ eye wokpɔ gome hã le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, 5 ame siawo ɖɔ Mawu ƒe nya la ƒe nyonyo kple ŋusẽ siwo le dzidzime si gbɔna la me hã kpɔ. 6 Ke wode megbe! Be woagbugbɔ wo ava dzimetɔtrɔ mee la nye nu sesẽ elabena to woƒe megbedede me, wogbugbɔ Mawu ƒe Vi la gale kaklãm ɖe ati ŋuti, eye wole ŋukpe domii le gaglãgbe.  7 Anyigba si noa tsi si dzana ɖe edzi zi geɖe eye wòwɔa nuku nyuie na agbledela siwo ŋlɔa anyigba la, xɔa yayra tso Mawu gbɔ. 8 Ke ne anyigba la mie ŋuwo kple aŋɔkawo la, meganyo na naneke o eye ŋɔdzi li be ele fiƒode te. Mlɔeba la, woatɔ dzoe.  9 Nɔvi lɔlɔ̃awo togbɔ be míele nu ƒom alea hã la, kaka ɖedzi le mía si be nya siawo meku ɖe mia ŋu o. Ke boŋ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ku nyuiwo tsem le miaƒe agbe me. 10 Mawu menye nuteƒemawɔla o, eya ta maŋlɔ dɔ nyui si míewɔ nɛ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fiae be míekpe ɖe eƒe amewo ŋu eye míegale nu siawo wɔm fifia la, be gbeɖe o. 11 Enye míaƒe didi be mia dometɔ ɖe sia ɖe na lé nu siawo wɔwɔ me ɖe asi va se ɖe nuwuwu kple ŋkubia ale be miaƒe mɔkpɔkpɔ na de blibo. 12 Míedi be ame aɖeke nazu kuviatɔ o ke boŋ ame sia ame nasrɔ̃ ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi nu si ŋugbe wodo na wo la ƒe dome ƒe kpɔɖeŋu.  13 Esi Mawu do ŋugbe na Abraham eye ame aɖeke meli lolo wui wòayɔ aka atam o ta la, eta eya ŋutɔ ɖokui, 14 hegblɔ bena, “mayra wò godoo eye mana dzidzimevi geɖewo wò.” 15 Ale, esime Abraham gbɔ dzi ɖi blewuu la, ŋugbedodo sia va eme nɛ pepepe.  16 Ne ame aɖe be yea ka atam la, eyɔa ame bubu si ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ kɔ wu eya ŋutɔ tɔ la ka atam lae heɖoa kpe nya si wògblɔ la dzi eye wòtsia nyaʋiʋli ɖe sia ɖe nu. 17 Esi wònye be Mawu di be yeana eme nakɔ nyuie na ŋugbedodo ƒe domenyilawo be nu si ƒe ŋugbe yedo matrɔ o ta la, eka atam tsɔ ɖo kpe eƒe ŋugbedodo la dzi. 18 Mawu wɔ esia ale be, to nu eve siwo metrɔna o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le gbeɖe o la dzi, mí ame siwo si yi ɖaku ɖe mɔkpɔkpɔ si wona mí la ŋu la nakpɔ dziɖeƒo gã aɖe. 19 Mɔkpɔkpɔ sia le mia si abe luʋɔ ƒe seke sesẽ si maʋa akpɔ o la ene. Ete ŋu gena ɖe Kɔkɔe ƒe le xɔmetsovɔ la godo 20 afi si Yesu ame si do ŋgɔ na mí la ge ɖo ɖe mía nu. Eya va zu Osɔfogã abe Melkizedek ene tegbee.
        
        
          In Other Versions
        
        
  
    Hebrews 6 in the ANGEFD
  
  
    Hebrews 6 in the ANTPNG2D
  
  
    Hebrews 6 in the AS21
  
  
    Hebrews 6 in the BAGH
  
  
    Hebrews 6 in the BBPNG
  
  
    Hebrews 6 in the BBT1E
  
  
    Hebrews 6 in the BDS
  
  
    Hebrews 6 in the BHAD
  
  
    Hebrews 6 in the BIB
  
  
    Hebrews 6 in the BLPT
  
  
    Hebrews 6 in the BNT
  
  
    Hebrews 6 in the BNTABOOT
  
  
    Hebrews 6 in the BNTLV
  
  
    Hebrews 6 in the BOATCB
  
  
    Hebrews 6 in the BOATCB2
  
  
    Hebrews 6 in the BOBCV
  
  
    Hebrews 6 in the BOCNT
  
  
    Hebrews 6 in the BOECS
  
  
    Hebrews 6 in the BOGWICC
  
  
    Hebrews 6 in the BOHCB
  
  
    Hebrews 6 in the BOHCV
  
  
    Hebrews 6 in the BOHLNT
  
  
    Hebrews 6 in the BOHNTLTAL
  
  
    Hebrews 6 in the BOICB
  
  
    Hebrews 6 in the BOILNTAP
  
  
    Hebrews 6 in the BOITCV
  
  
    Hebrews 6 in the BOKCV
  
  
    Hebrews 6 in the BOKCV2
  
  
    Hebrews 6 in the BOKHWOG
  
  
    Hebrews 6 in the BOKSSV
  
  
    Hebrews 6 in the BOLCB
  
  
    Hebrews 6 in the BOLCB2
  
  
    Hebrews 6 in the BOMCV
  
  
    Hebrews 6 in the BONAV
  
  
    Hebrews 6 in the BONCB
  
  
    Hebrews 6 in the BONLT
  
  
    Hebrews 6 in the BONUT2
  
  
    Hebrews 6 in the BOPLNT
  
  
    Hebrews 6 in the BOSCB
  
  
    Hebrews 6 in the BOSNC
  
  
    Hebrews 6 in the BOTLNT
  
  
    Hebrews 6 in the BOVCB
  
  
    Hebrews 6 in the BOYCB
  
  
    Hebrews 6 in the BPBB
  
  
    Hebrews 6 in the BPH
  
  
    Hebrews 6 in the BSB
  
  
    Hebrews 6 in the CCB
  
  
    Hebrews 6 in the CUV
  
  
    Hebrews 6 in the CUVS
  
  
    Hebrews 6 in the DBT
  
  
    Hebrews 6 in the DGDNT
  
  
    Hebrews 6 in the DHNT
  
  
    Hebrews 6 in the DNT
  
  
    Hebrews 6 in the ELBE
  
  
    Hebrews 6 in the EMTV
  
  
    Hebrews 6 in the ESV
  
  
    Hebrews 6 in the FBV
  
  
    Hebrews 6 in the FEB
  
  
    Hebrews 6 in the GGMNT
  
  
    Hebrews 6 in the GNT
  
  
    Hebrews 6 in the HARY
  
  
    Hebrews 6 in the HNT
  
  
    Hebrews 6 in the IRVA
  
  
    Hebrews 6 in the IRVB
  
  
    Hebrews 6 in the IRVG
  
  
    Hebrews 6 in the IRVH
  
  
    Hebrews 6 in the IRVK
  
  
    Hebrews 6 in the IRVM
  
  
    Hebrews 6 in the IRVM2
  
  
    Hebrews 6 in the IRVO
  
  
    Hebrews 6 in the IRVP
  
  
    Hebrews 6 in the IRVT
  
  
    Hebrews 6 in the IRVT2
  
  
    Hebrews 6 in the IRVU
  
  
    Hebrews 6 in the ISVN
  
  
    Hebrews 6 in the JSNT
  
  
    Hebrews 6 in the KAPI
  
  
    Hebrews 6 in the KBT1ETNIK
  
  
    Hebrews 6 in the KBV
  
  
    Hebrews 6 in the KJV
  
  
    Hebrews 6 in the KNFD
  
  
    Hebrews 6 in the LBA
  
  
    Hebrews 6 in the LBLA
  
  
    Hebrews 6 in the LNT
  
  
    Hebrews 6 in the LSV
  
  
    Hebrews 6 in the MAAL
  
  
    Hebrews 6 in the MBV
  
  
    Hebrews 6 in the MBV2
  
  
    Hebrews 6 in the MHNT
  
  
    Hebrews 6 in the MKNFD
  
  
    Hebrews 6 in the MNG
  
  
    Hebrews 6 in the MNT
  
  
    Hebrews 6 in the MNT2
  
  
    Hebrews 6 in the MRS1T
  
  
    Hebrews 6 in the NAA
  
  
    Hebrews 6 in the NASB
  
  
    Hebrews 6 in the NBLA
  
  
    Hebrews 6 in the NBS
  
  
    Hebrews 6 in the NBVTP
  
  
    Hebrews 6 in the NET2
  
  
    Hebrews 6 in the NIV11
  
  
    Hebrews 6 in the NNT
  
  
    Hebrews 6 in the NNT2
  
  
    Hebrews 6 in the NNT3
  
  
    Hebrews 6 in the PDDPT
  
  
    Hebrews 6 in the PFNT
  
  
    Hebrews 6 in the RMNT
  
  
    Hebrews 6 in the SBIAS
  
  
    Hebrews 6 in the SBIBS
  
  
    Hebrews 6 in the SBIBS2
  
  
    Hebrews 6 in the SBICS
  
  
    Hebrews 6 in the SBIDS
  
  
    Hebrews 6 in the SBIGS
  
  
    Hebrews 6 in the SBIHS
  
  
    Hebrews 6 in the SBIIS
  
  
    Hebrews 6 in the SBIIS2
  
  
    Hebrews 6 in the SBIIS3
  
  
    Hebrews 6 in the SBIKS
  
  
    Hebrews 6 in the SBIKS2
  
  
    Hebrews 6 in the SBIMS
  
  
    Hebrews 6 in the SBIOS
  
  
    Hebrews 6 in the SBIPS
  
  
    Hebrews 6 in the SBISS
  
  
    Hebrews 6 in the SBITS
  
  
    Hebrews 6 in the SBITS2
  
  
    Hebrews 6 in the SBITS3
  
  
    Hebrews 6 in the SBITS4
  
  
    Hebrews 6 in the SBIUS
  
  
    Hebrews 6 in the SBIVS
  
  
    Hebrews 6 in the SBT
  
  
    Hebrews 6 in the SBT1E
  
  
    Hebrews 6 in the SCHL
  
  
    Hebrews 6 in the SNT
  
  
    Hebrews 6 in the SUSU
  
  
    Hebrews 6 in the SUSU2
  
  
    Hebrews 6 in the SYNO
  
  
    Hebrews 6 in the TBIAOTANT
  
  
    Hebrews 6 in the TBT1E
  
  
    Hebrews 6 in the TBT1E2
  
  
    Hebrews 6 in the TFTIP
  
  
    Hebrews 6 in the TFTU
  
  
    Hebrews 6 in the TGNTATF3T
  
  
    Hebrews 6 in the THAI
  
  
    Hebrews 6 in the TNFD
  
  
    Hebrews 6 in the TNT
  
  
    Hebrews 6 in the TNTIK
  
  
    Hebrews 6 in the TNTIL
  
  
    Hebrews 6 in the TNTIN
  
  
    Hebrews 6 in the TNTIP
  
  
    Hebrews 6 in the TNTIZ
  
  
    Hebrews 6 in the TOMA
  
  
    Hebrews 6 in the TTENT
  
  
    Hebrews 6 in the UBG
  
  
    Hebrews 6 in the UGV
  
  
    Hebrews 6 in the UGV2
  
  
    Hebrews 6 in the UGV3
  
  
    Hebrews 6 in the VBL
  
  
    Hebrews 6 in the VDCC
  
  
    Hebrews 6 in the YALU
  
  
    Hebrews 6 in the YAPE
  
  
    Hebrews 6 in the YBVTP
  
  
    Hebrews 6 in the ZBP