James 2 (BEV)
1 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, abe ame si xɔ míaƒe ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo, dzi se ene la, migakpɔ ame ŋkume o. 2 Mítsɔe be ame aɖe va míaƒe sɔleme eye wòdo sikasigɛ nyuitɔ heta avɔ xɔasi eye ame dahe si do awu vuvu hã ge ɖe sɔlemexɔa me. 3 Ne mietsɔ bubu tɔxɛ na ame si do awu xɔasi la hegblɔ nɛ be, “Va nɔ teƒe nyui sia,” gake miegblɔ na ame dahe la be “Wò ya nɔ tsitre ɖe afi ma” alo “Bɔbɔ nɔ anyigba le nye afɔnu,” la 4 ɖe miede vovo ameawo me le mia dome eye mieva zu ʋɔnudrɔ̃la siwo me susu vɔ̃ɖiwo le o mahã? 5 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo tom: Ɖe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me eye be woanyi fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã? 6 Ke miawo la miedzu ame dahewo. Ɖe menye kesinɔtɔwoe le miabam oa? 7 Ɖe menye woawoe le ɖi ƒom ame si ŋu bubuŋkɔ le, ame si tɔ mienye la oa? 8 Ne mielé fiasedede si le mawunya me esi gblɔ be, “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene,” ɖe asi la miele nu dzɔdzɔetɔ wɔm. 9 Ke ne miele ame ŋkume kpɔm la miewɔ nu vɔ̃ eye se la bu fɔ mi be mienye sedzidalawo. 10 Ame si wɔa Mawu ƒe sewo katã dzi, gake wòda le ɖeka pɛ dzi la, eda le wo katã dzi. 11 Elabena ame si de se be, “Mègawɔ ahasi o” la eya kee de se be, “Mègawu ame o.” Eya ta ne mèwɔ ahasi o, gake nèwu ame la, ènye sedzidala. 12 Miaƒe nuƒo kple agbenɔnɔ naɖee fia be wole ʋɔnu drɔ̃ ge mi kple se si naa ablɔɖe. 13 Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ si me nublanuikpɔkpɔ mele o la woatsɔ na ame si mekpɔa nublanui o. Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi. 14 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, viɖe ka wòanye ne ame aɖe gblɔ bena xɔse le ye si evɔ la dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o? Ɖe xɔse sia tɔgbi ate ŋu aɖeea? 15 Mítsɔe be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe li esi si avɔ kple gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu mele o. 16 Ne mia dometɔ aɖe agblɔ nɛ be, “Heyi, medi dzɔgbenyui na wò, de dzo lãme eye naɖi ƒo nyuie,” evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wonye? 17 Nenema kee, nye xɔse ŋutɔ hã. Ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la enye nu kuku. 18 Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la xɔse le asiwò ke nye la dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me. 19 Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li, enyo gake gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔe se nenema eye wodzona nyanyanya kple vɔvɔ̃. 20 Wò bometsila, ɖe nèle kakaɖedzi dim hafi anya be xɔse, dɔwɔwɔmanɔmee nye xɔse kuku oa? 21 Ɖe womebu mía tɔgbui, Abraham, be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ esi wòtsɔ via Isak be yeasa vɔe na Mawu oa? 22 Edze faã be eƒe xɔse kple dɔwɔwɔwo sɔ ɖekae ale be eƒe xɔse de blibo to nu si wòwɔ la me. 23 Esia wɔ ɖe mawunya si gblɔ be, “Abraham xɔ Mawu dzi se eye wòto esia me zu ame dzɔdzɔe” la dzi eya ta woyɔe be Mawu xɔlɔ̃. 24 Edze ƒãa be menye ame ƒe xɔse ɖeɖe koe wotsɔna tsoa afia o ke boŋ dɔ siwo wòwɔ hã kpena ɖe eŋu. 25 Nenema ke ɖe womebu Rahab gbolo la gɔ̃ hã be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ esi wòɣla ŋkutsala siwo dze egbɔ eye wòna woto mɔ bubu dzo oa? 26 Ale si ŋutilã, gbɔgbɔmanɔmee nye nu kuku la nenema ke xɔse, dɔwɔwɔmanɔmee hã nye nu kuku.
In Other Versions
James 2 in the ANGEFD
James 2 in the ANTPNG2D
James 2 in the AS21
James 2 in the BAGH
James 2 in the BBPNG
James 2 in the BBT1E
James 2 in the BDS
James 2 in the BHAD
James 2 in the BIB
James 2 in the BLPT
James 2 in the BNT
James 2 in the BNTABOOT
James 2 in the BNTLV
James 2 in the BOATCB
James 2 in the BOATCB2
James 2 in the BOBCV
James 2 in the BOCNT
James 2 in the BOECS
James 2 in the BOGWICC
James 2 in the BOHCB
James 2 in the BOHCV
James 2 in the BOHLNT
James 2 in the BOHNTLTAL
James 2 in the BOICB
James 2 in the BOILNTAP
James 2 in the BOITCV
James 2 in the BOKCV
James 2 in the BOKCV2
James 2 in the BOKHWOG
James 2 in the BOKSSV
James 2 in the BOLCB
James 2 in the BOLCB2
James 2 in the BOMCV
James 2 in the BONAV
James 2 in the BONCB
James 2 in the BONLT
James 2 in the BONUT2
James 2 in the BOPLNT
James 2 in the BOSCB
James 2 in the BOSNC
James 2 in the BOTLNT
James 2 in the BOVCB
James 2 in the BOYCB
James 2 in the BPBB
James 2 in the BPH
James 2 in the BSB
James 2 in the CCB
James 2 in the CUV
James 2 in the CUVS
James 2 in the DBT
James 2 in the DGDNT
James 2 in the DHNT
James 2 in the DNT
James 2 in the ELBE
James 2 in the EMTV
James 2 in the ESV
James 2 in the FBV
James 2 in the FEB
James 2 in the GGMNT
James 2 in the GNT
James 2 in the HARY
James 2 in the HNT
James 2 in the IRVA
James 2 in the IRVB
James 2 in the IRVG
James 2 in the IRVH
James 2 in the IRVK
James 2 in the IRVM
James 2 in the IRVM2
James 2 in the IRVO
James 2 in the IRVP
James 2 in the IRVT
James 2 in the IRVT2
James 2 in the IRVU
James 2 in the ISVN
James 2 in the JSNT
James 2 in the KAPI
James 2 in the KBT1ETNIK
James 2 in the KBV
James 2 in the KJV
James 2 in the KNFD
James 2 in the LBA
James 2 in the LBLA
James 2 in the LNT
James 2 in the LSV
James 2 in the MAAL
James 2 in the MBV
James 2 in the MBV2
James 2 in the MHNT
James 2 in the MKNFD
James 2 in the MNG
James 2 in the MNT
James 2 in the MNT2
James 2 in the MRS1T
James 2 in the NAA
James 2 in the NASB
James 2 in the NBLA
James 2 in the NBS
James 2 in the NBVTP
James 2 in the NET2
James 2 in the NIV11
James 2 in the NNT
James 2 in the NNT2
James 2 in the NNT3
James 2 in the PDDPT
James 2 in the PFNT
James 2 in the RMNT
James 2 in the SBIAS
James 2 in the SBIBS
James 2 in the SBIBS2
James 2 in the SBICS
James 2 in the SBIDS
James 2 in the SBIGS
James 2 in the SBIHS
James 2 in the SBIIS
James 2 in the SBIIS2
James 2 in the SBIIS3
James 2 in the SBIKS
James 2 in the SBIKS2
James 2 in the SBIMS
James 2 in the SBIOS
James 2 in the SBIPS
James 2 in the SBISS
James 2 in the SBITS
James 2 in the SBITS2
James 2 in the SBITS3
James 2 in the SBITS4
James 2 in the SBIUS
James 2 in the SBIVS
James 2 in the SBT
James 2 in the SBT1E
James 2 in the SCHL
James 2 in the SNT
James 2 in the SUSU
James 2 in the SUSU2
James 2 in the SYNO
James 2 in the TBIAOTANT
James 2 in the TBT1E
James 2 in the TBT1E2
James 2 in the TFTIP
James 2 in the TFTU
James 2 in the TGNTATF3T
James 2 in the THAI
James 2 in the TNFD
James 2 in the TNT
James 2 in the TNTIK
James 2 in the TNTIL
James 2 in the TNTIN
James 2 in the TNTIP
James 2 in the TNTIZ
James 2 in the TOMA
James 2 in the TTENT
James 2 in the UBG
James 2 in the UGV
James 2 in the UGV2
James 2 in the UGV3
James 2 in the VBL
James 2 in the VDCC
James 2 in the YALU
James 2 in the YAPE
James 2 in the YBVTP
James 2 in the ZBP