John 16 (BEV)

1 “Megblɔ nya siawo katã na mi bena ne miedo go nu dziŋɔ siwo le mia ŋgɔ la, ke megaɖe le mia te o. 2 Ŋkekewo li gbɔna esi woaɖe mi le woƒe hame eye ne wowu mi hã la, woabu be Mawu ƒe dɔ wɔm yewole. 3 Woawɔ esiawo elabena womedze sim alo Fofo la o. 4 Le nyateƒe me la, ɖe mele nya siawo gblɔm na mi be mianɔ klalo eye ne ɣeyiɣia ɖo la, miaɖo ŋku edzi be mena mienya do ŋgɔ. Nyemegblɔ nya siawo na mi tsã o, elabena menya be manɔ mia gbɔ vie. 5 “Azɔ medzo yina ame si dɔm ɖa la gbɔ, gake mia dometɔ aɖeke mebia afi si meyina ta se o. 6 Ke esi megblɔe na mi la, miaƒe dziwo yɔ fũ kple nuxaxa. 7 Enye nyateƒe be ne medzo le mia gbɔ la enyo wu, elabena ne nyemedzo o la, Akɔfala hã mava o. Ke ne medzo la, Ame sia ava, elabena maɖoe ɖe mi. 8 “Ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va la, atɔ asi xexe sia me tɔwo ƒe nu vɔ̃wo dzi na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, aɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ afia. 9 Xexe sia me tɔwo ƒe nu vɔ̃enye be womexɔ dzinye se o. 10 Le dzɔdzɔenyenye ŋuti la, meyina Fofo la gbɔ eye miagakpɔm o. 11 Eye le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti la, wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo. 12 “Nya geɖe ŋutɔ le asinye be magblɔ na mi gake miate ŋu ase wo gɔme fifia o. 13 Ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nye nyateƒe Gbɔgbɔ va la, ana miaŋɔ ɖe nyateƒe la me, elabena, magblɔ nya si dze eya ŋutɔ ŋu o, ke boŋ aƒo nu na mi tso nya siwo wòse la ko ŋu, eye agblɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la na mi. 14 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe nye ŋutikɔkɔe afia elabena nu siwo katã wòagblɔ na mi la atso gbɔnye. 15 Nu siwo katã le Fofonye si la tɔnyee esia tae megblɔ na mi be nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la agblɔ na mi la atso gbɔnye. 16 “Esusɔ vie miagakpɔm o eye esusɔ vie miagakpɔm.” 17 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo bia wo nɔewo bena, “Nu ka tututu gblɔm wòle? Egblɔ be, ‘Esusɔ vie miagakpɔm o’ eye ‘esusɔ vie miagakpɔm’. Egagblɔ hã be, ‘Meyina Fofo la gbɔ.’ 18 ‘Esusɔ vie sia gɔme ɖe?’ Míese nu siwo katã gblɔm wòle la gɔme o.” 19 Yesu nya be nusrɔ̃lawo di be yewoabia nya siwo yegblɔ la gɔme, eya ta egblɔ be, “Nya siwo megblɔ la gɔme biam miele mia nɔewoa? 20 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, miaxa nu eye miafa avi ke xexeame ya akpɔ dzidzɔ, mialé blanui ke esia atrɔ azu dzidzɔ na mi. 21 Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve ale gbegbe, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesesea be enumake eye wòkpɔa dzidzɔ be yedzi ame ɖe xexeame. 22 Nenema ke wòle na miawo hã fifia, miele konyi fam, gake ne megatrɔ va mia gbɔ la miakpɔ dzidzɔ gã aɖe, eye ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ o. 23 Le ŋkeke mawo me la, miagabia nanekem o, elabena miate ŋu abia nu sia nu Fofo la faa, eye ne miebiae le nye ŋkɔ dzi ko la, ana mi. 24 Va se ɖe fifi la miebia naneke le nye ŋkɔ dzi kpɔ o. Ke azɔ la miadze egɔme. Mibia nu Fofo la le nye ŋkɔ dzi, ekema ana mi eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã agbã go. 25 “Meƒo nu tso nu siawo ŋu na mi to alobalowo me, ke ɣeyiɣi li gbɔna esi nyemagawɔ esia o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofo la ŋu. 26 Le ŋkeke mawo me la, magahiã be maɖe kuku ɖe mia nu o, ke boŋ ne miebia nane Fofo la le nye ŋkɔ dzi la, 27 ana mi, elabena mielɔ̃m eye miexɔe se bena Fofo lae dɔm ɖa. Le esia ta Fofo la hã lɔ̃ mi vevie. 28 Fofo la gbɔe metso va xexe sia me eye Fofo la gbɔ magatrɔ ayi.” 29 Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Azɔ ko nèle nu ƒom na mi faa, ke menye to alobalowo me o. 30 Azɔ la mienyae bena ènya nu sia nu eye megahiã be ame aɖeke naɖe naneke gɔme na wò o. Miexɔe se tso azɔ dzi yina be Mawue dɔ wò ɖa.” 31 Yesu bia wo be, “Miexɔe se azɔa? 32 Mikpɔ ɖa, gaƒoƒo aɖe li gbɔna eye eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, bena woade zi mia dome eye miaka ahlẽ, ame sia ame aɖo ta eya ŋutɔ ƒe aƒeme, eye miagblẽm ɖi. Gake nyematsi akogo o, elabena Fofo la li kplim. 33 Megblɔ nu siawo katã na mi be miaƒe dzi nadze eme. Tetekpɔ kple konyifafa geɖewo ava mia dzi, gake mele egblɔm na mi be, milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexe sia me ƒe fuwo katã dzi.”

In Other Versions

John 16 in the ANGEFD

John 16 in the ANTPNG2D

John 16 in the AS21

John 16 in the BAGH

John 16 in the BBPNG

John 16 in the BBT1E

John 16 in the BDS

John 16 in the BHAD

John 16 in the BIB

John 16 in the BLPT

John 16 in the BNT

John 16 in the BNTABOOT

John 16 in the BNTLV

John 16 in the BOATCB

John 16 in the BOATCB2

John 16 in the BOBCV

John 16 in the BOCNT

John 16 in the BOECS

John 16 in the BOGWICC

John 16 in the BOHCB

John 16 in the BOHCV

John 16 in the BOHLNT

John 16 in the BOHNTLTAL

John 16 in the BOICB

John 16 in the BOILNTAP

John 16 in the BOITCV

John 16 in the BOKCV

John 16 in the BOKCV2

John 16 in the BOKHWOG

John 16 in the BOKSSV

John 16 in the BOLCB

John 16 in the BOLCB2

John 16 in the BOMCV

John 16 in the BONAV

John 16 in the BONCB

John 16 in the BONLT

John 16 in the BONUT2

John 16 in the BOPLNT

John 16 in the BOSCB

John 16 in the BOSNC

John 16 in the BOTLNT

John 16 in the BOVCB

John 16 in the BOYCB

John 16 in the BPBB

John 16 in the BPH

John 16 in the BSB

John 16 in the CCB

John 16 in the CUV

John 16 in the CUVS

John 16 in the DBT

John 16 in the DGDNT

John 16 in the DHNT

John 16 in the DNT

John 16 in the ELBE

John 16 in the EMTV

John 16 in the ESV

John 16 in the FBV

John 16 in the FEB

John 16 in the GGMNT

John 16 in the GNT

John 16 in the HARY

John 16 in the HNT

John 16 in the IRVA

John 16 in the IRVB

John 16 in the IRVG

John 16 in the IRVH

John 16 in the IRVK

John 16 in the IRVM

John 16 in the IRVM2

John 16 in the IRVO

John 16 in the IRVP

John 16 in the IRVT

John 16 in the IRVT2

John 16 in the IRVU

John 16 in the ISVN

John 16 in the JSNT

John 16 in the KAPI

John 16 in the KBT1ETNIK

John 16 in the KBV

John 16 in the KJV

John 16 in the KNFD

John 16 in the LBA

John 16 in the LBLA

John 16 in the LNT

John 16 in the LSV

John 16 in the MAAL

John 16 in the MBV

John 16 in the MBV2

John 16 in the MHNT

John 16 in the MKNFD

John 16 in the MNG

John 16 in the MNT

John 16 in the MNT2

John 16 in the MRS1T

John 16 in the NAA

John 16 in the NASB

John 16 in the NBLA

John 16 in the NBS

John 16 in the NBVTP

John 16 in the NET2

John 16 in the NIV11

John 16 in the NNT

John 16 in the NNT2

John 16 in the NNT3

John 16 in the PDDPT

John 16 in the PFNT

John 16 in the RMNT

John 16 in the SBIAS

John 16 in the SBIBS

John 16 in the SBIBS2

John 16 in the SBICS

John 16 in the SBIDS

John 16 in the SBIGS

John 16 in the SBIHS

John 16 in the SBIIS

John 16 in the SBIIS2

John 16 in the SBIIS3

John 16 in the SBIKS

John 16 in the SBIKS2

John 16 in the SBIMS

John 16 in the SBIOS

John 16 in the SBIPS

John 16 in the SBISS

John 16 in the SBITS

John 16 in the SBITS2

John 16 in the SBITS3

John 16 in the SBITS4

John 16 in the SBIUS

John 16 in the SBIVS

John 16 in the SBT

John 16 in the SBT1E

John 16 in the SCHL

John 16 in the SNT

John 16 in the SUSU

John 16 in the SUSU2

John 16 in the SYNO

John 16 in the TBIAOTANT

John 16 in the TBT1E

John 16 in the TBT1E2

John 16 in the TFTIP

John 16 in the TFTU

John 16 in the TGNTATF3T

John 16 in the THAI

John 16 in the TNFD

John 16 in the TNT

John 16 in the TNTIK

John 16 in the TNTIL

John 16 in the TNTIN

John 16 in the TNTIP

John 16 in the TNTIZ

John 16 in the TOMA

John 16 in the TTENT

John 16 in the UBG

John 16 in the UGV

John 16 in the UGV2

John 16 in the UGV3

John 16 in the VBL

John 16 in the VDCC

John 16 in the YALU

John 16 in the YAPE

John 16 in the YBVTP

John 16 in the ZBP