John 16 (BOECS)

1 “Megblɔ nya siawo katã na mi bena miagatra mɔ o. 2 Woaɖe mi le woƒe hame, eye le nyateƒe me la, ɣeyiɣi aɖe gbɔna la, ne ame aɖe wu mi hã la, asusu be Mawu ƒe dɔ wɔm yele. 3 Woawɔ esiawo elabena womedze sim alo Fofo la o. 4 Le nyateƒe me la, ɖe mele nya siawo gblɔm na mi be ne ɣeyiɣi la ɖo la, miaɖo ŋku edzi be mena mienya do ŋgɔ. Nyemegblɔ nya siawo na mi do ŋgɔ o, elabena menɔ mia gbɔ. 5 “Azɔ medzo yina ame si dɔm la gbɔ, gake mia dometɔ aɖeke mebia be, ‘Afi ka nèyina?’ o. 6 Esi megblɔ nya siawo la, miaƒe dziwo yɔ fũu kple nuxaxa. 7 Gake nyateƒe gblɔm mele na mi be enyo be madzo le mia gbɔ. Ne nyemedzo o la, Nyaxɔɖeakɔla la mava mia gbɔ o; gake ne medzo la, maɖoe ɖe mi. 8 “Ne eva la, ana xexea me nadze si eƒe nu vɔ̃ ku ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, 9 elabena le nu vɔ̃ ŋuti la, amewo mexɔ dzinye se o. 10 Le dzɔdzɔenyenye ŋuti la, meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm o, 11 eye le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti la, wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo. 12 “Nya geɖe le asinye be magblɔ na mi, gake miate ŋu ase wo gɔme fifia o. 13 Gake ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nye Nyateƒegbɔgbɔ la va la, ana miase nyateƒe ɖe sia ɖe gɔme. Magblɔ nya si dze eya ŋutɔ ŋu la o, ke boŋ agblɔ nya siwo wòse la ko, eye wòagblɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la na mi. 14 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe nye ŋutikɔkɔe afia, elabena nu siwo katã wòagblɔ na mi la atso gbɔnye. 15 Nu siwo katã le Fofonye si la tɔnyee. Esia ta megblɔ be nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la agblɔ na mi la atso gbɔnye ɖo.” 16 Yesu gagblɔ be, “Esusɔ vie miagakpɔm o, eye esusɔ vie miagakpɔm.” 17 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututu gblɔm wòle be, ‘Esusɔ vie miagakpɔm o eye esusɔ vie miagakpɔm.’ Egagblɔ hã be, ‘Meyina Fofo la gbɔ.’ 18 ‘Esusɔ vie sia gɔme ɖe?’ Míese nya siwo gblɔm wòle la gɔme o.” 19 Yesu nya be nusrɔ̃lawo di be yewoabia nya siwo yegblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe, eya ta egblɔ na wo be, “Nya siwo megblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe biam miele mia nɔewo, esi megblɔ be esusɔ vie miagakpɔm o kple esusɔ vie miagakpɔma? 20 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be miafa avi, eye miaxa nu, ke xexea me ya akpɔ dzidzɔ. Miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa atrɔ azu dzidzɔkpɔkpɔ. 21 Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesese la be, elabena ekpɔa dzidzɔ be yedzi vi ɖe xexea me. 22 Nenema ke wòle na miawo hã fifia: Fifia la, miaxa nu, gake magakpɔ mi, eye miakpɔ dzidzɔ, eye ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ o. 23 Gbe ma gbe la, miagabia nanekem o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miabia Fofo la le nye ŋkɔ me la, ana mi. 24 Va se ɖe fifi la, miebia naneke le nye ŋkɔ me kpɔ o. Mibia, eye miaxɔe, be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo. 25 “Togbɔ be meƒoa nu na mi to lododowo me hã, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofonye la ŋu. 26 Le ŋkeke mawo me la, miabia nu Fofo la le nye ŋkɔ me. Nyemele gbɔgblɔm be mabia nu Fofo la ɖe mia nu o. 27 Ao, Fofo la ŋutɔ lɔ̃ mi, elabena mielɔ̃m, eye miexɔe se be metso Mawu gbɔ. 28 Fofo la gbɔe metso va xexea me, eye megatrɔ yina ɖe Fofo la gbɔ.” 29 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Azɔ la, èle nu ƒom na mí faa, menye le lododowo me o. 30 Azɔ la, míenyae bena ènya nu sia nu, eye megahiã be ame aɖeke nabia nya wò o. Esia ta míexɔe se be, Mawu gbɔ nètso va.” 31 Yesu bia wo be, “Miexɔe se azɔa? 32 Gaƒoƒo aɖe li gbɔna, eye eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, esime woade zi mia dome, eye miaka ahlẽ, ame sia ame aɖo ta eya ŋutɔ ƒe aƒe me. Miagblẽm ɖi. Gake nyematsi akogo o, elabena Fofo la li kplim. 33 Megblɔ nu siawo katã na mi be miakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexe sia me la, miato fukpekpe geɖewo me, gake milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexea me dzi.”

In Other Versions

John 16 in the ANGEFD

John 16 in the ANTPNG2D

John 16 in the AS21

John 16 in the BAGH

John 16 in the BBPNG

John 16 in the BBT1E

John 16 in the BDS

John 16 in the BEV

John 16 in the BHAD

John 16 in the BIB

John 16 in the BLPT

John 16 in the BNT

John 16 in the BNTABOOT

John 16 in the BNTLV

John 16 in the BOATCB

John 16 in the BOATCB2

John 16 in the BOBCV

John 16 in the BOCNT

John 16 in the BOGWICC

John 16 in the BOHCB

John 16 in the BOHCV

John 16 in the BOHLNT

John 16 in the BOHNTLTAL

John 16 in the BOICB

John 16 in the BOILNTAP

John 16 in the BOITCV

John 16 in the BOKCV

John 16 in the BOKCV2

John 16 in the BOKHWOG

John 16 in the BOKSSV

John 16 in the BOLCB

John 16 in the BOLCB2

John 16 in the BOMCV

John 16 in the BONAV

John 16 in the BONCB

John 16 in the BONLT

John 16 in the BONUT2

John 16 in the BOPLNT

John 16 in the BOSCB

John 16 in the BOSNC

John 16 in the BOTLNT

John 16 in the BOVCB

John 16 in the BOYCB

John 16 in the BPBB

John 16 in the BPH

John 16 in the BSB

John 16 in the CCB

John 16 in the CUV

John 16 in the CUVS

John 16 in the DBT

John 16 in the DGDNT

John 16 in the DHNT

John 16 in the DNT

John 16 in the ELBE

John 16 in the EMTV

John 16 in the ESV

John 16 in the FBV

John 16 in the FEB

John 16 in the GGMNT

John 16 in the GNT

John 16 in the HARY

John 16 in the HNT

John 16 in the IRVA

John 16 in the IRVB

John 16 in the IRVG

John 16 in the IRVH

John 16 in the IRVK

John 16 in the IRVM

John 16 in the IRVM2

John 16 in the IRVO

John 16 in the IRVP

John 16 in the IRVT

John 16 in the IRVT2

John 16 in the IRVU

John 16 in the ISVN

John 16 in the JSNT

John 16 in the KAPI

John 16 in the KBT1ETNIK

John 16 in the KBV

John 16 in the KJV

John 16 in the KNFD

John 16 in the LBA

John 16 in the LBLA

John 16 in the LNT

John 16 in the LSV

John 16 in the MAAL

John 16 in the MBV

John 16 in the MBV2

John 16 in the MHNT

John 16 in the MKNFD

John 16 in the MNG

John 16 in the MNT

John 16 in the MNT2

John 16 in the MRS1T

John 16 in the NAA

John 16 in the NASB

John 16 in the NBLA

John 16 in the NBS

John 16 in the NBVTP

John 16 in the NET2

John 16 in the NIV11

John 16 in the NNT

John 16 in the NNT2

John 16 in the NNT3

John 16 in the PDDPT

John 16 in the PFNT

John 16 in the RMNT

John 16 in the SBIAS

John 16 in the SBIBS

John 16 in the SBIBS2

John 16 in the SBICS

John 16 in the SBIDS

John 16 in the SBIGS

John 16 in the SBIHS

John 16 in the SBIIS

John 16 in the SBIIS2

John 16 in the SBIIS3

John 16 in the SBIKS

John 16 in the SBIKS2

John 16 in the SBIMS

John 16 in the SBIOS

John 16 in the SBIPS

John 16 in the SBISS

John 16 in the SBITS

John 16 in the SBITS2

John 16 in the SBITS3

John 16 in the SBITS4

John 16 in the SBIUS

John 16 in the SBIVS

John 16 in the SBT

John 16 in the SBT1E

John 16 in the SCHL

John 16 in the SNT

John 16 in the SUSU

John 16 in the SUSU2

John 16 in the SYNO

John 16 in the TBIAOTANT

John 16 in the TBT1E

John 16 in the TBT1E2

John 16 in the TFTIP

John 16 in the TFTU

John 16 in the TGNTATF3T

John 16 in the THAI

John 16 in the TNFD

John 16 in the TNT

John 16 in the TNTIK

John 16 in the TNTIL

John 16 in the TNTIN

John 16 in the TNTIP

John 16 in the TNTIZ

John 16 in the TOMA

John 16 in the TTENT

John 16 in the UBG

John 16 in the UGV

John 16 in the UGV2

John 16 in the UGV3

John 16 in the VBL

John 16 in the VDCC

John 16 in the YALU

John 16 in the YAPE

John 16 in the YBVTP

John 16 in the ZBP