Matthew 10 (BEV)

1 Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui eye wòna ŋusẽ wo bena woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me eye woada dɔ sia dɔ ƒomevi. 2 Eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:Simɔn, ame si woyɔna hã be Petro,Andrea, Petro nɔvi,Yakobo kple nɔvia Yohanes,ame siwo nye Zebedeo viwo, 3 Filipo,Bartolomeo,Toma,Mateo, nudzɔla,Yakobo, Alfeo vi,Tadeo, 4 Simɔn, ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla, kple Yuda Iskariɔt, ame si va dee asi. 5 Yesu dɔ wo kple gbedeasi sia bena, “Migayi Trɔ̃subɔlawo kple Samariatɔwo gbɔ o, 6 ke boŋ miyi Israelvi siwo nye Mawu ƒe alẽ bubuwo ko gbɔ. 7 Miyi miagblɔ na wo be, dziƒofiaɖuƒe la va ɖo vɔ. 8 Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo, mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Mina nu amewo faa abe ale si wona mi ene! 9 “Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi le miaƒe mɔzɔzɔ me o, 10 migatsɔ mɔzɔkotoku kple awu bubuwo hã ɖe asi o, eye migatsɔ afɔkpa alo atizɔti teti hã o, elabena ame siwo ŋu miakpe ɖo la woawo hã akpɔ mia dzi. 11 Nenye be miege ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi mawuvɔ̃la aɖe mianɔ eƒe aƒeme va se ɖe esime miadzo ayi du bubu me. 12 Nenye be miege ɖe aƒe aɖe me la, mido gbe na ameawo eye miabia dzeƒe ɖokuibɔbɔtɔe. 13 Nenye be aƒea me tɔwo nye mawuvɔ̃lawo vavã la, miyra wo, ke ne womele nenema o la migayra wo o. 14 Ne du aɖe me tɔwo alo aƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi o eye womeɖo to mi o la, miʋuʋu miaƒe afɔke ɖe teƒea ne miadzo. 15 Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na Sodom kple Gomoratɔwo le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu ame siawo ƒomevi. 16 “Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖo ɖe amegaxi nyanyrãwo dome. Midze aye abe dawo ene eye midza abe akpakpawo ene. 17 Mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie le amewo ŋuti! Elabena woalé mi adrɔ̃ ʋɔnu mi eye woaƒo mi le woƒe ƒuƒoƒewo. 18 Ẽ, le tanye la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi le fiawo kple mɔmefiawo ŋkume. Ke esia anye mɔnukpɔkpɔ na mi bena miagblɔ nyanyui la na wo, kple xexeame katã. 19 “Nenye be wolé mi, kplɔ mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi le nu si miagblɔ ŋuti o, elabena woade nya si tututu wòle be miagblɔ la susu me na mi le ɣeyiɣi ma me. 20 Elabena menye mia ŋutɔwoe aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo si le dziƒo la ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒo ge to mia dzi. 21 “Mele egblɔm na mi bena, nɔvi ahe nɔvi ade ku me, eye vi fofo ade ye ŋutɔ via asi. Ɖeviwo atsi tre ɖe woawo ŋutɔ dzilawo ŋuti eye woahe wo ade ku me. 22 Ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo. Ke mia dometɔ siwo anɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwua la akpɔ ɖeɖe. 23 “Nenye be woti mia yome le du aɖe me la misi yi du bubu me! Nye Mesia la, matrɔ agbɔ hafi miawu tsatsa le Israel duwo katã me nu. 24 Minyae be sukuvi menyaa nu wua eƒe nufiala o. Nenema ke subɔla mewua eƒe aƒetɔ o. 25 Ne nya aɖe dzɔ ɖe nufiala aɖe dzi la eƒe sukuvi la hã dzie nye ma wòdzɔ ɖo. Nenema ke ne nya aɖe dzɔ ɖe Aƒetɔ aɖe dzi la, eƒe subɔvi hã le eme. Eye esi wònye be woyɔ Nye, Aƒea dzi kpɔla be Satana ɖe, aleke woayɔ miawoe? 26 “Migavɔ̃ ame siwo ado ŋɔdzi na mi la o. Elabena ŋkeke li gbɔna esi dzi woƒe adzame ɖoɖo vɔ̃wo adze le gaglãgbe eye ame sia ame akpɔ nyateƒe la adze sii. 27 “Nya siwo gblɔm mele na mi le bebeme la migblɔ wo kple ɣli le gaglãgbe. Ne mede gbe to me na mi la, miɖe gbeƒãe. 28 “Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me. 29 Nenie enye atsutsrɔe ɖeka ƒe home? Menye pesewa ɖeka pɛ ye oa? Ke wo dometɔ ɖeka pɛ hã meli si ta mia Fofo la mekpɔna o. 30 Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu. 31 Eya ta migatsi dzi ɖe naneke ŋu o, miawo la miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo. 32 “Ame sia ame si aʋu menye le dutoƒo la, nye hã maʋu eme le Fofo la gbɔ le dziƒo. 33 Ke ne ame aɖe gbe nu le gbɔnye le dutoƒo la, nye hã magbe nu le egbɔ le Fofonye gbɔ le dziƒo. 34 “Migabu xaa bena meva be mahe ŋutifafa va anyigba dzi o. Nyemeva be mahe ŋutifafa vɛ o ke boŋ yie metsɔ vɛ, 35 elabena meva be mana, ‘ŋutsu natso ɖe fofoa ŋu, vinyɔnu natso ɖe dadaa ŋu eye lɔ̃xoyɔvi natso ɖe lɔ̃xoa ŋu. 36 Ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.’ 37 Nenye be mielɔ̃ mia dadawo kple mia fofowo tsɔ wum la ekema miedze be mianye tɔnyewo o, nenema ke ne mielɔ̃ mia vinyɔnuwo kple mia viŋutsuwo tsɔ wum la, miedze be mianye tɔnyewo o. 38 Ne ame aɖe gbe metsɔ eƒe atitsoga dze yonyeme o la eya hã medze anye tɔnye o. 39 “Nenye be ame aɖe ku ɖe eƒe agbe ŋuti vevie la, abui ke ne ame aɖe tsɔ eƒe agbe na ɖe tanye la, akpɔe le nuwuwua. 40 “Ne ame aɖe xɔ mi nyuie la nyee wòxɔ. Eye ne ame aɖe xɔm la exɔ Mawu si dɔm ɖa. 41 Nenye be miexɔ nyagblɔɖila aɖe be enye Mawu ƒe ame la, woana fetu si ƒomevi woana nyagblɔɖila la ke miawo hã, eye nenye be miexɔ ame nyui siwo vɔ̃a Mawu le wòƒe dzadzɛnyenye ta la woana fetu si woana woawo hã mi. 42 “Ne ame aɖe ana tsi fafɛ kplu ɖeka ame gblɔe siawo dometɔ ɖeka, be enye nye nusrɔ̃la ta la, mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, eƒe fetu matsi eŋu o.”

In Other Versions

Matthew 10 in the ANGEFD

Matthew 10 in the ANTPNG2D

Matthew 10 in the AS21

Matthew 10 in the BAGH

Matthew 10 in the BBPNG

Matthew 10 in the BBT1E

Matthew 10 in the BDS

Matthew 10 in the BHAD

Matthew 10 in the BIB

Matthew 10 in the BLPT

Matthew 10 in the BNT

Matthew 10 in the BNTABOOT

Matthew 10 in the BNTLV

Matthew 10 in the BOATCB

Matthew 10 in the BOATCB2

Matthew 10 in the BOBCV

Matthew 10 in the BOCNT

Matthew 10 in the BOECS

Matthew 10 in the BOGWICC

Matthew 10 in the BOHCB

Matthew 10 in the BOHCV

Matthew 10 in the BOHLNT

Matthew 10 in the BOHNTLTAL

Matthew 10 in the BOICB

Matthew 10 in the BOILNTAP

Matthew 10 in the BOITCV

Matthew 10 in the BOKCV

Matthew 10 in the BOKCV2

Matthew 10 in the BOKHWOG

Matthew 10 in the BOKSSV

Matthew 10 in the BOLCB

Matthew 10 in the BOLCB2

Matthew 10 in the BOMCV

Matthew 10 in the BONAV

Matthew 10 in the BONCB

Matthew 10 in the BONLT

Matthew 10 in the BONUT2

Matthew 10 in the BOPLNT

Matthew 10 in the BOSCB

Matthew 10 in the BOSNC

Matthew 10 in the BOTLNT

Matthew 10 in the BOVCB

Matthew 10 in the BOYCB

Matthew 10 in the BPBB

Matthew 10 in the BPH

Matthew 10 in the BSB

Matthew 10 in the CCB

Matthew 10 in the CUV

Matthew 10 in the CUVS

Matthew 10 in the DBT

Matthew 10 in the DGDNT

Matthew 10 in the DHNT

Matthew 10 in the DNT

Matthew 10 in the ELBE

Matthew 10 in the EMTV

Matthew 10 in the ESV

Matthew 10 in the FBV

Matthew 10 in the FEB

Matthew 10 in the GGMNT

Matthew 10 in the GNT

Matthew 10 in the HARY

Matthew 10 in the HNT

Matthew 10 in the IRVA

Matthew 10 in the IRVB

Matthew 10 in the IRVG

Matthew 10 in the IRVH

Matthew 10 in the IRVK

Matthew 10 in the IRVM

Matthew 10 in the IRVM2

Matthew 10 in the IRVO

Matthew 10 in the IRVP

Matthew 10 in the IRVT

Matthew 10 in the IRVT2

Matthew 10 in the IRVU

Matthew 10 in the ISVN

Matthew 10 in the JSNT

Matthew 10 in the KAPI

Matthew 10 in the KBT1ETNIK

Matthew 10 in the KBV

Matthew 10 in the KJV

Matthew 10 in the KNFD

Matthew 10 in the LBA

Matthew 10 in the LBLA

Matthew 10 in the LNT

Matthew 10 in the LSV

Matthew 10 in the MAAL

Matthew 10 in the MBV

Matthew 10 in the MBV2

Matthew 10 in the MHNT

Matthew 10 in the MKNFD

Matthew 10 in the MNG

Matthew 10 in the MNT

Matthew 10 in the MNT2

Matthew 10 in the MRS1T

Matthew 10 in the NAA

Matthew 10 in the NASB

Matthew 10 in the NBLA

Matthew 10 in the NBS

Matthew 10 in the NBVTP

Matthew 10 in the NET2

Matthew 10 in the NIV11

Matthew 10 in the NNT

Matthew 10 in the NNT2

Matthew 10 in the NNT3

Matthew 10 in the PDDPT

Matthew 10 in the PFNT

Matthew 10 in the RMNT

Matthew 10 in the SBIAS

Matthew 10 in the SBIBS

Matthew 10 in the SBIBS2

Matthew 10 in the SBICS

Matthew 10 in the SBIDS

Matthew 10 in the SBIGS

Matthew 10 in the SBIHS

Matthew 10 in the SBIIS

Matthew 10 in the SBIIS2

Matthew 10 in the SBIIS3

Matthew 10 in the SBIKS

Matthew 10 in the SBIKS2

Matthew 10 in the SBIMS

Matthew 10 in the SBIOS

Matthew 10 in the SBIPS

Matthew 10 in the SBISS

Matthew 10 in the SBITS

Matthew 10 in the SBITS2

Matthew 10 in the SBITS3

Matthew 10 in the SBITS4

Matthew 10 in the SBIUS

Matthew 10 in the SBIVS

Matthew 10 in the SBT

Matthew 10 in the SBT1E

Matthew 10 in the SCHL

Matthew 10 in the SNT

Matthew 10 in the SUSU

Matthew 10 in the SUSU2

Matthew 10 in the SYNO

Matthew 10 in the TBIAOTANT

Matthew 10 in the TBT1E

Matthew 10 in the TBT1E2

Matthew 10 in the TFTIP

Matthew 10 in the TFTU

Matthew 10 in the TGNTATF3T

Matthew 10 in the THAI

Matthew 10 in the TNFD

Matthew 10 in the TNT

Matthew 10 in the TNTIK

Matthew 10 in the TNTIL

Matthew 10 in the TNTIN

Matthew 10 in the TNTIP

Matthew 10 in the TNTIZ

Matthew 10 in the TOMA

Matthew 10 in the TTENT

Matthew 10 in the UBG

Matthew 10 in the UGV

Matthew 10 in the UGV2

Matthew 10 in the UGV3

Matthew 10 in the VBL

Matthew 10 in the VDCC

Matthew 10 in the YALU

Matthew 10 in the YAPE

Matthew 10 in the YBVTP

Matthew 10 in the ZBP