Matthew 26 (BEV)

1 Esi Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo le nya siawo ŋu vɔ la, egblɔ na wo hã be, 2 “Abe ale si ke mienya ene la, Ŋutitotoŋkeke la adze gɔme le ŋkeke eve megbe, eye woadem asi aklãm ɖe ati ŋuti.” 3 Le ɣeyiɣi ma tutu me la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple Yudea dumemegã bubuwo kpe ta ɖe Osɔfogãtɔ, Kayafa ƒeme, 4 be yewoade ŋugble tso ale si woawɔ alé Yesu le bebe me awui la ŋuti. 5 Ke wo katã wolɔ̃ ɖe edzi bena, “Míawɔ nu sia gake menye le Ŋutitotoŋkekea dzi o, ne menye nenema o la zi atɔ le dukɔa me.” 6 Azɔ Yesu yi Betania eye wòdze Simɔn anyidɔléla la ƒeme. 7 Esi wonɔ nu ɖum la, nyɔnu aɖe va aƒea me kple amiʋeʋẽ xɔasi aɖe eye wòʋui tsɔ kɔ ɖe tame na Yesu. 8 Esia ve dɔme na nusrɔ̃lawo ŋutɔ eye wogblɔ bena, “Nu ka ta wòle be ame natsɔ ga aƒu gbe ɖe yame alea? Enyo be wòawɔ esia? 9 Ate ŋu adzra ami sia, akpɔ ga home gã aɖe atsɔ na ame dahewo ɖe.” 10 Yesu nya nu si bum nusrɔ̃lawo le ale wògblɔ na wo be, “Migaɖe ɖeklemi kple nyɔnua o, elabena nu nyui wònye wòwɔ nam. 11 Ame dahewo li kpli mi gbe sia gbe, ke nye la nyemanɔ mia gbɔ tegbee o. 12 Esi wònye be nye ku gbɔna kpuie ta la, ekɔ amiʋeʋẽ la ɖe dzinye bena wòadzra nye ŋutilã ɖo hena ɖiɖi. 13 Nyɔnu sia ƒe ŋkɔ mele bubu ge akpɔ o elabena woagblɔ nu si wòwɔ la afia le xexeame godoo afi sia afi si woagblɔ nyanyui la le ko.” 14 Le nyadzɔdzɔ sia megbe la, Yuda Iskariɔt, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka yi ɖe Osɔfogãwo gbɔ 15 eye wòbia bena, “Ho nenie miaxe nam nenye be mede Yesu asi na mi?” Enumake woxlẽ klosaloga blaetɔ̃ tsɔ de asi nɛ. 16 Tso gbe ma gbe dzi ko Yuda de asi mɔ si dzi wòato ade Yesu asi na Osɔfogãwo la didi me. 17 Le ŋkeke gbãtɔ si do ŋgɔ na abolo maʋamaʋã ɖuɖu ƒe ŋkekea dzi la, nusrɔ̃lawo te ɖe Yesu ŋu eye wobiae be, “Afi kae míele ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?” 18 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu aɖe, mi gblɔ nɛ bena, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be, yeƒe ɣeyiɣi la ɖo azɔ eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava dze gbɔwò aɖu ŋutitotoŋkekenyui la.’ ” 19 Nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ eye wodzra ɖo na ŋkekea ɖuɖu le afi ma. 20 Le fiẽ me la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ kplɔ̃ ŋu eye woɖu nu. 21 Ke esi wonɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na wo be, “Mia dometɔ ɖeka adem asi be woawu.” 22 Nya sia ɖi ɖe nusrɔ̃lawo ŋutɔ ale wolé blanui. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsi dzodzodzoe eye wobiae be, “Aƒetɔ nyea? Aƒetɔ nyea?” 23 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame si de asi nuɖugba me kplim lae le dɔ sia wɔ ge. 24 Ele nam be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene. Gake baba na ame si adem asi. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la anyo nɛ wu sa.” 25 Ke azɔ la, Yuda hã bia Yesu be, “Nufiala, nyee le nu sia wɔ gea?” Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nɔvi, wò tututue le dɔ sia wɔ ge.” 26 Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi. Edo gbe ɖa ɖe aboloa ta eye womae na wo be woaɖu. Esi wòtsɔ aboloa na wo be woaɖu la, egblɔ be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã.” 27 Emegbe la etsɔ wain kplu la hã ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta eye wotsɔe na wo be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mi katã mixɔe no, 28 esia nye nye ʋu si wotsɔ tre nubabla yeyea nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke to eme.” 29 Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena, “Medi be mianya nyuie bena, nyemegale wain sia no ge akpɔ o, va se ɖe esi me nye kple miawo miaganoe yeyee le fofonye ƒe Fiaɖuƒe la me.” 30 Esi Yesu ƒo nu vɔ la, wo katã wodzi ha ɖeka eye wodo go heɖo ta amitito la dzi. 31 Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Le egbe ƒe zã sia me la, mi katã mia kaka le ŋunye. Elabena woŋlɔe ɖe mawunya me bena, ‘Mele alẽkplɔla la wu ge eye alẽawo katã akaka gbẽe.’ 32 Gake ne megagbɔ agbe la, mayi ɖe Galilea eye mado go mi le afi ma.” 33 Petro tɔ asi akɔ gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame ka hlẽ le ŋuwò hã la, nye ya nyemadzo le gbɔwò gbeɖegbeɖe o.” 34 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, le nyateƒe me la, kasia ne koklo naku atɔ le fɔŋli me la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” 35 Petro gaɖo eŋu kple kakaɖedzi be, “Ke ɖeko maku hafi agbe nu le gbɔwò” Azɔ nusrɔ̃la bubuawo katã hã gblɔ nenema. 36 Ke Yesu kplɔ wo yi ɖe abɔ aɖe si woyɔna be Getsemane la me eye wògblɔ na wo be woabɔbɔ nɔ anyi alala ye vie. Esi wonɔ elalam la, ezɔ yi ŋgɔ vie be yeado gbe ɖa. 37 Ekplɔ Petro kple Zebedeo vi eveawo siwo nye Yohanes kple yakobo la ɖe asi. Esi wova ɖo teƒea la eƒe lãme gbɔdzɔ eye wòlé blanui. 38 Ale wògblɔ na wo bena, “Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ eye nye dzi le nu xam heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia eye mianɔ ŋudzɔ kplim.” 39 Yesu zɔ yi ŋgɔ vie, edze klo eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be, “Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe kplu sia ɖa le dzinye. Ke na be nu si ke nye wò lɔlɔ̃ nu la nava eme ke menye nu si medi la o.” 40 Yesu trɔ va nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ kasia, ekpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Eyɔ Petro eye wòbiae se bena, “Ke miate ŋu anɔ ŋu kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ oa? 41 Minɔ ŋudzɔ eye mido gbe ɖa, nemenye nenema o la, tetekpɔ aɖu mia dzi. Elabena gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.” 42 Yesu gagblẽ nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖi heyi ɖado gbe ɖa ake be, “Fofo, nenye be ele be mano kplu sia kokoko la, ekema mawɔ wò lɔlɔ̃ nu.” 43 Esi wògatrɔ va la ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. 44 Etrɔ le wo gbɔ gayi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia. 45 Azɔ etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Miate ŋu adɔ alɔ̃ azɔ fãa eye mia dzudzɔ mia ɖokuiwo. Gake nɔviwo, ɣeyiɣi la de be woadem asi na nu vɔ̃ wɔlawo. 46 Mitso míadze mɔ. Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi la enye ma gbɔna.” 47 Esi wònɔ nua ƒom la Yuda ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka la enye ekem le ŋgɔ na ameha gã aɖe eye wozɔ gbɔna. Ameha siawo nye amedɔdɔwo tso Yudatɔwo ƒe Osɔfowo kple dumemegãwo gbɔ, eye wolé yiwo kple kpowo ɖe asi gbɔna. 48 Yuda gblɔ na wo do ŋgɔ be ame si dim wole la enye ame si yeado gbe na eye yeagbugbɔ nu na la. 49 Yuda zɔ tẽe yi ɖe Yesu gbɔ gblɔ nɛ be, “Medo gbe na wò, Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ. 50 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, yi wò dɔ si ta nèva ɖo la dzi.” Kasia, amewo lũ ɖe Yesu dzi eye wolée. 51 Enumake Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ɖe eƒe yi le aku me eye wòkpa to na Yudatɔwo ƒe osɔfogã ƒe subɔvi ɖeka. 52 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Megawɔ wò yi ŋudɔ o, tsɔe de aku me, elabena ame siwo wɔa yi ŋudɔ la, hã kpɔa ku le yi nu. 53 Alo menya be mate ŋu abia Fofonye eye wòana mawudɔla akpeakpewo mí be woadzɔ mía ŋu oa? 54 Ke ne mewɔ nenema ɖe ale ke nya siwo woŋlɔ da ɖi le mawunya me siwo le dzɔdzɔm fifia hã la awɔ hafi ava eme?” 55 Azɔ Yesu trɔ ɖe amehawo gbɔ ƒo nu na wo be, “Nu vɔ̃ wɔla kple hlɔ̃dola menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoalém hã? Menɔ mia dome, gblɔ nya le miaƒe gbedoxɔ me gbe sia gbe, ke miete ŋu wɔ naneke o. 56 Nyateƒe nu siawo katã le dzɔdzɔm tututu abe ale si nyagblɔɖilawo ŋlɔe da ɖi le mawunya la me ene.” 57 Ameha la kplɔ Yesu yi ɖe Osɔfogã Kayafa ƒe aƒeme, afi si Yudatɔwo ƒe osɔfowo katã va ƒo ƒu ɖo la. 58 Petro hã dze ameawo yome ɖɔɖɔɖɔ va Osɔfogãwo ƒe aƒea me eye wòyi ɖanɔ asrafoawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi ɖa. 59 Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple dumegãwo kpe ta ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒegã la henɔ vodada si dzi woatsi tre ɖo atso kufia nɛ la dim. 60 Gake womekpɔ ɖeke o, togbɔ be ame geɖewo lɔ̃ ɖi aʋatsoɖase le eŋu hã. 61 Le nuwuwu la ame eve va gblɔ be, “Ame sia gblɔ be, ‘mate ŋu agba Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ” 62 Enumake Yudatɔwo ƒe Osɔfogã la tsi tre hebia Yesu be, “Alekee, nuɖeɖe aɖe le asiwo le nya sia ŋua?” 63 Ke Yesu meke nu o.Osɔfogã la yi edzi gblɔ nɛ be, “Meta Mawu gbagbe la, nenye wòe nye Mesia, Mawu Vi la la, ekema gblɔe mise fifia.” 64 Azɔ Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “Ẽ, nye tututue, eye madidi o la, miakpɔ nye Amegbetɔ Vi la mabɔbɔ nɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye matrɔ agbɔ va le dziƒo lilikpowo me.” 65 Eƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe Osɔfogã la ale woƒu asi akɔta gblɔ bena, “Mise ɖa, ame sia gblɔ busunya, megahiã be ame bubu aɖeke naɖi ɖase o, mí katã míese eƒe numegbe xoxo. 66 Nu kae nye miaƒe nyametsotso?” Ameha gã la do ɣli be, “Edze na ku, ele be woawui!” 67 Azɔ amewo ƒu du ɖe edzi, ɖe ta ɖe eŋu eye ɖewo tu kɔe to megbe hegblɔ nɛ be, 68 “Ne wòe nye Mesia la la, ekema tɔ asi ame si ƒo wò to megbe la dzi ne míakpɔ.” 69 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Petro ganɔ amehawo dome le xexe. Nyɔnuvi dzaa aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena, “Wò hã ènɔ Yesu Galileatɔ la yome.” 70 Ke Petro sẽ nu le wo katã ŋkume, “Nye menya naneke le nu si gblɔm nèle la ŋu o.” 71 Emegbe la Petro do ɖe agboa nu eye nyɔnuvi bubu aɖe hã gakpɔ Petro le amehawo dome, eye wògblɔ na ame siwo le afi ma be, “Ame sia hã nɔ Yesu Nazaretitɔ ƒe nusrɔ̃lawo dome.” 72 Azɔ Petro ka atam be, “Nye menya ŋutsu la le afi aɖeke kura kpɔ o!” 73 Ke eteƒe medidi o la, ame siwo tsi tre ɖe afi ma la te ɖe Petro ŋu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, míenya be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye, wò nuƒo hã sɔ kple Galileatɔwo tɔ pɛpɛpɛ.” 74 Azɔ Petro do ɣli. Eka atam gblɔ be, “Ne menya ame sia tututu la, ekema nane nedzɔ ɖe dzinye.”Kasia Petro naɖe nu le nyaa me la, koklo ku atɔ “kɔkɔliakɔe.” 75 Enumake Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be, “Hafi koklo naku atɔ la agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃” la dzi. Ale wòtrɔ dzo eye wofa avi vevie.

In Other Versions

Matthew 26 in the ANGEFD

Matthew 26 in the ANTPNG2D

Matthew 26 in the AS21

Matthew 26 in the BAGH

Matthew 26 in the BBPNG

Matthew 26 in the BBT1E

Matthew 26 in the BDS

Matthew 26 in the BHAD

Matthew 26 in the BIB

Matthew 26 in the BLPT

Matthew 26 in the BNT

Matthew 26 in the BNTABOOT

Matthew 26 in the BNTLV

Matthew 26 in the BOATCB

Matthew 26 in the BOATCB2

Matthew 26 in the BOBCV

Matthew 26 in the BOCNT

Matthew 26 in the BOECS

Matthew 26 in the BOGWICC

Matthew 26 in the BOHCB

Matthew 26 in the BOHCV

Matthew 26 in the BOHLNT

Matthew 26 in the BOHNTLTAL

Matthew 26 in the BOICB

Matthew 26 in the BOILNTAP

Matthew 26 in the BOITCV

Matthew 26 in the BOKCV

Matthew 26 in the BOKCV2

Matthew 26 in the BOKHWOG

Matthew 26 in the BOKSSV

Matthew 26 in the BOLCB

Matthew 26 in the BOLCB2

Matthew 26 in the BOMCV

Matthew 26 in the BONAV

Matthew 26 in the BONCB

Matthew 26 in the BONLT

Matthew 26 in the BONUT2

Matthew 26 in the BOPLNT

Matthew 26 in the BOSCB

Matthew 26 in the BOSNC

Matthew 26 in the BOTLNT

Matthew 26 in the BOVCB

Matthew 26 in the BOYCB

Matthew 26 in the BPBB

Matthew 26 in the BPH

Matthew 26 in the BSB

Matthew 26 in the CCB

Matthew 26 in the CUV

Matthew 26 in the CUVS

Matthew 26 in the DBT

Matthew 26 in the DGDNT

Matthew 26 in the DHNT

Matthew 26 in the DNT

Matthew 26 in the ELBE

Matthew 26 in the EMTV

Matthew 26 in the ESV

Matthew 26 in the FBV

Matthew 26 in the FEB

Matthew 26 in the GGMNT

Matthew 26 in the GNT

Matthew 26 in the HARY

Matthew 26 in the HNT

Matthew 26 in the IRVA

Matthew 26 in the IRVB

Matthew 26 in the IRVG

Matthew 26 in the IRVH

Matthew 26 in the IRVK

Matthew 26 in the IRVM

Matthew 26 in the IRVM2

Matthew 26 in the IRVO

Matthew 26 in the IRVP

Matthew 26 in the IRVT

Matthew 26 in the IRVT2

Matthew 26 in the IRVU

Matthew 26 in the ISVN

Matthew 26 in the JSNT

Matthew 26 in the KAPI

Matthew 26 in the KBT1ETNIK

Matthew 26 in the KBV

Matthew 26 in the KJV

Matthew 26 in the KNFD

Matthew 26 in the LBA

Matthew 26 in the LBLA

Matthew 26 in the LNT

Matthew 26 in the LSV

Matthew 26 in the MAAL

Matthew 26 in the MBV

Matthew 26 in the MBV2

Matthew 26 in the MHNT

Matthew 26 in the MKNFD

Matthew 26 in the MNG

Matthew 26 in the MNT

Matthew 26 in the MNT2

Matthew 26 in the MRS1T

Matthew 26 in the NAA

Matthew 26 in the NASB

Matthew 26 in the NBLA

Matthew 26 in the NBS

Matthew 26 in the NBVTP

Matthew 26 in the NET2

Matthew 26 in the NIV11

Matthew 26 in the NNT

Matthew 26 in the NNT2

Matthew 26 in the NNT3

Matthew 26 in the PDDPT

Matthew 26 in the PFNT

Matthew 26 in the RMNT

Matthew 26 in the SBIAS

Matthew 26 in the SBIBS

Matthew 26 in the SBIBS2

Matthew 26 in the SBICS

Matthew 26 in the SBIDS

Matthew 26 in the SBIGS

Matthew 26 in the SBIHS

Matthew 26 in the SBIIS

Matthew 26 in the SBIIS2

Matthew 26 in the SBIIS3

Matthew 26 in the SBIKS

Matthew 26 in the SBIKS2

Matthew 26 in the SBIMS

Matthew 26 in the SBIOS

Matthew 26 in the SBIPS

Matthew 26 in the SBISS

Matthew 26 in the SBITS

Matthew 26 in the SBITS2

Matthew 26 in the SBITS3

Matthew 26 in the SBITS4

Matthew 26 in the SBIUS

Matthew 26 in the SBIVS

Matthew 26 in the SBT

Matthew 26 in the SBT1E

Matthew 26 in the SCHL

Matthew 26 in the SNT

Matthew 26 in the SUSU

Matthew 26 in the SUSU2

Matthew 26 in the SYNO

Matthew 26 in the TBIAOTANT

Matthew 26 in the TBT1E

Matthew 26 in the TBT1E2

Matthew 26 in the TFTIP

Matthew 26 in the TFTU

Matthew 26 in the TGNTATF3T

Matthew 26 in the THAI

Matthew 26 in the TNFD

Matthew 26 in the TNT

Matthew 26 in the TNTIK

Matthew 26 in the TNTIL

Matthew 26 in the TNTIN

Matthew 26 in the TNTIP

Matthew 26 in the TNTIZ

Matthew 26 in the TOMA

Matthew 26 in the TTENT

Matthew 26 in the UBG

Matthew 26 in the UGV

Matthew 26 in the UGV2

Matthew 26 in the UGV3

Matthew 26 in the VBL

Matthew 26 in the VDCC

Matthew 26 in the YALU

Matthew 26 in the YAPE

Matthew 26 in the YBVTP

Matthew 26 in the ZBP