Matthew 27 (BEV)

1 Esi ŋu ke la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegã bubuwo kpe ta be woade ŋugblẽ le ale si woawɔ able Romatɔwo ƒe dziɖuɖua nu ne wòatso kufia na Yesu la ŋuti. 2 Emegbe la, wode gae eye wokplɔe yi na Pilato, Romatɔwo ƒe gɔvina. 3 Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si de Yesu asi la kpɔ be wotso kufia nɛ. Eƒe susu trɔ eye wòvee vevie be wòwɔ esia. Eya ta egbugbɔ ga si wòxɔ le Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo si la yii na wo. 4 Egblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃ elabena, mede ame maɖifɔ asi.” Ke woɖo eŋu nɛ be, “Wònyae nye ema, ɖeke meka mí o.” 5 Ale Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe anyigba le gbedoxɔ la me eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui. 6 Osɔfogãwo va fɔ ga la le anyigba eye wogblɔ bena, “Míate ŋu atsɔ ga sia ade nudzɔɖaka le me o, elabena etsi tre ɖe míaƒe sewo ŋu be, míaxɔ ga si woxe ɖe ame aɖe ƒe ku ta la.” 7 Mlɔeba la, woɖoe be yewoatsɔ ga la aƒle abɔ aɖe si le afi si Zemelawo kaa anyi lena la eye yewoatrɔe woazu ameɖiƒe na amedzro siwo ku le Yerusalem. 8 Eya tae woyɔa ameɖiƒe sia be, “Ʋubɔ” va se ɖe egbe. 9 Esia wu nya si nyagblɔɖila Yeremia gblɔ da ɖi be, “Wotsɔ klosalo ga blaetɔ̃, si wòxɔ le Israelviwo gbɔ la, 10 ƒle abɔe tso Zemelawo si abe ale si Aƒetɔ la gblɔ nam ene,” la nu. 11 Azɔ la Yesu tsi tre ɖe Pilato, Roma dziɖuɖua ƒe gɔvina ŋkume. Gɔvina la biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, abe ale si míegblɔe ene.” 12 Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo tsɔ nya geɖewo wɔ nutsotsoe ɖe Yesu ŋuti, gake eya zi ɖoɖoe kpoo. Meɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu o. 13 Pilato gabiae be, “Mèle nya gbogbo siwo gblɔm wole ɖe ŋutiwò la sem oa?” 14 Ke Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o eye esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ. 15 Enye gɔvina la ƒe ɖoɖo be ne Ŋutitotoŋkeke la ɖo edzi ƒe sia ƒe la, yeaɖe asi le Yudatɔ gamenɔla si wodi la ŋuti. 16 Le ƒe sia me la, gamenɔla aɖe li, ame sia nye ame dovo, tagbɔsesẽtɔ aɖe. Eƒe ŋkɔe nye Baraba. 17 Esi ameha la ɖi anyi ɖe Pilato ƒe xɔxɔnu le ŋdi ma la, ebia wo be, “Ame ka ŋutie maɖe asi le na mi? Baraba loo alo Yesu, miaƒe Mesia la?” 18 Elabena Pilato nya nyuie be ale si ame geɖewo dze Yesu yome la koe biã ŋu na Yudatɔwo ƒe dumemegãwo eya tae wolée ɖo. 19 Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a ɖo gbedeasi sia ɖee be, “Megaka asi ame dzɔdzɔe ma ŋuti o; elabena etsɔ si va yi ƒe zã la meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe tso eŋuti.” 20 Azɔ la Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo ble ameha la nu be woabia be woaɖe asi le Baraba ŋuti na yewo eye woawu Yesu. 21 Eya ta esi gɔvina la gabia be, “Ame eve siawo dometɔ ka ŋutie maɖe asi le na mi?” la, ameha la do ɣli sesĩe be, “Baraba.” 22 Pilato biawo be, “Ekema nu kae mawɔ kple Yesu, miaƒe Mesia la?” Wodo ɣli hoo be, “Klãe ɖe ati ŋuti!” 23 Pilato gabia be, “Nu ka tae miedi be mawɔ esia ɖo, eye vo kae wòda?” Ke woawo la ɣlia dodo dzi ko wonɔ be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” 24 Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa eye howɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem la, edɔ be woaku tsi ɖe gagbɛ me vɛ na ye, ale woklɔ asi le ameha la ŋkume gblɔ be, “Ame nyui sia ƒe ʋu kɔkɔ ɖi la, metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!” 25 Ameha la do ɣli sesĩe be, “Eƒe ʋɔ kɔkɔ ɖi ƒe tohehe neva mí kple mía viwo dzi fãa!” 26 Ale Pilato ɖe asi le Baraba ŋuti na wo. Ena woƒo Yesu eye esi woƒoe vɔ la, eɖe asi le eŋu na Roma srafowo be woakplɔe yi aɖaklã ɖe ati ŋu. 27 Gbã la, asrafoawo kplɔe yi ɖe afi si aʋawɔnuwo nɔna eye asrafoha la katã va ƒo xlãe. 28 Woɖe eƒe awu siwo wòdo la le eŋuti eye wotsɔ awu dzĩ do nɛ 29 eye wotsɔ ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe dusisi me. Wova dzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe eye wogblɔna be, “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia.” 30 Azɔ la, wotu ta ɖe eŋuti eye woxɔ atikplɔ la le esi hetsɔ ƒo dzodome nɛ sesĩe. 31 Esi wowu fewuɖuɖua nu la, woɖe awu dzĩ la le eŋuti eye wotsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti. 32 Esi woyina eklã ge ɖe atitsoga ŋuti la, wodo go ŋutsu aɖe si tso Kirene, le Afrika, eŋkɔe nye Simɔn, eye wozi edzi be wòatsɔ atitsoga la akpe Yesu. 33 Ale wova ɖo teƒe si woyɔna be Golagata, si gɔme nye “Ametakoli Togbɛ.” 34 Asrafoawo tsɔ wain si me wode atikee la nɛ be wòano gake esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono. 35 Esi woklãe ɖe atitsoga ŋuti vɔ la, asrafoawo da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woazu ame si ɖu dzi la tɔ. 36 Le esia megbe la, wobɔbɔ nɔ anyi ɖe afi ma henɔ eŋu dzɔm. 37 Woŋlɔ nu klã ɖe eƒe atitsoga la tame be, “Ame sia nye Yesu, Yudatɔwo ƒe fia la.” 38 Ŋdi ma ke la, woklã adzodala eve hã ɖe ati ŋu le axawo kple eve dzi. 39 Ame siwo to teƒea va yina la dzui hegblɔ nya vlo geɖewo ɖe eŋuti. Woʋuʋua ta fewuɖutɔe be, 40 “Ke alee wòle! Àte ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke atɔ̃ megbe. Mate ŋui oa? Ne àte ŋui eye nenye Mawu Vi tututu la, ɖe ɖokuiwò le atia ŋuti!” 41 Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegã bubu siwo le afi ma la ɖu fewu le eŋu be, 42 “Eɖe ame bubuwo gake mate ŋu aɖe eɖokui o! Ke wò boŋue nye Yudatɔwo ƒe fia laa? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase. 43 Ebe yexɔ Mawu dzi se; Mawu neɖo kpe eƒe xɔse la dzi ne wòaɖee le atia ŋuti. Alo menye eyae gblɔ be, ‘Mawu vi menye,’ oa?” 44 Nenema ke adzodala siwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la hã dzui heɖe alɔme le eŋuti. 45 Le ŋdɔ ma la, zadokeli do ɖe anyigba la katã dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ, tso ŋdɔ ga wuieve va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me. 46 Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eli, Eli lama sabaktani”, esi gɔme enye, “Nyee Mawu, nyee Mawu nu ka ŋuti nègblẽm ɖi mahã?” 47 Nukpɔla siwo le afi ma la dometɔ aɖewo mese nya si wògblɔ la gɔme nyuie o, eye wobu be Eliya yɔm wòle. 48 Ameawo dometɔ ɖeka si du ɖatsɔ aha tsitsi eye wokɔe ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me. Etɔ akutsa la ɖe ati nu eye wòtsɔe ɖo nu na Yesu. 49 Ke ame bubuwo gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋuti ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.” 50 Yesu gado ɣli sesĩe ake. Etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na eye wòku kpoo. 51 Eye kpɔ ɖa xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la ŋkumee le gbedoxɔ me la ma ɖe eve enumake tso tame va se ɖe egɔme eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo hã gbã 52 eye yɔdowo nu ʋu eye nyɔnu kple ŋutsu siwo nye mawuvɔ̃lawo hafi ku la gagbɔ agbe. 53 Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo le woƒe yɔdoawo me eye woyi ɖe Yerusalem, afi si woɖe wo ɖokuiwo fia ame geɖewo le. 54 Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋudzi kple vɔvɔ̃ lé wo eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu Vi vavã.” 55 Nyɔnu siwo kplɔe ɖo tso Galilea be yewoava kpɔ edzi le Yerusalem la, le nu siwo katã le dzɔdzɔm la kpɔm tso adzɔge. 56 Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ, Maria Yakobo kple Yosef dada kple Yohanes kpakple Yakobo siwo nye Zebedeo ƒe viwo la dada. 57 Esi fiẽ ɖo la, kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef, tso Arimatia, ame si nye Yesu yomedzelawo dometɔ ɖeka la, 58 yi ɖe Pilato gbɔ hebia Yesu ƒe ŋutilã kukua. Pilato ɖe gbe be woatsɔ Yesu ƒe ŋutilã kukua nɛ. 59 Yosef xɔ ame kuku la eye wòtsɔ aklala yeye aɖe si fu tititi la xatsa ɖe eŋuti nyuie 60 eye wòtsɔe mlɔ yɔdo si eya ŋutɔ ɖe ɖe agakpewo dome la me hemli kpe gã aɖe tu yɔdo la nu. 61 Maria Magdalatɔ kple Maria evelia wonɔ anyi henɔ ale si woɖi Yesu kple afi si woɖi ɖo la kpɔm. 62 Le ŋufɔke, esi ŋutitoto ŋkeke la ƒe ŋkeke gbãtɔ wu enu la, Osɔfogãwo kple Farisitɔwo yi ɖe Pilato gbɔ 63 eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, alakpatɔ ma gblɔ kpɔ be, ‘Matsi tre le ŋkeke etɔ̃ megbe’ 64 Eya ta míedi be naɖe gbe ne woatre yɔdo la nu va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe ale be eƒe nusrɔ̃lawo mate ŋu ayi aɖafi eƒe ŋutilã kukua ahable amewo be, etsi tre o. Nenye be nu sia va eme la, ekema nu si adzɔ fifia la, awu gbãtɔ.” 65 Pilato ɖo nya la ŋu na wo be, “Mikplɔ asrafo siawo yi nɛ woadzɔ yɔdo la ŋu nyuie.” 66 Ale wotre yɔdo la nu hetsɔ kpovitɔwo ɖo afi ma be woadzɔ eŋuti.

In Other Versions

Matthew 27 in the ANGEFD

Matthew 27 in the ANTPNG2D

Matthew 27 in the AS21

Matthew 27 in the BAGH

Matthew 27 in the BBPNG

Matthew 27 in the BBT1E

Matthew 27 in the BDS

Matthew 27 in the BHAD

Matthew 27 in the BIB

Matthew 27 in the BLPT

Matthew 27 in the BNT

Matthew 27 in the BNTABOOT

Matthew 27 in the BNTLV

Matthew 27 in the BOATCB

Matthew 27 in the BOATCB2

Matthew 27 in the BOBCV

Matthew 27 in the BOCNT

Matthew 27 in the BOECS

Matthew 27 in the BOGWICC

Matthew 27 in the BOHCB

Matthew 27 in the BOHCV

Matthew 27 in the BOHLNT

Matthew 27 in the BOHNTLTAL

Matthew 27 in the BOICB

Matthew 27 in the BOILNTAP

Matthew 27 in the BOITCV

Matthew 27 in the BOKCV

Matthew 27 in the BOKCV2

Matthew 27 in the BOKHWOG

Matthew 27 in the BOKSSV

Matthew 27 in the BOLCB

Matthew 27 in the BOLCB2

Matthew 27 in the BOMCV

Matthew 27 in the BONAV

Matthew 27 in the BONCB

Matthew 27 in the BONLT

Matthew 27 in the BONUT2

Matthew 27 in the BOPLNT

Matthew 27 in the BOSCB

Matthew 27 in the BOSNC

Matthew 27 in the BOTLNT

Matthew 27 in the BOVCB

Matthew 27 in the BOYCB

Matthew 27 in the BPBB

Matthew 27 in the BPH

Matthew 27 in the BSB

Matthew 27 in the CCB

Matthew 27 in the CUV

Matthew 27 in the CUVS

Matthew 27 in the DBT

Matthew 27 in the DGDNT

Matthew 27 in the DHNT

Matthew 27 in the DNT

Matthew 27 in the ELBE

Matthew 27 in the EMTV

Matthew 27 in the ESV

Matthew 27 in the FBV

Matthew 27 in the FEB

Matthew 27 in the GGMNT

Matthew 27 in the GNT

Matthew 27 in the HARY

Matthew 27 in the HNT

Matthew 27 in the IRVA

Matthew 27 in the IRVB

Matthew 27 in the IRVG

Matthew 27 in the IRVH

Matthew 27 in the IRVK

Matthew 27 in the IRVM

Matthew 27 in the IRVM2

Matthew 27 in the IRVO

Matthew 27 in the IRVP

Matthew 27 in the IRVT

Matthew 27 in the IRVT2

Matthew 27 in the IRVU

Matthew 27 in the ISVN

Matthew 27 in the JSNT

Matthew 27 in the KAPI

Matthew 27 in the KBT1ETNIK

Matthew 27 in the KBV

Matthew 27 in the KJV

Matthew 27 in the KNFD

Matthew 27 in the LBA

Matthew 27 in the LBLA

Matthew 27 in the LNT

Matthew 27 in the LSV

Matthew 27 in the MAAL

Matthew 27 in the MBV

Matthew 27 in the MBV2

Matthew 27 in the MHNT

Matthew 27 in the MKNFD

Matthew 27 in the MNG

Matthew 27 in the MNT

Matthew 27 in the MNT2

Matthew 27 in the MRS1T

Matthew 27 in the NAA

Matthew 27 in the NASB

Matthew 27 in the NBLA

Matthew 27 in the NBS

Matthew 27 in the NBVTP

Matthew 27 in the NET2

Matthew 27 in the NIV11

Matthew 27 in the NNT

Matthew 27 in the NNT2

Matthew 27 in the NNT3

Matthew 27 in the PDDPT

Matthew 27 in the PFNT

Matthew 27 in the RMNT

Matthew 27 in the SBIAS

Matthew 27 in the SBIBS

Matthew 27 in the SBIBS2

Matthew 27 in the SBICS

Matthew 27 in the SBIDS

Matthew 27 in the SBIGS

Matthew 27 in the SBIHS

Matthew 27 in the SBIIS

Matthew 27 in the SBIIS2

Matthew 27 in the SBIIS3

Matthew 27 in the SBIKS

Matthew 27 in the SBIKS2

Matthew 27 in the SBIMS

Matthew 27 in the SBIOS

Matthew 27 in the SBIPS

Matthew 27 in the SBISS

Matthew 27 in the SBITS

Matthew 27 in the SBITS2

Matthew 27 in the SBITS3

Matthew 27 in the SBITS4

Matthew 27 in the SBIUS

Matthew 27 in the SBIVS

Matthew 27 in the SBT

Matthew 27 in the SBT1E

Matthew 27 in the SCHL

Matthew 27 in the SNT

Matthew 27 in the SUSU

Matthew 27 in the SUSU2

Matthew 27 in the SYNO

Matthew 27 in the TBIAOTANT

Matthew 27 in the TBT1E

Matthew 27 in the TBT1E2

Matthew 27 in the TFTIP

Matthew 27 in the TFTU

Matthew 27 in the TGNTATF3T

Matthew 27 in the THAI

Matthew 27 in the TNFD

Matthew 27 in the TNT

Matthew 27 in the TNTIK

Matthew 27 in the TNTIL

Matthew 27 in the TNTIN

Matthew 27 in the TNTIP

Matthew 27 in the TNTIZ

Matthew 27 in the TOMA

Matthew 27 in the TTENT

Matthew 27 in the UBG

Matthew 27 in the UGV

Matthew 27 in the UGV2

Matthew 27 in the UGV3

Matthew 27 in the VBL

Matthew 27 in the VDCC

Matthew 27 in the YALU

Matthew 27 in the YAPE

Matthew 27 in the YBVTP

Matthew 27 in the ZBP