Mark 4 (BEV)

1 Eva eme be ame geɖewo gava ƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le esime wònɔ nu fiam le ƒuta. Le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, ege ɖe ʋu aɖe me eye wònɔ afi ma hafi nɔ nua fiam. 2 Efia nu geɖe amewo to lododo me. 3 Egblɔ na wo be, “Miɖo to miasee,“Agbledela aɖe yi nuku wu ge ɖe eƒe agble me. 4 Nuku siwo wòwu la ƒe ɖewo ge ɖe mɔto, eye xeviwo va fɔ wo mi. 5 Bubuwo ge ɖe kpenyigba dzi afi si anyi geɖe mele o. Nukua mie enumake, gake esi anyi mesɔ gbɔ o ta la 6 esi ŋdɔ ʋu la, eyrɔ, eye wòku elabena eƒe ke mede to o. 7 Nuku bubuwo ge ɖe ŋuwo me eye esi wonɔ tsitsim la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi ale be womete ŋu tse ku aɖeke o. 8 Ke nuku aɖewo ya ge ɖe anyigba nyui dzi eye wotse ku blaetɔ̃, ɖewo tse blade eye ɖewo hã tse alafa.” 9 Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Ame si tosenu li na la nesee.” 10 Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kpakple nusrɔ̃lawo bubuwo ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga. Nusrɔ̃lawo biae le afi sia be, “Lo si nèdo la gɔme ɖe?” 11 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, wona mɔ mi be mianya mawufiaɖuƒe la ƒe nuɣaɣlawo, ke woɣla esiawo ɖe ame siwo le fiaɖuƒe godo. 12 Mi ɖo ŋku edzi be, ‘Togbɔ be wokpɔa nu eye wosea nu hã la, womele nu gɔme se ge alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ, be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo o.’ ” 13 Ke nenye be miawo hã miete ŋu se lododo bɔbɔe sia gɔme o ɖe, ale ke miawɔ ase esiwo mava do emegbe la gɔme? 14 “Agbledela si ŋu meƒo nu tsoe lae nye ame si gblɔa mawunya na amewo, eye wòdina be yeaƒa ku nyuiwo ɖe amewo ƒe agbemɔ dzi. 15 Mɔto afi si nuku aɖewo kaka ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ne wose mawunya la, eye Satana va te wo kpɔ ko la, woŋlɔa nya la be enumake. 16 Kpenyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea mawunya la eye woxɔnɛ kple dzidzɔ. 17 Gake abe nuku siwo miena ɖe anyigba ma ƒomevi dzi ene la wo ƒe kewo medea to o, eye togbɔ be wotsina vlɔvlɔ hã la, ne yometiti va ko la woyrɔna. 18 “Ŋunyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea nyanyui la eye woxɔnɛ ɖe woƒe dziwo me. 19 Gake xexe sia me ƒe dzitsitsi ɖe kesinɔnuwo ŋu, hloloetsotso na dzidzedzekpɔkpɔ kple xexeame ƒe nudzroame geɖewo vana zua ŋu vuna tsyɔa Mawu ƒe nya si wose la dzi eye metsea ku aɖeke o. 20 “Azɔ anyigba nyui lae nye ame siwo xɔa Mawu ƒe nya la le nyateƒe me eye wòtsea ku geɖe na Mawu, zi blaetɔ̃, zi blaade alo zi gbɔ zi alafa ɖeka kura hã.” 21 Yesu yi edzi bia nusrɔ̃lawo be, “Nenye be ame aɖe si akaɖi ɖe, ɖe wòtsɔa nu tsyɔa edzi be megaklẽ oa? Gbeɖe, ne wòwɔ esia la, ekema ame aɖeke mate ŋu akpɔ nu kple akaɖia alo awɔ eŋuti dɔ o. Ne wosi akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ na amewo eye wòanye ŋudɔwɔnu na wo. 22 “Nu siwo katã le ɣaɣla fifia la, ava dze le gaglãgbe gbe ɖeka. 23 Ne tosenu li na mi la, misee! 24 Mikpɔ egbɔ be miewɔ ɖe nu siwo miese la dzi elabena ne miele esia wɔm la, ekema miase nu siwo katã mefia mi la gɔme. 25 Ame si si nu le la eyae woana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ sue si le esi la gɔ̃ hã le esi. 26 “Lo bubu si fia ale si mawufiaɖuƒea le lae nye esi: ‘Agbledela aɖe ƒã nuku ɖe eƒe abɔ me eye wòdzo, 27 ke le ŋkeke aɖewo megbe la, nukua ŋutɔ tsi le eɖokui si eye agbledela mena kpekpeɖeŋu aɖeke o, elabena anyigba ŋutɔ nyo xoxo. 28 Gbã la aŋgba fɛ̃wo do, emegbe la nukua ƒo se eye mlɔeba la etse ku. 29 Azɔ agbledela la yi agblea me eye wòxa nukua.’ ” 30 Yesu yi edzi bia wo be, “Ale ke gɔ̃ maɖe ale si mawufiaɖuƒe lii la afia mi. Lo ka tututue mate ŋu ado wòasɔ kplii? 31 Mawufiaɖuƒea le abe ʋuti ƒe ku si nye nuku suetɔ kekeake ene. 32 Togbɔ be ele alea hã la, ne woƒãe la etsina zua ati dzɔtsutɔwo dometɔ ɖeka eye wòɖea alɔ legbe siwo me xeviwo wɔa atɔ ɖo hekpɔa gbɔɖeme le wo me.” 33 Yesu wɔ lododo ƒomevi geɖe ŋuti dɔ hetsɔ fia nu amewo. Ewɔ esi sinu gɔme amewo ate ŋu ase la ŋuti dɔ. 34 Le nyateƒe me, ne Yesu le nu fiam le dutoƒo la, lododo sɔŋ ko ŋuti dɔ wòwɔna ke emegbe ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe vovo la, eɖea wo gɔme na wo. 35 Esi ɣe nɔ to ɖom la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mina míatso ƒua ayi eƒe go evelia dzi.” 36 Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me eye wodze mɔ, hegblẽ ameha la ɖe ƒua ta, ke ʋu bubuwo hã dze wo yome. 37 Esi wozɔ yina sẽ la, ahom sesẽ aɖe de asi tutu me. Esia wɔ be ƒutsotsoewo ŋe ɖe ʋua me ale gbegbe be wòsusɔ vie ko ʋua nanyrɔ̃. 38 Togbɔ be esiawo katã nɔ edzi yim hã la, Yesu ya mlɔ suɖui bɔbɔe aɖe dzi le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae kple vɔvɔ̃ be, “Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔ̃m oa?” 39 Yesu blu ɖe ya la ta enumake eye wòɖe gbe na ƒua hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake eye ƒua zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ. 40 Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, “Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifĩ laa hã, miexɔ dzinye se oa?” 41 Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka ŋutɔ gɔ̃e nye ame sia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”

In Other Versions

Mark 4 in the ANGEFD

Mark 4 in the ANTPNG2D

Mark 4 in the AS21

Mark 4 in the BAGH

Mark 4 in the BBPNG

Mark 4 in the BBT1E

Mark 4 in the BDS

Mark 4 in the BHAD

Mark 4 in the BIB

Mark 4 in the BLPT

Mark 4 in the BNT

Mark 4 in the BNTABOOT

Mark 4 in the BNTLV

Mark 4 in the BOATCB

Mark 4 in the BOATCB2

Mark 4 in the BOBCV

Mark 4 in the BOCNT

Mark 4 in the BOECS

Mark 4 in the BOGWICC

Mark 4 in the BOHCB

Mark 4 in the BOHCV

Mark 4 in the BOHLNT

Mark 4 in the BOHNTLTAL

Mark 4 in the BOICB

Mark 4 in the BOILNTAP

Mark 4 in the BOITCV

Mark 4 in the BOKCV

Mark 4 in the BOKCV2

Mark 4 in the BOKHWOG

Mark 4 in the BOKSSV

Mark 4 in the BOLCB

Mark 4 in the BOLCB2

Mark 4 in the BOMCV

Mark 4 in the BONAV

Mark 4 in the BONCB

Mark 4 in the BONLT

Mark 4 in the BONUT2

Mark 4 in the BOPLNT

Mark 4 in the BOSCB

Mark 4 in the BOSNC

Mark 4 in the BOTLNT

Mark 4 in the BOVCB

Mark 4 in the BOYCB

Mark 4 in the BPBB

Mark 4 in the BPH

Mark 4 in the BSB

Mark 4 in the CCB

Mark 4 in the CUV

Mark 4 in the CUVS

Mark 4 in the DBT

Mark 4 in the DGDNT

Mark 4 in the DHNT

Mark 4 in the DNT

Mark 4 in the ELBE

Mark 4 in the EMTV

Mark 4 in the ESV

Mark 4 in the FBV

Mark 4 in the FEB

Mark 4 in the GGMNT

Mark 4 in the GNT

Mark 4 in the HARY

Mark 4 in the HNT

Mark 4 in the IRVA

Mark 4 in the IRVB

Mark 4 in the IRVG

Mark 4 in the IRVH

Mark 4 in the IRVK

Mark 4 in the IRVM

Mark 4 in the IRVM2

Mark 4 in the IRVO

Mark 4 in the IRVP

Mark 4 in the IRVT

Mark 4 in the IRVT2

Mark 4 in the IRVU

Mark 4 in the ISVN

Mark 4 in the JSNT

Mark 4 in the KAPI

Mark 4 in the KBT1ETNIK

Mark 4 in the KBV

Mark 4 in the KJV

Mark 4 in the KNFD

Mark 4 in the LBA

Mark 4 in the LBLA

Mark 4 in the LNT

Mark 4 in the LSV

Mark 4 in the MAAL

Mark 4 in the MBV

Mark 4 in the MBV2

Mark 4 in the MHNT

Mark 4 in the MKNFD

Mark 4 in the MNG

Mark 4 in the MNT

Mark 4 in the MNT2

Mark 4 in the MRS1T

Mark 4 in the NAA

Mark 4 in the NASB

Mark 4 in the NBLA

Mark 4 in the NBS

Mark 4 in the NBVTP

Mark 4 in the NET2

Mark 4 in the NIV11

Mark 4 in the NNT

Mark 4 in the NNT2

Mark 4 in the NNT3

Mark 4 in the PDDPT

Mark 4 in the PFNT

Mark 4 in the RMNT

Mark 4 in the SBIAS

Mark 4 in the SBIBS

Mark 4 in the SBIBS2

Mark 4 in the SBICS

Mark 4 in the SBIDS

Mark 4 in the SBIGS

Mark 4 in the SBIHS

Mark 4 in the SBIIS

Mark 4 in the SBIIS2

Mark 4 in the SBIIS3

Mark 4 in the SBIKS

Mark 4 in the SBIKS2

Mark 4 in the SBIMS

Mark 4 in the SBIOS

Mark 4 in the SBIPS

Mark 4 in the SBISS

Mark 4 in the SBITS

Mark 4 in the SBITS2

Mark 4 in the SBITS3

Mark 4 in the SBITS4

Mark 4 in the SBIUS

Mark 4 in the SBIVS

Mark 4 in the SBT

Mark 4 in the SBT1E

Mark 4 in the SCHL

Mark 4 in the SNT

Mark 4 in the SUSU

Mark 4 in the SUSU2

Mark 4 in the SYNO

Mark 4 in the TBIAOTANT

Mark 4 in the TBT1E

Mark 4 in the TBT1E2

Mark 4 in the TFTIP

Mark 4 in the TFTU

Mark 4 in the TGNTATF3T

Mark 4 in the THAI

Mark 4 in the TNFD

Mark 4 in the TNT

Mark 4 in the TNTIK

Mark 4 in the TNTIL

Mark 4 in the TNTIN

Mark 4 in the TNTIP

Mark 4 in the TNTIZ

Mark 4 in the TOMA

Mark 4 in the TTENT

Mark 4 in the UBG

Mark 4 in the UGV

Mark 4 in the UGV2

Mark 4 in the UGV3

Mark 4 in the VBL

Mark 4 in the VDCC

Mark 4 in the YALU

Mark 4 in the YAPE

Mark 4 in the YBVTP

Mark 4 in the ZBP