Revelation 3 (BEV)

1 “Ŋlɔ na Sardis Hame la ƒe mawudɔla be, ‘Esiawo nye nya siwo ame si lé Mawu ƒe Gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo ɖe asi la gblɔ. Menya wò dɔwɔwɔwo, wò ŋkɔ ɖi le teƒewo be èle agbe, gake la eku 2 Nyɔ, do ŋusẽ nu siwo susɔ eye wole kumɔdzi la elabena nyemekpɔ be wò dɔwɔwɔ de blibo le nye Mawu ŋkume o. 3 Eya ta ɖo ŋku nu si nèxɔ eye nèse la dzi, wɔ edzi eye nàtrɔ dzime. Ke ne mènyɔ o la, mava gbɔwò abe fiafitɔ ene eye mànya ga si me mava gbɔwò o. 4 “ ‘Ke hã la, ame ʋe aɖewo le asiwo le Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woazɔ kplim eye woanɔ awu ɣiwo me elabena wodze nɛ. 5 Ame si ɖu dzi la hã anɔ abe wo ameawo ene, anɔ awu ɣi me. Nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽa me gbeɖe o ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le fofonye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume. 6 Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.’ 7 “Ŋlɔ na Filadelfia hame la ƒe mawudɔla be, ‘Esiawo nye ame si le kɔkɔe, nye nyateƒetɔ eye David ƒe safui le esi la ƒe nyawo. Nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o eye nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o. 8 Menya wò dɔwɔwɔwo. Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔ si le ʋuʋu si ame aɖeke mate ŋu atu o la, ɖo ŋkuwòme. Menya be wò ŋusẽ le sue ke hã la èlé nye nya me ɖe asi eye mègbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o. 9 Mana ame siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo, ame siwo gblɔ be yewonye Yudatɔwo evɔ womenyee o, ke boŋ wonye alakpatɔwo la nava dze anyi ɖe wò afɔ nu, eye woaʋu eme be melɔ̃ wò. 10 Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nànɔ te le dzigbɔɖi me ta la, nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexeame katã dzi be woado anyigbadzinɔlawo akpɔ la me. 11 Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! Lé ŋusẽ sue si le asiwò la me ɖe asi sesĩe ale be ame aɖeke maxɔ wo fiakuku la le asiwò o. 12 “ ‘Amesi aɖu dzi la, mawɔe woazu sɔti le Mawu ƒe gbedoxɔ me. Anɔ dedie eye magado go o. Maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ ɖe eŋu eye woazu dumevi atso nye Mawu ƒe du, Yerusalem Yeyea me. Du sia aɖiɖi tso nye Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu ana woaŋlɔ nye Ŋkɔ yeyea ɖe ame sia ŋu. 13 “ ‘Ame sia ame si to senu li na la, ese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.’ 14 “Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla:“ ‘Nya siawo tso ame si le tsitre sesĩe, ame si nye Ɖasefo nuteƒewɔla kple anukwaretɔ le nu siwo le fifia, kple nusiwo nɔ anyi kpɔ kpakple nusiwo le vavage ŋu la, ame si li kple Mawu tso eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe gɔmedzedzea me la gbɔ. 15 “ ‘Menya wò nyuie be mefa o eye mexɔ dzo hã o. Madi be nafa alo naxɔ dzo hafi! 16 Ke esi nèle evedomesi alea ta la, matu wò aƒu gbe tso nye nu me! 17 “ ‘Ègblɔ be, “Menye kesinɔtɔ. Nu sia nu si mehiã la le asinye. Naneke mehiãm o!” Ke menyae be yenye nublanuitɔ, ame dahe kple ŋkuagbãtɔ eye yele amama o. 18 “ ‘Nye aɖaŋuɖoɖo na wòe nye be nàƒle sika nyuitɔ, si ŋu wokɔ kple dzo la, le gbɔnye. Eya koe ana nànye kesinɔtɔ vavãtɔ. Emegbe la, nàƒle awu ɣi kɔkɔewo le gbɔnye ale be maganɔ amama eye ŋu nakpe wò o. Hekpe ɖe esia ŋu la, nàƒle atike le gbɔnye, ada gbe le wò ŋkuwo ŋu eye nàgakpɔ nu. 19 Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu. Eya ta ele be mahe to na wò negbe ɖe ko nàɖe asi le wò ɖekematsɔleme ŋu eye natsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi. 20 “ ‘Kpɔ ɖa! Mele tsitre ɖe ʋɔtrua nu eye mele eƒom madzudzɔmadzudzɔe. Ne ame aɖe see mele eyɔm eye woʋu ʋɔa nam la, mage ɖe eme eye mi kplii miade asi agba me aɖu nu ɖekae. 21 “ ‘Mana ame sia ame si aɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene. 22 Ame siwo to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.’ ”

In Other Versions

Revelation 3 in the ANGEFD

Revelation 3 in the ANTPNG2D

Revelation 3 in the AS21

Revelation 3 in the BAGH

Revelation 3 in the BBPNG

Revelation 3 in the BBT1E

Revelation 3 in the BDS

Revelation 3 in the BHAD

Revelation 3 in the BIB

Revelation 3 in the BLPT

Revelation 3 in the BNT

Revelation 3 in the BNTABOOT

Revelation 3 in the BNTLV

Revelation 3 in the BOATCB

Revelation 3 in the BOATCB2

Revelation 3 in the BOBCV

Revelation 3 in the BOCNT

Revelation 3 in the BOECS

Revelation 3 in the BOGWICC

Revelation 3 in the BOHCB

Revelation 3 in the BOHCV

Revelation 3 in the BOHLNT

Revelation 3 in the BOHNTLTAL

Revelation 3 in the BOICB

Revelation 3 in the BOILNTAP

Revelation 3 in the BOITCV

Revelation 3 in the BOKCV

Revelation 3 in the BOKCV2

Revelation 3 in the BOKHWOG

Revelation 3 in the BOKSSV

Revelation 3 in the BOLCB

Revelation 3 in the BOLCB2

Revelation 3 in the BOMCV

Revelation 3 in the BONAV

Revelation 3 in the BONCB

Revelation 3 in the BONLT

Revelation 3 in the BONUT2

Revelation 3 in the BOPLNT

Revelation 3 in the BOSCB

Revelation 3 in the BOSNC

Revelation 3 in the BOTLNT

Revelation 3 in the BOVCB

Revelation 3 in the BOYCB

Revelation 3 in the BPBB

Revelation 3 in the BPH

Revelation 3 in the BSB

Revelation 3 in the CCB

Revelation 3 in the CUV

Revelation 3 in the CUVS

Revelation 3 in the DBT

Revelation 3 in the DGDNT

Revelation 3 in the DHNT

Revelation 3 in the DNT

Revelation 3 in the ELBE

Revelation 3 in the EMTV

Revelation 3 in the ESV

Revelation 3 in the FBV

Revelation 3 in the FEB

Revelation 3 in the GGMNT

Revelation 3 in the GNT

Revelation 3 in the HARY

Revelation 3 in the HNT

Revelation 3 in the IRVA

Revelation 3 in the IRVB

Revelation 3 in the IRVG

Revelation 3 in the IRVH

Revelation 3 in the IRVK

Revelation 3 in the IRVM

Revelation 3 in the IRVM2

Revelation 3 in the IRVO

Revelation 3 in the IRVP

Revelation 3 in the IRVT

Revelation 3 in the IRVT2

Revelation 3 in the IRVU

Revelation 3 in the ISVN

Revelation 3 in the JSNT

Revelation 3 in the KAPI

Revelation 3 in the KBT1ETNIK

Revelation 3 in the KBV

Revelation 3 in the KJV

Revelation 3 in the KNFD

Revelation 3 in the LBA

Revelation 3 in the LBLA

Revelation 3 in the LNT

Revelation 3 in the LSV

Revelation 3 in the MAAL

Revelation 3 in the MBV

Revelation 3 in the MBV2

Revelation 3 in the MHNT

Revelation 3 in the MKNFD

Revelation 3 in the MNG

Revelation 3 in the MNT

Revelation 3 in the MNT2

Revelation 3 in the MRS1T

Revelation 3 in the NAA

Revelation 3 in the NASB

Revelation 3 in the NBLA

Revelation 3 in the NBS

Revelation 3 in the NBVTP

Revelation 3 in the NET2

Revelation 3 in the NIV11

Revelation 3 in the NNT

Revelation 3 in the NNT2

Revelation 3 in the NNT3

Revelation 3 in the PDDPT

Revelation 3 in the PFNT

Revelation 3 in the RMNT

Revelation 3 in the SBIAS

Revelation 3 in the SBIBS

Revelation 3 in the SBIBS2

Revelation 3 in the SBICS

Revelation 3 in the SBIDS

Revelation 3 in the SBIGS

Revelation 3 in the SBIHS

Revelation 3 in the SBIIS

Revelation 3 in the SBIIS2

Revelation 3 in the SBIIS3

Revelation 3 in the SBIKS

Revelation 3 in the SBIKS2

Revelation 3 in the SBIMS

Revelation 3 in the SBIOS

Revelation 3 in the SBIPS

Revelation 3 in the SBISS

Revelation 3 in the SBITS

Revelation 3 in the SBITS2

Revelation 3 in the SBITS3

Revelation 3 in the SBITS4

Revelation 3 in the SBIUS

Revelation 3 in the SBIVS

Revelation 3 in the SBT

Revelation 3 in the SBT1E

Revelation 3 in the SCHL

Revelation 3 in the SNT

Revelation 3 in the SUSU

Revelation 3 in the SUSU2

Revelation 3 in the SYNO

Revelation 3 in the TBIAOTANT

Revelation 3 in the TBT1E

Revelation 3 in the TBT1E2

Revelation 3 in the TFTIP

Revelation 3 in the TFTU

Revelation 3 in the TGNTATF3T

Revelation 3 in the THAI

Revelation 3 in the TNFD

Revelation 3 in the TNT

Revelation 3 in the TNTIK

Revelation 3 in the TNTIL

Revelation 3 in the TNTIN

Revelation 3 in the TNTIP

Revelation 3 in the TNTIZ

Revelation 3 in the TOMA

Revelation 3 in the TTENT

Revelation 3 in the UBG

Revelation 3 in the UGV

Revelation 3 in the UGV2

Revelation 3 in the UGV3

Revelation 3 in the VBL

Revelation 3 in the VDCC

Revelation 3 in the YALU

Revelation 3 in the YAPE

Revelation 3 in the YBVTP

Revelation 3 in the ZBP