Revelation 9 (BEV)

1 Mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽ la eye mekpɔ ɣletivi si ge tso dziƒo va dze anyigba dzi la, wotsɔ ʋe globo la ƒe safui na ɣletivi sia. 2 Esi wòʋu nu le ʋe globoa nu la, dzudzɔ do tso eme abe abolokpo gã aɖe mee dzudzɔ le dodom le ene. Dzudzɔ gã la na be ɣe kple dziŋgɔlĩ do viviti. 3 Ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe do go tso dzudzɔ la me va anyigba dzi eye wona ŋusẽ wo be woawɔ nu abe ahɔ̃ siwo le anyigba dzi la ene. 4 Wode se na wo be womagagblẽ gbe siwo le anyigba dzi loo alo numiemie alo atiwo o, ke boŋ woagblẽ ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o. 5 Womena ŋusẽ wo be woawu wo o ke boŋ be woawɔ funyafunya wo dzinu atɔ̃. Ale fukpekpe si me woto la nɔ abe ale si ame si ahɔ̃ te la sea vevee ene. 6 Le ŋkeke mawo me la, amewo adi ku gake womakpɔe o. Ku adzro wo vevie gake ku asi abu ɖe wo. 7 Ʋetsuviawo ƒe dzedzeme le abe sɔ siwo bla akpa hena aʋayiyi ene. Woɖɔ nane ɖe ta si le abe sikafiakuku ene eye woƒe mowo ɖi amegbetɔwo tɔ. 8 Woƒe ɖa le abe nyɔnuwo ƒe ɖa ene, eye woƒe aɖuwo le abe dzatawo tɔ ene. 9 Wodo akɔtakpoxɔnu siwo le abe gayibɔkɔtakpoxɔnuwo ene eye woƒe aʋalawo ƒe hoowɔwɔ le abe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ne wolũ ɖe aʋa me la ene. 10 Asiketiwo kple tiwo le wo si abe ahɔ̃wo tɔ ene eye ŋusẽ le woƒe asiketiwo me be woawɔ funyafunya amewo hena ɣleti atɔ̃. 11 Woƒe fiae nye mawudɔla si le ʋe globo la dzi kpɔm, ame si ƒe ŋkɔe nye Abadon le Hebrigbe me kple Apolion le Grikgbe me. 12 Babaadodo gbãtɔ nu va yi eye babaadodo eve bubuawo le mɔ dzi gbɔna. 13 Mawudɔla adelia ku eƒe kpẽ la. Tete mese gbe aɖe tso sikavɔsamlekpui si nɔ Mawu ŋkume la ƒe lãdzowo gbɔ. 14 Gbe la gblɔ na mawudɔla adelia si lé kpẽ la ɖe asi la bena, “Ɖe ga mawudɔla ene, siwo wobla da ɖe Frat tɔsisi gã la to.” 15 Ale woɖe ga mawudɔla ene siwo wodzra ɖo ɖi na gaƒoƒo vevi, ŋkeke vevi, dzinu vevi kple ƒe vevi sia be woayi aɖawu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka. 16 Asrafo siwo do sɔ la, ƒe xexlẽme anɔ miliɔn eve. Nye ŋutɔ mese woƒe xexlẽme. 17 Sɔ kple sɔdola siwo mekpɔ le nye ŋutega me la ƒe dzedzeme nɔ ale: Woƒe akɔtakpoxɔnu biã hẽ abe dzo ene; ɖewo nɔ blɔ eye ɖewo hã ɖi aŋutiɖiɖi abe sulfakpe ene. Sɔawo ƒe tawo ɖi dzatawo ƒe ta eye dzo, dzudzɔ kple sulfakpe do tso woƒe nuwo me. 18 Dzo ƒe dɔvɔ̃, dzudzɔ kple sulfakpe si do go tso sɔwo ƒe nume la, wu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka 19 Sɔawo ƒe ŋusẽ le woƒe nuwo kple asiketiawo me elabena woƒe asiketiwo le abe dawo ene eye ta li na asiketiawo, esiwo wotsɔna dea abi amewo ŋui. 20 Amegbetɔƒomea si susɔ, ame siwo dɔvɔ̃ siawo mewu o la, gbe tɔtrɔ le woƒe asiwo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Wogbe be yewomaɖe asi le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ, sika, klosalo, akɔbli, kpe kple atilegba siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu loo alo zɔna la subɔsubɔ ŋuti o. 21 Nenema ke wometrɔ le woƒe amewuwu, afakaka, ahasiwɔwɔ alo fififi yome o.

In Other Versions

Revelation 9 in the ANGEFD

Revelation 9 in the ANTPNG2D

Revelation 9 in the AS21

Revelation 9 in the BAGH

Revelation 9 in the BBPNG

Revelation 9 in the BBT1E

Revelation 9 in the BDS

Revelation 9 in the BHAD

Revelation 9 in the BIB

Revelation 9 in the BLPT

Revelation 9 in the BNT

Revelation 9 in the BNTABOOT

Revelation 9 in the BNTLV

Revelation 9 in the BOATCB

Revelation 9 in the BOATCB2

Revelation 9 in the BOBCV

Revelation 9 in the BOCNT

Revelation 9 in the BOECS

Revelation 9 in the BOGWICC

Revelation 9 in the BOHCB

Revelation 9 in the BOHCV

Revelation 9 in the BOHLNT

Revelation 9 in the BOHNTLTAL

Revelation 9 in the BOICB

Revelation 9 in the BOILNTAP

Revelation 9 in the BOITCV

Revelation 9 in the BOKCV

Revelation 9 in the BOKCV2

Revelation 9 in the BOKHWOG

Revelation 9 in the BOKSSV

Revelation 9 in the BOLCB

Revelation 9 in the BOLCB2

Revelation 9 in the BOMCV

Revelation 9 in the BONAV

Revelation 9 in the BONCB

Revelation 9 in the BONLT

Revelation 9 in the BONUT2

Revelation 9 in the BOPLNT

Revelation 9 in the BOSCB

Revelation 9 in the BOSNC

Revelation 9 in the BOTLNT

Revelation 9 in the BOVCB

Revelation 9 in the BOYCB

Revelation 9 in the BPBB

Revelation 9 in the BPH

Revelation 9 in the BSB

Revelation 9 in the CCB

Revelation 9 in the CUV

Revelation 9 in the CUVS

Revelation 9 in the DBT

Revelation 9 in the DGDNT

Revelation 9 in the DHNT

Revelation 9 in the DNT

Revelation 9 in the ELBE

Revelation 9 in the EMTV

Revelation 9 in the ESV

Revelation 9 in the FBV

Revelation 9 in the FEB

Revelation 9 in the GGMNT

Revelation 9 in the GNT

Revelation 9 in the HARY

Revelation 9 in the HNT

Revelation 9 in the IRVA

Revelation 9 in the IRVB

Revelation 9 in the IRVG

Revelation 9 in the IRVH

Revelation 9 in the IRVK

Revelation 9 in the IRVM

Revelation 9 in the IRVM2

Revelation 9 in the IRVO

Revelation 9 in the IRVP

Revelation 9 in the IRVT

Revelation 9 in the IRVT2

Revelation 9 in the IRVU

Revelation 9 in the ISVN

Revelation 9 in the JSNT

Revelation 9 in the KAPI

Revelation 9 in the KBT1ETNIK

Revelation 9 in the KBV

Revelation 9 in the KJV

Revelation 9 in the KNFD

Revelation 9 in the LBA

Revelation 9 in the LBLA

Revelation 9 in the LNT

Revelation 9 in the LSV

Revelation 9 in the MAAL

Revelation 9 in the MBV

Revelation 9 in the MBV2

Revelation 9 in the MHNT

Revelation 9 in the MKNFD

Revelation 9 in the MNG

Revelation 9 in the MNT

Revelation 9 in the MNT2

Revelation 9 in the MRS1T

Revelation 9 in the NAA

Revelation 9 in the NASB

Revelation 9 in the NBLA

Revelation 9 in the NBS

Revelation 9 in the NBVTP

Revelation 9 in the NET2

Revelation 9 in the NIV11

Revelation 9 in the NNT

Revelation 9 in the NNT2

Revelation 9 in the NNT3

Revelation 9 in the PDDPT

Revelation 9 in the PFNT

Revelation 9 in the RMNT

Revelation 9 in the SBIAS

Revelation 9 in the SBIBS

Revelation 9 in the SBIBS2

Revelation 9 in the SBICS

Revelation 9 in the SBIDS

Revelation 9 in the SBIGS

Revelation 9 in the SBIHS

Revelation 9 in the SBIIS

Revelation 9 in the SBIIS2

Revelation 9 in the SBIIS3

Revelation 9 in the SBIKS

Revelation 9 in the SBIKS2

Revelation 9 in the SBIMS

Revelation 9 in the SBIOS

Revelation 9 in the SBIPS

Revelation 9 in the SBISS

Revelation 9 in the SBITS

Revelation 9 in the SBITS2

Revelation 9 in the SBITS3

Revelation 9 in the SBITS4

Revelation 9 in the SBIUS

Revelation 9 in the SBIVS

Revelation 9 in the SBT

Revelation 9 in the SBT1E

Revelation 9 in the SCHL

Revelation 9 in the SNT

Revelation 9 in the SUSU

Revelation 9 in the SUSU2

Revelation 9 in the SYNO

Revelation 9 in the TBIAOTANT

Revelation 9 in the TBT1E

Revelation 9 in the TBT1E2

Revelation 9 in the TFTIP

Revelation 9 in the TFTU

Revelation 9 in the TGNTATF3T

Revelation 9 in the THAI

Revelation 9 in the TNFD

Revelation 9 in the TNT

Revelation 9 in the TNTIK

Revelation 9 in the TNTIL

Revelation 9 in the TNTIN

Revelation 9 in the TNTIP

Revelation 9 in the TNTIZ

Revelation 9 in the TOMA

Revelation 9 in the TTENT

Revelation 9 in the UBG

Revelation 9 in the UGV

Revelation 9 in the UGV2

Revelation 9 in the UGV3

Revelation 9 in the VBL

Revelation 9 in the VDCC

Revelation 9 in the YALU

Revelation 9 in the YAPE

Revelation 9 in the YBVTP

Revelation 9 in the ZBP