Romans 9 (BEV)

1 Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemada alakpa aɖeke o eye nye dzitsinya le ɖase ɖim le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me 2 be mele nu xam ŋutɔ eye mele vevesese gã aɖe me le nye dzime. 3 Elabena anyo nam wu be woabu fɔm eye woaɖem ɖa tso Kristo gbɔ ne esia ana be nye amewo, Yudatɔwo, nakpɔ ɖeɖe. 4 Woawo tɔe nye vinyenye la, woawo tɔe nye Mawu me ŋutikɔkɔe la, nubablawo, se la xɔxɔ, gbedoxɔ me subɔsubɔ la kple ŋugbedodoawo. 5 Wonye fofoawo ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee! Amen. 6 Ekema ɖe Mawu gbe ŋugbe siwo wòdo na Yudatɔwo la dzi wɔwɔa? Ao! Elabena edo ŋugbe siawo na ame siwo nye Yudatɔ akuakuawo. Ke menye ame sia ame si wodzi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒome me lae nye Yudatɔwo akuakuawo o. 7 Be wodo tso Abraham me ɖeɖe ko mewɔ wo Abraham vi vavãwo o. Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be ŋugbedodo siawo li na Abraham vi Isak kple Isak ƒe dzidzimeviwo ko, togbɔ be vi bubuwo nɔ Abraham si hã. 8 Esia le fiafiam be menye Abraham viwo katãe nye Mawu viwo o, ke boŋ ame siwo xɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wodo na Abraham dzi se la koe. 9 Elabena Mawu do ŋugbe be, “Mana viŋutsuvi wò kple Sara le ƒe si gbɔna me.” 10 Menye esia ɖeɖe ko o, ke Rebeka ƒe venɔviawo fofoe nye mía tɔgbui Isak. 11 Hafi ne woadzi venɔvi siawo alo venɔvi siawo nawɔ nane, nyui alo vɔ̃ la, bena Mawu ƒe tameɖoɖoɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu, 12 ke menye le dɔwɔwɔ aɖeke nu o, ke boŋ tso ame si yɔa ame gbɔ la wogblɔ na Rebeka be, “Tsitsitɔ la azu subɔla na ɖevitɔ la.” 13 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Mayra Yakɔb, ke menye Esau o.” 14 Ɖe Mawu wɔ nu madzɔmadzɔa? Gbeɖe! 15 Elabena Mawu gblɔ na Mose be, “Ne medi be mave ame aɖe nu la, mawɔe eye makpɔ nublanui na ame sia ame si medi be makpɔ nublanui na.” 16 Ale womenaa Mawu ƒe yayra ame elabena amea di be woayra ye alo ku kutri be yeaxɔ yayra la o. Wonaa yayra siawo elabena Mawu kpɔa nublanui na ame siwo wòdi be yeakpɔ nublanui na. 17 Farao, Egipte fia, nye kpɔɖeŋu le go sia me. Elabena Mawu gblɔ nɛ be yetsɔ Egipt fiaɖuƒea nɛ ale be yeate ŋu aɖe yeƒe ŋusẽ si tsi tsitre ɖe eŋu la afia, ale be xexeame katã nase nu tso ye Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu. 18 Ale miekpɔ be Mawu nyo dome na ame aɖewo elabena edi be yeanyo dome na wo eye wònaa ame aɖewo sẽa dzime. 19 Ekema nu ka ta Mawu bua fɔ wo le woƒe tomaɖomaɖo ta? Ɖe womewɔ nu si wòɖo na wo be woawɔ oa? 20 Ao, mègagblɔ nenema o! Ame kae nènye be nàdrɔ̃ ʋɔnu Mawu? Ɖe ame aɖe ƒe nuwɔwɔ abia nuwɔla be, “Nu ka ta nèwɔm alea mahã?” 21 Ne ame aɖe tsɔ tsu me ze aɖe la, ɖe mɔɖeɖe meli be zemela la natsɔ tsu ma ke ame kplu nyui aɖe si me woatso seƒoƒo ade eye wòame kplu bubu si me wòatsɔ gbeɖuɖɔwo akɔ ɖo oa? 22 Nu ka adzɔ nenye be Mawu ame si lɔ̃, ɖe eƒe dɔmedzoe kple ŋusẽ fia la, gbɔ dzi ɖi na ame siwo dze na eƒe dɔmedzoe ƒe tohehe? 23 Alo ewɔ esia be yeaɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo afia ame siwo le mɔ kpɔm na eƒe nublanuikpɔkpɔ, ame siwo wòdzra ɖo do ŋgɔ na eƒe ŋutikɔkɔe la, 24 mí ame siwo hã wòyɔ, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe ko o, ke boŋ tso Trɔ̃subɔlawo hã domea? 25 Mieɖo ŋku nu si Hosea ƒe nyagblɔɖi gblɔ la dzia? Afi mae Mawu gblɔ le bena yeadi vi bubu siwo metso Yuda ƒomea me o la na ye ɖokui eye yealɔ̃ wo togbɔ be ame aɖeke melɔ̃ wo kpɔ o hã. 26 Wogblɔ le Trɔ̃subɔlawo ŋu tsã be, “Menye nye amewo mienye o.” Azɔ la, woayɔ wo be, “Mawu Gbagbe la ƒe viwo.” 27 Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ tso Yudatɔwo ŋu be, togbɔ be woade ame akpe akpewo hã la, wo dometɔ ame ʋe aɖewo koe akpɔ ɖeɖe. 28 “Elabena Aƒetɔ la atso nya me tso anyigba dzi ŋuti, awu eƒe wɔnawo nu kaba kple dzɔdzɔenyenye.” 29 Yesaya gagblɔ le teƒe aɖe be na menye Mawu ƒe amenuveve tae o la, woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, ame sia ame, abe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame le Sodom kple Gomora ene. 30 Nya kawo míagblɔ tso nu siawo ŋu? Nu si míagblɔ koe nye be Mawu na mɔnukpɔkpɔ Trɔ̃subɔlawo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be womenɔ Mawu dim vevie o hã. 31 Ke Yudatɔwo, ame siwo dze agbagba vevie be yewoadze Mawu ŋu to Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ me la, mete ŋu dze Mawu ŋu o. 32 Nu ka tae? Elabena wonɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me eye yewoanɔ agbe nyui le esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe teƒe. Wokli kpe gã la dze anyi. 33 Mawu gbe nya na wo tso nu sia ŋu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me esi wògblɔ be, “Metsɔ Agakpe aɖe da ɖe mɔ me na Yudatɔwo. Ame geɖewo akli Agakpe sia, si nye Yesu, eye woadze anyi. Ame siwo axɔ edzi se la, ŋu makpe wo gbeɖe o.”

In Other Versions

Romans 9 in the ANGEFD

Romans 9 in the ANTPNG2D

Romans 9 in the AS21

Romans 9 in the BAGH

Romans 9 in the BBPNG

Romans 9 in the BBT1E

Romans 9 in the BDS

Romans 9 in the BHAD

Romans 9 in the BIB

Romans 9 in the BLPT

Romans 9 in the BNT

Romans 9 in the BNTABOOT

Romans 9 in the BNTLV

Romans 9 in the BOATCB

Romans 9 in the BOATCB2

Romans 9 in the BOBCV

Romans 9 in the BOCNT

Romans 9 in the BOECS

Romans 9 in the BOGWICC

Romans 9 in the BOHCB

Romans 9 in the BOHCV

Romans 9 in the BOHLNT

Romans 9 in the BOHNTLTAL

Romans 9 in the BOICB

Romans 9 in the BOILNTAP

Romans 9 in the BOITCV

Romans 9 in the BOKCV

Romans 9 in the BOKCV2

Romans 9 in the BOKHWOG

Romans 9 in the BOKSSV

Romans 9 in the BOLCB

Romans 9 in the BOLCB2

Romans 9 in the BOMCV

Romans 9 in the BONAV

Romans 9 in the BONCB

Romans 9 in the BONLT

Romans 9 in the BONUT2

Romans 9 in the BOPLNT

Romans 9 in the BOSCB

Romans 9 in the BOSNC

Romans 9 in the BOTLNT

Romans 9 in the BOVCB

Romans 9 in the BOYCB

Romans 9 in the BPBB

Romans 9 in the BPH

Romans 9 in the BSB

Romans 9 in the CCB

Romans 9 in the CUV

Romans 9 in the CUVS

Romans 9 in the DBT

Romans 9 in the DGDNT

Romans 9 in the DHNT

Romans 9 in the DNT

Romans 9 in the ELBE

Romans 9 in the EMTV

Romans 9 in the ESV

Romans 9 in the FBV

Romans 9 in the FEB

Romans 9 in the GGMNT

Romans 9 in the GNT

Romans 9 in the HARY

Romans 9 in the HNT

Romans 9 in the IRVA

Romans 9 in the IRVB

Romans 9 in the IRVG

Romans 9 in the IRVH

Romans 9 in the IRVK

Romans 9 in the IRVM

Romans 9 in the IRVM2

Romans 9 in the IRVO

Romans 9 in the IRVP

Romans 9 in the IRVT

Romans 9 in the IRVT2

Romans 9 in the IRVU

Romans 9 in the ISVN

Romans 9 in the JSNT

Romans 9 in the KAPI

Romans 9 in the KBT1ETNIK

Romans 9 in the KBV

Romans 9 in the KJV

Romans 9 in the KNFD

Romans 9 in the LBA

Romans 9 in the LBLA

Romans 9 in the LNT

Romans 9 in the LSV

Romans 9 in the MAAL

Romans 9 in the MBV

Romans 9 in the MBV2

Romans 9 in the MHNT

Romans 9 in the MKNFD

Romans 9 in the MNG

Romans 9 in the MNT

Romans 9 in the MNT2

Romans 9 in the MRS1T

Romans 9 in the NAA

Romans 9 in the NASB

Romans 9 in the NBLA

Romans 9 in the NBS

Romans 9 in the NBVTP

Romans 9 in the NET2

Romans 9 in the NIV11

Romans 9 in the NNT

Romans 9 in the NNT2

Romans 9 in the NNT3

Romans 9 in the PDDPT

Romans 9 in the PFNT

Romans 9 in the RMNT

Romans 9 in the SBIAS

Romans 9 in the SBIBS

Romans 9 in the SBIBS2

Romans 9 in the SBICS

Romans 9 in the SBIDS

Romans 9 in the SBIGS

Romans 9 in the SBIHS

Romans 9 in the SBIIS

Romans 9 in the SBIIS2

Romans 9 in the SBIIS3

Romans 9 in the SBIKS

Romans 9 in the SBIKS2

Romans 9 in the SBIMS

Romans 9 in the SBIOS

Romans 9 in the SBIPS

Romans 9 in the SBISS

Romans 9 in the SBITS

Romans 9 in the SBITS2

Romans 9 in the SBITS3

Romans 9 in the SBITS4

Romans 9 in the SBIUS

Romans 9 in the SBIVS

Romans 9 in the SBT

Romans 9 in the SBT1E

Romans 9 in the SCHL

Romans 9 in the SNT

Romans 9 in the SUSU

Romans 9 in the SUSU2

Romans 9 in the SYNO

Romans 9 in the TBIAOTANT

Romans 9 in the TBT1E

Romans 9 in the TBT1E2

Romans 9 in the TFTIP

Romans 9 in the TFTU

Romans 9 in the TGNTATF3T

Romans 9 in the THAI

Romans 9 in the TNFD

Romans 9 in the TNT

Romans 9 in the TNTIK

Romans 9 in the TNTIL

Romans 9 in the TNTIN

Romans 9 in the TNTIP

Romans 9 in the TNTIZ

Romans 9 in the TOMA

Romans 9 in the TTENT

Romans 9 in the UBG

Romans 9 in the UGV

Romans 9 in the UGV2

Romans 9 in the UGV3

Romans 9 in the VBL

Romans 9 in the VDCC

Romans 9 in the YALU

Romans 9 in the YAPE

Romans 9 in the YBVTP

Romans 9 in the ZBP