Romans 9 (BOECS)

1 Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemele alakpa dam o, eye nye dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe ŋunye le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, 2 be mele nu xam ŋutɔ, eye nye dzi le veve sem ɣe sia ɣi. 3 Elabena anyo nam wu be woabu fɔm, eye woaɖem ɖa tso Kristo gbɔ ne esia ana be nye amewo, Israeltɔwo, nakpɔ ɖeɖe. 4 Woawo tɔe nye vinyenye la; woawo tɔe nye Mawu me ŋutikɔkɔe la, nubablawo, se la xɔxɔ, gbedoxɔmesubɔsubɔ la kple ŋugbedodoawo. 5 Wonye fofoawo ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee la! Amen. 6 Ke mele eme be Mawu ƒe ŋugbedodowo zu dzodzro o. Elabena menye ame siwo katã tso Israel lae nye Israeltɔwo o. 7 Alo ame siwo katã tso Abraham ƒomea me lae nye Abraham ƒe viwo o, ke boŋ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, “woanya wò ƒome la to Isak kple eƒe dzidzimeviwo dzi.” 8 Esia le fiafiam be menye Abraham ƒe viwo katãe nye Mawu viwo o, ke boŋ ame siwo xɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wodo na Abraham dzi se la koe. 9 Elabena ŋugbedodo lae nye esi be, “Matrɔ ava gbɔwò le ƒe si gbɔna la me, eye Sara adzi ŋutsuvi.” 10 Menye esia ɖeɖe ko o; Rebeka hã fɔ viawo ƒe fu na mía tɔgbui Isak le ɣe ma ɣi tututu. 11 Ke esi mekpɔ dzi evenɔviawo o, eye womewɔ nyui alo vɔ̃ o hã, bena Mawu ƒe tameɖoɖo ɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu, 12 menye le dɔwɔwɔ aɖeke nu o, ke boŋ tso ame si yɔa ame gbɔ, wogblɔ na Rebeka be, “Tsitsitɔ la azu subɔla na ɖevitɔ la”; 13 abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Melɔ̃ Yakob, ke Esau la, melé fui.” 14 Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe Mawu tɔ medzɔ oa? Gbeɖe! 15 Elabena egblɔ na Mose be,“Makpɔ nublanui na ame si makpɔ nublanui na la,eye nye dɔ me atrɔ ɖe ame si ŋu nye dɔ me atrɔ ɖo la.” 16 Eya ta esia metso amegbetɔ ƒe didi alo dɔwɔwɔ gbɔ o, ke boŋ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gbɔ wòtso. 17 Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Farao be, “Esia ta mefɔ wò ɖe tsitre, be maɖe nye ŋusẽ ɖe go afia le mewò, be woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigbawo katã dzi.” 18 Eya ta Mawu kpɔa nublanui na ame siwo wòlɔ̃na be yeakpɔ nublanui na la, eye wòsẽa dzi me na ame siwo wòlɔ̃na be yeasẽ dzi me na la. 19 Ame aɖe abiam be, “Ekema nu ka ta Mawu bua fɔ mí ɖo? Elabena ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu mahã?” 20 Ke wò, amegbetɔ, ame ka nènye be nàhe nya kple Mawu? Ɖe ame aɖe ƒe nuwɔwɔ abia nuwɔla la be, “Nu ka ta nèwɔm alea ɖo mahã?” 21 Ɖe mɔɖeɖe meli be zemela natsɔ anyi ame ze si ŋu bubu le, eye wòagatsɔ eƒe ɖe ame ze si ŋu bubu mele o la mahã? 22 Nu kae adzɔ nenye be Mawu, ame si lɔ̃ ɖe eƒe dɔmedzoe kple ŋusẽ fia la gbɔ dzi ɖi na ame siwo dze na eƒe dɔmedzoe ƒe tohehe? 23 Eye nu kae adzɔ ne ewɔ esia be yeaɖe yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo afia ame siwo le mɔ kpɔm na eƒe nublanuikpɔkpɔ, ame siwo wòdzra ɖo do ŋgɔ na eƒe ŋutikɔkɔe la, 24 mí ame siwo hã wòyɔ, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe ko o, ke boŋ tso ame siwo menye Yudatɔwo o la hã dome? 25 Egblɔ le Hosea ƒe agbalẽ me be,“Mayɔ ame siwo menye nye amewo o la be ‘nye amewo’;eye mayɔ ame siwo menye nye lɔlɔ̃tɔwo o la be ‘nye lɔlɔ̃tɔwo.’ 26 Wogblɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu tsã be,“Menye nye amewo mienye o.”Azɔ la, woayɔ wo be, “Mawu gbagbe la ƒe viwo.” 27 Ke Yesaya gblɔ tso Israeltɔwo ŋu be,“Togbɔ be wole abe ƒutake ene hã la,wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe akpɔ ɖeɖe. 28 Elabena Aƒetɔ la atso nya me le anyigba la ŋuti,eye wòawu eƒe wɔnawo nu kaba le dzɔdzɔenyenye me.” 29 Yesaya gagblɔ be:“Ne menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ yesusɔ dzidzime ʋɛ aɖewo ɖi o la,ne míetsrɔ̃ abe Sodomkple Gomora ene.” 30 Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be wometi dzɔdzɔenyenye yome o hã. 31 Ke Israeltɔ siwo dze agbagba vevie be yewoadze Mawu ŋu to seawo dzi wɔwɔ me la mete ŋu dze Mawu ŋu o. 32 Nu ka ta? Elabena wonɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me, eye yewoanɔ agbe nyui esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe hafi; wokli nukikli ƒe kpe la. 33 Mawu gbe nya na wo tso nu sia ŋu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me esi wògblɔ be,“Metsɔ Agakpe aɖe da ɖe mɔ me na Zion.Ame geɖewo akli Agakpe sia, si nye Yesu, eye woadze anyi.Ame siwo axɔ edzi ase la, ŋu makpe wo gbeɖe o.”

In Other Versions

Romans 9 in the ANGEFD

Romans 9 in the ANTPNG2D

Romans 9 in the AS21

Romans 9 in the BAGH

Romans 9 in the BBPNG

Romans 9 in the BBT1E

Romans 9 in the BDS

Romans 9 in the BEV

Romans 9 in the BHAD

Romans 9 in the BIB

Romans 9 in the BLPT

Romans 9 in the BNT

Romans 9 in the BNTABOOT

Romans 9 in the BNTLV

Romans 9 in the BOATCB

Romans 9 in the BOATCB2

Romans 9 in the BOBCV

Romans 9 in the BOCNT

Romans 9 in the BOGWICC

Romans 9 in the BOHCB

Romans 9 in the BOHCV

Romans 9 in the BOHLNT

Romans 9 in the BOHNTLTAL

Romans 9 in the BOICB

Romans 9 in the BOILNTAP

Romans 9 in the BOITCV

Romans 9 in the BOKCV

Romans 9 in the BOKCV2

Romans 9 in the BOKHWOG

Romans 9 in the BOKSSV

Romans 9 in the BOLCB

Romans 9 in the BOLCB2

Romans 9 in the BOMCV

Romans 9 in the BONAV

Romans 9 in the BONCB

Romans 9 in the BONLT

Romans 9 in the BONUT2

Romans 9 in the BOPLNT

Romans 9 in the BOSCB

Romans 9 in the BOSNC

Romans 9 in the BOTLNT

Romans 9 in the BOVCB

Romans 9 in the BOYCB

Romans 9 in the BPBB

Romans 9 in the BPH

Romans 9 in the BSB

Romans 9 in the CCB

Romans 9 in the CUV

Romans 9 in the CUVS

Romans 9 in the DBT

Romans 9 in the DGDNT

Romans 9 in the DHNT

Romans 9 in the DNT

Romans 9 in the ELBE

Romans 9 in the EMTV

Romans 9 in the ESV

Romans 9 in the FBV

Romans 9 in the FEB

Romans 9 in the GGMNT

Romans 9 in the GNT

Romans 9 in the HARY

Romans 9 in the HNT

Romans 9 in the IRVA

Romans 9 in the IRVB

Romans 9 in the IRVG

Romans 9 in the IRVH

Romans 9 in the IRVK

Romans 9 in the IRVM

Romans 9 in the IRVM2

Romans 9 in the IRVO

Romans 9 in the IRVP

Romans 9 in the IRVT

Romans 9 in the IRVT2

Romans 9 in the IRVU

Romans 9 in the ISVN

Romans 9 in the JSNT

Romans 9 in the KAPI

Romans 9 in the KBT1ETNIK

Romans 9 in the KBV

Romans 9 in the KJV

Romans 9 in the KNFD

Romans 9 in the LBA

Romans 9 in the LBLA

Romans 9 in the LNT

Romans 9 in the LSV

Romans 9 in the MAAL

Romans 9 in the MBV

Romans 9 in the MBV2

Romans 9 in the MHNT

Romans 9 in the MKNFD

Romans 9 in the MNG

Romans 9 in the MNT

Romans 9 in the MNT2

Romans 9 in the MRS1T

Romans 9 in the NAA

Romans 9 in the NASB

Romans 9 in the NBLA

Romans 9 in the NBS

Romans 9 in the NBVTP

Romans 9 in the NET2

Romans 9 in the NIV11

Romans 9 in the NNT

Romans 9 in the NNT2

Romans 9 in the NNT3

Romans 9 in the PDDPT

Romans 9 in the PFNT

Romans 9 in the RMNT

Romans 9 in the SBIAS

Romans 9 in the SBIBS

Romans 9 in the SBIBS2

Romans 9 in the SBICS

Romans 9 in the SBIDS

Romans 9 in the SBIGS

Romans 9 in the SBIHS

Romans 9 in the SBIIS

Romans 9 in the SBIIS2

Romans 9 in the SBIIS3

Romans 9 in the SBIKS

Romans 9 in the SBIKS2

Romans 9 in the SBIMS

Romans 9 in the SBIOS

Romans 9 in the SBIPS

Romans 9 in the SBISS

Romans 9 in the SBITS

Romans 9 in the SBITS2

Romans 9 in the SBITS3

Romans 9 in the SBITS4

Romans 9 in the SBIUS

Romans 9 in the SBIVS

Romans 9 in the SBT

Romans 9 in the SBT1E

Romans 9 in the SCHL

Romans 9 in the SNT

Romans 9 in the SUSU

Romans 9 in the SUSU2

Romans 9 in the SYNO

Romans 9 in the TBIAOTANT

Romans 9 in the TBT1E

Romans 9 in the TBT1E2

Romans 9 in the TFTIP

Romans 9 in the TFTU

Romans 9 in the TGNTATF3T

Romans 9 in the THAI

Romans 9 in the TNFD

Romans 9 in the TNT

Romans 9 in the TNTIK

Romans 9 in the TNTIL

Romans 9 in the TNTIN

Romans 9 in the TNTIP

Romans 9 in the TNTIZ

Romans 9 in the TOMA

Romans 9 in the TTENT

Romans 9 in the UBG

Romans 9 in the UGV

Romans 9 in the UGV2

Romans 9 in the UGV3

Romans 9 in the VBL

Romans 9 in the VDCC

Romans 9 in the YALU

Romans 9 in the YAPE

Romans 9 in the YBVTP

Romans 9 in the ZBP