1 Peter 3 (BOECS)

1 Nenema ke mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo ale be ne wo dometɔ aɖewo mexɔ nya la dzi se o la, to wo srɔ̃nyɔnuwo ƒe agbe ɖɔʋu nɔnɔ me la, woakpɔ ɖeɖe, nya aɖeke magblɔmagblɔ na woe, 2 ne wokpɔ dzadzɛnyenye kple bubu si le woƒe agbe me. 3 Miaƒe tugbedzedze megatso gota gome lekewɔwɔ me, abe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo dodo kple avɔ xɔasiwo tata me ene o, 4 ke boŋ miaƒe tugbedzedze nanye ememetɔ, tugbedzedze malũxɛ si nye tufafa kple bɔbɔenyenye ƒe gbɔgbɔ si xɔ asi le Mawu ƒe ŋkume ŋutɔ. 5 Elabena aleae nyɔnu kɔkɔe, siwo nɔ anyi le blema, esiwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi la wɔa leke na wo ɖokuiwoe. Wobɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo 6 abe ale si Sara bɔbɔ eɖokui na Abraham, eye wòyɔe be aƒetɔ la ene. Mienye via nyɔnuwo ne miewɔ nu dzɔdzɔe, eye mieɖe mɔ na vɔvɔ̃ o. 7 Nenema ke, mi srɔ̃ŋutsuwo hã minɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me, mide bubu wo ŋu, elabena wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, eye wonye domenyilawo kpli mi le amenuveve nunana si nye agbe si wona mi, ale be naneke maxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o. 8 Mlɔeba la, mi katã minɔ anyi kple mia nɔewo le ɖekawɔwɔ me, ame ƒe nu newɔ nublanui na mi, milɔ̃ mia nɔewo abe dadaviwo ene, minyo dɔ me na amewo, eye mibɔbɔ mia ɖokui. 9 Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe alo dzu ɖo dzu teƒe o, ke boŋ miɖo teƒe na wo kple yayra, elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo be mianyi yayra ƒe dome. 10 Elabena,“Ame si lɔ̃ agbe, eye wòdi be yeakpɔ ŋkekenyuiwo la,nelé eƒe aɖe be magblɔ nya vɔ̃ aɖeke o,kple eƒe nu, be magblɔ beblenya aɖeke o. 11 Ele nɛ be wòaɖe asi le vɔ̃ ŋu, awɔ nyui,eye wòadi ŋutifafa, ati eyome. 12 Elabena Aƒetɔ la ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu,eye eƒe towo le te ɖe woƒe gbedodoɖa ŋu,ke Aƒetɔ la tsia tsitre ɖe ame siwo wɔa nu vɔ̃ la ŋuti.” 13 Ame kae awɔ nu vevi mi, ne mietsi dzi ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu? 14 Ke ne miekpe fu le nu nyui wɔwɔ me gɔ̃ hã la, woayra mi. “Migavɔ̃ nu si vɔ̃m wole o; dzidzi hã megaƒo mi o.” 15 Ke le miaƒe dziwo me la, mina nɔƒe tɔxɛ Kristo abe Aƒetɔ kɔkɔe ene. Minɔ klalo ɣe sia ɣi be miaɖo nya ŋu na ame sia ame si abia mi be miagblɔ nu si ta mɔkpɔkpɔ sia le mia si ɖo. 16 Ke miaƒe dzitsinya me nakɔ keŋkeŋ, ale be ame siwo ƒoa nu vlo le mia ŋuti le agbe nyui si nɔm miele le Kristo me ta la naɖu ŋukpe le woƒe ameŋugblẽnyawo ta. 17 Ne enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enyo be woakpe fu le nu nyui wɔwɔ ta wu ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ta, 18 elabena Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã. Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o, gake eku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta be wòakplɔ mi va Mawu gbɔe dedie. Wowui le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le Gbɔgbɔ me, 19 Eto edzi yi ɖagblɔ mawunya na gbɔgbɔ siwo le gaxɔ me, 20 ame siwo sẽ to le blema, le esime Mawu lala le dzigbɔɖi blibo me, le Noa ƒe ɣeyiɣiwo me, esi wònɔ aɖakaʋu la kpam. Ame ʋɛ aɖewo, ame siwo ƒe xexlẽme nye enyi ko woɖe le tsiɖɔɖɔ la me. 21 Ke tsiɖɔɖɔ la nye mawutsideta si miexɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesi, ke menye ɖikɔklɔ le ŋutigbalẽ ŋu wònye o, ke boŋ adzɔgbeɖeɖe be woatsɔ dzitsinya nyui atrɔ ɖe Mawu ŋu. Mawu sia ɖe mi to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me, 22 ame si yi ɖe dziƒo, ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime, eye mawudɔlawo, dziɖulawo kple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.

In Other Versions

1 Peter 3 in the ANGEFD

1 Peter 3 in the ANTPNG2D

1 Peter 3 in the AS21

1 Peter 3 in the BAGH

1 Peter 3 in the BBPNG

1 Peter 3 in the BBT1E

1 Peter 3 in the BDS

1 Peter 3 in the BEV

1 Peter 3 in the BHAD

1 Peter 3 in the BIB

1 Peter 3 in the BLPT

1 Peter 3 in the BNT

1 Peter 3 in the BNTABOOT

1 Peter 3 in the BNTLV

1 Peter 3 in the BOATCB

1 Peter 3 in the BOATCB2

1 Peter 3 in the BOBCV

1 Peter 3 in the BOCNT

1 Peter 3 in the BOGWICC

1 Peter 3 in the BOHCB

1 Peter 3 in the BOHCV

1 Peter 3 in the BOHLNT

1 Peter 3 in the BOHNTLTAL

1 Peter 3 in the BOICB

1 Peter 3 in the BOILNTAP

1 Peter 3 in the BOITCV

1 Peter 3 in the BOKCV

1 Peter 3 in the BOKCV2

1 Peter 3 in the BOKHWOG

1 Peter 3 in the BOKSSV

1 Peter 3 in the BOLCB

1 Peter 3 in the BOLCB2

1 Peter 3 in the BOMCV

1 Peter 3 in the BONAV

1 Peter 3 in the BONCB

1 Peter 3 in the BONLT

1 Peter 3 in the BONUT2

1 Peter 3 in the BOPLNT

1 Peter 3 in the BOSCB

1 Peter 3 in the BOSNC

1 Peter 3 in the BOTLNT

1 Peter 3 in the BOVCB

1 Peter 3 in the BOYCB

1 Peter 3 in the BPBB

1 Peter 3 in the BPH

1 Peter 3 in the BSB

1 Peter 3 in the CCB

1 Peter 3 in the CUV

1 Peter 3 in the CUVS

1 Peter 3 in the DBT

1 Peter 3 in the DGDNT

1 Peter 3 in the DHNT

1 Peter 3 in the DNT

1 Peter 3 in the ELBE

1 Peter 3 in the EMTV

1 Peter 3 in the ESV

1 Peter 3 in the FBV

1 Peter 3 in the FEB

1 Peter 3 in the GGMNT

1 Peter 3 in the GNT

1 Peter 3 in the HARY

1 Peter 3 in the HNT

1 Peter 3 in the IRVA

1 Peter 3 in the IRVB

1 Peter 3 in the IRVG

1 Peter 3 in the IRVH

1 Peter 3 in the IRVK

1 Peter 3 in the IRVM

1 Peter 3 in the IRVM2

1 Peter 3 in the IRVO

1 Peter 3 in the IRVP

1 Peter 3 in the IRVT

1 Peter 3 in the IRVT2

1 Peter 3 in the IRVU

1 Peter 3 in the ISVN

1 Peter 3 in the JSNT

1 Peter 3 in the KAPI

1 Peter 3 in the KBT1ETNIK

1 Peter 3 in the KBV

1 Peter 3 in the KJV

1 Peter 3 in the KNFD

1 Peter 3 in the LBA

1 Peter 3 in the LBLA

1 Peter 3 in the LNT

1 Peter 3 in the LSV

1 Peter 3 in the MAAL

1 Peter 3 in the MBV

1 Peter 3 in the MBV2

1 Peter 3 in the MHNT

1 Peter 3 in the MKNFD

1 Peter 3 in the MNG

1 Peter 3 in the MNT

1 Peter 3 in the MNT2

1 Peter 3 in the MRS1T

1 Peter 3 in the NAA

1 Peter 3 in the NASB

1 Peter 3 in the NBLA

1 Peter 3 in the NBS

1 Peter 3 in the NBVTP

1 Peter 3 in the NET2

1 Peter 3 in the NIV11

1 Peter 3 in the NNT

1 Peter 3 in the NNT2

1 Peter 3 in the NNT3

1 Peter 3 in the PDDPT

1 Peter 3 in the PFNT

1 Peter 3 in the RMNT

1 Peter 3 in the SBIAS

1 Peter 3 in the SBIBS

1 Peter 3 in the SBIBS2

1 Peter 3 in the SBICS

1 Peter 3 in the SBIDS

1 Peter 3 in the SBIGS

1 Peter 3 in the SBIHS

1 Peter 3 in the SBIIS

1 Peter 3 in the SBIIS2

1 Peter 3 in the SBIIS3

1 Peter 3 in the SBIKS

1 Peter 3 in the SBIKS2

1 Peter 3 in the SBIMS

1 Peter 3 in the SBIOS

1 Peter 3 in the SBIPS

1 Peter 3 in the SBISS

1 Peter 3 in the SBITS

1 Peter 3 in the SBITS2

1 Peter 3 in the SBITS3

1 Peter 3 in the SBITS4

1 Peter 3 in the SBIUS

1 Peter 3 in the SBIVS

1 Peter 3 in the SBT

1 Peter 3 in the SBT1E

1 Peter 3 in the SCHL

1 Peter 3 in the SNT

1 Peter 3 in the SUSU

1 Peter 3 in the SUSU2

1 Peter 3 in the SYNO

1 Peter 3 in the TBIAOTANT

1 Peter 3 in the TBT1E

1 Peter 3 in the TBT1E2

1 Peter 3 in the TFTIP

1 Peter 3 in the TFTU

1 Peter 3 in the TGNTATF3T

1 Peter 3 in the THAI

1 Peter 3 in the TNFD

1 Peter 3 in the TNT

1 Peter 3 in the TNTIK

1 Peter 3 in the TNTIL

1 Peter 3 in the TNTIN

1 Peter 3 in the TNTIP

1 Peter 3 in the TNTIZ

1 Peter 3 in the TOMA

1 Peter 3 in the TTENT

1 Peter 3 in the UBG

1 Peter 3 in the UGV

1 Peter 3 in the UGV2

1 Peter 3 in the UGV3

1 Peter 3 in the VBL

1 Peter 3 in the VDCC

1 Peter 3 in the YALU

1 Peter 3 in the YAPE

1 Peter 3 in the YBVTP

1 Peter 3 in the ZBP