1 Thessalonians 1 (BOECS)

1 Nye, Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Kristohame si le Tesalonika, mi ame siwo nye Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo tɔ. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi. 2 Míedaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi ɖe mia ta eye míedoa gbe ɖa ɖe mia ta madzudzɔmadzudzɔe. 3 Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu, mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o. 4 Nɔvi lɔlɔ̃awo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo, míenya be Mawu ŋutɔe tia mi, 5 elabena esi míetsɔ nyanyui la vɛ na mi la, miexɔe abe nya dzodzro aɖe ko ene o; ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã abe ale si mienya ame si ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene. 6 Ale mieva zu míawo kple Aƒetɔ la yomedzelawo, elabena miexɔ míaƒe nya la kple dzidzɔ si tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ togbɔ be ehe tetekpɔ kple nuxaxa geɖewo va mia dzii hã. 7 Emegbe la, miawo ŋutɔwo mieva zu kpɔɖeŋu na xɔsetɔ siwo katã le Makedonia kple Akaya. 8 Azɔ la, miekaka Aƒetɔ la ƒe nya la na amewo le afi sia afi, tso Akaya yi keke Makedonia ƒe liƒowo godo ke hã, elabena afi sia afi si míeyi la, amewo ɖia ɖase tso miaƒe xɔse deto si le mia si le Mawu me la ŋuti. Esia ta megahiã be míawo míagagblɔ nya aɖeke na wo o, 9 elabena woawo boŋ gblɔa ale si miexɔ mí kple dzidzɔ manyagblɔ kple ale si mietrɔ tso trɔ̃subɔsubɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye Mawu gbagbe nyateƒetɔ la koe zu miaƒe Aƒetɔ la na mí. 10 Eye wogblɔ hã na mí be miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe Vi, Yesu ƒe tɔtrɔ va tso dziƒo; ame si Mawu fɔ tso ku me, eye wònye Ɖela si ko ate ŋu aɖe mí tso Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ɖe nu vɔ̃ ŋuti la me.

In Other Versions

1 Thessalonians 1 in the ANGEFD

1 Thessalonians 1 in the ANTPNG2D

1 Thessalonians 1 in the AS21

1 Thessalonians 1 in the BAGH

1 Thessalonians 1 in the BBPNG

1 Thessalonians 1 in the BBT1E

1 Thessalonians 1 in the BDS

1 Thessalonians 1 in the BEV

1 Thessalonians 1 in the BHAD

1 Thessalonians 1 in the BIB

1 Thessalonians 1 in the BLPT

1 Thessalonians 1 in the BNT

1 Thessalonians 1 in the BNTABOOT

1 Thessalonians 1 in the BNTLV

1 Thessalonians 1 in the BOATCB

1 Thessalonians 1 in the BOATCB2

1 Thessalonians 1 in the BOBCV

1 Thessalonians 1 in the BOCNT

1 Thessalonians 1 in the BOGWICC

1 Thessalonians 1 in the BOHCB

1 Thessalonians 1 in the BOHCV

1 Thessalonians 1 in the BOHLNT

1 Thessalonians 1 in the BOHNTLTAL

1 Thessalonians 1 in the BOICB

1 Thessalonians 1 in the BOILNTAP

1 Thessalonians 1 in the BOITCV

1 Thessalonians 1 in the BOKCV

1 Thessalonians 1 in the BOKCV2

1 Thessalonians 1 in the BOKHWOG

1 Thessalonians 1 in the BOKSSV

1 Thessalonians 1 in the BOLCB

1 Thessalonians 1 in the BOLCB2

1 Thessalonians 1 in the BOMCV

1 Thessalonians 1 in the BONAV

1 Thessalonians 1 in the BONCB

1 Thessalonians 1 in the BONLT

1 Thessalonians 1 in the BONUT2

1 Thessalonians 1 in the BOPLNT

1 Thessalonians 1 in the BOSCB

1 Thessalonians 1 in the BOSNC

1 Thessalonians 1 in the BOTLNT

1 Thessalonians 1 in the BOVCB

1 Thessalonians 1 in the BOYCB

1 Thessalonians 1 in the BPBB

1 Thessalonians 1 in the BPH

1 Thessalonians 1 in the BSB

1 Thessalonians 1 in the CCB

1 Thessalonians 1 in the CUV

1 Thessalonians 1 in the CUVS

1 Thessalonians 1 in the DBT

1 Thessalonians 1 in the DGDNT

1 Thessalonians 1 in the DHNT

1 Thessalonians 1 in the DNT

1 Thessalonians 1 in the ELBE

1 Thessalonians 1 in the EMTV

1 Thessalonians 1 in the ESV

1 Thessalonians 1 in the FBV

1 Thessalonians 1 in the FEB

1 Thessalonians 1 in the GGMNT

1 Thessalonians 1 in the GNT

1 Thessalonians 1 in the HARY

1 Thessalonians 1 in the HNT

1 Thessalonians 1 in the IRVA

1 Thessalonians 1 in the IRVB

1 Thessalonians 1 in the IRVG

1 Thessalonians 1 in the IRVH

1 Thessalonians 1 in the IRVK

1 Thessalonians 1 in the IRVM

1 Thessalonians 1 in the IRVM2

1 Thessalonians 1 in the IRVO

1 Thessalonians 1 in the IRVP

1 Thessalonians 1 in the IRVT

1 Thessalonians 1 in the IRVT2

1 Thessalonians 1 in the IRVU

1 Thessalonians 1 in the ISVN

1 Thessalonians 1 in the JSNT

1 Thessalonians 1 in the KAPI

1 Thessalonians 1 in the KBT1ETNIK

1 Thessalonians 1 in the KBV

1 Thessalonians 1 in the KJV

1 Thessalonians 1 in the KNFD

1 Thessalonians 1 in the LBA

1 Thessalonians 1 in the LBLA

1 Thessalonians 1 in the LNT

1 Thessalonians 1 in the LSV

1 Thessalonians 1 in the MAAL

1 Thessalonians 1 in the MBV

1 Thessalonians 1 in the MBV2

1 Thessalonians 1 in the MHNT

1 Thessalonians 1 in the MKNFD

1 Thessalonians 1 in the MNG

1 Thessalonians 1 in the MNT

1 Thessalonians 1 in the MNT2

1 Thessalonians 1 in the MRS1T

1 Thessalonians 1 in the NAA

1 Thessalonians 1 in the NASB

1 Thessalonians 1 in the NBLA

1 Thessalonians 1 in the NBS

1 Thessalonians 1 in the NBVTP

1 Thessalonians 1 in the NET2

1 Thessalonians 1 in the NIV11

1 Thessalonians 1 in the NNT

1 Thessalonians 1 in the NNT2

1 Thessalonians 1 in the NNT3

1 Thessalonians 1 in the PDDPT

1 Thessalonians 1 in the PFNT

1 Thessalonians 1 in the RMNT

1 Thessalonians 1 in the SBIAS

1 Thessalonians 1 in the SBIBS

1 Thessalonians 1 in the SBIBS2

1 Thessalonians 1 in the SBICS

1 Thessalonians 1 in the SBIDS

1 Thessalonians 1 in the SBIGS

1 Thessalonians 1 in the SBIHS

1 Thessalonians 1 in the SBIIS

1 Thessalonians 1 in the SBIIS2

1 Thessalonians 1 in the SBIIS3

1 Thessalonians 1 in the SBIKS

1 Thessalonians 1 in the SBIKS2

1 Thessalonians 1 in the SBIMS

1 Thessalonians 1 in the SBIOS

1 Thessalonians 1 in the SBIPS

1 Thessalonians 1 in the SBISS

1 Thessalonians 1 in the SBITS

1 Thessalonians 1 in the SBITS2

1 Thessalonians 1 in the SBITS3

1 Thessalonians 1 in the SBITS4

1 Thessalonians 1 in the SBIUS

1 Thessalonians 1 in the SBIVS

1 Thessalonians 1 in the SBT

1 Thessalonians 1 in the SBT1E

1 Thessalonians 1 in the SCHL

1 Thessalonians 1 in the SNT

1 Thessalonians 1 in the SUSU

1 Thessalonians 1 in the SUSU2

1 Thessalonians 1 in the SYNO

1 Thessalonians 1 in the TBIAOTANT

1 Thessalonians 1 in the TBT1E

1 Thessalonians 1 in the TBT1E2

1 Thessalonians 1 in the TFTIP

1 Thessalonians 1 in the TFTU

1 Thessalonians 1 in the TGNTATF3T

1 Thessalonians 1 in the THAI

1 Thessalonians 1 in the TNFD

1 Thessalonians 1 in the TNT

1 Thessalonians 1 in the TNTIK

1 Thessalonians 1 in the TNTIL

1 Thessalonians 1 in the TNTIN

1 Thessalonians 1 in the TNTIP

1 Thessalonians 1 in the TNTIZ

1 Thessalonians 1 in the TOMA

1 Thessalonians 1 in the TTENT

1 Thessalonians 1 in the UBG

1 Thessalonians 1 in the UGV

1 Thessalonians 1 in the UGV2

1 Thessalonians 1 in the UGV3

1 Thessalonians 1 in the VBL

1 Thessalonians 1 in the VDCC

1 Thessalonians 1 in the YALU

1 Thessalonians 1 in the YAPE

1 Thessalonians 1 in the YBVTP

1 Thessalonians 1 in the ZBP