2 Chronicles 13 (BOECS)

1 Abiya zu fia le Yuda le Fia Yeroboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. 2 Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadae nye Mikaya si nye Uriel tso Gibea ƒe vinyɔnu. Azɔ la, aʋa nɔ Abiya kple Yeroboam dome. 3 Abiya yi aʋa la me kple aʋawɔla sesẽ akpe alafa ene (400,000) eye Yeroboam hã va kpe aʋa kplii kple asrafoha sesẽ ame akpe alafa enyi (800,000). 4 Esime Israel ƒe aʋakɔ la va ɖo Zemaraim to la gbɔ, le Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi la, Fia Abiya do ɣli gblɔ na Fia Yeroboam kple Israel ƒe aʋakɔ la bena, 5 “Miɖo to! Ɖe mienya bena, Yehowa, Israel ƒe Mawu, ka atam bena David ƒe dzidzimeviwo anye Israel fiawo tegbetegbee oa? 6 Miaƒe fia Yeroboam la, David ƒe vi ƒe subɔla ko wònye eye wònye ame si de eƒe aƒetɔ asi. 7 Yakamewo ƒe ha gã aɖe dze eyome eye wotsi tsitre ɖe Solomo ƒe vi, Rehoboam, ŋu elabena Rehoboam nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, vɔvɔ̃ ɖoe eye mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. 8 Ɖe miebu be yewoate ŋu aɖu Yehowa ƒe fiaɖuƒe si nu David ƒe dzidzimevi aɖe le la dzia? Miaƒe aʋakɔ lolo zi eve abe tɔnye ene gake sikanyivi siwo Yeroboam wɔ na mi heyɔ wo be miaƒe mawuwo eye wole mia si la zu fiƒode na mi. 9 Gawu la, mienya Yehowa ƒe nunɔlawo kple Aron ƒe viwo kpakple Levitɔwo eye mietsɔ ame bubuwo ɖo nunɔlawoe ɖe wo teƒe. Mietsɔa ame sia ame si ko nya tsɔ nyitsu fɛ̃ kple agbo adre vɛ la ɖoa nunɔlae abe ale si dukɔ bubu me tɔwo wɔna ene. Ame sia ame ko ate ŋu anye nunɔla na miaƒe mawu siwo menye mawuwo kura o! 10 Ke míawo ya la, Yehowae nye míaƒe Mawu eye míegblee ɖi o. Aron ƒe dzidzimeviwo koe nyea míaƒe nunɔlawo eye Levitɔwo koe kpena ɖe wo ŋu le woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me. 11 Wosaa numevɔ, doa dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wodaa Ŋkumeɖobolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi. Wosia sikakaɖigbɛ la zã sia zã elabena míekpɔa egbɔ be míazɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ƒe ɖoɖowo nu, ke miawo ya la, miegblẽ Yehowa ɖi 12 eya ta, mikpɔe ɖa, Mawu le mía dzi, eyae nye míaƒe Kplɔla. Eƒe nunɔlawo atsɔ kpẽkuku akplɔ mí míaho aʋa ɖe mia ŋu. Oo Israelviwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la o elabena miate ŋu aɖu dzi o!” 13 Azɔ la, Yeroboam ɖo asrafowo ɖe Israel ƒe asrafowo megbe, ale be esime wònɔ Yuda ŋgɔ la, asrafo siwo de xa ɖi la nɔ Yuda megbe. 14 Yuda trɔ eye wòkpɔ be woho aʋa ɖe ye ŋu tso ŋgɔgbe kple megbe siaa. Tete wodo ɣli na Yehowa. Nunɔlaawo ku woƒe kpẽwo 15 eye Yuda ƒe viwo do aʋaɣli. Esi aʋaɣli la ɖi la, Mawu tsrɔ̃ Yeroboam kple Israel blibo la le Abiya kple Yuda ŋkume. 16 Israelviwo si le Yuda ŋgɔ eye Mawu tsɔ wo de asi na Yuda ƒe viwo 17 eye Abiya kple eƒe dukɔ la wu Israel ƒe aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa atɔ̃ (500,000) gbe ma gbe. 18 Woɖu Israelviwo dzi gbe ma gbe. Yuda ƒe viwo ɖu dzi elabena woɖo ŋu ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ŋu. 19 Abiya nya Yeroboam ɖe du nu eye wòxɔ du siawo: Betel, Yesana kple Efrɔn kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la le esi. 20 Israel fia, Yeroboam megakpɔ ŋusẽ kpɔ le Abiya ƒe agbenɔɣi o eye mlɔeba la, Yehowa ƒoe ƒu anyi, wòku. 21 Yuda fia, Abiya, va kpɔ ŋusẽ gã ŋutɔ. Eɖe srɔ̃ wuiene eye viŋutsu blaeve-vɔ-eve kple vinyɔnu wuiade nɔ esi. 22 Woŋlɔ eƒe ŋutinya katã la ɖe Nyagblɔɖila Ido ƒe agbalẽ, Yuda ƒe Ŋutinya me.

In Other Versions

2 Chronicles 13 in the ANGEFD

2 Chronicles 13 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 13 in the AS21

2 Chronicles 13 in the BAGH

2 Chronicles 13 in the BBPNG

2 Chronicles 13 in the BBT1E

2 Chronicles 13 in the BDS

2 Chronicles 13 in the BEV

2 Chronicles 13 in the BHAD

2 Chronicles 13 in the BIB

2 Chronicles 13 in the BLPT

2 Chronicles 13 in the BNT

2 Chronicles 13 in the BNTABOOT

2 Chronicles 13 in the BNTLV

2 Chronicles 13 in the BOATCB

2 Chronicles 13 in the BOATCB2

2 Chronicles 13 in the BOBCV

2 Chronicles 13 in the BOCNT

2 Chronicles 13 in the BOGWICC

2 Chronicles 13 in the BOHCB

2 Chronicles 13 in the BOHCV

2 Chronicles 13 in the BOHLNT

2 Chronicles 13 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 13 in the BOICB

2 Chronicles 13 in the BOILNTAP

2 Chronicles 13 in the BOITCV

2 Chronicles 13 in the BOKCV

2 Chronicles 13 in the BOKCV2

2 Chronicles 13 in the BOKHWOG

2 Chronicles 13 in the BOKSSV

2 Chronicles 13 in the BOLCB

2 Chronicles 13 in the BOLCB2

2 Chronicles 13 in the BOMCV

2 Chronicles 13 in the BONAV

2 Chronicles 13 in the BONCB

2 Chronicles 13 in the BONLT

2 Chronicles 13 in the BONUT2

2 Chronicles 13 in the BOPLNT

2 Chronicles 13 in the BOSCB

2 Chronicles 13 in the BOSNC

2 Chronicles 13 in the BOTLNT

2 Chronicles 13 in the BOVCB

2 Chronicles 13 in the BOYCB

2 Chronicles 13 in the BPBB

2 Chronicles 13 in the BPH

2 Chronicles 13 in the BSB

2 Chronicles 13 in the CCB

2 Chronicles 13 in the CUV

2 Chronicles 13 in the CUVS

2 Chronicles 13 in the DBT

2 Chronicles 13 in the DGDNT

2 Chronicles 13 in the DHNT

2 Chronicles 13 in the DNT

2 Chronicles 13 in the ELBE

2 Chronicles 13 in the EMTV

2 Chronicles 13 in the ESV

2 Chronicles 13 in the FBV

2 Chronicles 13 in the FEB

2 Chronicles 13 in the GGMNT

2 Chronicles 13 in the GNT

2 Chronicles 13 in the HARY

2 Chronicles 13 in the HNT

2 Chronicles 13 in the IRVA

2 Chronicles 13 in the IRVB

2 Chronicles 13 in the IRVG

2 Chronicles 13 in the IRVH

2 Chronicles 13 in the IRVK

2 Chronicles 13 in the IRVM

2 Chronicles 13 in the IRVM2

2 Chronicles 13 in the IRVO

2 Chronicles 13 in the IRVP

2 Chronicles 13 in the IRVT

2 Chronicles 13 in the IRVT2

2 Chronicles 13 in the IRVU

2 Chronicles 13 in the ISVN

2 Chronicles 13 in the JSNT

2 Chronicles 13 in the KAPI

2 Chronicles 13 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 13 in the KBV

2 Chronicles 13 in the KJV

2 Chronicles 13 in the KNFD

2 Chronicles 13 in the LBA

2 Chronicles 13 in the LBLA

2 Chronicles 13 in the LNT

2 Chronicles 13 in the LSV

2 Chronicles 13 in the MAAL

2 Chronicles 13 in the MBV

2 Chronicles 13 in the MBV2

2 Chronicles 13 in the MHNT

2 Chronicles 13 in the MKNFD

2 Chronicles 13 in the MNG

2 Chronicles 13 in the MNT

2 Chronicles 13 in the MNT2

2 Chronicles 13 in the MRS1T

2 Chronicles 13 in the NAA

2 Chronicles 13 in the NASB

2 Chronicles 13 in the NBLA

2 Chronicles 13 in the NBS

2 Chronicles 13 in the NBVTP

2 Chronicles 13 in the NET2

2 Chronicles 13 in the NIV11

2 Chronicles 13 in the NNT

2 Chronicles 13 in the NNT2

2 Chronicles 13 in the NNT3

2 Chronicles 13 in the PDDPT

2 Chronicles 13 in the PFNT

2 Chronicles 13 in the RMNT

2 Chronicles 13 in the SBIAS

2 Chronicles 13 in the SBIBS

2 Chronicles 13 in the SBIBS2

2 Chronicles 13 in the SBICS

2 Chronicles 13 in the SBIDS

2 Chronicles 13 in the SBIGS

2 Chronicles 13 in the SBIHS

2 Chronicles 13 in the SBIIS

2 Chronicles 13 in the SBIIS2

2 Chronicles 13 in the SBIIS3

2 Chronicles 13 in the SBIKS

2 Chronicles 13 in the SBIKS2

2 Chronicles 13 in the SBIMS

2 Chronicles 13 in the SBIOS

2 Chronicles 13 in the SBIPS

2 Chronicles 13 in the SBISS

2 Chronicles 13 in the SBITS

2 Chronicles 13 in the SBITS2

2 Chronicles 13 in the SBITS3

2 Chronicles 13 in the SBITS4

2 Chronicles 13 in the SBIUS

2 Chronicles 13 in the SBIVS

2 Chronicles 13 in the SBT

2 Chronicles 13 in the SBT1E

2 Chronicles 13 in the SCHL

2 Chronicles 13 in the SNT

2 Chronicles 13 in the SUSU

2 Chronicles 13 in the SUSU2

2 Chronicles 13 in the SYNO

2 Chronicles 13 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 13 in the TBT1E

2 Chronicles 13 in the TBT1E2

2 Chronicles 13 in the TFTIP

2 Chronicles 13 in the TFTU

2 Chronicles 13 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 13 in the THAI

2 Chronicles 13 in the TNFD

2 Chronicles 13 in the TNT

2 Chronicles 13 in the TNTIK

2 Chronicles 13 in the TNTIL

2 Chronicles 13 in the TNTIN

2 Chronicles 13 in the TNTIP

2 Chronicles 13 in the TNTIZ

2 Chronicles 13 in the TOMA

2 Chronicles 13 in the TTENT

2 Chronicles 13 in the UBG

2 Chronicles 13 in the UGV

2 Chronicles 13 in the UGV2

2 Chronicles 13 in the UGV3

2 Chronicles 13 in the VBL

2 Chronicles 13 in the VDCC

2 Chronicles 13 in the YALU

2 Chronicles 13 in the YAPE

2 Chronicles 13 in the YBVTP

2 Chronicles 13 in the ZBP