2 Chronicles 23 (BOECS)

1 Le ƒe adrelia me la, Yehoiada ɖe eƒe ŋusẽ fia. Ebla nu kple ame alafawo (100) ƒe aʋafia siawo: Azaria, Yeroham ƒe vi, Ismael, Yehohanan ƒe vi, Azaria, Obed ƒe vi kple Maaseya, Adaya ƒe vi kple Elisafat, Zikri ƒe vi. 2 Wotsa le Yudanyigba blibo la dzi eye woƒo Levitɔwo kple Israelviwo ƒe ƒometatɔwo nu ƒu tso duawo katã me. Esi wova ɖo Yerusalem la, 3 ameha blibo la bla nu kple fia la le Mawu ƒe gbedoxɔ la me.Yehoiada gblɔ na wo be, “Fiaviŋutsu la aɖu fia abe ale si Yehowa do ŋugbe tso David ƒe dzidzimeviwo ŋu ene. 4 Azɔ la, nu si míawɔ enye si. Mi nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe mama etɔ̃lia ƒe gbãtɔ me tɔwo, ame siwo awɔ dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la, miaƒe ŋkuwo anɔ ʋɔtruawo ŋu, 5 mama evelia me tɔwo adzɔ fiasã la ŋu eye mama etɔ̃lia me tɔwo adzɔ Gɔmeɖokpegbo la ŋu. Ame bubuawo katã anɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. 6 Ame aɖeke mage ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o negbe nunɔlawo kple Levitɔ siwo anɔ dɔ wɔm ko. Woawo ya ate ŋu age ɖe eme elabena wokɔ wo ŋu ke ele na ame bubuawo be woadzɔ teƒe siwo Yehowa de asi na wo la ŋu. 7 Mi Levitɔwo ƒe viwo, mitsɔ aʋawɔnuwo ɖe asi, midzɔ fia la ŋu eye miawu ame sia ame si adze mi age ɖe gbedoxɔ la me. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli!” 8 Levitɔwo ƒe viwo kple Yuda blibo la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada elabena nunɔlagã Yehoiada, meɖe mɔ na wo wodzo yi aƒe me o. 9 Yehoiada na akplɔwo kple akpoxɔnuwo asrafomegãwo siwo le ame alafawo nu. Aʋawɔnu siawo nye Fia David tɔwo tsã eye wodzra wo ɖo ɖe gbedoxɔ la me. 10 Asrafomegã siawo tsɔ woƒe aʋawɔnuwo ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, le vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe. 11 Yehoiada kple via ŋutsuviwo kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ, tsɔ nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!” 12 Esi Atalia se se howɔwɔ kple ɣli si amewo tsɔ nɔ fia la kafum la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ. 13 Etsa ŋku eye wòkpɔ fia la wòtsi tsitre ɖe eƒe sɔti gbɔ le xɔa ƒe mɔnu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la gbɔ eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom, henɔ woƒe kpẽawo kum eye hadzilawo kple woƒe haƒonuwo nɔ hawo dom ɖa. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!” 14 Nunɔla Yehoiada dɔ ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la ɖa eye wògblɔ na wo be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.” 15 Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma. 16 Ke Yehoiada na Fia Yoas kple ameawo kpe ɖe eŋu eye wobla nu be yewoanye Yehowa ƒe amewo. 17 Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ. 18 Azɔ la, Yehoiada na Levitɔwo zu dzɔlawo eye wosa numevɔ na Yehowa le Mose ƒe se la nu. Ede dɔwo asi na Levitɔwo abe ale si Fia David wɔ ene tututu. Wodzia ha kple dzidzɔ ne wole woƒe dɔwo wɔm. 19 Gbedoxɔ la ƒe agbowo nu dzɔlawo meɖea mɔ be, nu siwo ŋu womekɔ o kple ame siwo se meɖe mɔ na o la, nage ɖe gbedoxɔ la me o. 20 Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, heto Dzigbegbo la me yi fiasã la me eye wotsɔ fia la ɖo fiazikpui la dzi. 21 Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi.

In Other Versions

2 Chronicles 23 in the ANGEFD

2 Chronicles 23 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 23 in the AS21

2 Chronicles 23 in the BAGH

2 Chronicles 23 in the BBPNG

2 Chronicles 23 in the BBT1E

2 Chronicles 23 in the BDS

2 Chronicles 23 in the BEV

2 Chronicles 23 in the BHAD

2 Chronicles 23 in the BIB

2 Chronicles 23 in the BLPT

2 Chronicles 23 in the BNT

2 Chronicles 23 in the BNTABOOT

2 Chronicles 23 in the BNTLV

2 Chronicles 23 in the BOATCB

2 Chronicles 23 in the BOATCB2

2 Chronicles 23 in the BOBCV

2 Chronicles 23 in the BOCNT

2 Chronicles 23 in the BOGWICC

2 Chronicles 23 in the BOHCB

2 Chronicles 23 in the BOHCV

2 Chronicles 23 in the BOHLNT

2 Chronicles 23 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 23 in the BOICB

2 Chronicles 23 in the BOILNTAP

2 Chronicles 23 in the BOITCV

2 Chronicles 23 in the BOKCV

2 Chronicles 23 in the BOKCV2

2 Chronicles 23 in the BOKHWOG

2 Chronicles 23 in the BOKSSV

2 Chronicles 23 in the BOLCB

2 Chronicles 23 in the BOLCB2

2 Chronicles 23 in the BOMCV

2 Chronicles 23 in the BONAV

2 Chronicles 23 in the BONCB

2 Chronicles 23 in the BONLT

2 Chronicles 23 in the BONUT2

2 Chronicles 23 in the BOPLNT

2 Chronicles 23 in the BOSCB

2 Chronicles 23 in the BOSNC

2 Chronicles 23 in the BOTLNT

2 Chronicles 23 in the BOVCB

2 Chronicles 23 in the BOYCB

2 Chronicles 23 in the BPBB

2 Chronicles 23 in the BPH

2 Chronicles 23 in the BSB

2 Chronicles 23 in the CCB

2 Chronicles 23 in the CUV

2 Chronicles 23 in the CUVS

2 Chronicles 23 in the DBT

2 Chronicles 23 in the DGDNT

2 Chronicles 23 in the DHNT

2 Chronicles 23 in the DNT

2 Chronicles 23 in the ELBE

2 Chronicles 23 in the EMTV

2 Chronicles 23 in the ESV

2 Chronicles 23 in the FBV

2 Chronicles 23 in the FEB

2 Chronicles 23 in the GGMNT

2 Chronicles 23 in the GNT

2 Chronicles 23 in the HARY

2 Chronicles 23 in the HNT

2 Chronicles 23 in the IRVA

2 Chronicles 23 in the IRVB

2 Chronicles 23 in the IRVG

2 Chronicles 23 in the IRVH

2 Chronicles 23 in the IRVK

2 Chronicles 23 in the IRVM

2 Chronicles 23 in the IRVM2

2 Chronicles 23 in the IRVO

2 Chronicles 23 in the IRVP

2 Chronicles 23 in the IRVT

2 Chronicles 23 in the IRVT2

2 Chronicles 23 in the IRVU

2 Chronicles 23 in the ISVN

2 Chronicles 23 in the JSNT

2 Chronicles 23 in the KAPI

2 Chronicles 23 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 23 in the KBV

2 Chronicles 23 in the KJV

2 Chronicles 23 in the KNFD

2 Chronicles 23 in the LBA

2 Chronicles 23 in the LBLA

2 Chronicles 23 in the LNT

2 Chronicles 23 in the LSV

2 Chronicles 23 in the MAAL

2 Chronicles 23 in the MBV

2 Chronicles 23 in the MBV2

2 Chronicles 23 in the MHNT

2 Chronicles 23 in the MKNFD

2 Chronicles 23 in the MNG

2 Chronicles 23 in the MNT

2 Chronicles 23 in the MNT2

2 Chronicles 23 in the MRS1T

2 Chronicles 23 in the NAA

2 Chronicles 23 in the NASB

2 Chronicles 23 in the NBLA

2 Chronicles 23 in the NBS

2 Chronicles 23 in the NBVTP

2 Chronicles 23 in the NET2

2 Chronicles 23 in the NIV11

2 Chronicles 23 in the NNT

2 Chronicles 23 in the NNT2

2 Chronicles 23 in the NNT3

2 Chronicles 23 in the PDDPT

2 Chronicles 23 in the PFNT

2 Chronicles 23 in the RMNT

2 Chronicles 23 in the SBIAS

2 Chronicles 23 in the SBIBS

2 Chronicles 23 in the SBIBS2

2 Chronicles 23 in the SBICS

2 Chronicles 23 in the SBIDS

2 Chronicles 23 in the SBIGS

2 Chronicles 23 in the SBIHS

2 Chronicles 23 in the SBIIS

2 Chronicles 23 in the SBIIS2

2 Chronicles 23 in the SBIIS3

2 Chronicles 23 in the SBIKS

2 Chronicles 23 in the SBIKS2

2 Chronicles 23 in the SBIMS

2 Chronicles 23 in the SBIOS

2 Chronicles 23 in the SBIPS

2 Chronicles 23 in the SBISS

2 Chronicles 23 in the SBITS

2 Chronicles 23 in the SBITS2

2 Chronicles 23 in the SBITS3

2 Chronicles 23 in the SBITS4

2 Chronicles 23 in the SBIUS

2 Chronicles 23 in the SBIVS

2 Chronicles 23 in the SBT

2 Chronicles 23 in the SBT1E

2 Chronicles 23 in the SCHL

2 Chronicles 23 in the SNT

2 Chronicles 23 in the SUSU

2 Chronicles 23 in the SUSU2

2 Chronicles 23 in the SYNO

2 Chronicles 23 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 23 in the TBT1E

2 Chronicles 23 in the TBT1E2

2 Chronicles 23 in the TFTIP

2 Chronicles 23 in the TFTU

2 Chronicles 23 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 23 in the THAI

2 Chronicles 23 in the TNFD

2 Chronicles 23 in the TNT

2 Chronicles 23 in the TNTIK

2 Chronicles 23 in the TNTIL

2 Chronicles 23 in the TNTIN

2 Chronicles 23 in the TNTIP

2 Chronicles 23 in the TNTIZ

2 Chronicles 23 in the TOMA

2 Chronicles 23 in the TTENT

2 Chronicles 23 in the UBG

2 Chronicles 23 in the UGV

2 Chronicles 23 in the UGV2

2 Chronicles 23 in the UGV3

2 Chronicles 23 in the VBL

2 Chronicles 23 in the VDCC

2 Chronicles 23 in the YALU

2 Chronicles 23 in the YAPE

2 Chronicles 23 in the YBVTP

2 Chronicles 23 in the ZBP