Acts 13 (BOECS)

1 Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia Hame la me ɣe ma ɣi, eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnabas kple Simeon si wogayɔna be Niga, Lukio tso Kirene, Manain (si nye Fia Herodes nɔvi) kple Saulo. 2 Gbe ɖeka la, esi ame siawo nɔ Aƒetɔ la subɔm, nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia Barnabas kple Saulo be woaɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo ɖo la nam.” 3 Wogayi edzi wɔ nutsitsidɔ hedo gbe ɖa ɣeyiɣi aɖe, eye le esia megbe la, woda asi ɖe Barnabas kple Saulo dzi, do gbe ɖa ɖe wo ta, eye wodo mɔ wo be woayi. 4 Le Kipro la, Saulo kple Barnabas wodze mɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖe Seleukia. Le afi sia la, woɖo tɔdziʋu heyi ɖe Kipro. Wokplɔ Marko Yohanes hã ɖe asi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene. 5 Esi wova ɖo du si woyɔna be Salamis me la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe, eye wogblɔ mawunya le afi ma. Yohanes nɔ wo ŋu abe kpekpeɖeŋunala ene. 6 Le esia megbe la, wogblɔ mawunya le du geɖewo me tso teƒe yi teƒe le Kipro ƒukpo blibo la dzi va se ɖe esi wova ɖo du si woyɔna be Pafo la me. Le afi sia wokpɔ Yudatɔ aɖe si woyɔna be Bar Yesu. Ame sia nye afakala kple aʋatsonyagbɔɖila. 7 Ame sia nye dɔtsɔla na mɔmefia si le afi ma si woyɔna be Sergio Paulo. Mɔmefia la nye ame si ƒe tagbɔ kɔ, eye wòdɔ woyi ɖayɔ Barnabas kple Saulo, elabena edi be yease Mawu ƒe nya. 8 Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala Elima (elabena nenemae nye eƒe ŋkɔ le Grikigbe me) tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòte kpɔ be yeagblẽ to na mɔmefia la be megaxɔ Mawu dzi se o. 9 Ke Saulo, ame si wogayɔna be Paulo, si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ fũu la li ŋku ɖe Elima dzi gãa kple dziku, eye wòblu ɖe eta be, 10 “Wò Abosam ƒe vi, ame vɔ̃ɖi, wò ameflula si léa fu nu nyui ɖe sia ɖe, ɣe ka ɣie nàdzudzɔ tsitretsitsi ɖe Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔe la ŋu? 11 Azɔ Mawu ahe to na wò, eya ta wò ŋkuwo agbã, ale be màgate ŋu akpɔ ɣe ƒe keklẽ o hena ɣeyiɣi aɖe.”Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ̃ eye wòde asi asitsatsa le yame me henɔ kuku ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye. 12 Esi mɔmefia la kpɔ nu si dzɔ la, exɔe se, elabena eƒe nu ku le nufiafia si wòse tso Aƒetɔ la ŋu ta. 13 Le nu siawo megbe la, Paulo kple eŋumewo ɖo tɔdziʋu hedzo le Pafo heva Perga le Pamfilia nuto me, afi sia Yohanes gblẽ wo ɖi le hetrɔ yi Yerusalem. 14 Ke Barnabas kple Paulo ya tso eme yi Antioxia si le Pisidia nuto me.Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, woyi sɔleme le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe. 15 Esi woxlẽ nya tso Mose ƒe Agbalẽ kple Nyagblɔɖilawo ƒe Agbalẽawo me vɔ abe ale si wowɔna ɖaa ene la, ƒuƒoƒemegãwo dɔ ame ɖo ɖe Barnabas kple Paulo gbɔ gblɔ be, “Nɔviŋutsuwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na ameawo la, migblɔe, míeɖe kuku.” 16 Paulo tsi tsitre heɖo asi wo dzi, eye wògblɔ na wo be, “Israel ŋutsuwo kple ame sia ame si le afi sia si vɔ̃a Mawu la, miɖo tom! 17 “Israel dukɔ sia ƒe Mawu tia míaƒe dukɔ sia, eye wòde bubu eŋu. Eɖee tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi bubutɔe. 18 Ekpɔ wo dzi, kplɔ wo ɖɔɖɔɖɔ le gbedzi ƒe blaene sɔŋ. 19 Le esia megbe la, Mawu tsrɔ̃ dukɔ adre sɔŋ le Kananyigba dzi, eye wòtsɔ anyigba sia na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene. 20 Nu siawo yi edzi anɔ abe ƒe alafa ene blaetɔ̃ (450). Le esiawo megbe la, Mawu na ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu dukɔa dzi va se ɖe Nyagblɔɖila Samuel dzi. 21 “Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saulo si nye Kish ƒe vi la va ɖu fia ɖe wo dzi. Saulo tso Benyamin ƒomea me, eye wòɖu fia ƒe blaene. 22 Ke emegbe la, Mawu ɖe Saulo ɖa le zikpui la dzi, eye wòtsɔ David si nye Yese ƒe vi la ɖo fiae ɖe eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu, eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David nye ame si dze nye dzi ŋu, elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’ 23 Fia David sia ƒe dzidzimevie nye Yesu, ame si nye Ɖela si ŋugbe Mawu do na Israel dukɔ la.” 24 Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Hafi Yesu sia nava la, ame aɖe va do ŋgɔ nɛ si nye Yohanes Mawutsidetanamela. Ame sia gblɔ mawunya be ehiã be Israelviwo katã nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu. 25 Esi Yohanes nɔ eƒe dɔ nu wum la, ebia amewo be, ‘Ɖe miebu be nyee nye Kristo la mahã? Kpao menye nyee o. Ame si gbɔna la tri akɔ wum. Nyemedze ne matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.’ 26 “Nɔvinyewo, mi Abraham ƒe dzidzimeviwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o siwo vɔ̃a Mawu sia la, medi be mianya be míawoe woɖo ɖeɖe ƒe gbedeasi sia ɖo.” 27 Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me. 28 Le nyateƒe me la, womekpɔ vodada aɖeke le eŋu be wòadze na ku o, gake wobia tso Pilato si be wòatso kufia nɛ kokoko. 29 Esi nu sia nu va eme pɛpɛpɛ abe ale si woŋlɔe da ɖi le eƒe ku ŋu ene la, woɖe eƒe kukua le atitsoga ŋu heɖii ɖe yɔdo me. 30 “Ke nɔvinyewo, Mawu gagbɔ agbee tso ku me, 31 eye wòɖe eɖokui fia ame siwo nɔ eŋu tso Yerusalem yi Galilea la zi geɖe. Ame siawo ɖi ɖase le eƒe tsitretsitsi ŋu ɖaa le dutoƒo le teƒe geɖewo. 32 Nyanyui sia gblɔm míele na mi; ŋugbe si Mawu do na mía fofowo, 33 ŋugbedodo sia va eme na mí, wo viwo esi wòfɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome abe ale si woŋlɔe ɖe Psalmo evelia mee ene be,“ ‘Wòe nye vinye ŋutsu,egbe mezu fofowò.’ 34 Esi Mawu fɔe ɖe tsitsre, eye wòɖo kpe edzi be eƒe ŋutilã maganyunyɔ akpɔ o ta la, egblɔ le eŋuti be,“ ‘Matsɔ yayra kɔkɔe kple vavãtɔ si ŋugbe wodo na David la na wò.’ 35 Nenema ke wogblɔ le teƒe bubu hã be,“ ‘Mana wò kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã manyunyɔ o.’ 36 “Esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii ɖe fofoawo dome, eye eƒe ŋutilã ƒaƒã ɖe tome. 37 Nya siawo ku ɖe ame bubu aɖe si Mawu gbɔ agbee tso ku me, eye ku mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o la boŋ ŋu.” 38 Paulo yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miɖo to miase nya sia ɖa. Yesu sia tae woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. 39 Ame sia ame si xɔ edzi se la, woaɖee tso nu vɔ̃ ƒe kɔkuti me, eye wòazu ame dzɔdzɔe. Nu sia nye nu gã aɖe si Mose ƒe sewo mete ŋu wɔ na ame aɖeke o. 40 Mikpɔ nyuie, be nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ la nagaɖi mia ŋu o. 41 Wogblɔe be,“ ‘Mi ame siwo doa vlo nyateƒe la,mike ŋku ɖi miakpɔ nu ʋuu va se ɖe esime miatsrɔ̃.Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo meesi ne wogblɔe na wò lamàxɔe ase o.’ ” 42 Gbe ma gbe la, Paulo kple Barnabas nɔ go dom le ƒuƒoƒea la, ameawo gblɔ na Paulo be eƒe nyawo vivi yewo nu ŋutɔ, eya ta wòagatrɔ ava ƒo nu na yewo le Dzudzɔgbe si agava la dzi. 43 Ke ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo vɔ̃a Mawu la dze wo yome le ablɔ dzi, eye Paulo kple Barnabas gblɔ na wo kple kukuɖeɖe be woanɔ Mawu ƒe amenuveve la me. 44 Le Dzudzɔgbe si dze eyome dzi la, du blibo la katã kloe va ƒo ƒu be yewoase Aƒetɔ ƒe nya la. 45 Amehawo ƒe agbɔsɔsɔ alea do ŋɔdzi na Yudatɔwo ale woʋã ŋu Paulo kple Barnabas, eya ta wogblɔ busunyawo, eye wotsi tsitre ɖe nya sia nya si Paulo gblɔ la ŋu vevie. 46 Ke Paulo kple Barnabas wogblɔ kple dzideƒo na wo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nya na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nyanyui la, eye miebu mia ɖokui be yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayi na ame siwo menye Yudatɔwo o boŋ. 47 Esia nye se si Aƒetɔ la de na mí be,“ ‘Mewɔ wò be nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o,eye nàkplɔ wo tso xexea me ƒe dzogoewo katã dziava be woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’ ” 48 Paulo ƒe nya sia do dzidzɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wokafu Mawu. Wo dometɔ siwo Mawu ŋutɔ tia da ɖi na agbe mavɔ la xɔe se. 49 Ale wɔ Aƒetɔ la ƒe nya la keke ta le nuto ma katã me. 50 Dɔ me ve Yudatɔwo ƒe dumegãwo ale gbegbe be wode ʋunyaʋunya dua me nyɔnu ŋkuta siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, ale be tɔtɔ gã aɖe va, eye to esia me la, wonya Paulo kple Barnabas do goe le dua me. 51 Ke woawo hã ʋuʋu woƒe afɔkewo ɖe anyi abe dzidzɔmakpɔmakpɔ ƒe dzesi ene, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ la dzi ɖo ta Ikonio. 52 Ke dzidzɔ blibo yɔ ame siwo trɔ zu xɔsetɔwo la me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã yɔ wo me fũu.

In Other Versions

Acts 13 in the ANGEFD

Acts 13 in the ANTPNG2D

Acts 13 in the AS21

Acts 13 in the BAGH

Acts 13 in the BBPNG

Acts 13 in the BBT1E

Acts 13 in the BDS

Acts 13 in the BEV

Acts 13 in the BHAD

Acts 13 in the BIB

Acts 13 in the BLPT

Acts 13 in the BNT

Acts 13 in the BNTABOOT

Acts 13 in the BNTLV

Acts 13 in the BOATCB

Acts 13 in the BOATCB2

Acts 13 in the BOBCV

Acts 13 in the BOCNT

Acts 13 in the BOGWICC

Acts 13 in the BOHCB

Acts 13 in the BOHCV

Acts 13 in the BOHLNT

Acts 13 in the BOHNTLTAL

Acts 13 in the BOICB

Acts 13 in the BOILNTAP

Acts 13 in the BOITCV

Acts 13 in the BOKCV

Acts 13 in the BOKCV2

Acts 13 in the BOKHWOG

Acts 13 in the BOKSSV

Acts 13 in the BOLCB

Acts 13 in the BOLCB2

Acts 13 in the BOMCV

Acts 13 in the BONAV

Acts 13 in the BONCB

Acts 13 in the BONLT

Acts 13 in the BONUT2

Acts 13 in the BOPLNT

Acts 13 in the BOSCB

Acts 13 in the BOSNC

Acts 13 in the BOTLNT

Acts 13 in the BOVCB

Acts 13 in the BOYCB

Acts 13 in the BPBB

Acts 13 in the BPH

Acts 13 in the BSB

Acts 13 in the CCB

Acts 13 in the CUV

Acts 13 in the CUVS

Acts 13 in the DBT

Acts 13 in the DGDNT

Acts 13 in the DHNT

Acts 13 in the DNT

Acts 13 in the ELBE

Acts 13 in the EMTV

Acts 13 in the ESV

Acts 13 in the FBV

Acts 13 in the FEB

Acts 13 in the GGMNT

Acts 13 in the GNT

Acts 13 in the HARY

Acts 13 in the HNT

Acts 13 in the IRVA

Acts 13 in the IRVB

Acts 13 in the IRVG

Acts 13 in the IRVH

Acts 13 in the IRVK

Acts 13 in the IRVM

Acts 13 in the IRVM2

Acts 13 in the IRVO

Acts 13 in the IRVP

Acts 13 in the IRVT

Acts 13 in the IRVT2

Acts 13 in the IRVU

Acts 13 in the ISVN

Acts 13 in the JSNT

Acts 13 in the KAPI

Acts 13 in the KBT1ETNIK

Acts 13 in the KBV

Acts 13 in the KJV

Acts 13 in the KNFD

Acts 13 in the LBA

Acts 13 in the LBLA

Acts 13 in the LNT

Acts 13 in the LSV

Acts 13 in the MAAL

Acts 13 in the MBV

Acts 13 in the MBV2

Acts 13 in the MHNT

Acts 13 in the MKNFD

Acts 13 in the MNG

Acts 13 in the MNT

Acts 13 in the MNT2

Acts 13 in the MRS1T

Acts 13 in the NAA

Acts 13 in the NASB

Acts 13 in the NBLA

Acts 13 in the NBS

Acts 13 in the NBVTP

Acts 13 in the NET2

Acts 13 in the NIV11

Acts 13 in the NNT

Acts 13 in the NNT2

Acts 13 in the NNT3

Acts 13 in the PDDPT

Acts 13 in the PFNT

Acts 13 in the RMNT

Acts 13 in the SBIAS

Acts 13 in the SBIBS

Acts 13 in the SBIBS2

Acts 13 in the SBICS

Acts 13 in the SBIDS

Acts 13 in the SBIGS

Acts 13 in the SBIHS

Acts 13 in the SBIIS

Acts 13 in the SBIIS2

Acts 13 in the SBIIS3

Acts 13 in the SBIKS

Acts 13 in the SBIKS2

Acts 13 in the SBIMS

Acts 13 in the SBIOS

Acts 13 in the SBIPS

Acts 13 in the SBISS

Acts 13 in the SBITS

Acts 13 in the SBITS2

Acts 13 in the SBITS3

Acts 13 in the SBITS4

Acts 13 in the SBIUS

Acts 13 in the SBIVS

Acts 13 in the SBT

Acts 13 in the SBT1E

Acts 13 in the SCHL

Acts 13 in the SNT

Acts 13 in the SUSU

Acts 13 in the SUSU2

Acts 13 in the SYNO

Acts 13 in the TBIAOTANT

Acts 13 in the TBT1E

Acts 13 in the TBT1E2

Acts 13 in the TFTIP

Acts 13 in the TFTU

Acts 13 in the TGNTATF3T

Acts 13 in the THAI

Acts 13 in the TNFD

Acts 13 in the TNT

Acts 13 in the TNTIK

Acts 13 in the TNTIL

Acts 13 in the TNTIN

Acts 13 in the TNTIP

Acts 13 in the TNTIZ

Acts 13 in the TOMA

Acts 13 in the TTENT

Acts 13 in the UBG

Acts 13 in the UGV

Acts 13 in the UGV2

Acts 13 in the UGV3

Acts 13 in the VBL

Acts 13 in the VDCC

Acts 13 in the YALU

Acts 13 in the YAPE

Acts 13 in the YBVTP

Acts 13 in the ZBP