Acts 18 (BOECS)

1 Le nu siawo megbe la, Paulo dzo le Atene heyi Korinto. 2 Afi ma wòdo go Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akwila la le. Wodzi Akwila le Ponto, eye eya kple srɔ̃a Priskila wonɔ Italia tsã, gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã le Roma dua me. Esia ta Akwila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto. Paulo yi ɖasrã wo kpɔ, 3 elabena enye avɔgbadɔwɔla abe woawo ke ene. Enɔ wo gbɔ hewɔ dɔ kpli wo. 4 Paulo yia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi hedzroa mawunya me kple Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, eye wòƒonɛ ɖe wo nu be woatrɔ dzi me. 5 Esi Silas kple Timoteo tso Makedonia va ɖo Korinto ko la, Paulo ɖe asi le nu sia nu ŋu hetsɔ eɖokui na mawunyakaka kple ɖaseɖiɖi na Yudatɔwo be Yesue nye Kristo la. 6 Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o.” 7 Ale Paulo dzo le ƒuƒoƒea, eye wòge ɖe aƒe aɖe si le ƒuƒoƒea ŋu la me, heyi ɖanɔ aƒea tɔ si woyɔna be Tito Yusto la gbɔ, ame si nye Mawusubɔla. 8 To Paulo ƒe afi ma nɔnɔ me la, Krispo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒemegã la kple eƒe aƒe blibo la me tɔwo katã xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye wòde mawutsi ta na wo. Korintotɔ bubu geɖe siwo hã se eƒe mawunya la trɔ dzi me, eye wòde mawutsi ta na woawo hã. 9 Gbe ɖeka ƒe zã me la, Mawu ƒo nu na Paulo le ɖeɖefia me be, “Mègavɔ̃ o; nɔ nya la gbɔgblɔ dzi, eye mègazi ɖoɖoe o, 10 elabena meli kpli wò, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o, ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo.” 11 Nu sia do ŋusẽ Paulo ale wònɔ Korinto ƒe ɖeka kple afã sɔŋ henɔ Mawu ƒe nyateƒenya la gblɔm. 12 Ke esi Galio nye dziɖula le Akaya nuto me la, Yudatɔwo wɔ ɖeka ɖe Paulo ŋu, eye wokplɔe yi ʋɔnui. 13 Wotsɔ nya ɖe eŋu be, “Ŋutsu sia le amewo hem be woasubɔ Mawu le mɔ si mesɔ kple se la o dzi.” 14 Esi Paulo ke nu be yeaɖe ye ɖokui nu la, Galio xɔ nya le enu hegblɔ na Yudatɔwo be, “Ne mi Yudatɔwo ɖe miele nutsotso nam tso nu vlo wɔwɔ aɖe alo amewuwu ŋuti la, anye ne maɖo to mi, 15 gake esi wònye nu si ku ɖe nyawo kple ŋkɔwo kpakple miaƒe sewo ŋuti la, miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ. Nyemedi be manye ʋɔnudrɔ̃la le nya siawo me o.” 16 Ale Galio nya wo do goe le ʋɔnudrɔ̃ƒe la. 17 Ameha la do dziku vevie, ale be wodze Sostene si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒemegã la dzi, eye wolée heƒoe nyuie le ʋɔnu la ŋkume, gake Galio mede nu eme kura o. 18 Paulo ganɔ dua me ɣeyiɣi aɖewo, eye emegbe la, eklã xɔsetɔwo, eye wòɖo tɔdziʋu hedzo yi Siria nuto me. Ekplɔ Priskila kple Akwila hã ɖe asi. Esi wova ɖo Kenkrea la, Paulo lũ ta kolikoli le adzɔgbeɖeɖe si wòwɔ do ŋgɔe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu la ta. 19 Esi wova ɖo Efeso la, Paulo gblẽ Akwila kple Priskila ɖe tɔdziʋu la me, eye wòyi ɖe dua me be yeadzro nya me kple Yudatɔ siwo le afi ma la le woƒe ƒuƒoƒe. 20 Wobia tso esi be wòanɔ anyi vie, gake egbe. 21 Ke esi wòle dzodzom le wo gbɔ la, edo ŋugbe na wo be, “Ne Mawu lɔ̃ la, matrɔ ava.” Esia megbe la, eɖo tɔdziʋu tso Efeso. 22 Esi wòɖo Kaesarea la, eɖado gbe na hame la, eye wòyi Antioxia. 23 Paulo nɔ Antoxia vie, emegbe edze mɔ tso teƒe yi teƒe le Galatia kple Frigia nutowo me le ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã. 24 Eva eme be Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolo, ame si tso Aleksandria la va Efeso. Ame sia nye agbalẽnyala gã aɖe si bi ɖe ŋɔŋlɔ kɔkɔe la me. 25 Wofia nue tso Aƒetɔ la ƒe mɔ ŋuti, egblɔa nya dzideƒotɔe, eye wòfiaa nu tso Yesu ŋuti pɛpɛpɛ togbɔ be Yohanes ƒe mawutsideta ko wònya hã. 26 Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒe la dzideƒotɔe. Esi Akwila kple Priskila se eƒe nyawo la, wokpee yi woƒe aƒe me heɖe Mawu ƒe nyawo me nɛ tsitotsito wu esi wònya tsã. 27 Apolo di vevie be yeayi Akaya nuto me, ale xɔsetɔ siwo le Antioxia la do ŋusẽe be wòayi. Woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe xɔsetɔ siwo le afi ma la be ne Apolo va la, woaxɔe. Esi wòva ɖo Akaya nuto me la, egblɔ mawunya kple ŋusẽ eye wòdo ŋusẽ hame siwo nɔ afi ma le amenuveve me. 28 Edzro nya me kple Yudatɔwo le dutoƒo, eye wòɖi ɖase be mawunya ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la vavã.

In Other Versions

Acts 18 in the ANGEFD

Acts 18 in the ANTPNG2D

Acts 18 in the AS21

Acts 18 in the BAGH

Acts 18 in the BBPNG

Acts 18 in the BBT1E

Acts 18 in the BDS

Acts 18 in the BEV

Acts 18 in the BHAD

Acts 18 in the BIB

Acts 18 in the BLPT

Acts 18 in the BNT

Acts 18 in the BNTABOOT

Acts 18 in the BNTLV

Acts 18 in the BOATCB

Acts 18 in the BOATCB2

Acts 18 in the BOBCV

Acts 18 in the BOCNT

Acts 18 in the BOGWICC

Acts 18 in the BOHCB

Acts 18 in the BOHCV

Acts 18 in the BOHLNT

Acts 18 in the BOHNTLTAL

Acts 18 in the BOICB

Acts 18 in the BOILNTAP

Acts 18 in the BOITCV

Acts 18 in the BOKCV

Acts 18 in the BOKCV2

Acts 18 in the BOKHWOG

Acts 18 in the BOKSSV

Acts 18 in the BOLCB

Acts 18 in the BOLCB2

Acts 18 in the BOMCV

Acts 18 in the BONAV

Acts 18 in the BONCB

Acts 18 in the BONLT

Acts 18 in the BONUT2

Acts 18 in the BOPLNT

Acts 18 in the BOSCB

Acts 18 in the BOSNC

Acts 18 in the BOTLNT

Acts 18 in the BOVCB

Acts 18 in the BOYCB

Acts 18 in the BPBB

Acts 18 in the BPH

Acts 18 in the BSB

Acts 18 in the CCB

Acts 18 in the CUV

Acts 18 in the CUVS

Acts 18 in the DBT

Acts 18 in the DGDNT

Acts 18 in the DHNT

Acts 18 in the DNT

Acts 18 in the ELBE

Acts 18 in the EMTV

Acts 18 in the ESV

Acts 18 in the FBV

Acts 18 in the FEB

Acts 18 in the GGMNT

Acts 18 in the GNT

Acts 18 in the HARY

Acts 18 in the HNT

Acts 18 in the IRVA

Acts 18 in the IRVB

Acts 18 in the IRVG

Acts 18 in the IRVH

Acts 18 in the IRVK

Acts 18 in the IRVM

Acts 18 in the IRVM2

Acts 18 in the IRVO

Acts 18 in the IRVP

Acts 18 in the IRVT

Acts 18 in the IRVT2

Acts 18 in the IRVU

Acts 18 in the ISVN

Acts 18 in the JSNT

Acts 18 in the KAPI

Acts 18 in the KBT1ETNIK

Acts 18 in the KBV

Acts 18 in the KJV

Acts 18 in the KNFD

Acts 18 in the LBA

Acts 18 in the LBLA

Acts 18 in the LNT

Acts 18 in the LSV

Acts 18 in the MAAL

Acts 18 in the MBV

Acts 18 in the MBV2

Acts 18 in the MHNT

Acts 18 in the MKNFD

Acts 18 in the MNG

Acts 18 in the MNT

Acts 18 in the MNT2

Acts 18 in the MRS1T

Acts 18 in the NAA

Acts 18 in the NASB

Acts 18 in the NBLA

Acts 18 in the NBS

Acts 18 in the NBVTP

Acts 18 in the NET2

Acts 18 in the NIV11

Acts 18 in the NNT

Acts 18 in the NNT2

Acts 18 in the NNT3

Acts 18 in the PDDPT

Acts 18 in the PFNT

Acts 18 in the RMNT

Acts 18 in the SBIAS

Acts 18 in the SBIBS

Acts 18 in the SBIBS2

Acts 18 in the SBICS

Acts 18 in the SBIDS

Acts 18 in the SBIGS

Acts 18 in the SBIHS

Acts 18 in the SBIIS

Acts 18 in the SBIIS2

Acts 18 in the SBIIS3

Acts 18 in the SBIKS

Acts 18 in the SBIKS2

Acts 18 in the SBIMS

Acts 18 in the SBIOS

Acts 18 in the SBIPS

Acts 18 in the SBISS

Acts 18 in the SBITS

Acts 18 in the SBITS2

Acts 18 in the SBITS3

Acts 18 in the SBITS4

Acts 18 in the SBIUS

Acts 18 in the SBIVS

Acts 18 in the SBT

Acts 18 in the SBT1E

Acts 18 in the SCHL

Acts 18 in the SNT

Acts 18 in the SUSU

Acts 18 in the SUSU2

Acts 18 in the SYNO

Acts 18 in the TBIAOTANT

Acts 18 in the TBT1E

Acts 18 in the TBT1E2

Acts 18 in the TFTIP

Acts 18 in the TFTU

Acts 18 in the TGNTATF3T

Acts 18 in the THAI

Acts 18 in the TNFD

Acts 18 in the TNT

Acts 18 in the TNTIK

Acts 18 in the TNTIL

Acts 18 in the TNTIN

Acts 18 in the TNTIP

Acts 18 in the TNTIZ

Acts 18 in the TOMA

Acts 18 in the TTENT

Acts 18 in the UBG

Acts 18 in the UGV

Acts 18 in the UGV2

Acts 18 in the UGV3

Acts 18 in the VBL

Acts 18 in the VDCC

Acts 18 in the YALU

Acts 18 in the YAPE

Acts 18 in the YBVTP

Acts 18 in the ZBP