Acts 24 (BOECS)

1 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, nunɔlagã Anania kple eŋumewo yi Kaesarea be yewoatsɔ nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu la woe nye, Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple senyala Tertulo. 2 Esi mɔmefia la bia gbe wo la, Tertulo ƒo nu ɖe wo nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ Felix, le wò kpɔkplɔ nyui la te la, mí Yudatɔwo míekpɔ tomefafa kple bubu, eye amewo megakpɔa mí abe nu tsɛ aɖewo ko ene o. 3 Ke le afi sia afi míele akpe manyagblɔ aɖe dam na wò tso míaƒe dzi me ke ɖe esia ta. 4 Nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi na wò boo o, eya ta meɖe kuku na wò mayi nye nya dzi agblɔe kpuie ko le wò dɔmefafa la nu. 5 “Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔ wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexea me katã godoo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu la ŋu, anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya kee nye habɔbɔ si woyɔna be, Nazaretitɔwo la ƒe amegã. 6 Nu si gavlo wu lae nye be edi be yeado vlo míaƒe gbedoxɔ la hafi míeva do ɖe edzi helée. [Ɖe míebe míadrɔ̃ ʋɔnue le míaƒe se la nu hafi. 7 Ke asrafowo ƒe amegã Lisia va xɔe le mía si sesẽtɔe 8 eye wòna be enutsolawo nava gbɔwò.] Ne wò ŋutɔ èse eƒe numegbe ko la, ekema míaƒe nya me akɔ na wò.” 9 Yudatɔ mamlɛawo xɔ ɖe Tertulo ƒe nyawo dzi be wole eme tututu abe ale si wògblɔe ene. 10 Azɔ eɖo Paulo hã dzi be wòaɖe eɖokui nu. Mɔmefiagã la wɔ asi nɛ be wòatso aƒo nu.Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ, menya be menye egbee nèle Yudatɔwo ƒe nyawo drɔ̃m o. Le esia ta la, dzideƒo le asinye be maɖe ɖokuinye nu le gbɔwò. 11 Anɔ abe ŋkeke wuieve koe nye esi ene, meva ɖo Yerusalem be mawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ me. 12 Ame siwo le nunye tsom la mekpɔm menɔ nya hem kple ame aɖeke le gbedoxɔ la me alo de zitɔtɔ ameha aɖewo dome le ƒuƒoƒe aɖeke alo le dua ƒe akpa aɖeke o. 13 Le nya si wotsɔ ɖe nunye fifia la hã me la, womate ŋu aɖee afia be enye nyateƒe o. 14 Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le Mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ ɖe nyagblɔɖigbalẽawo me la dzi se. 15 Mexɔe se hã abe ame siawo ke ene be Mawu ana nu vɔ̃ wɔlawo kple ame dzɔdzɔewo siaa afɔ tso ku me, 16 eye le esia ta la, medzea agbagba wɔa nye dzitsinya ŋuti dɔ nyuie be nye agbenɔnɔ nadze Mawu kple amegbetɔwo ŋu.” 17 Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Menɔ gbedzi ƒe geɖe, eye metrɔ va Yerusalem, hetsɔ ga ɖe asi be mava kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, eye masa vɔ na Mawu hã. 18 Nye futɔ siawo va ke ɖe ŋunye le gbedoxɔ la me, mele ŋutinye kɔm. Ameha aɖeke alo ʋunyaʋunya aɖeke menɔ afi ma kura o. 19 Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, Yudatɔ aɖewo, ame siwo tso Asia nuto me, ame siwo wòle be woanɔ afi sia hafi hã nɔ afi ma ɣe ma ɣi. 20 Bia ame siawo le afi sia fifia ŋutɔ be esi wokplɔm yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me ɖe, vodada ka wokpɔ le ŋunye mahã. Nu si megblɔ si ɖewohĩ 21 medze be magblɔ hafi o koe nye be, ‘Nu si ta wokplɔm va mia dome le takpekpe gã sia me ɖo lae nye be mexɔe se be ame siwo katã ku la agafɔ ɖe tsitre tso ku me!’ ” 22 Felix nya nyuie be kristotɔwo mewɔa ʋunyaʋunya o. Le esia ta la, egblɔ na Yudatɔwo be woalala va se ɖe esime asrafowo ƒe amegã, Lisia nava hafi yeatso nya la me. 23 Ede se be woakplɔ Paulo ayi gaxɔa me, gake woakpɔ edzi nyuie. Woaɖe mɔ faa be exɔlɔ̃wo nava kpɔe ɖa, eye woate ŋu atsɔ nunanawo vɛ nɛ faa, be eƒe dzi nadze eme. 24 Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Felix kple srɔ̃a Drusila, ame si nye Yudatɔ la va, eye woɖo ame ɖe Paulo be wòava. Esi Paulo va la, eƒo nu na wo le Yesu Kristo dzixɔse ƒe nyawo ŋu. Nyawo de to me na Felix srɔ̃ nyuie. 25 Ke esi wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felix, eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la, yeagaɖo ame ɖee. 26 Felix nɔ mɔ kpɔm be Paulo ana zãnu ye, eya ta eyɔe zi geɖe henɔ nya me dzrom kplii. 27 Wonɔ esia dzi alea ʋuu ƒe eve sɔŋ. Ke mlɔeba la, woɖe Felix le afi ma hetsɔ Porkio Festus ɖo eteƒe. Le esi Felix di be Yudatɔwo nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔ me hafi dzo.

In Other Versions

Acts 24 in the ANGEFD

Acts 24 in the ANTPNG2D

Acts 24 in the AS21

Acts 24 in the BAGH

Acts 24 in the BBPNG

Acts 24 in the BBT1E

Acts 24 in the BDS

Acts 24 in the BEV

Acts 24 in the BHAD

Acts 24 in the BIB

Acts 24 in the BLPT

Acts 24 in the BNT

Acts 24 in the BNTABOOT

Acts 24 in the BNTLV

Acts 24 in the BOATCB

Acts 24 in the BOATCB2

Acts 24 in the BOBCV

Acts 24 in the BOCNT

Acts 24 in the BOGWICC

Acts 24 in the BOHCB

Acts 24 in the BOHCV

Acts 24 in the BOHLNT

Acts 24 in the BOHNTLTAL

Acts 24 in the BOICB

Acts 24 in the BOILNTAP

Acts 24 in the BOITCV

Acts 24 in the BOKCV

Acts 24 in the BOKCV2

Acts 24 in the BOKHWOG

Acts 24 in the BOKSSV

Acts 24 in the BOLCB

Acts 24 in the BOLCB2

Acts 24 in the BOMCV

Acts 24 in the BONAV

Acts 24 in the BONCB

Acts 24 in the BONLT

Acts 24 in the BONUT2

Acts 24 in the BOPLNT

Acts 24 in the BOSCB

Acts 24 in the BOSNC

Acts 24 in the BOTLNT

Acts 24 in the BOVCB

Acts 24 in the BOYCB

Acts 24 in the BPBB

Acts 24 in the BPH

Acts 24 in the BSB

Acts 24 in the CCB

Acts 24 in the CUV

Acts 24 in the CUVS

Acts 24 in the DBT

Acts 24 in the DGDNT

Acts 24 in the DHNT

Acts 24 in the DNT

Acts 24 in the ELBE

Acts 24 in the EMTV

Acts 24 in the ESV

Acts 24 in the FBV

Acts 24 in the FEB

Acts 24 in the GGMNT

Acts 24 in the GNT

Acts 24 in the HARY

Acts 24 in the HNT

Acts 24 in the IRVA

Acts 24 in the IRVB

Acts 24 in the IRVG

Acts 24 in the IRVH

Acts 24 in the IRVK

Acts 24 in the IRVM

Acts 24 in the IRVM2

Acts 24 in the IRVO

Acts 24 in the IRVP

Acts 24 in the IRVT

Acts 24 in the IRVT2

Acts 24 in the IRVU

Acts 24 in the ISVN

Acts 24 in the JSNT

Acts 24 in the KAPI

Acts 24 in the KBT1ETNIK

Acts 24 in the KBV

Acts 24 in the KJV

Acts 24 in the KNFD

Acts 24 in the LBA

Acts 24 in the LBLA

Acts 24 in the LNT

Acts 24 in the LSV

Acts 24 in the MAAL

Acts 24 in the MBV

Acts 24 in the MBV2

Acts 24 in the MHNT

Acts 24 in the MKNFD

Acts 24 in the MNG

Acts 24 in the MNT

Acts 24 in the MNT2

Acts 24 in the MRS1T

Acts 24 in the NAA

Acts 24 in the NASB

Acts 24 in the NBLA

Acts 24 in the NBS

Acts 24 in the NBVTP

Acts 24 in the NET2

Acts 24 in the NIV11

Acts 24 in the NNT

Acts 24 in the NNT2

Acts 24 in the NNT3

Acts 24 in the PDDPT

Acts 24 in the PFNT

Acts 24 in the RMNT

Acts 24 in the SBIAS

Acts 24 in the SBIBS

Acts 24 in the SBIBS2

Acts 24 in the SBICS

Acts 24 in the SBIDS

Acts 24 in the SBIGS

Acts 24 in the SBIHS

Acts 24 in the SBIIS

Acts 24 in the SBIIS2

Acts 24 in the SBIIS3

Acts 24 in the SBIKS

Acts 24 in the SBIKS2

Acts 24 in the SBIMS

Acts 24 in the SBIOS

Acts 24 in the SBIPS

Acts 24 in the SBISS

Acts 24 in the SBITS

Acts 24 in the SBITS2

Acts 24 in the SBITS3

Acts 24 in the SBITS4

Acts 24 in the SBIUS

Acts 24 in the SBIVS

Acts 24 in the SBT

Acts 24 in the SBT1E

Acts 24 in the SCHL

Acts 24 in the SNT

Acts 24 in the SUSU

Acts 24 in the SUSU2

Acts 24 in the SYNO

Acts 24 in the TBIAOTANT

Acts 24 in the TBT1E

Acts 24 in the TBT1E2

Acts 24 in the TFTIP

Acts 24 in the TFTU

Acts 24 in the TGNTATF3T

Acts 24 in the THAI

Acts 24 in the TNFD

Acts 24 in the TNT

Acts 24 in the TNTIK

Acts 24 in the TNTIL

Acts 24 in the TNTIN

Acts 24 in the TNTIP

Acts 24 in the TNTIZ

Acts 24 in the TOMA

Acts 24 in the TTENT

Acts 24 in the UBG

Acts 24 in the UGV

Acts 24 in the UGV2

Acts 24 in the UGV3

Acts 24 in the VBL

Acts 24 in the VDCC

Acts 24 in the YALU

Acts 24 in the YAPE

Acts 24 in the YBVTP

Acts 24 in the ZBP