Hebrews 7 (BOECS)

1 Melkizedek sia nye Salem fia kple nunɔlagã na Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la. Esi Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le gbɔna la, Melkizedek va kpee, eye wòyrae. 2 Le esia megbe la, Abraham tsɔ nu siwo katã wòtsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ƒe ewolia nɛ. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye ƒe fia.” Eye eya kee nye Ŋutifafafia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.” 3 Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o. Dzigbe alo kugbe meli nɛ o, ale eƒe agbe ɖeko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si nye nunɔla tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. 4 Mibu ale si wònye gãe la ŋuti kpɔ. Abraham, xɔsetɔwo fofo gɔ̃ hã tsɔ eƒe afunyinuwo ƒe ewolia nɛ! 5 Azɔ la, se la bia tso Levi ƒe viwo ame siwo nye nunɔlawo la si be woaxɔ nu ewolia le woƒe dukɔmeviwo si, ame siwo nye wo nɔviwo, togbɔ be wo nɔviawo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo hã. 6 Ke ŋutsu sia, Melkizedek, menye Levi ƒe dzidzimevi o, ke hã la, exɔ nu ewolia le Abraham si, eye wòyra eya ame si xɔ Mawu ƒe ŋugbedodoawo 7 abe ale si ame sia ame nya ene la, zi geɖe la, ame si naa yayra la kɔna wua ame si yram wòle. 8 Ame siwo nye nunɔlawo esi woxɔ nu ewolia la nye amegbetɔwo; ŋutilã kple ʋu si kuna. Ke hena Melkizedek ya la, wogblɔ le eŋuti be egale agbe. 9 Míate ŋu agblɔ le Levi, ame si xɔ nu ewolia ŋuti gɔ̃ hã be exe nu ewolia to Abraham dzi, 10 elabena esi Melkizedek do go Abraham la, Levi nɔ tɔgbuia, Abraham ƒe alime; womekpɔ dzii o. 11 Elabena to Levi ƒe viwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ dzi, wona se la Israelviwo. Azɔ la, nenye be Leviviwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ ɖe wòde blibo la, magahiã be woatsɔ nunɔla bubu vɛ o, ame si nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoɖo nu, ke menye le Aron ƒe ɖoɖo nu o. 12 Elabena ne tɔtrɔ va nunɔlaɖuɖu ŋuti la, ele be tɔtrɔ nava Se la hã me. 13 Eya ame si ŋu wogblɔ nu siawo katã le la tso to bubu me, eye ame aɖeke metso to ma me kpɔ subɔ abe nunɔla ene le vɔsamlekpui la ŋgɔ o, 14 elabena eme kɔ ƒãa be míaƒe Aƒetɔ la dzɔ tso Yuda ƒe to la me, eye ku ɖe to ma ŋuti la, Mose megblɔ nya aɖeke ku ɖe woƒe nunɔlaɖuɖu ŋuti o. 15 Eye nu si míegblɔ la, me agakɔ ɖe edzi wu ne nunɔla bubu abe Melkizedek ene va ɖo, 16 ame si va zu nunɔla, menye to ɖoɖo si wowɔ da ɖi ku ɖe eƒe dzɔtsoƒe ŋuti o, ke boŋ ku ɖe ŋusẽ si le agbe si mekuna o la ŋuti. 17 Psalmoŋlɔla ɖe nu sia fia mi kɔtɛe esi wògblɔ tso Kristo ŋuti bena,“Wòe nye nunɔla le Melkizedek ƒeɖoƒe nu tso mavɔ me yi mavɔ me.” 18 Wotsɔ ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la da ɖe aga, elabena egbɔdzɔ, eye menyo na naneke o 19 (elabena Mose ƒe Se la mate ŋu awɔ naneke wòade blibo o), eye azɔ la, wohe mɔkpɔkpɔ yeye vɛ to esi dzi míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kpokploe. 20 Mawu ƒe atamkaka kpe ɖe esiawo katã ŋu, ke ame bubuwo ya ɖua nunɔla atamkakamanɔmee, 21 ke Yesu ya ɖu nunɔla to Mawu ƒe atamkaka me, elabena Mawu gblɔ nɛ bena,“Aƒetɔ la ka atam,eye matrɔ eƒe susu o,‘Wò la, nunɔlae nènye tegbetegbe.’ ” 22 Le atamkaka sia ta la, Yesu va zu nubabla si nyo wu sãa la ƒe kpeɖodzinu. 23 Vovototo bubu si le nunɔla mawo kple Yesu domee nye be nunɔla mawo sɔ gbɔ, elabena woku eye womagate ŋu ayi woƒe dɔ dzi o, 24 gake Yesu ya le agbe tegbetegbe. Seɖoƒe meli na eya ƒe nunɔladɔ o. 25 Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo. 26 Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui. 27 Mele abe nunɔlagã bubuwo ene o, elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena. 28 Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye nunɔlagãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe se la yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe.

In Other Versions

Hebrews 7 in the ANGEFD

Hebrews 7 in the ANTPNG2D

Hebrews 7 in the AS21

Hebrews 7 in the BAGH

Hebrews 7 in the BBPNG

Hebrews 7 in the BBT1E

Hebrews 7 in the BDS

Hebrews 7 in the BEV

Hebrews 7 in the BHAD

Hebrews 7 in the BIB

Hebrews 7 in the BLPT

Hebrews 7 in the BNT

Hebrews 7 in the BNTABOOT

Hebrews 7 in the BNTLV

Hebrews 7 in the BOATCB

Hebrews 7 in the BOATCB2

Hebrews 7 in the BOBCV

Hebrews 7 in the BOCNT

Hebrews 7 in the BOGWICC

Hebrews 7 in the BOHCB

Hebrews 7 in the BOHCV

Hebrews 7 in the BOHLNT

Hebrews 7 in the BOHNTLTAL

Hebrews 7 in the BOICB

Hebrews 7 in the BOILNTAP

Hebrews 7 in the BOITCV

Hebrews 7 in the BOKCV

Hebrews 7 in the BOKCV2

Hebrews 7 in the BOKHWOG

Hebrews 7 in the BOKSSV

Hebrews 7 in the BOLCB

Hebrews 7 in the BOLCB2

Hebrews 7 in the BOMCV

Hebrews 7 in the BONAV

Hebrews 7 in the BONCB

Hebrews 7 in the BONLT

Hebrews 7 in the BONUT2

Hebrews 7 in the BOPLNT

Hebrews 7 in the BOSCB

Hebrews 7 in the BOSNC

Hebrews 7 in the BOTLNT

Hebrews 7 in the BOVCB

Hebrews 7 in the BOYCB

Hebrews 7 in the BPBB

Hebrews 7 in the BPH

Hebrews 7 in the BSB

Hebrews 7 in the CCB

Hebrews 7 in the CUV

Hebrews 7 in the CUVS

Hebrews 7 in the DBT

Hebrews 7 in the DGDNT

Hebrews 7 in the DHNT

Hebrews 7 in the DNT

Hebrews 7 in the ELBE

Hebrews 7 in the EMTV

Hebrews 7 in the ESV

Hebrews 7 in the FBV

Hebrews 7 in the FEB

Hebrews 7 in the GGMNT

Hebrews 7 in the GNT

Hebrews 7 in the HARY

Hebrews 7 in the HNT

Hebrews 7 in the IRVA

Hebrews 7 in the IRVB

Hebrews 7 in the IRVG

Hebrews 7 in the IRVH

Hebrews 7 in the IRVK

Hebrews 7 in the IRVM

Hebrews 7 in the IRVM2

Hebrews 7 in the IRVO

Hebrews 7 in the IRVP

Hebrews 7 in the IRVT

Hebrews 7 in the IRVT2

Hebrews 7 in the IRVU

Hebrews 7 in the ISVN

Hebrews 7 in the JSNT

Hebrews 7 in the KAPI

Hebrews 7 in the KBT1ETNIK

Hebrews 7 in the KBV

Hebrews 7 in the KJV

Hebrews 7 in the KNFD

Hebrews 7 in the LBA

Hebrews 7 in the LBLA

Hebrews 7 in the LNT

Hebrews 7 in the LSV

Hebrews 7 in the MAAL

Hebrews 7 in the MBV

Hebrews 7 in the MBV2

Hebrews 7 in the MHNT

Hebrews 7 in the MKNFD

Hebrews 7 in the MNG

Hebrews 7 in the MNT

Hebrews 7 in the MNT2

Hebrews 7 in the MRS1T

Hebrews 7 in the NAA

Hebrews 7 in the NASB

Hebrews 7 in the NBLA

Hebrews 7 in the NBS

Hebrews 7 in the NBVTP

Hebrews 7 in the NET2

Hebrews 7 in the NIV11

Hebrews 7 in the NNT

Hebrews 7 in the NNT2

Hebrews 7 in the NNT3

Hebrews 7 in the PDDPT

Hebrews 7 in the PFNT

Hebrews 7 in the RMNT

Hebrews 7 in the SBIAS

Hebrews 7 in the SBIBS

Hebrews 7 in the SBIBS2

Hebrews 7 in the SBICS

Hebrews 7 in the SBIDS

Hebrews 7 in the SBIGS

Hebrews 7 in the SBIHS

Hebrews 7 in the SBIIS

Hebrews 7 in the SBIIS2

Hebrews 7 in the SBIIS3

Hebrews 7 in the SBIKS

Hebrews 7 in the SBIKS2

Hebrews 7 in the SBIMS

Hebrews 7 in the SBIOS

Hebrews 7 in the SBIPS

Hebrews 7 in the SBISS

Hebrews 7 in the SBITS

Hebrews 7 in the SBITS2

Hebrews 7 in the SBITS3

Hebrews 7 in the SBITS4

Hebrews 7 in the SBIUS

Hebrews 7 in the SBIVS

Hebrews 7 in the SBT

Hebrews 7 in the SBT1E

Hebrews 7 in the SCHL

Hebrews 7 in the SNT

Hebrews 7 in the SUSU

Hebrews 7 in the SUSU2

Hebrews 7 in the SYNO

Hebrews 7 in the TBIAOTANT

Hebrews 7 in the TBT1E

Hebrews 7 in the TBT1E2

Hebrews 7 in the TFTIP

Hebrews 7 in the TFTU

Hebrews 7 in the TGNTATF3T

Hebrews 7 in the THAI

Hebrews 7 in the TNFD

Hebrews 7 in the TNT

Hebrews 7 in the TNTIK

Hebrews 7 in the TNTIL

Hebrews 7 in the TNTIN

Hebrews 7 in the TNTIP

Hebrews 7 in the TNTIZ

Hebrews 7 in the TOMA

Hebrews 7 in the TTENT

Hebrews 7 in the UBG

Hebrews 7 in the UGV

Hebrews 7 in the UGV2

Hebrews 7 in the UGV3

Hebrews 7 in the VBL

Hebrews 7 in the VDCC

Hebrews 7 in the YALU

Hebrews 7 in the YAPE

Hebrews 7 in the YBVTP

Hebrews 7 in the ZBP