Isaiah 30 (BOECS)
1 Yehowa be,“Baba na vi sẽto siwo dea aɖaŋu hewɔa nusiwo nyemeɖo na wo o.Woblaa nu nye Gbɔgbɔ manɔmeeeye wolia kɔ nu vɔ̃ ɖe nu vɔ̃ dzi! 2 Ame siwo mebia gbem hafi yi Egipte o,eye wosi Farao tso hebia tso esi bewòanye woƒe akpoxɔnu newoabe ɖe Egipte ƒe vɔvɔ̃li te. 3 Ke Farao ƒe akpoxɔnunyenyena mi atrɔ zu ŋukpe, eye Egipte ƒevɔvɔlitenɔnɔ ahe vlododo vɛ na mi. 4 Togbɔ be woƒe amegãwo le keke Zoan,eye woƒe ame dɔdɔwo ɖo Hanes ke hã la, 5 ŋu akpe ame sia ame,elabena ame si wosi tso la mate ŋu aɖewo o.Womaxɔ na wo alo ana kpekpeɖeŋu wo o,negbe ŋukpe kple vlododo ko woakpɔ.” 6 Gbedeasi tso gbemelã siwo le gbegbe la ŋuti.Le anyigba si dzi fukpekpe kple xaxa le,afi si dzatatsu kple dzatanɔ,fli kple da toaʋalawo le la,afi mae ame dɔdɔwo tsɔa woƒe nuxɔasiwo ɖoa tedziwo dzikple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo dzi yinana dukɔ si mele ɖeke me o, 7 na Egipte dukɔ si ŋu ŋutete aɖeke mele o.Eya ta meyɔe be Rahab, Wɔnavɔleŋutɔ. 8 Azɔ la, yi nàŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi na wo,ŋlɔe ɖe agbalẽ me be wòanye ɖaseɖiɖi tegbeehena ŋkeke siwo gbɔna. 9 Ame siawo nye aglãdzelawo, vi alakpatɔwo,vi siwo mele klalo be yewoaɖoto Yehowa ƒe nufiamewo o. 10 Wogblɔ na nukpɔlawo be,“Migakpɔ ŋutega azɔ o!”eye na nyagblɔɖilawo be,“Migagblɔ gbedeasi si le eteƒe la na mí o.Migblɔ nya viviwo na mí.Migblɔ alakpanyawo ɖi. 11 Mite ɖa le mɔ sia dzi.Midzo le teƒe sia, eye midzudzɔ ŋɔdzidodo na míkple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la!” 12 Eya ta ale, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi,“Esi miegbe gbedeasi sia heɖo ŋu ɖe ŋutasesẽ ŋu,eye mieku ɖe beble ŋuti ta la, 13 miaƒe nu vɔ̃ sia azu abe gli kɔkɔ si fe hele mumum,eye kasia wòmu zi ɖeka gbloo la ene. 14 Afli kakɛkakɛ abe ze si ge hegbã gudugudu la ene.Afli ale gbegbe be, womakpɔ kakɛ aɖeke si alolowoatsɔ aɖe dzo le mlekpui mealo aku tsii le zɔ me o.” 15 Ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi,“Dzimetɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo mee miaƒe ɖeɖe le,eye ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu mee miaƒe ŋusẽ le.Ke miegbe wo katã. 16 Miegblɔ be, ‘Kpao, míado sɔwo asi’,eya ta miasi!‘Miegblɔ be miado sɔ ɖeablawo asi adzo.’Eya ta mia yometilawo hã ado sɔ ɖiduwo akplɔ mi ɖo. 17 Ne woƒe ame ɖeka pɛ blu la miaƒe ame akpe ɖeka asi le enu,eye ne woƒe ame atɔ̃ blu la, mi katã miasiva se ɖe esime miasusɔ abe aflagati le to tamekple aflaga le togbɛ dzi ene.” 18 Ke hã la, Yehowa le lalam vevie be yeave mia nu;etso be yeakpɔ nublanui na mi,elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.Woayra ame siwo katã kpɔa eƒe asinu. 19 O! Mi Zion nɔlawo, ame siwo le Yerusalem, miagafa avi azɔ o. Ave mia nu ne miefa avi be wòakpe ɖe mia ŋu. Ne enya see ko la, aɖo to mi. 20 Togbɔ be Aƒetɔ la tsɔ abolo na mi le hiã me, kple tsi na mi le xaxa me hã la, miaƒe nufialawo magabe azɔ o, ke boŋ miakpɔ wo kple miaƒe ŋkuwo. 21 Mietrɔ ɖe ɖusime o, mietrɔ ɖe miame o, miase nya siawo le miaƒe megbe be, “Esiae nye mɔ la, mizɔ edzi.” 22 Ekema miado gu miaƒe legba siwo ŋu wofa klosalo ɖo kple miaƒe aklamakpakpɛ siwo ŋu wofa sika ɖo. Miatsɔ wo aƒu gbe abe gbelégodoe ene ahagblɔ ɖe wo ŋu be, “Mite yi xaa.” 23 Adɔ tsidzadza ɖa be wòade tsi nuku siwo mieƒã ɖe agble me. Nuɖuɖu si ado tso miaƒe agble me la anyo, eye wòasɔ gbɔ fũu. Le ŋkeke ma dzi la, wò nyihawo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo. 24 Nyitsu kple tedzi siwo nètsɔna ŋlɔa agblee la, aɖu gbe siwo wotsɔ nu tɔxɛwo tsakae, eye wotsɔ sofi kple gaflo dzoboe. 25 Le ŋkeke si dzi woawu ame geɖewo la, gbetakpɔxɔ kɔkɔwo amu; tɔʋumetsi asi tso to kɔkɔ ɖe sia ɖe kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi. 26 Ɣleti aklẽ abe ɣe ene; Ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe edzi zi adre, eye wòanɔ abe ŋkeke adre ƒe kekeli ene, ne Yehowa bla abi na eƒe dukɔ la, eye wòwu abi si wòde wo ŋu la na wo. 27 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkɔ tso adzɔge gbɔna ɖa,eƒe dziku le bibim, eye lilikpo dodo ƒo xlãe.Elé ŋɔdzi ɖe nu, eye eƒe aɖe nye dzobinu. 28 Eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ le sisimabe tɔʋu si ɖɔ va se ɖe ve ke ene.Etsraa dukɔwo le gbegblẽ ƒe tsranui me,eye wòtsɔ numega de nu mena dukɔwo hekplɔa wo tranae. 29 Ekema miadzi ha le zã meabe ŋkekenyui aɖe ɖum miele ene.Miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe ale si wònɔna newole dze kum yina ɖe Yehowa ƒe to la dzikple Israel ƒe Agakpe la gbɔ ene. 30 Yehowa ana be amewo nase eƒe gãnyenye ƒe gbe,eye wòana woakpɔ eƒe alɔ wòaɖiɖi ɖe anyikple dɔmedzoe helĩhelĩ, dzo si biaa nu, ahomya,tsidzadza sesẽ kple tsikpe. 31 Yehowa ƒe gbe akaka Asiria ʋayaʋaya.Atsɔ eƒe fiatikplɔ axlã ɖe wo, woamu adze anyi. 32 Zi ale si Yehowa tsɔ eƒe toheti le Asiria ƒomii la,zi nenema kee axatsɛwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖimne etsɔ eƒe alɔ sesẽ la le aʋa wɔm kplii le aʋagbedzi. 33 Wodzra afi si woatɔ dzo Tofet le la da ɖi xoxo.Wodzrae ɖo ɖi na fia la hã.Wowɔ eƒe dzoʋe la wògoglo hekeke.Dzo kple nake bɔ ɖe eme.Yehowa ƒe Gbɔgbɔ si le sisimabe aŋɔtɔʋu ene lae atɔ dzoe.