Jeremiah 17 (BOECS)

1 “Wotsɔ ganuŋlɔnu kple nuŋlɔtisi kpe xɔasi aɖe le nugbɔ na la ŋlɔ Yuda ƒe nu vɔ̃ ɖewoƒe dziwo ƒe nuŋlɔkpewo dzi,kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋuti. 2 Wo viwo gɔ̃ hã ɖo ŋku woƒe vɔsamlekpuiwokple aƒeli siwo le wo ŋuti le ati damawo tekple togbɛ kɔkɔwo dzi la dzi. 3 Matsɔ nye to si le anyigba dzi,miaƒe nu xɔasiwo kple miaƒe kesinɔnuwo katã anawoaha hekpe ɖe miaƒe nuxeƒewo ŋuti le nu vɔ̃si miewɔ le miaƒe anyigba blibo la dzi la ta. 4 To miawo ŋutɔ ƒe vodada me la,miabu domenyinu siwo katã metsɔ na mi.Mana miazu kluviwo na miaƒe futɔwole anyigba si mienya o la dzielabena miede dzo nye dɔmedzoe meeya ta abi ɖe mia ŋuti ɖaa.” 5 Ale Yehowa gblɔe nye esi:“Aɖi ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe amegbetɔ dzi,hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe ŋusẽkpɔtsoƒeeeye eƒe dzi te ɖa xaa tso Yehowa gbɔ la ŋuti kpekpekpe! 6 Anɔ abe gbe le dzogbenyigba dzi eneeye ne dzɔgbenyui va la, makpɔe o.Anɔ gbegbe ƒe kuɖiɖinyigbawo dzikple dzeƒutagba afi si ame aɖeke menɔna o.” 7 “Ke woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋueye wòtsɔa eƒe dzideƒo dea Yehowa me. 8 Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to,eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene.Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la,mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo hã daa ama ɣe sia ɣi.Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa.” 9 Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katãeye womate ŋu ayɔ dɔe o. Ame ka ate ŋu ase egɔme? 10 “Nye Yehowae dzroa dziwo me,eye medoa susuwo kpɔ be maɖo eteƒe naame sia ame ɖe eƒe zɔzɔme kple nu sieƒe nuwɔwɔwo dze na la nu.” 11 Abe ale si koklo ƒoa azi si menye etɔ o ene la,nenemae wòanɔ na ame si ƒo kesinɔnuwo nuƒu to mɔ fitifitiwo dzi.Kesinɔnuawo avɔ le esi le eƒe agbe me, eye le nuwuwu la,aɖee afia be yenye bometsila. 12 Ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui si wodo ɖe dzile gɔmedzedzea me ke lae nye teƒesi miaƒe kɔkɔeƒe la le. 13 O Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ,ame siwo katã gbe wò la, ŋu akpe wo.Ame siwo trɔ le yowòme la,woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ meelabena wogbe nu le Yehowa,agbetsivudo la gbɔ. 14 Yɔ dɔm, O Yehowa eye makpɔ dɔyɔyɔ.Ɖem ekema makpɔ ɖeɖe elabena wòe mekafuna. 15 Wole biayem ɖaa be,“Afi ka Yehowa ƒe nya la le?Neva eme azɔ!” 16 Nyemesi dzo be nyemaganye wò alẽkplɔla o;ènya be ŋkeke vɔ̃ la hã medzrom o.Nu siwo katã megblɔ kple nye nu la,le ƒeƒle le ŋkuwòme. 17 Mèganye ŋɔdzinu nam oelabena wòe nye nye sitsoƒele gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi. 18 Na ŋu nakpe yonyemetilawo, ke nye ya,ɖem tso ŋukpe me.Dzidzi neƒo wo, gake nye ya ŋɔ megadzim o.Na gbegblẽ ƒe ŋkeke la nava wo dzi eye nàgbã wo,agagbã wo ɖe edzi. 19 Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi: “Yi, nàtsi tsitre ɖe agbo si me dua me tɔwo kple Yuda fiawo tona dona, gagbɔna la nu. Nenema ke, nàtsi tsitre ɖe agbo bubu siwo woɖo ɖe Yerusalem dua ŋu la nu. 20 Gblɔ na wo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya, O Yuda fiawo kple mi Yudatɔwo katã kple mi ame siwo katã le Yerusalem, ame siwo toa agbo siawo me.’ 21 Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mikpɔ nyuie be miagatsɔ agba aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi alo atsɔe ato Yerusalem ƒe agbowo mee o. 22 Migatsɔ agba aɖeke do goe tso miaƒe aƒewo me loo alo awɔ dɔ aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, ke boŋ miwɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe abe ale si mede see na mia fofowo la ene. 23 Gake womeɖo to alo ƒu to anyi o. Wonye kɔlialiatɔwo eye womeɖo to alo bɔbɔ ɖe hehe te o. 24 Ke Yehowa be ne miedze kɔ anyi heɖo tom, eye mietsɔ agba aɖeke to du sia ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe dzi o, ke boŋ miewɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe, eye miewɔ dɔ aɖeke le edzi o la, 25 ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ava to du sia ƒe agbowo me kple woƒe dumegãwo. Wo kple woƒe dumegãwo anɔ tasiaɖamwo me kple sɔwo dzi ava, Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem la akplɔ wo ɖo eye du sia anye amenɔƒe tegbee. 26 Amewo ava tso Yuda duwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me, woava tso Benyaminyigba dzi kple ɣetoɖoƒebaliwo me, tso keke togbɛnyigbawo dzi kple gbegbenutowo me. Woatsɔ numevɔsawo, akpedavɔsawo, nuɖuvɔsawo, atike ʋeʋĩwo kple kafukafuvɔsawo ava Yehowa ƒe aƒe mee. 27 Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’ ”

In Other Versions

Jeremiah 17 in the ANGEFD

Jeremiah 17 in the ANTPNG2D

Jeremiah 17 in the AS21

Jeremiah 17 in the BAGH

Jeremiah 17 in the BBPNG

Jeremiah 17 in the BBT1E

Jeremiah 17 in the BDS

Jeremiah 17 in the BEV

Jeremiah 17 in the BHAD

Jeremiah 17 in the BIB

Jeremiah 17 in the BLPT

Jeremiah 17 in the BNT

Jeremiah 17 in the BNTABOOT

Jeremiah 17 in the BNTLV

Jeremiah 17 in the BOATCB

Jeremiah 17 in the BOATCB2

Jeremiah 17 in the BOBCV

Jeremiah 17 in the BOCNT

Jeremiah 17 in the BOGWICC

Jeremiah 17 in the BOHCB

Jeremiah 17 in the BOHCV

Jeremiah 17 in the BOHLNT

Jeremiah 17 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 17 in the BOICB

Jeremiah 17 in the BOILNTAP

Jeremiah 17 in the BOITCV

Jeremiah 17 in the BOKCV

Jeremiah 17 in the BOKCV2

Jeremiah 17 in the BOKHWOG

Jeremiah 17 in the BOKSSV

Jeremiah 17 in the BOLCB

Jeremiah 17 in the BOLCB2

Jeremiah 17 in the BOMCV

Jeremiah 17 in the BONAV

Jeremiah 17 in the BONCB

Jeremiah 17 in the BONLT

Jeremiah 17 in the BONUT2

Jeremiah 17 in the BOPLNT

Jeremiah 17 in the BOSCB

Jeremiah 17 in the BOSNC

Jeremiah 17 in the BOTLNT

Jeremiah 17 in the BOVCB

Jeremiah 17 in the BOYCB

Jeremiah 17 in the BPBB

Jeremiah 17 in the BPH

Jeremiah 17 in the BSB

Jeremiah 17 in the CCB

Jeremiah 17 in the CUV

Jeremiah 17 in the CUVS

Jeremiah 17 in the DBT

Jeremiah 17 in the DGDNT

Jeremiah 17 in the DHNT

Jeremiah 17 in the DNT

Jeremiah 17 in the ELBE

Jeremiah 17 in the EMTV

Jeremiah 17 in the ESV

Jeremiah 17 in the FBV

Jeremiah 17 in the FEB

Jeremiah 17 in the GGMNT

Jeremiah 17 in the GNT

Jeremiah 17 in the HARY

Jeremiah 17 in the HNT

Jeremiah 17 in the IRVA

Jeremiah 17 in the IRVB

Jeremiah 17 in the IRVG

Jeremiah 17 in the IRVH

Jeremiah 17 in the IRVK

Jeremiah 17 in the IRVM

Jeremiah 17 in the IRVM2

Jeremiah 17 in the IRVO

Jeremiah 17 in the IRVP

Jeremiah 17 in the IRVT

Jeremiah 17 in the IRVT2

Jeremiah 17 in the IRVU

Jeremiah 17 in the ISVN

Jeremiah 17 in the JSNT

Jeremiah 17 in the KAPI

Jeremiah 17 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 17 in the KBV

Jeremiah 17 in the KJV

Jeremiah 17 in the KNFD

Jeremiah 17 in the LBA

Jeremiah 17 in the LBLA

Jeremiah 17 in the LNT

Jeremiah 17 in the LSV

Jeremiah 17 in the MAAL

Jeremiah 17 in the MBV

Jeremiah 17 in the MBV2

Jeremiah 17 in the MHNT

Jeremiah 17 in the MKNFD

Jeremiah 17 in the MNG

Jeremiah 17 in the MNT

Jeremiah 17 in the MNT2

Jeremiah 17 in the MRS1T

Jeremiah 17 in the NAA

Jeremiah 17 in the NASB

Jeremiah 17 in the NBLA

Jeremiah 17 in the NBS

Jeremiah 17 in the NBVTP

Jeremiah 17 in the NET2

Jeremiah 17 in the NIV11

Jeremiah 17 in the NNT

Jeremiah 17 in the NNT2

Jeremiah 17 in the NNT3

Jeremiah 17 in the PDDPT

Jeremiah 17 in the PFNT

Jeremiah 17 in the RMNT

Jeremiah 17 in the SBIAS

Jeremiah 17 in the SBIBS

Jeremiah 17 in the SBIBS2

Jeremiah 17 in the SBICS

Jeremiah 17 in the SBIDS

Jeremiah 17 in the SBIGS

Jeremiah 17 in the SBIHS

Jeremiah 17 in the SBIIS

Jeremiah 17 in the SBIIS2

Jeremiah 17 in the SBIIS3

Jeremiah 17 in the SBIKS

Jeremiah 17 in the SBIKS2

Jeremiah 17 in the SBIMS

Jeremiah 17 in the SBIOS

Jeremiah 17 in the SBIPS

Jeremiah 17 in the SBISS

Jeremiah 17 in the SBITS

Jeremiah 17 in the SBITS2

Jeremiah 17 in the SBITS3

Jeremiah 17 in the SBITS4

Jeremiah 17 in the SBIUS

Jeremiah 17 in the SBIVS

Jeremiah 17 in the SBT

Jeremiah 17 in the SBT1E

Jeremiah 17 in the SCHL

Jeremiah 17 in the SNT

Jeremiah 17 in the SUSU

Jeremiah 17 in the SUSU2

Jeremiah 17 in the SYNO

Jeremiah 17 in the TBIAOTANT

Jeremiah 17 in the TBT1E

Jeremiah 17 in the TBT1E2

Jeremiah 17 in the TFTIP

Jeremiah 17 in the TFTU

Jeremiah 17 in the TGNTATF3T

Jeremiah 17 in the THAI

Jeremiah 17 in the TNFD

Jeremiah 17 in the TNT

Jeremiah 17 in the TNTIK

Jeremiah 17 in the TNTIL

Jeremiah 17 in the TNTIN

Jeremiah 17 in the TNTIP

Jeremiah 17 in the TNTIZ

Jeremiah 17 in the TOMA

Jeremiah 17 in the TTENT

Jeremiah 17 in the UBG

Jeremiah 17 in the UGV

Jeremiah 17 in the UGV2

Jeremiah 17 in the UGV3

Jeremiah 17 in the VBL

Jeremiah 17 in the VDCC

Jeremiah 17 in the YALU

Jeremiah 17 in the YAPE

Jeremiah 17 in the YBVTP

Jeremiah 17 in the ZBP