Jeremiah 23 (BOECS)

1 Yehowa be, “Baba na alẽkplɔla siwo le alẽ siwo le nye lãnyiƒe la vuvum hele wo kakam!” 2 Eya ta ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na alẽkplɔla siwo le nye dukɔ la kplɔm lae nye esi: “Esi mielé be na nye alẽhawo o, ke boŋ miekaka wo eye mienya wo de gbe ta la, mahe to na mi ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.” Yehowae gblɔe. 3 “Nye ŋutɔ maƒo nye alẽ mamlɛawo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo la dzi, eye makplɔ wo va wo nyiƒe, afi si woadzi ɖe edzi fũu le. 4 Matsɔ alẽkplɔla siwo akpɔ wo dzi nyuie la aɖo wo nu, ale womagavɔ̃ alo dzidzi naƒo wo alo wo dometɔ aɖeke nabu o.” Yehowae gblɔe. 5 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esime mana atilɔ dzɔdzɔe,aɖe nadze atso David ƒe ƒome me,anye fia si aɖu fia le nunya me eye wòawɔ nu si le eteƒekple nu si le dzɔdzɔe le anyigba dzi. 6 Le eƒe ŋkekewo me la, woaɖe Yuda eye Israel anɔ anyi le dedinɔnɔ me.Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ:Yehowa, Míaƒe Dzɔdzɔenyenye. 7 “Yehowa be eya ta ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israelviwo do goe le Egipte la ƒe agbe’ o. 8 Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israel ƒe dzidzimeviwo do go tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me woɖe aboyo wo ɖo ɖo la ƒe agbe.’ Ekema woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.” 9 Nya siwo ku ɖe nyagblɔɖilawo ŋu:nye dzi gbã le menye eye nye lãme katã le ƒoƒom.Ɖeko mele abe ŋutsu si mu ahaalo abe ŋutsu si wain wu ko na la ene,le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔewo ta. 10 Anyigba la dzi yɔ fũu kple ahasiwɔlawoeye le fiƒode la ta la, anyigba la ƒu kplakplakpla ale be lãnyiƒesiwo katã le gbegbe la hã yrɔ;elabena Nyagblɔɖilawo ƒe mɔ to vovoeye wowɔa woƒe ŋusẽ ŋu dɔ tomɔ madzɔmadzɔwo dzi. 11 “Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye Mawumavɔ̃lawoeye le nye gbedoxɔ me gɔ̃ hã la,mekpɔ woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.”Yehowae gblɔe. 12 “Eya ta woƒe mɔ dzi aɖiɖi dribadriba,woatsɔ wo aƒu gbe ɖe blukɔ meeye woadze anyi ɖe afi ma.Mahe gbegblẽ ava wo dzile ƒe si me mahe to na wo.”Yehowae gblɔe. 13 “Mekpɔ bometsinu sia le nyagblɔɖilasiwo le Samaria la dome.Wogblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ meeye wokplɔ nye dukɔ Israel trae. 14 Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖilasiwo le Yerusalem la dome.Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam.Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo bene ame aɖeke nagaɖe asile eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o.Wo katã le nam abe Sodom ene.Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.” 15 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋutie nye esi:“Kpɔ ɖa, mana nuɖuɖu veve woeye makpe tsi si me wode aɖii la na woelabena Yerusalem ƒe nyagblɔɖilawo gbɔe wòtso be,mawumavɔmavɔ̃ kaka ɖe anyigba blibo la dzi.” 16 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:“Migaɖo to nyagblɔɖi siwo gblɔmNyagblɔɖilawo le na mi la o.Mia flum wole kple mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu.Wogblɔa nya si woawo ŋutɔ susu labe ŋutegae yewokpɔ,ke menye nya si do tso Yehowa ƒe nu me o. 17 Wogblɔna na ame siwo doa vlom ɖaa la be,‘Yehowa be: miakpɔ ŋutifafa’,eye wogblɔna na ame siwo zɔna ɖewoƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖo nu la be,‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke mava mia dzi o.’ 18 Ke wo dometɔ kae nɔ Yehowa ƒe aɖaŋu mebe wòakpɔ nu alo ase eƒe nya?Ame kae ɖo to hese eƒe nya? 19 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩele eƒe dziku helĩhelĩ me, eye yali atsoabla ɖe ta na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ. 20 Yehowa ƒe dziku magbugbɔ ova se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo ɖe eƒe dzi me de goe.Le ŋkeke siwo gbɔna me la,miase nu siawo gɔme keŋkeŋ. 21 Nyemedɔ nyagblɔɖila siawo o,gake wole du dzi kple woawo ŋutɔwo ƒe gbedeasi.Nyemeƒo nu kpli wo o,evɔ wogblɔ nya ɖi. 22 Ke ne ɖe wonɔ nye aɖaŋudede me la, anyene wogblɔ nye nyawo na nye dukɔeye woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzikple woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo me.” 23 Yehowa be,“Kpuiƒe ƒe Mawu ko menyea,eye nyemenye Mawu si le adzɔge oa? 24 Ɖe ame aɖe abe ɖe bebeƒe aɖe benyemate ŋu akpɔe oa?”Yehowae gblɔe.“Ɖe nyemeyɔ dziƒo kple anyigba taŋtaŋ oa?”Yehowae gblɔe. 25 “Mese nu si gblɔm nyagblɔɖilawo le, ame siwo gblɔ aʋatsonyagblɔɖi le nye ŋkɔ me. Wogblɔ be, ‘Meku drɔ̃e aɖe! Meku drɔ̃e aɖe.’ 26 Ɣe ka ɣie nu sia ayi edzi le aʋatsonyagbɔɖila siawo ƒe dzi me ase ɖo, ame siwo gblɔ beblenya siwo woƒe susuwo gblɔ na wo? 27 Wobu xaa be drɔ̃e siwo wolĩna na wo nɔewo la awɔe be nye amewo aŋlɔ nye ŋkɔ be abe ale si wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be, to Baal subɔsubɔ me ene.” 28 Yehowa be, “Nyagblɔɖila si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e la faa, gake ame si si nye nya le la, neɖe gbeƒãe anukwaretɔe. Elabena kadodo kae le bli kple atsa dome?” Yehowae gblɔe. 29 “Ɖe nye nya mele abe dzo ene kple zu si gbãa kpe sesẽ gudugudu la ene oa?” Yehowae gblɔ. 30 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe nyagblɔɖila siwo fia nya siwo wosusu be etso gbɔnye la le wo nɔewo gbɔ la ŋuti.” 31 Yehowa be, “Kpɔ ɖa, matso ɖe nyagblɔɖila siwo kpa nya kple woƒe aɖewo, evɔ wohegblɔna be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi’ la ŋuti. 32 Kpɔ ɖa,” ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe ame siwo tsɔ alakpadrɔ̃ewo gblɔa nya ɖi la ŋuti. Wogblɔnɛ na dukɔa, eye wokplɔa nye amewo tranae to woƒe alakpa vivivo la me, evɔ nyemedɔ wo alo de dɔ asi na wo o. Womenye viɖe aɖeke na nye dukɔ o,” Yehowae gblɔe. 33 “Ne ame siawo, alo nyagblɔɖila alo nunɔla bia wò be, ‘Nu kae nye Yehowa ƒe gbe hã la,’ ɖo eŋu na wo be, ‘Nu ka ƒe gbe? Magbe nu le mia gbɔ’ Yehowae gblɔe. 34 Ke ne nyagblɔɖila alo nunɔla alo ame aɖe ko agblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe gbe’ la, mahe to na ame la kple eƒe aƒekɔ katã. 35 Esiae nye nu si mia dometɔ ɖe sia ɖe nɔ gbɔgblɔm na ehavi alo eƒe ƒometɔ: ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya ka Yehowa gblɔ?’ 36 Ke migakɔ nu le ‘Yehowa ƒe nya’ dzi azɔ o, elabena ame sia ame ŋutɔ ƒe nya zu eƒe nyagblɔɖi, ale mietrɔ gbo Mawu gbagbe, Yehowa ƒe Aƒetɔ la, miaƒe Mawu la ƒe nyawo. 37 Esia nye nya si mienɔ gbɔgblɔm ɖaa na nyagblɔɖila, ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya kae Yehowa gblɔ?’ 38 Togbɔ be miegblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya, ale Yehowa gblɔe nye esi’ hã la, miegagblɔna be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya,’ evɔ megblɔe na mi, miganɔ gbɔgblɔm be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya’ o. 39 Eya ta kpɔ ɖa, maŋlɔ mi be le nyateƒe me, eye matsɔ mi aƒu gbe le nye ŋkume akpe ɖe du si metsɔ na mi kple mia fofowo la ŋuti. 40 Mahe ŋukpe mavɔ kple vlododo mavɔ si womaŋlɔ be akpɔ o la va mia dzi.”

In Other Versions

Jeremiah 23 in the ANGEFD

Jeremiah 23 in the ANTPNG2D

Jeremiah 23 in the AS21

Jeremiah 23 in the BAGH

Jeremiah 23 in the BBPNG

Jeremiah 23 in the BBT1E

Jeremiah 23 in the BDS

Jeremiah 23 in the BEV

Jeremiah 23 in the BHAD

Jeremiah 23 in the BIB

Jeremiah 23 in the BLPT

Jeremiah 23 in the BNT

Jeremiah 23 in the BNTABOOT

Jeremiah 23 in the BNTLV

Jeremiah 23 in the BOATCB

Jeremiah 23 in the BOATCB2

Jeremiah 23 in the BOBCV

Jeremiah 23 in the BOCNT

Jeremiah 23 in the BOGWICC

Jeremiah 23 in the BOHCB

Jeremiah 23 in the BOHCV

Jeremiah 23 in the BOHLNT

Jeremiah 23 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 23 in the BOICB

Jeremiah 23 in the BOILNTAP

Jeremiah 23 in the BOITCV

Jeremiah 23 in the BOKCV

Jeremiah 23 in the BOKCV2

Jeremiah 23 in the BOKHWOG

Jeremiah 23 in the BOKSSV

Jeremiah 23 in the BOLCB

Jeremiah 23 in the BOLCB2

Jeremiah 23 in the BOMCV

Jeremiah 23 in the BONAV

Jeremiah 23 in the BONCB

Jeremiah 23 in the BONLT

Jeremiah 23 in the BONUT2

Jeremiah 23 in the BOPLNT

Jeremiah 23 in the BOSCB

Jeremiah 23 in the BOSNC

Jeremiah 23 in the BOTLNT

Jeremiah 23 in the BOVCB

Jeremiah 23 in the BOYCB

Jeremiah 23 in the BPBB

Jeremiah 23 in the BPH

Jeremiah 23 in the BSB

Jeremiah 23 in the CCB

Jeremiah 23 in the CUV

Jeremiah 23 in the CUVS

Jeremiah 23 in the DBT

Jeremiah 23 in the DGDNT

Jeremiah 23 in the DHNT

Jeremiah 23 in the DNT

Jeremiah 23 in the ELBE

Jeremiah 23 in the EMTV

Jeremiah 23 in the ESV

Jeremiah 23 in the FBV

Jeremiah 23 in the FEB

Jeremiah 23 in the GGMNT

Jeremiah 23 in the GNT

Jeremiah 23 in the HARY

Jeremiah 23 in the HNT

Jeremiah 23 in the IRVA

Jeremiah 23 in the IRVB

Jeremiah 23 in the IRVG

Jeremiah 23 in the IRVH

Jeremiah 23 in the IRVK

Jeremiah 23 in the IRVM

Jeremiah 23 in the IRVM2

Jeremiah 23 in the IRVO

Jeremiah 23 in the IRVP

Jeremiah 23 in the IRVT

Jeremiah 23 in the IRVT2

Jeremiah 23 in the IRVU

Jeremiah 23 in the ISVN

Jeremiah 23 in the JSNT

Jeremiah 23 in the KAPI

Jeremiah 23 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 23 in the KBV

Jeremiah 23 in the KJV

Jeremiah 23 in the KNFD

Jeremiah 23 in the LBA

Jeremiah 23 in the LBLA

Jeremiah 23 in the LNT

Jeremiah 23 in the LSV

Jeremiah 23 in the MAAL

Jeremiah 23 in the MBV

Jeremiah 23 in the MBV2

Jeremiah 23 in the MHNT

Jeremiah 23 in the MKNFD

Jeremiah 23 in the MNG

Jeremiah 23 in the MNT

Jeremiah 23 in the MNT2

Jeremiah 23 in the MRS1T

Jeremiah 23 in the NAA

Jeremiah 23 in the NASB

Jeremiah 23 in the NBLA

Jeremiah 23 in the NBS

Jeremiah 23 in the NBVTP

Jeremiah 23 in the NET2

Jeremiah 23 in the NIV11

Jeremiah 23 in the NNT

Jeremiah 23 in the NNT2

Jeremiah 23 in the NNT3

Jeremiah 23 in the PDDPT

Jeremiah 23 in the PFNT

Jeremiah 23 in the RMNT

Jeremiah 23 in the SBIAS

Jeremiah 23 in the SBIBS

Jeremiah 23 in the SBIBS2

Jeremiah 23 in the SBICS

Jeremiah 23 in the SBIDS

Jeremiah 23 in the SBIGS

Jeremiah 23 in the SBIHS

Jeremiah 23 in the SBIIS

Jeremiah 23 in the SBIIS2

Jeremiah 23 in the SBIIS3

Jeremiah 23 in the SBIKS

Jeremiah 23 in the SBIKS2

Jeremiah 23 in the SBIMS

Jeremiah 23 in the SBIOS

Jeremiah 23 in the SBIPS

Jeremiah 23 in the SBISS

Jeremiah 23 in the SBITS

Jeremiah 23 in the SBITS2

Jeremiah 23 in the SBITS3

Jeremiah 23 in the SBITS4

Jeremiah 23 in the SBIUS

Jeremiah 23 in the SBIVS

Jeremiah 23 in the SBT

Jeremiah 23 in the SBT1E

Jeremiah 23 in the SCHL

Jeremiah 23 in the SNT

Jeremiah 23 in the SUSU

Jeremiah 23 in the SUSU2

Jeremiah 23 in the SYNO

Jeremiah 23 in the TBIAOTANT

Jeremiah 23 in the TBT1E

Jeremiah 23 in the TBT1E2

Jeremiah 23 in the TFTIP

Jeremiah 23 in the TFTU

Jeremiah 23 in the TGNTATF3T

Jeremiah 23 in the THAI

Jeremiah 23 in the TNFD

Jeremiah 23 in the TNT

Jeremiah 23 in the TNTIK

Jeremiah 23 in the TNTIL

Jeremiah 23 in the TNTIN

Jeremiah 23 in the TNTIP

Jeremiah 23 in the TNTIZ

Jeremiah 23 in the TOMA

Jeremiah 23 in the TTENT

Jeremiah 23 in the UBG

Jeremiah 23 in the UGV

Jeremiah 23 in the UGV2

Jeremiah 23 in the UGV3

Jeremiah 23 in the VBL

Jeremiah 23 in the VDCC

Jeremiah 23 in the YALU

Jeremiah 23 in the YAPE

Jeremiah 23 in the YBVTP

Jeremiah 23 in the ZBP